Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 26

Mitrɔ Va Gbɔnye

Mitrɔ Va Gbɔnye

“Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.”—MAL. 3:7.

HADZIDZI 102 Míakpe Ðe Ame Siwo Gbɔdzɔ Ŋu

NYA VEVIAWO *

1. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe si subɔnɛ tsã la gatrɔ va egbɔ?

ABE ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple alẽkplɔla nyui si léa be na eƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe. Eye edia eƒe alẽ ɖe sia ɖe si tra ɖa tso egbɔ. Yehowa gblɔ na Israel-vi siwo tra ɖa tso egbɔ be: “Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu.” Míenyae be alea kee Yehowa sena le eɖokui me egbea tso esubɔla siwo tra ɖa tso egbɔ ŋu, elabe Yehowa gblɔ be: “Nyemetrɔna o.” (Mal. 3:6, 7) Yesu gblɔ be Yehowa kple mawudɔlawo kpɔa dzidzɔ ale gbegbe ne Yehowa subɔla siwo tra ɖa tso egbɔ la dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã trɔ va egbɔ.—Luka 15:10, 32.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Na míadzro Yesu ƒe kpɔɖeŋu etɔ̃ aɖewo me. Kpɔɖeŋu siawo ana míakpɔ ale si míate ŋu akpe ɖe ame siwo tra ɖa tso Yehowa gbɔ la ŋu. Míadzro nɔnɔme nyui aɖewo koŋ me. Ehiã be míaɖe nɔnɔme nyui siawo afia hafi míate ŋu akpe ɖe alẽ siwo bu la ŋu woatrɔ va Yehowa gbɔ. Míakpɔe hã be, ne míeku kutri vevie kpe ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede ŋu wotrɔ va Yehowa gbɔ la, míakpɔ dzidzɔ geɖe.

DI GAKU SI BU LA

3-4. Nu ka tae nyɔnu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Luka 15:8-10 la di eƒe drakma si bu la vevie nenema gbegbe ɖo?

3 Ehiã be míadze agbagba vevie adi ame siwo di be yewoatrɔ va Yehowa gbɔ. Yesu ƒe lododo aɖe dze le Luka Ƒe Nyanyuigbalẽa me. Le lododo ma me la, eƒo nu tso ale si nyɔnu aɖe di nu xɔasi aɖe si bu nɛ la ŋu—nu xɔasi mae nye drakmagaku ɖeka. Lododo ma he míaƒe susu yi ale si gbegbe nyɔnua di eƒe gakuae koŋ dzi.—Xlẽ Luka 15:8-10.

4 Le lododoa me la, Yesu ƒo nu tso ale si nyɔnu aɖe se le eɖokui me esime wòke ɖe eƒe drakmagaku si bu nɛ la ŋu. Gakua nɔ vevie na nyɔnua ŋutɔ. Nu ka tae? Nu si tae nye be, anɔ eme be le Yesu ƒe ŋkekea me la, Yudatɔ siwo nye vidadawo la dometɔ aɖewo dzraa drakmagaku ewo ɖo hetsɔnɛ nana wo vinyɔnu le eƒe srɔ̃ɖegbe. Ðewohĩ, ga siwo dadaa nɛ le eƒe srɔ̃ɖegbe la dometɔ aɖee wònye. Ewɔ na nyɔnua be anyigbae gakua ge ɖo. Eya ta, esi akaɖi hedii ʋuu gake mekpɔe o. Ðewohĩ, eƒe akaɖia menɔ keklẽm nɛ nyuie be wòate ŋu ake ɖe eƒe klosalogaku suea ŋu o. Mlɔebaa, egbɔ dzi ɖi kplɔ aƒe bliboa me nyuie. Kaka wòakpɔa, eƒe drakmagaku xɔasi lae nye ma le keklẽm le gbeɖuɖɔa me. Eƒe dzi dze eme azɔ! Eyɔ exɔlɔ̃wo kple eƒe aƒelikawo va ƒo ƒu hegblɔ na wo be yeke ɖe yeƒe gaku si bu la ŋu.

