Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 25

“Nye Ŋutɔ Madi Nye Alẽwo”

“Nye Ŋutɔ Madi Nye Alẽwo”

“Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye malé be na wo.”—EZE. 34:11.

HADZIDZI 105 “Mawu Nye Lɔlɔ̃”

NYA VEVIAWO *

1. Mɔ ka nue Yehowa le abe vidada ene le?

‘ÐE NYƆNU aŋlɔ eƒe vidzĩ bea?’ Nya mae Yehowa bia le nyagblɔɖila Yesaya ƒe ŋkekeawo me. Yehowa Mawu yi edzi gblɔ na eƒe dukɔa be: “Ne nyɔnu siawo aŋlɔ be hã la, nye ya nyemaŋlɔ wò be gbeɖe o.” (Yes. 49:15) Mebɔ be Yehowa natsɔ eɖokui asɔ kple vidada o. Gake le go sia me la, nu ma tututue wòwɔ. Yehowa tsɔ ale si wòsena le eɖokui me tso esubɔlawo ŋu la sɔ kple lɔlɔ̃ sẽŋu si nɔa vidada si na via, elabe edi be ye subɔlawo nanyae be yelɔ̃ wo vevie ŋutɔ. Vidada akpa gãtɔ ate ŋu alɔ̃ ɖe nya si nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jasmin gblɔ la dzi; egblɔ be: “Ne vidada naa no via heléa be nɛ lɔlɔ̃tɔe la, kadodo tɔxɛ aɖe va nɔa eya kple via dome le woƒe agbemeŋkekewo katã me.”

2. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne viawo dometɔ aɖe tra ɖa tso egbɔ?

2 Yehowa nyana ne viawo dometɔ ɖeka pɛ gɔ̃ hã megadea kpekpeawo o eye megaɖea gbeƒã nya nyuia o. Ke bu ale si gbegbe wònyea vevesese nɛ ne ekpɔe be ye subɔla akpe geɖewo dzudzɔa gbeadzi alo kpekpeawo dede * ƒe sia ƒe ŋu kpɔ.

3. Nu kae nye Yehowa ƒe didi?

3 Mía nɔviŋutsu kple mía nɔvinyɔnu siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzidede la dometɔ geɖe trɔ vaa hamea me, eye edzɔa dzi na mí ŋutɔ be wotrɔ va! Yehowa ƒe didi ye nye be woatrɔ ava, eye emae nye míawo hã míaƒe didi. (1 Pet. 2:25) Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava? Hafi míaɖo biabia sia ŋu la, anyo be míanya nu siwo gbɔ wòtsona be mía nɔvi aɖewo dzudzɔa kpekpeawo dede eye womegaɖea gbeƒã nya nyuia o.

NU KAWO GBƆE WÒTSONA BE AME AÐEWO VA DZUDZƆA YEHOWA SUBƆSUBƆ?

4. Aleke dɔwɔɖui ate ŋu agblẽ nu le ame aɖewo ŋui?

4 Dɔwɔɖui va zu nu vevitɔ na ame aɖewo le woƒe agbe me. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Hung * si le Asia la gblɔ be: “Meva ƒo ɖokuinye ɖe nye dɔwɔɖuia me vĩi. Mekpɔe be nyemewɔ nu le nunya me o; megblɔ na ɖokuinye be, ne ganyawo de dzinye la, mate ŋu asubɔ Yehowa nyuie wu. Eya ta dɔ dzi ko menɔna gaƒoƒo geɖe. Meva nɔ kpekpeawo dam ƒu eye vivivi la, meva dzudzɔ kura. Meva kpɔe be Satana zãa xexea tsɔ wɔnɛ be míaƒe susu nadzo le nu si le vevie wu la dzi, eye vivivi la, míava dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ kura.”

