GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA June 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso August 3 va se ɖe 30, 2020 la le tata sia me.

“Wò Ŋkɔ Ŋuti Nakɔ”

Nusɔsrɔ̃nyati 23 Lia: August 3-9, 2020. Nya kae le vevie na amegbetɔwo kple mawudɔlawo siaa? Nu ka tae nya ma le vevie ŋutɔ, eye aleke nya ma ka míi? Ne míese biabia mawo kple bubu siwo do ƒome kpli wo gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míana ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome nagasẽ ɖe edzi.

“Tsɔ Nye Dzi Ðo Nu Ðeka Kolia Ŋu, Ne Mavɔ̃ Wò Ŋkɔ”

Nusɔsrɔ̃nyati 24 Lia: August 10-16, 2020. Le nyati sia me la, míadzro nya si Fia David gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me, si dze le Psalmo 86:11, 12 la me. Nu kae wòfia be míavɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ? Susu kawoe le mía si siwo tae wòle be míade bubu gã eƒe ŋkɔa ŋu? Eye aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta ne míedo go tetekpɔ aɖe?

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea katã koe nye ema woyɔ le Galatiatɔwo 5:22, 23?

“Nye Ŋutɔ Madi Nye Alẽwo”

Nusɔsrɔ̃nyati 25 Lia: August 17-23, 2020. Nu ka gbɔe wòtso be mía nɔvi aɖewo siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la va tra ɖa tso hamea gbɔ? Aleke Mawu sena le eɖokui me tso wo ŋu? Nyati sia dzro biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo me. Azɔ hã, edzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla aɖewo siwo tra tso egbɔ le blema hena ɣeyiɣi aɖe ŋu la me.

Mitrɔ Va Gbɔnye

Nusɔsrɔ̃nyati 26 Lia: August 24-30, 2020. Yehowa di be ame siwo megadea kpekpeawo alo gbeadzi o la natrɔ va ye gbɔ. Míate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo di be yewoawɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe si nye, ‘Mitrɔ va gbɔnye’ la dzi. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ va Yehowa gbɔ la me.