5. Nu ka tae wòate ŋu abia agbagbadzedze geɖe hafi míake ɖe ame siwo megadea kpekpeawo kple gbeadzi o la ŋu?

5 Míekpɔe le Yesu ƒe lododoa me be, ne nane bu na mí la, ele be míadii kutrikukutɔe hafi ake ɖe eŋu. Nenema kee wòahiã be míaku kutri vevie hafi ake ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la ŋu. Ðewohĩ ƒe geɖewoe nye esia wodzudzɔ hadede kpli mí. Ate ŋu anɔ eme gɔ̃ hã be woʋu yi nuto aɖe si me nɔviwo menya wo le o la me. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be fifia, ame siwo dzudzɔ hadede kple hamea la dometɔ aɖewo di vevie be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ. Wodi be yewoagawɔ ɖeka kple yewo nɔviŋutsu kple yewo nɔvinyɔnu Kristotɔwo asubɔ Yehowa, gake wohiã míaƒe kpekpeɖeŋu.

6. Aleke hame bliboa ate ŋu akpe asi ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede la didi ŋu?

6 Ame kawoe ate ŋu akpe asi ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede la didi ŋu? Mí katã, hamemetsitsiwo, mɔɖelawo, nɔvi siwo ƒe ƒometɔ aɖe dzudzɔ gbeadzidede, kple hamea me gbeƒãɖelawo katã, ate ŋu akpe asi ɖe wo didi ŋu. Ðe xɔ̃wò aɖe alo wò ƒometɔ aɖe megadea kpekpeawo kple gbeadzi oa? Ðe nèdo go ame aɖe si dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la le tso aƒe me yi aƒe me alo dutoƒoɖaseɖiɖi dɔa mea? Gblɔ nɛ be, ne edi be hamemetsitsiwo nava srã ye kpɔ la, adzɔ dzi na ye be yeatsɔ eƒe adrɛs alo telefonxexlẽdzesi ana wo.

7. Nu kawoe nèsrɔ̃ tso hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Thomas la ƒe nyawo me?

7 Hamemetsitsiwo koŋ ƒe agbae wònye be woadi ame siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede, siwo le didim be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ. Aleke woate ŋu awɔ esiae? De dzesi nya si hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Thomas, si le Spain, gblɔ. Ekpe ɖe Ðasefo siwo wu 40 ŋu wotrɔ va hamea me. Thomas gblɔ be: “Gbãa, mebiaa nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu vovovowo nenye be wonya afi si ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede la le fifia mahã. Alo mebiaa gbeƒãɖelawo nenye be woɖo ŋku ame aɖe si megadea kpekpeawo o dzi mahã. Edzɔa dzi na gbeƒãɖela akpa gãtɔ be yewoagblɔ nu siwo wonya tso wo ŋu, elabe wose le wo ɖokuiwo me be yewo hã yewole asi kpem ɖe wo didi ŋu. Emegbe, ne meyi nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnuawo gbɔ la, mebiaa wo viwo kple woƒe ƒometɔ bubuwo hã ta sena. Ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede la dometɔ aɖewo kplɔa wo viwo vaa kpekpeawo tsã, eye ɖeviawo dometɔ aɖewo anya nye gbeƒãɖelawo va yi. Míate ŋu akpe ɖe ɖeviawo hã ŋu woatrɔ ava Yehowa gbɔ.” *

MIKPE ÐE YEHOWA ƑE VIŊUTSU KPLE VIANYƆNU SIWO BU LA ŊU WOATRƆ AGBƆ VA HAMEA ME

8. Le vi búbu la ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ si dze le Luka 15:17-24 me la, aleke vifofoa wɔ nu ɖe via si trɔ dzi me la ŋu?