5. Aleke kuxi vovovowo va ɖe kpe na nɔvinyɔnu aɖe?

5 Kuxi vovovowo va ɖe kpe na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo ale gbegbe be dzi ɖe le wo ƒo. Nɔvinyɔnu Anne, si le Britain la, nye vidada si si vi atɔ̃ le. Anne gblɔ be: “Vinyeawo dometɔ ɖeka nye nuwɔametɔ tso edziɣi ke. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe vinyenyɔnuawo dometɔ ɖeka le haa me, eye tagbɔdɔ va dze vinyeŋutsuawo dometɔ ɖeka dzi. Esiawo katã wɔe be nu te ɖe dzinye ale gbegbe be meva dzudzɔ kpekpeawo dede, eye nyemegaɖea gbeƒã o. Vivivi la, nye xɔse va gbɔdzɔ keŋkeŋ.” Míese veve ɖe Anne kple eƒe ƒomea kpakple nɔvi bubu siwo katã kuxi siawo tɔgbi ɖe kpe na la nu ale gbegbe!

6. Aleke nya siwo le Kolosetɔwo 3:13 la dzi mawɔmawɔ ate ŋu awɔe be nɔvi aɖe natra ɖa tso Yehowa ƒe amewo gbɔ?

6 Xlẽ Kolosetɔwo 3:13. Nane si nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe si le hamea me wɔ la te ɖe Yehowa subɔla aɖewo dzi vevie. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi be, ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be ‘nya aɖe nanɔ mía si ɖe’ nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe ŋu. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be woawɔ nu madzɔmadzɔ ɖe mía ŋu, eye ne míekpɔ nyuie o la, míate ŋu alé dziku ɖe dɔ me. Ne ame aɖe lé dziku ɖe dɔ me la, ate ŋu awɔe be vivivi la, ava tra ɖa tso Yehowa ƒe amewo gbɔ. Bu nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Pablo si le South America (alo Anyiehe Amerika) dzi la ŋu kpɔ. Wotso enu alakpatɔe be ewɔ nu gbegblẽ aɖe, eye esia wɔe be woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe le esi le hamea me. Aleke wòwɔ nui? Pablo gblɔ be: “Medo dziku vevie, eye vivivi la, meva dzudzɔ kpekpeawo dede.”

7. Aleke dzitsinya ƒe fɔbuame ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu?

7 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya va yi la, eƒe dzitsinya ate ŋu abu fɔe ɣeyiɣi didi aɖe, ate ŋu ase le eɖokui me be Mawu magate ŋu alɔ̃ ye o. Ne etrɔ dzi me eye wokpɔ nublanui nɛ gɔ̃ hã la, ate ŋu ase le eɖokui me be yemegadze anye Mawu ƒe amewo dometɔ ɖeka o. Nenemae nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Francisco la se le eɖokui me. Egblɔ be: “Meƒo ɖokuinye ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me, eye hamemetsitsiwo gbe nya nam. Gbãa, togbɔ be megakpɔtɔ dea kpekpeawo hã la, nu va te ɖe dzinye vevie eye mese le ɖokuinye me be nyemegadze anɔ Yehowa ƒe amewo dome o. Nye dzitsinya ɖe fu nam vevie, eye mexɔe se be Yehowa metsɔ nye nu vɔ̃wo kem o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, meva dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo to nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi tɔgbi me la ŋu? Ðe nèsea veve ɖe wo nua? Esi gale vevie wue nye be, aleke Yehowa sena le eɖokui me tso wo ŋu?

YEHOWA LƆ̃ EƑE ALẼAWO

Israel alẽkplɔla aɖe tsɔ ɖe le eme na eƒe alẽ si bu la vevie ŋutɔ (Kpɔ memama 8-9 lia) *

8. Ðe Yehowa ŋlɔa ame siwo subɔe va yi la bea? Ðe eme.

8 Yehowa meŋlɔa ame siwo subɔe va yi gake fifia wodzudzɔ hadede kple eƒe amewo la be o; eye meŋlɔa subɔsubɔdɔ siwo wowɔ nɛ va yi hã be o. (Heb. 6:10) Nyagblɔɖila Yesaya wɔ kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe tsɔ ɖe ale si gbegbe Yehowa léa be na eƒe amewoe la fia. Yesaya ŋlɔ bena: “Akplɔ eƒe lãhawo abe alẽkplɔla ene. Aƒo alẽviawo nu ƒu ɖe eƒe abɔwo dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.” (Yes. 40:11) Aleke Yehowa, Alẽkplɔla Gãtɔ la, sena le eɖokui me ne eƒe alẽawo dometɔ ɖeka tra ɖa tso alẽhaa gbɔ? Yesu ɖe ale si Yehowa sena le eɖokui me la fia esi wòbia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nu kae miesusu? Ne alẽ alafa ɖeka le ame aɖe si, eye wo dometɔ ɖeka bu la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si bu la oa? Eye ne ekpɔe la, vavã mele egblɔm na mi be, akpɔ dzidzɔ ɖe eŋu wu ale si wòakpɔe ɖe blaasieke vɔ asieke siwo mebu o la ŋu.”—Mat. 18:12, 13.

