Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 25

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Èle Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Ne Èle Nɔnɔme Sesẽwo Me Tom

‘Ame si dzi nu te ɖo vevie ye menye.’​—1 SAM. 1:15.

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae wòle be míaɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃amenya la?

ESIME Yesu nɔ nu siwo adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me ŋuti nya gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be . . . agbemedzimaɖitsitsiwo [alo dzitsitsi ɖe agbemenuhiahiã veviwo ŋu; gbe sia gbe ƒe hloloetsotsowo] nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o.” (Luka 21:34) Ele be míaɖo to nuxlɔ̃amenya sia. Nu ka tae? Nu si tae nye be, ele be míawo hã míado dzi le kuxi vovovowo me egbea abe ale si ko wòle le ame sia ame gome ene.

2. Nɔnɔme sesẽ kawo me tom mía nɔvi Kristotɔ aɖewo le?

2 Ɣeaɖewoɣi la, kuxi sesẽ vovovowo vaa mía dzi le ɣeyiɣi ɖeka me. Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ. Ahɔhɔ̃medɔ ƒomevi aɖe le Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye John * la ŋu, eye eƒe dzi gbã gudugudu esime srɔ̃a dzo le egbɔ le woƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 19 megbe. Eyome, vianyɔnu eveawo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Kuxi bubuwoe va atsu kple asi aɖewo siwo ŋkɔwoe nye Bob kple Linda ya dzi. Dɔ ge le wo ame evea siaa si, eye esi ga megale wo si woatsɔ axe xɔfetu o ta la, ele be woaʋu le aƒe si me wonɔ la me aɖanɔ aƒe si le sue wu me. Tsɔ kpe ɖe kuxi mawo ŋu la, ɖɔktawo va kpɔ dzidɔ si ate ŋu ahe ku vɛ na Linda la le eya amea ŋu, esia megbe la, wogakpɔ ŋuɖui ƒomevi aɖe si le nu gblẽm le eƒe dɔlélenutsiŋutete ŋu hã le eŋu.

3. Le nya siwo le Filipitɔwo 4:6, 7 nu la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

3 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa, mía Wɔla kple mía Fofo lɔ̃ame la, nya nu si gbegbe xaxa siwo vaa mía dzi la gblẽna le mía ŋu la nyuie. Eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxa siwo vaa mía dzi la me. (Xlẽ Filipitɔwo 4:6, 7.) Ŋutinya gbogbo aɖewo le Mawu ƒe Nyaa me siwo ƒo nu tso kuxi siwo me esubɔlawo to ŋu. Eye eƒo nu tso ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me hã ŋu. Na míadzro wo dometɔ ʋɛ aɖewo me kpɔ.

ELIYA—“AMEGBETƆ SI ƑE SESELELÃMEWO SƆ KPLE MÍA TƆWO”

4. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Eliya to, eye aleke wòse le eɖokui me tso Yehowa ŋu?

4 Ɣeyiɣi sesẽwo mee Eliya subɔ Yehowa le, eye eto kuxi sesẽwo me. Fia Ahab, si nye Israel-fia mawɔnuteƒeawo dometɔ ɖeka la, ɖe Izebel, Baal subɔla vɔ̃ɖi aɖe. Wo ame evea wodo Baal subɔsubɔ ɖe ŋgɔ le dukɔ bliboa me eye wowu Yehowa ƒe nyagblɔɖila geɖewo. Eliya dze agbagba si le wo nu. Esime kuɖiɖi sesẽ aɖe va anyigbaa dzi la, Eliya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye Yehowa kpe ɖe eŋu wòto eme do. (1 Fia. 17:2-4, 14-16) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Eliya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu esime wòyi ɖakpe kple Baal subɔlawo kpakple eƒe nyagblɔɖilawo. Ede dzi ƒo na Israel-viwo be woasubɔ Yehowa. (1 Fia. 18:21-24, 36-38) Eliya kpɔ kpeɖodzi geɖe siwo ɖee fia be Yehowa li kpli ye le nɔnɔme sesẽ mawo me eye wòkpe ɖe ye ŋu.

Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa be wòakpe ɖe Eliya ŋu ahado ŋusẽe (Kpɔ memama 5-6 lia) *

5-6. Le 1 Fiawo 19:1-4 ƒe nya nu la, aleke Eliya se le eɖokui me, eye aleke Yehowa ɖee fia Eliya be yelɔ̃e?