8 Hafi míate ŋu akpe ɖe ame siwo di be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ ŋu la, nɔnɔme nyui kawoe wòhiã be wòanɔ mía si? De dzesi nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe viŋutsu aɖe si ʋu le aƒe me ŋu la me. (Xlẽ Luka 15:17-24.) Yesu ɖe eme be, viŋutsua va va eɖokui me mlɔeba eye wòtso nya me be yeatrɔ ayi aƒe me. Esi fofoa kpɔe wògbɔna la, eƒu du yi ɖakpee hewɔ atuu nɛ lɔlɔ̃tɔe ale gbegbe be ɖevia kpɔe be ye fofo lɔ̃ ye. Viŋutsua ƒe dzitsinya bu fɔe vevie ɖe nu si wòwɔ ta eye wòse le eɖokui me be yemegadze be ye fofo nayɔ ye be vi o. Esi ɖevia gblɔ ale si gbegbe nu si wòwɔ la te ɖe edzii vɔ la, eƒe nu wɔ nublanui na fofoa. Eyome, vifofoa ɖe afɔ siwo na via ka ɖe edzi be enye dzidzɔ nɛ be yetrɔ gbɔ va aƒe me, menye abe apadɔwɔla ene o, ke boŋ abe ye vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o ene. Be ɖevia naka ɖe edzi be ye fofo lɔ̃ ye eye wògbugbɔ xɔ ye la, fofoa na wodo awu nyuitɔ na via si trɔ dzi me la, eye wòɖu azã nɛ.

9. Nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ mía si hafi míate ŋu akpe ɖe ame siwo dzudzɔ gbeadzidede ŋu woatrɔ ava Yehowa gbɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Di Be Yewoatrɔ Va Yehowa Gbɔ La Ŋu.”)

9 Yehowa le abe vifofo si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le kpɔɖeŋu ma me ene. Elɔ̃ mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo dzudzɔ gbeadzidede, eye edi be woatrɔ ava ye gbɔ. Ne míesrɔ̃ Yehowa la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatrɔ ava. Hafi míate ŋu awɔ esia la, ehiã be míaɖe nɔnɔme nyui siwo nye dzigbɔɖi, veveseɖeamenu, kple lɔlɔ̃ afia. Nu ka tae wòle be míaɖe nɔnɔme nyui mawo koŋ afia? Eye aleke míate ŋu awɔ esiae?

10. Ne míele kpekpem ɖe ame aɖe ŋu be wòatrɔ ava Yehowa gbɔ la, nu ka tae míehiã na dzigbɔɖi?

10 Míehiã dzigbɔɖi elabe exɔa ɣeyiɣi hafi ame si dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la natrɔ ava Yehowa gbɔ. Ame siawo dometɔ geɖe gblɔ be, ehiã be hamemetsitsiwo kple nɔvi bubu siwo le hamea me la nava yewo gbɔ zi geɖe hafi yewote ŋu trɔ va Yehowa gbɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nancy, si le Asia, la gblɔ be: “Xɔ̃nye kplikplikpli aɖe si le hamea me la kpe ɖe ŋunye ale gbegbe. Elɔ̃m vevie abe nɔvianyɔnu tsitsitɔe menye ene. Ena meɖo ŋku ale si míekpɔ dzidzɔ ɖekae va yi la dzi. Eɖoa tom dzigbɔɖitɔe ne mele nye seselelãmewo gblɔm nɛ, eye ne ehiã be wòaɖo aɖaŋu nam la, mehena ɖe megbe o. Eɖee fia be xɔlɔ̃ vavãe yenye, enɔ klalo ɣesiaɣi kpe ɖe ŋunye.”

11. Nu ka tae wòle be míase veve ɖe nɔvi si ame aɖe si le hamea me ƒe nuwɔna do dziku na la nu?

11 Ne ame aɖe si le hamea me ƒe nuwɔna do dziku na nɔvi aɖe la, etea ŋu vena abe abi ene; gake veveseɖeamenu le abe dɔmi nyui aɖe si nana abia kuna ene. Nu si ame aɖe si le hamea me la wɔ lae wɔe be ame aɖewo dzudzɔ kpekpeawo dede ƒe geɖe ye nye esia, eye wogakpɔtɔ le veve sem ɖe nu si wowɔ ɖe wo ŋu ta va de asi na egbe. Vevesese mawo wɔe be didi si le wo me be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ la yi to. Wo dometɔ aɖewo ate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe yewo ŋu. Eye woahiã ame aɖe si ase woƒe nyawo ahase nu gɔme na wo. (Yak. 1:19) María, si dzudzɔ kpekpeawo dede va yi la gblɔ be, “Mehiã na ame aɖe si aɖo tom, ame si atutu nye aɖatsiwo nam, ame si akpe ɖe ŋunye ahaɖo aɖaŋu nyuiwo nam.”