9. Aleke alẽkplɔla nyui siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la wɔa nu ɖe woƒe alẽwo ŋui? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

9 Nu ka tae wòsɔ nyuie be wotsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla? Nu si tae nye be, le Biblia ŋlɔɣiwo la, alẽkplɔla nyui léa be na eƒe alẽwo nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime dzata aɖe kple sisiblisi aɖe va lé David ƒe alẽvi aɖe la, ewɔ avu kpli wo tsɔ kpɔ eƒe alẽhaa ta. (1 Sam. 17:34, 35) Ne alẽkplɔla nyui ƒe alẽ ɖeka pɛ gɔ̃ hã bu la, ade dzesii godoo. (Yoh. 10:3, 14) Alẽkplɔla ma tɔgbi akplɔ alẽ 99 susɔeawo ade kpo me ale be woanɔ dedie, alo atsɔ wo ade ehati alẽkplɔla bubuwo si be woakpɔ wo dzi, eye wòayi aɖadi eƒe alẽ ɖeka si bu la. Yesu wɔ kpɔɖeŋu ma tsɔ fia nyateƒenya vevi aɖe eƒe nusrɔ̃lawo esi wògblɔ be: “Menye dzidzɔ na Fofonye si le dziƒo la be ɖevi sue [alo alẽvi sue] siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.”—Mat. 18:14.

Blema Israel alẽkplɔla aɖe le abi blam na eƒe alẽ si bu si ŋu wòke ɖo la (Kpɔ memama 9 lia)

YEHOWA DIA EƑE ALẼ SIWO BU

10. Le Ezekiel 34:11-16 ƒe nya nu la, ŋugbe kae Yehowa do ku ɖe eƒe alẽ siwo bu la ŋu?

10 Yehowa lɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe, nenema kee wòlɔ̃ eƒe “alẽvi sue,” alo nɔvi siwo tra ɖa tso eƒe alẽhaa gbɔ la hã. Mawu to nyagblɔɖila Ezekiel dzi do ŋugbe be yeadi yeƒe alẽ siwo bu la, yeabla abi na wo ahana woƒe lãme nagasẽ. Eye egblɔ afɔ vovovo siwo tututu wòaɖe atsɔ axɔ na wo. Emawo nye afɔ vovovo siwo Israel alẽkplɔla aɖe ne eƒe alẽvi aɖe bú. (Xlẽ Ezekiel 34:11-16.) Gbã la, alẽkplɔlaa dia eƒe alẽ si bu la, eye esia bia agbagbadzedze kple kutrikuku geɖe. Eye ne enya ke ɖe eŋu ko la, akplɔe ava alẽhaa dome. Gakpe ɖe eŋu la, ne nu vevi wɔ alẽa alo dɔ wui ɖi tsi ɖe eŋu la, alẽkplɔlaa alé be na alẽ sia si gbɔdzɔ la lɔlɔ̃tɔe; abla eƒe abiwo nɛ, akɔe ɖe akɔnu, eye wòana nuɖuɖui. Afɔ vovovo mawo kee wòhiã be hamemetsitsi siwo le ‘Mawu ƒe alẽhaa’ kplɔm la naɖe be woatsɔ akpe ɖe Mawu subɔla siwo tra ɖa tso hamea gbɔ la ŋu. (1 Pet. 5:2, 3) Hamemetsitsiawo dia nɔvi siwo tra ɖa tso hamea gbɔ, wokpena ɖe wo ŋu be woatrɔ ava wɔ ɖeka kple hamea, eye woɖea lɔlɔ̃ fiaa wo henaa kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wohiã la wo be woa kple Yehowa dome naganɔ nyuie ake. *

