Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Míetsona Ðe Kpẽawo Ƒe Ðiɖi Ŋu Egbea

Ale Si Míetsona Ðe Kpẽawo Ƒe Ðiɖi Ŋu Egbea

MÍ KATÃ míexɔe se be Yehowa le mɔ fiam eƒe amewo hele nu siwo ana woate ɖe eŋu kplikplikpli la nam wo le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me. (2 Tim. 3:1) Gake ekpo ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ be wòazɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi. Míate ŋu atsɔ ale si nuwo le na mí egbea la asɔ kple ale si nɔnɔmea nɔ na Israel-viwo esime wonɔ gbea dzi. Ne wose kpẽwo ƒe ɖiɖi la, ele na wo be woaɖe afɔ.

Yehowa na Mose tsɔ klosalo tu kpẽ eve ‘siwo woaku atsɔ aƒo ha la nu ƒu, eye kpẽawoe woaku atsɔ ana asaɖawo naho.’ (4 Mose 10:2) Ele na nunɔlawo be woaku kpẽawo le mɔ vovovowo nu atsɔ ana dukɔa nanya nu si wòle be woawɔ. (4 Mose 10:3-8) Egbea, Mawu ƒe amewo xɔa mɔfiamewo to mɔ vovovowo dzi. Le nyati sia me la, míadzro mɔ etɔ̃ siwo dzi míetona xɔa mɔfiamewo la me eye míatsɔ wo asɔ kple ale si woku kpẽwoe tsɔ na mɔfiamewo le blema Israel. Egbea, wowɔa ɖoɖo Mawu ƒe amewo kpea ta le agbɔsɔsɔ me, wonaa hehe hamemetsitsiwo, eye wonaa mɔfiame yeyewo hamewo katã, alo wowɔa asitɔtrɔ le esiwo li xoxo la ŋu.

NE WOWƆ ÐOÐO BE MÍAKPE TA LE AGBƆSƆSƆ GÃWO ME

Ne Yehowa di be “ha blibo la katã” nakpe ta ɖe avɔgbadɔa nu le eƒe ɣedzeƒekpa dzi la, nunɔlawo kua kpẽ evea siaa. (4 Mose 10:3) Israel ƒe toawo katã, siwo ƒua asaɖa anyi ɖe avɔgbadɔa ŋu godoo le hatsotso ene me la, sea kpẽawo ƒe ɖiɖi si me kɔ nyuie la. Anɔ eme be ame siwo ƒua asaɖa anyi ɖe afi si te ɖe avɔgbadɔa ŋu la aɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me. Gake le ame siwo le adzɔge gome la, abia ɣeyiɣi geɖe wu be woava ɖo, eye abia agbagbadzedze geɖe wu hã. Eya ta ameawo ɖale adzɔge alo kpuiƒe o, Yehowa bia tso wo katã si be woava kpe ta ale be kpekpea naɖe vi na wo.

Egbea, ele eme be míeva ƒoa ƒu ɖe avɔgbadɔ ŋkume ya o, gake wowɔa ɖoɖo be Mawu ƒe amewo nakpe ta le agbɔsɔsɔ gãwo me. Esiawo ƒe kpɔɖeŋuwoe nye takpekpe gãwo kple wɔna tɔxɛ bubu siwo me míeva xɔa nufiame kple mɔfiame veviwo le. Le xexea me godoo la, Yehowa ƒe amewo xɔa mɔfiame ɖeka ma ke. Eya ta ame siwo zɔna ɖe amekpekpea dzi heva kpea ta la kpɔa dzidzɔ ne wova ƒo ƒu ɖekae. Ehiãna be ame aɖewo nazɔ mɔ legbeewo wu ame bubuwo. Ke hã, ame siwo dea kpekpe mawo la kpɔnɛ be yewoƒe agbagbadzedzewo menye dzodzro o.

Ke ɖe takpekpe gã siawo tɔgbi ate ŋu aɖe vi na ame siwo le ƒuƒoƒo siwo le adzɔge ʋĩi ke la mea? Egbe ƒe mɔ̃ɖaŋunutovɛwo wɔe be ame mawo hã tea ŋu sea vivi na wɔna mawo ke eye wosena le wo ɖokui me be yewo hã yewole takpekpe gã mawo me. Le kpɔɖeŋu me, wɔna aɖe yi edzi esi dɔwɔƒegã ƒe amedɔdɔ aɖe yi Benin. Eya ta Benin alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo wotsiã ka kple nɔvi siwo le Niger ƒe du si nye Arlit me, le afi si wokua tomenu le, le keke Sahara Gbedzi ke. Nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo kple ɖetsɔlemetɔ siwo va kpɔ gome le wɔnaa me la ƒe xexlẽme nye 21. Togbɔ be wonɔ adzɔge ʋĩi ke hã la, wose le wo ɖokuiwo me be yewowɔ ɖeka kple ame 44,131 siwo kpe ta na wɔnaa. Nɔviŋutsuawo dometɔ ɖeka ŋlɔ bena: “Míeda akpe na mi tso míaƒe dziwo me ke be miena wotsiã ka kpli mí na wɔna sia. Esia hã gana míekpɔ ale si gbegbe mielɔ̃ míi.”

NE WOWƆ ÐOÐO BE WOAGANA HEHE HAMEMETSITSIWO

Ne Israel ƒe nunɔlawo ku kpẽawo dometɔ ɖeka ko la, ele be “ame akpeawo ƒe tatɔwo” nava ƒo ƒu ɖe takpegbadɔa ŋkume. (4 Mose 10:4) Woaxɔ hehe kple mɔfiamewo tso Mose gbɔ le afi ma. Esia akpe ɖe wo ŋu be woatsɔ dɔ siwo wode wo si le to siwo me wotso. Ne tatɔawo dometɔ ɖekae nènye ɣemaɣi ɖe, ɖe màwɔ wò ŋutete katã be nàde kpekpea ale be wòaɖe vi na wò oa?