12. Wɔ ale si Yehowa ƒe lɔlɔ̃ hea ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede wotrɔ vaa egbɔ la ƒe kpɔɖeŋu.

12 Biblia tsɔ lɔlɔ̃ si le Yehowa si na eƒe amewo la sɔ kple ka. Gɔmesese ka nue Mawu ƒe lɔlɔ̃ le abe ka ene le? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be, tsi le wò lém le atsiaƒu gbanaa la dzi, eye ame aɖe si le tɔdziʋu aɖe me la da awu si nana ame menyrɔna o la ɖe wò. Àda akpe ɖe kpekpeɖeŋu ma ta, elabe esia akpe ɖe ŋuwò be àte ŋu anɔ tsia ta bɔbɔe. Gake awu ma ɖeɖe mana natsi agbe o. Tsia fa miamiamia, ne womekɔ wò ɖe tɔdziʋua me o la, àku godoo. Ehiã be ame siwo le tɔdziʋua me la nada ka ɖe wò ahahe wò va tɔdziʋua me. Yehowa gblɔ tso Israel-vi siwo tra ɖa tso egbɔ la ŋu be: ‘Metsɔ lɔlɔ̃ka he wo.’ (Hos. 11:4) Egbea, nenema kee Yehowa wɔnɛ na ame siwo subɔe va yi eye agbemekuxiwo ɖe kpe na wo wole dagbadagbam le nuteɖeamedzi ta. Edi be woanyae be yelɔ̃ wo, eye yedi be yeahe wo ɖe ye ɖokui ŋu. Eye Yehowa ate ŋu ato dziwò aɖe eƒe lɔlɔ̃ afia wo.

13. Aleke Pablo ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be lɔlɔ̃ si míeɖena fiana amewo la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woatrɔ ava Yehowa gbɔ?

13 Ele vevie be míaka ɖe edzi na ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede la be Yehowa lɔ̃ wo eye míawo hã míelɔ̃ wo. Pablo si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati si do ŋgɔ na esia me la dzudzɔ kpekpeawo dede ƒe 30 kple edzivɔ. Egblɔ be: “Gbe ɖeka ŋdi la, esi menɔ dodom le aƒe me la, medo go nɔvinyɔnu tsitsi dɔmenyotɔ aɖe. Eƒo nu nam lɔlɔ̃tɔe ale gbegbe be, ɖeko mete avifafa abe ɖevi ene. Megblɔ nɛ be, mekpɔe be Yehowae dɔe ɖa be wòava ƒo nu nam. Ɣemaɣie metso nya me be matrɔ va Yehowa gbɔ.”

MIKPE ÐE AME SIWO GBƆDZƆ LA ŊU LƆLƆ̃TƆE

14. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si dze le Luka 15:4, 5 nu la, esi alẽkplɔlaa ke ɖe eƒe alẽ si bu la ŋu la, nu kae wòwɔ?

14 Ne míeva ke ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede ŋu la, ehiã be míayi edzi anɔ kpekpem ɖe wo ŋu ahanɔ dzi dem ƒo na wo. Anɔ eme be nu te ɖe wo dzi vevie abe ale si wònɔ le vi búbu si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me la gome ene. Eye le nu siwo me woto le Satana ƒe xexea me ta la, anɔ eme be woƒe xɔse gbɔdzɔ. Ehiã be míakpe wo ŋu woado ŋusẽ woƒe xɔse ahana wo kple Yehowa dome nagava nɔ kplikplikpli. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽ si bu ŋu me la, Yesu gblɔ ale si alẽkplɔlaa kɔ alẽa yi alẽhaa dome. Alẽkplɔlaa zã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe le alẽa didi me xoxo. Gake ekpɔe be ehiã be yeakɔe ayi alẽhaa dome, elabe ŋusẽ mele eŋu wòazɔ le eɖokui si o.—Xlẽ Luka 15:4, 5.

15. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ, siwo di be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ la ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Dɔwɔnu Vevi Aɖe.”)

