Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mawu ƒe ‘gbɔgbɔa ƒe kutsetsea’ ƒe akpa vovovoawo katã koe nye ema woyɔ le Galatiatɔwo 5:22, 23?

Kpukpui mawo yɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui asieke: “Gbɔgbɔ la ƒe kutsetse ye nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, ɖokuidziɖuɖu.” Ke hã, mele be míabui be nɔnɔme nyui siawo koe nye nɔnɔme nyui siwo Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu ɖo o.

De dzesi nya siwo apostolo Paulo ŋlɔ le kpukpui siwo do ŋgɔ na ema me, egblɔ be: ‘Ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwoe nye gbɔdɔdɔ manɔsenu, makɔmakɔnyenye, ŋukpenanuwɔwɔ dzimesesẽtɔe, trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, nyahehewo, mamawo, kɔmamawo, ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu siwo gbɔ eme kple nu siawo tɔgbi.’ (Gal. 5:19-21) Àde dzesii be Paulo wu eƒe nyawo nu be “kple nu siawo tɔgbi,” si fia be menye “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” katãe nye ema Paulo yɔ o. Le kpɔɖeŋu me, eyɔ nɔnɔme aɖewo siwo hã nye “ŋutilã la ƒe dɔwɔwɔwo” le Kolosetɔwo 3:5. Nenema kee esime wòyɔ nɔnɔme nyui asiekeawo vɔ la, egblɔ be: “Se aɖeke metsi tsitre ɖe nu siawo ŋu o.” * Eya ta menye nɔnɔme nyui siwo gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu ɖo la katãe Paulo yɔ o.

Esia dze ƒãa ne míetsɔ nɔnɔme nyui siawo sɔ kple nɔnɔme nyui bubu siwo Paulo yɔ le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Efeso hamea la me; eŋlɔ bena: “Kekeli la ƒe kutsetsee nye nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye kpakple nyateƒe ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Ef. 5:8, 9) Ɛ̃, “nyuiwɔwɔ” kpakple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe nye “kekeli la ƒe kutsetse,” evɔ “nyuiwɔwɔ” hã nye ‘gbɔgbɔ la ƒe kutsetsea’ ƒe akpa aɖe.

Nenema kee Paulo de dzi ƒo na Timoteo be wòatu nɔnɔme nyui ade aɖewo siwo nye “dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, xɔse, lɔlɔ̃, dzidodo kple tufafa” ɖo. (1 Tim. 6:11) Nɔnɔme nyui ade mawo dometɔ etɔ̃ siwo nye xɔse, lɔlɔ̃ kple tufafa la koe Paulo yɔ le ‘gbɔgbɔ la ƒe kutsetsea’ dome. Ke hã, ehiã be Timoteo natu nɔnɔme nyui etɔ̃ susɔeawo, siwo nye dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa kple dzidodo hã ɖo; eye enyae be gbɔgbɔ kɔkɔea ye akpe ɖe ye ŋu yeawɔ esia.—Tsɔe sɔ kple Kolosetɔwo 3:12; 2 Petro 1:5-7.

Eya ta menye nɔnɔme nyui siwo wòle be Kristotɔwo natu ɖo la katãe dze le Galatiatɔwo 5:22, 23 o. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatu nɔnɔme nyui asieke siwo woyɔ be wonye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la ɖo. Gake nɔnɔme nyui bubu geɖewo li siwo wòle be míatu ɖo be míanye Kristotɔ siwo tsi le xɔse me, eye woakpe ɖe mía ŋu ‘míado amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.’—Ef. 4:24.

^ mm. 2 Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “nu siawo” la gɔme be “nu siawo tɔgbi.”