Hamemetsitsi siwo li egbea menye “tatɔwo” o. Eye womeɖua aƒetɔ ɖe Mawu ƒe alẽha si le woƒe kpɔkplɔ te la hã dzi o. (1 Pet. 5:1-3) Gake wowɔa nu sia nu si woate ŋui be yewoalé be na alẽhaa. Eya ta ne wowɔ ɖoɖo be woagana hehe wo, le kpɔɖeŋu me, ne wokpe wo be woade Fiaɖuƒe Subɔsubɔ Suku la, wowɔna ɖe amekpekpea dzi enumake. Le hehenaɖoɖo siawo tɔgbi me la, hamemetsitsiwo srɔ̃a ale si woakpɔ hameawo ƒe nyawo gbɔ nyuie wu. Hehe siawo wɔnɛ be hamemetsitsiawo ŋutɔ kple hamea me tɔwo siaa tena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu. Ne mède suku siawo dometɔ aɖeke kpɔ o hã la, anɔ eme be èle viɖeawo kpɔm tso ame siwo de sukua gbɔ.

NE EVA HIÃ BE MÍATRƆ ÐE MƆFIAME KPLE ÐOÐO YEYEWO ŊU

Ɣeaɖewoɣi la, Israel ƒe nunɔlawo kua kpẽa tatata. Esia naa nyanya dukɔa be Yehowa di be ha bliboa si ƒu asaɖa anyi la naho. (4 Mose 10:5, 6) Ne dukɔ bliboa ho nenema la, wowɔa esia le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu wònya kpɔna, gake ebia dɔ geɖe wɔwɔ hã. Ne eɖo edzi be dukɔa nagaho la, esia wɔwɔ ate ŋu asesẽ na Israel-vi aɖewo. Nu ka tae?

Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo ase le wo ɖokuiwo me be yewogale hohom edziedzi akpa, eye be wobiana tso yewo si be yewoaho esime yewomele klalo o. ‘Ɣeaɖewoɣi la, alilikpoa nɔa anyi tso fiẽ va se ɖe ŋdi ko.’ Ɣebubuɣiwo la, enɔa anyi ‘ŋkeke eve, ɣleti ɖeka, alo esi didi’ wu ema hafi wòagahiã be woaho. (4 Mose 9:21, 22) Eye zi nenie Israel-viwo ho tso teƒe siwo woƒu asaɖa anyi ɖo? Mose ƒe Agbalẽ Enelia ta 33 yɔ teƒe vovovo 40 siwo Israel-viwo ƒu asaɖa anyi ɖo.

Anɔ eme be ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo tea ŋu va ƒua asaɖa anyi ɖe afi si vɔvɔli le. Esia ade wo dzi ŋutɔ le “gbe gã dziŋɔ” ma dzi. (5 Mose 1:19) Eya ta woate ŋu ava nɔ sesem le wo ɖokuiwo me be nɔnɔmeawo magade yewo dzi ne yewogaho o.

Eye ne eɖo edzi be to vovovoawo naho la, ate ŋu asesẽ na ame aɖewo be woalala ʋuu keke va se ɖe esime wòaɖo wo dzi be woawo hã naho. Togbɔ be wo katã wose kpẽa ƒe ɖiɖi hã la, menye wo katãe ate ŋu aho le ɣeyiɣi ɖeka me o. Ne woku kpẽa tatata zi gbãtɔ la, enyea dzesi be to siwo le ɣedzeƒe godzi, siwo nye Yuda, Isakar kple Zebulon la naho. (4 Mose 2:3-7; 10:5, 6) Ne woho vɔ la, nunɔlawo gakua kpẽa tatata zi evelia wònyea dzesi na to etɔ̃ siwo ƒu asaɖa anyi ɖe anyiehe la hã be woaho. Nunɔlawo nɔa esia dzi va se ɖe esime ha bliboa katã ho.

Ðewohĩ, edzɔ ɖe dziwò kpɔ be habɔbɔa wɔ asitɔtrɔ aɖe eye wòsesẽ na wò be nàtrɔ ɖe eŋu. Ðewohĩ, èse le ɖokuiwò me be tɔtrɔwo le vavam kabakaba akpa. Alo ɖewohĩ, ale si nanewo nɔ la sɔ na wò hafi eye adzɔ dzi na wò wu ne ɖe womewɔ tɔtrɔwo le wo ŋu o. Aleke kee wòɖale o, ɖewohĩ esesẽ na wò be nàgbɔ dzi ɖi va de asi na esime tɔtrɔ yeyea nama wò. Ke hã, ne míedze agbagba trɔ ɖe eŋu abe ale si míenyae be ele be míawɔe ene la, anɔ eme be míava de dzesii be tɔtrɔa nyo na mí eye edze Yehowa ŋu be míetrɔ ɖe eŋu.

Le Mose ŋɔli la, Yehowa fia mɔ ŋutsu, nyɔnu kple ɖevi miliɔn geɖe esime wonɔ mɔ zɔm le gbeadzi. Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple mɔfiame manɔmee la, anye ne womatsi agbe o. Egbea hã, Yehowa fiaa mɔ mí le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me. Ekpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eŋu kplikplikpli eye míaƒe xɔse me gasẽna ɖe edzi! Eya ta neva eme be, mí katã míaɖoe kplikpaa be míanye toɖolawo abe ale si Israel-vi wɔnuteƒewo hã zɔ ɖe mɔfiameawo dzi esi wose kpẽawo ƒe ɖiɖi ene!