5 Xlẽ 1 Fiawo 19:1-4. Esi Fiasrɔ̃ Izebel ƒu asi akɔ be yeawu Eliya la, Eliya va nɔ vɔvɔ̃m. Eya ta, esi yi Beer-Seba ƒe nutowo me. Dzi ɖe le eƒo ale gbegbe be egblɔ be Yehowa ‘neɖe yeƒe agbe ɖa.’ Nu kae na wòse le eɖokui me nenema? Eliya nye amegbetɔ madeblibo “si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yak. 5:17) Ðewohĩ, xaxawo, nuteɖeamedzi kple ɖeɖiteameŋue na wòse le eɖokui me nenema. Edze abe Eliya susui be agbagba siwo katã yedze le subɔsubɔ dzadzɛa dodo ɖe ŋgɔ me la zu dzodzro, nuwo mele kakam ɖe eme le Israel o, eye ye ɖeka koe gakpɔtɔ le Yehowa subɔm ene. (1 Fia. 18:3, 4, 13; 19:10, 14) Ðewohĩ, ale si nyagblɔɖila wɔnuteƒe sia wɔ nui la anya wɔ nuku na mí. Gake Yehowa se Eliya ƒe seselelãmewo gɔme.

6 Yehowa mehe nya ɖe Eliya ŋu le seselelãme siwo wòɖe gblɔ ta o. Ke boŋ, edo ŋusẽe. (1 Fia. 19:5-7) Eyome, Yehowa ɖɔ Eliya ƒe susu ɖo dɔmenyotɔe esi wòɖe Eƒe ŋusẽ wɔnuku la fiae. Emegbe, Yehowa gblɔ be Israel-vi 7,000 bubuwo hã li siwo gbe be yewomasubɔ Baal o. (1 Fia. 19:11-18) Yehowa to mɔ siawo dzi kpe ɖe Eliya ŋu wòkpɔe be yelɔ̃e.

ALE SI YEHOWA AKPE ÐE MÍA ŊU

7. Ne míede ŋugble le ale si Yehowa wɔ nu ɖe Eliya ŋui ŋu la, kakaɖedzi kae sua mía si?

7 Ðe nèle nɔnɔme sesẽ aɖe me toma? Nyanya be Yehowa se Eliya ƒe seselelãmewo gɔme nɛ faa akɔ na mí. Esia nana míekana ɖe edzi be esea xaxa siwo me tom míawo hã míele la gɔme. Enya afi si míaƒe ŋutetewo se ɖo, eye enya míaƒe susuwo kple ale si míele sesem le mía ɖokui me gɔ̃ hã. (Ps. 103:14; 139:3, 4) Ne míesrɔ̃ Eliya heɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi le kuxi siwo na nu te ɖe mía dzi la me.—Ps. 55:22.

8. Ne èle xaxawo me tom la, aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi?

8 Nuteɖeamedzi ate ŋu ana nàsusui be nɔnɔme siwo me tom yele la maka ɖe eme gbeɖe o, eye dzi aɖe le ƒowò. Ne edzɔ alea la, ɖo ŋku edzi be, Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le xaxawo me. Aleke wòawɔ esiae? Yehowa le kpewòm be nàgblɔ nu siwo le nuxaxa dom na wò kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na ye. Eye ne èƒo koko na Yehowa la, asee eye wòaɖo eŋu na wò. (Ps. 5:3; 1 Pet. 5:7) Eya ta, nɔ gbe dom ɖa na Yehowa tso wò kuxiawo ŋu edziedzi. Maƒo nu na wò abe ale si wòƒo nu kple Eliya ene ya o, gake aƒo nu na wò to eƒe Nya, Biblia, kple eƒe habɔbɔa dzi. Biblia me ŋutinyawo xexlẽ ate ŋu afa akɔ na wò eye esia ana mɔkpɔkpɔ wò. Azɔ hã, nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo ate ŋu ade dzi ƒo na wò.—Rom. 15:4; Heb. 10:24, 25.

9. Aleke mía xɔlɔ̃ aɖe si dzi míeka ɖo la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

9 Esi Yehowa gblɔ na Eliya be wòatsɔ eƒe dɔ aɖewo ade asi na Elisa la, Yehowa to esia me na zɔhɛ nyui aɖe va su Eliya si, eye ɖikeke mele eme o be, Elisa kpe ɖe Eliya ŋu wòte ŋu do dzi le eƒe xaxawo me. Nenema kee, ne míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na mía xɔlɔ̃ aɖe si dzi míeka ɖo la, mía xɔlɔ̃a ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be agbaa nanya tsɔ na mí bɔbɔe. (2 Fia. 2:2; Lod. 17:17) Ne ewɔ na wò be ame aɖeke meli si nàgblɔ wò dzimenyawo na o la, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ Kristotɔ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me, si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi.

10. Aleke Eliya ƒe ŋutinyaa naa mɔkpɔkpɔ mí, eye aleke ŋugbedodo si le Yesaya 40:28, 29 la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

10 Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu wòdo dzi le eƒe xaxawo me eye wòyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe geɖe. Eliya ƒe ŋutinyaa naa mɔkpɔkpɔ mí. Ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔme sesẽwo ate ŋu ava mía dzi, siwo awɔe be nu nate ɖe mía dzi vevie eye ɖeɖi nate mía ŋu. Ke hã, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ana ŋusẽ si míehiã be míayi edzi asubɔe la mí.—Xlẽ Yesaya 40:28, 29.