15 Ahiã be míazã ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe atsɔ akpe ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la ŋu woaɖu kuxi siwo na wòle sesẽm na wo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ la dzi. Ke hã, le Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu azã eƒe Nya, Biblia, kple agbalẽ siwo eƒe habɔbɔa na mí la atsɔ akpe ɖe wo ŋu woana wo kple Yehowa dome nagava nɔ kplikplikpli. (Rom. 15:1) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe gblɔ be, “Ne ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede la va tso nya me be yewoatrɔ ava Yehowa gbɔ la, zi geɖe la, ehiãna be woasrɔ̃ Biblia kpli wo.” * Eya ta ne wobia tso asiwò be nàsrɔ̃ nu kple ame aɖe si dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la, anyo be nàkpɔ dzidzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔa ŋu. Hamemetsitsia gblɔ kpee be, “Ahiã be gbeƒãɖela si asrɔ̃ nua kple ame si dzudzɔ gbeadzidede la nanye xɔlɔ̃ nyui si dzi wòaka ɖo, si wòate ŋu agblɔ eƒe nyawo na.”

DZIDZƆ GEÐE LE DZIƑO KPLE ANYIGBA DZI

16. Aleke míewɔ nya be mawudɔlawo akpe ɖe mía ŋu?

16 Nuteƒekpɔkpɔ geɖewo ɖee fia be mawudɔlawo le dɔ wɔm kpli mí aduadu be yewoakpe ɖe mía ŋu míake ɖe ame siwo gbɔdzɔ eye wole didim vevie be yewoatrɔ va Yehowa gbɔ la ŋu. (Nyaɖ. 14:6) Le kpɔɖeŋu me, Silvio, si le Ecuador la, do gbe ɖa ɖe kuku na Yehowa vevie be wòadɔ ame aɖe ɖa wòava kpe ɖe ye ŋu yeatrɔ ava hamea me. Esime wògakpɔtɔ nɔ gbea dom ɖa la, eƒe agbonugaa ɖi. Hamemetsitsi eve aɖewoe nye ma le eƒe ʋɔtru nu. Esi hamemetsitsiawo va egbɔ la, edzɔ dzi na wo ŋutɔ be yewodze kpekpeɖeŋunanae gɔme.

17. Aleke míase le mía ɖokui me ne míekpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu?

17 Ne míekpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu wotrɔ va Yehowa gbɔ la, míakpɔ dzidzɔ geɖe! De dzesi nya si mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Salvador, si kua kutri vevie kpena ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu la gblɔ. Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, ne mebu ame siwo trɔ va Yehowa gbɔ ŋu la, dzi dzɔam ale gbegbe be ɖeko mefaa avi. Dzi dzɔam ŋutɔ be, mewɔ dɔ aduadu kple Yehowa wòɖe eƒe alẽ si gbɔ melɔ̃a nu le o la tso Satana ƒe xexea me hekplɔe va Eƒe hamea me.”—Dɔw. 20:35.

18. Ne ame si dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dedee nènye la, nu ka dzie nàte ŋu aka ɖo?

18 Ne ame si dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dedee nènye la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa gakpɔtɔ lɔ̃ wò kokoko. Edi be nàtrɔ ava ye gbɔ. Ahiã be nàku kutri be nàtrɔ ava egbɔ. Eye abe vifofo si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me ene la, Yehowa le mɔ kpɔm vevie be nàtrɔ ava ye gbɔ, eye yeaxɔ wò atuu kple dzidzɔ geɖe.

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

^ mm. 5 Yehowa di be ame siwo megadea kpekpeawo alo gbeadzi o la natrɔ va ye gbɔ. Míate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ade dzi ƒo na ame siwo di be yewoawɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe si nye, ‘Mitrɔ va gbɔnye’ la dzi. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ va Yehowa gbɔ la me.

^ mm. 7 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 15 Woate ŋu akpe ɖe ame siwo dzudzɔ kpekpeawo dede la ŋu ne wosrɔ̃ agbalẽ si nye Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa kpli wo, nenema kee ne wodzro agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu ƒe ta aɖewo me kple wo dometɔ aɖewo la, aɖe vi na wo. Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmiti ye atia gbeƒãɖela si asrɔ̃ Biblia kple ame si di be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ.

^ mm. 68 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Nɔviŋutsu vovovo etɔ̃ kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe si di be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ la ŋu. Nu si wowɔe nye be, woyi edzi ƒoa ka nɛ, wokana ɖe edzi nɛ be wolɔ̃e vevie, eye woɖoa to sea eƒe nyawo hesea nu gɔme nɛ.