HANA, DAVID, KPLE “ASAF” SIAA ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU

11-13. Aleke nu te ɖe Mawu subɔla etɔ̃ aɖewo siwo nɔ anyi le blema la dzi?

11 Nu te ɖe ame bubu aɖewo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la hã dzi vevie. Le kpɔɖeŋu me, nu te ɖe Hana dzi vevie le esi wòtsi ko ta, eye gakpe ɖe eŋu la, ehiã be wòado dzi le etsusia ƒe alɔmeɖenya vɔ̃ɖiawo ta. (1 Sam. 1:2, 6) Hana nɔ nu xam vevie ale gbegbe be, avi dzi ko wònɔna eye nu meganya ɖuna nɛ gɔ̃ hã o.—1 Sam. 1:7, 10.

12 Ɣeaɖewoɣi la, nu te ɖe Fia David dzi ale gbegbe. Bu kuxi siwo gbegbe me wòto ŋu kpɔ. Vodada siwo eya ŋutɔ wɔ va yi la na wòkpe fu le dzitsinya ƒe fɔbuame ta. (Ps. 40:12) Via Absalom si gbɔ melɔ̃a nu le o la va dze aglã ɖe eŋu, si wɔe be Absalom ŋutɔ va ku mlɔeba. (2 Sam. 15:13, 14; 18:33) Eye David ŋutɔ ƒe xɔlɔ̃ kplikplikpli aɖe va zɔ egɔme. (2 Sam. 16:23–17:2; Ps. 55:12-14) Psalmo siwo David ŋlɔ la dometɔ geɖe ɖe ale si gbegbe nu te ɖe eyama dzii kpakple ale si gbegbe wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la fia.—Ps. 38:5-10; 94:17-19.

Nu kae kpe ɖe hakpalaa ŋu be wògava nɔ Yehowa subɔm kple dzidzɔ? (Kpɔ memama 13-15 lia) *

13 Emegbe, hakpala aɖe va nɔ ŋu ʋãm ame vɔ̃ɖiwo ƒe agbenɔnɔ. Anya nye Lewi vi Asaf ƒe dzidzimevi aɖe, eye esubɔ le “Mawu ƒe kɔkɔeƒe gã la.” Nu te ɖe hakpala sia dzi ale gbegbe be, dzi meganɔ edzɔm o, eye nu siwo nɔ esi la meganɔ eŋu dzem o. Megava ka ɖe edzi gɔ̃ hã be yayrawo le Mawu subɔsubɔ me o.—Ps. 73:2-5, 7, 12-14, 16, 17, 21.

14-15. Nu kawoe míesrɔ̃ tso Biblia me kpɔɖeŋu etɔ̃awo me tso ale si wòle vevie be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋui la ŋu?

14 Mawu subɔla vavã etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe la katã ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Woƒo koko na Yehowa vevie hegblɔ woƒe nuteɖeamedziawo nɛ. Woƒo nu tso nu siwo na nu te ɖe wo dzi nenema gbegbe la ŋu nɛ faa. Azɔ hã, womedzudzɔ Yehowa ƒe tadeaguƒe yiyi o.—1 Sam. 1:9, 10; Ps. 55:22; 73:17; 122:1.

15 Yehowa se veve ɖe wo nu, eye wòɖo wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ. Hana ƒe dzi dze eme. (1 Sam. 1:18) David ŋlɔ bena: “Ame dzɔdzɔe ƒe fukpekpewo sɔ gbɔ, ke Yehowa ɖenɛ le wo katã me.” (Ps. 34:19) Eye hakpalaa hã va se le eɖokui me emegbe be, Yehowa ‘lé yeƒe nuɖusi ɖe asi’ eye wòtsɔ eƒe nuxlɔ̃amenyawo kplɔ ye lɔlɔ̃tɔe. Edzi ha be: “Nye la, enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu. Metsɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa wɔ nye sitsoƒe.” (Ps. 73:23, 24, 28) Nu kawoe míesrɔ̃ tso kpɔɖeŋu siawo me? Ɣeaɖewoɣi la, kuxi sesẽwo aɖe kpe na mí ale gbegbe be nu nate ɖe mía dzi. Gake míate ŋu ado dzi le kuxi mawo me, ne míede ŋugble le ale si Yehowa kpe ɖe ame bubuwo ŋui ŋu, ne míedo gbe ɖa nɛ, eye míeɖo toe heyi nu siwo wòbia tso mía si la wɔwɔ dzi.—Ps. 143:1, 4-8.

ÐO ŊU ÐE YEHOWA ŊU BE NÀTE ŊU ADO DZI LE XAXAWO ME

Gbã la, nɔvinyɔnu aɖe di be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga, gake nuwo ka ɖe eme nɛ esi wòɖoe eɖokui dzi kpe ɖe ame bubuwo ŋu (Kpɔ memama 16-17 lia)

16-17. (a) Nu ka tae mele be míaɖe mía ɖokui ɖe aga o? (b) Nu kae míawɔ be ŋusẽ yeye naɖo mía ŋu?

16 Nufiame bubu aɖe hã le kpɔɖeŋu etɔ̃ mawo me na mí, eyae nye be, mele be míaɖe mía ɖokui ɖe aga tso Yehowa kple eƒe amewo gbɔ o. (Lod. 18:1) Nancy, si dzi nu te ɖo vevie esime srɔ̃a dzo le egbɔ la, gblɔ be: “Le ŋkeke aɖewo dzi la, nyemedi kura be makpɔ ame aɖeke alo aƒo nu na ame aɖeke o. Ke hã, zi ale si meɖe ɖokuinye ɖe aga la, zi nenemae megaléa blanuii.” Nuwo va ka ɖe eme na Nancy esi wòdi mɔ siwo dzi wòato akpe ɖe ame bubu siwo le kuxiwo me tom la ŋu. Egblɔ be: “Meɖoa to sea woƒe nyawo ne wole xaxa siwo me tom wole la gblɔm nam. Mede dzesii be, zi ale si mesea veve ɖe wo nui la, zi nenemae nyemegabua kuxi siwo me tom nye ŋutɔ mele la ŋu fũu o.”

17 Ŋusẽ yeye ate ŋu aɖo mía ŋu ne míede hamea ƒe kpekpewo. Ne míenya de kpekpeawo ko la, míetoa esia me naa mɔnukpɔkpɔ Yehowa be ‘wòakpe ɖe mía ŋu ahafa akɔ na mí.’ (Ps. 86:17) Le afi ma la, etoa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eƒe Nyaa, kple eƒe amewo dzi doa ŋusẽ mí. Kpekpeawo dede naa mɔnukpɔkpɔ mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo.” (Rom. 1:11, 12) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sophia gblɔ be: “Yehowa kple míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ye lém ɖe te. Nu si le vevie nam wue nye míaƒe hamea ƒe kpekpewo. Mekpɔe be, zi ale si meƒo ɖokuinye ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple teokrasidɔ bubuwo me la, zi nenemae wònɔa bɔbɔe nam be mado dzi le nye xaxawo kple nye kuxiwo me.”

18. Ne dzi ɖe le mía ƒo la, nu kae Yehowa ate ŋu ana mí?

18 Ne dzi ɖe le mía ƒo la, mina míaɖo ŋku edzi be, menye ɖeko Yehowa do ŋugbe na mí be yeava ɖe míaƒe kuxiwo ɖa keŋkeŋ o, ke edo ŋugbe na mí hã be yeakpe ɖe mía ŋu fifia gɔ̃ hã be míado dzi le míaƒe xaxawo me. Enaa “didia kple ŋusẽ” si míehiã la mí ale be dzi naɖo mía ƒo eye mɔkpɔkpɔ nagabu ɖe mí o.—Flp. 2:13.

19. Kakaɖedzi kae nya siwo dze le Romatɔwo 8:37-39 la nana mí?

19 Xlẽ Romatɔwo 8:37-39. Apostolo Paulo ka ɖe edzi na mí be naneke mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ la gbɔ o. Aleke míate ŋu akpe ɖe mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo dzi nu te ɖo vevie la ŋu? Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro ale si míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le vevesese ɖe mía nɔviwo nu ne nu te ɖe wo dzi me, kple ale si míasrɔ̃ Yehowa le kpekpe ɖe woamawo ŋu me.

HADZIDZI 44 Ame Si Dzi Nu Te Ðo Ƒe Gbedodoɖa

^ mm. 5 Ne nu te ɖe mía dzi ɣeyiɣi didi la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe ametia kple míaƒe seselelãme siaa ŋu. Aleke Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Míadzro ale si Yehowa kpe ɖe Eliya ŋu wòdo dzi le xaxawo me la me. Biblia me kpɔɖeŋu bubuwo hã ana míakpɔ nu si míate ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu ne míele xaxawo me tom.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Yehowa ƒe dɔla fɔ Eliya tso alɔ̃ me ameŋububutɔe hena abolo kple tsii.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Hakpala aɖe si anya nye Asaf ƒe dzidzimevi la lɔ̃ hakpanyawo ŋɔŋlɔ eye edzɔa dzi nɛ be ye kple ye hati Lewi viwo yewoadzi ha ɖekae.