11. Nu kae nɔa nyanya na ame si nye alẽkplɔla nyui?

11 Alẽkplɔla nyui nyae be alẽawo dometɔ aɖe ate ŋu abu. Eye ne edzɔ be alẽ aɖe tra mɔ tso alẽhaa gbɔ la, alẽkplɔlaa medoa dziku ɖe eŋu o. Yehowa Mawu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le go sia me. Bu ale si wòwɔ nu ɖe esubɔla aɖewo siwo tra mɔ tso egbɔ hena ɣeyiɣi aɖe ŋu la ŋu kpɔ.

12. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Yona ŋui?

12 Esi Yehowa de dɔ asi na nyagblɔɖila Yona la, esí le dɔa nu. Ke hã, Yehowa megbe Yona o. Ke boŋ, abe ale si alẽkplɔla nyui wɔnɛ ene la, Yehowa xɔ nɛ eye wòkpe ɖe eŋu hedo ŋusẽe be dzi naɖo eƒo be wòawɔ dɔ si yede esi la. (Yona 2:7; 3:1, 2) Emegbe la, Mawu zã goeka aɖe tsɔ kpe ɖe Yona ŋu wòkpɔ ale si amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe agbe xɔ asii la dze sii. (Yona 4:10, 11) Nufiame kae le eme na mí? Mele be hamemetsitsiwo nana ta kaba le kpekpeɖeŋunana ame siwo dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede la me o. Ke boŋ, hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoanya nu si gbɔ wòtso be alẽawo dometɔ ɖeka tra ɖa le alẽhaa gbɔ. Eye ne alẽ ma trɔ va Yehowa gbɔ la, hamemetsitsiwo yia edzi ɖea lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme fianɛ.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Psalmo 73 lia ŋlɔla ŋui la me?

13 Esi Psalmo 73 lia ŋlɔla kpɔ ale si wòdze abe nu le edzi dzem na ame vɔ̃ɖiwo ene la, dzi va ɖe le eƒo. Eva nɔ eɖokui biam nenye be viɖe aɖe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me mahã. (Ps. 73:12, 13, 16) Aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋu? Mebu fɔe o. Le nyateƒe me la, Mawu na woŋlɔ hakpalaa ƒe nyawo ɖe Biblia me. Mlɔeba la, hakpalaa va se egɔme be ne ame le ƒomedodo nyui me kple Yehowa la, enyo wu nu sia nu si ate ŋu asu ame si le agbe me. (Ps. 73:23, 24, 26, 28) Nufiame kae le eme na mí? Mele be hamemetsitsiwo nabu fɔ ame siwo va le wo ɖokui biam nenye be viɖe aɖe le Yehowa subɔsubɔ me la o. Le esi woabu fɔ wo teƒe la, ele be hamemetsitsiwo nadze agbagba anya nu si tae wogblɔ nya ma alo wɔ nu nenema. Ema ko hafi hamemetsitsiwo ate ŋu azã Biblia atsɔ ade dzi ƒo na wo.

14. Nu ka tae wòhiã be woade dzi ƒo na Eliya, eye aleke Yehowa kpe ɖe eŋu?

14 Nyagblɔɖila Eliya sí le Fiasrɔ̃ Izebel nu. (1 Fia. 19:1-3) Esusui be ye ɖeka pɛ koe kpɔtɔ nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila, eye ese le eɖokui me be dɔ siwo katã yewɔ la meɖe vi aɖeke o. Nu va te ɖe Eliya dzi ale gbegbe be edi be yeaku. (1 Fia. 19:4, 10) Yehowa mebu fɔ Eliya o, ke boŋ eka ɖe edzi nɛ be menye eya ɖeka koe susɔ o, eye yeli kplii. Ena wònya be ate ŋu aɖo ŋu ɖe yeƒe ŋusẽ ŋu, eye egblɔ nɛ hã be dɔ geɖe li wòagawɔ na ye. Yehowa ɖo to Eliya nyuie esime wònɔ nu ƒom tso nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la ŋu, eye eyome ede dɔ bubuwo asi nɛ. (1 Fia. 19:11-16, 18) Nufiame kae le eme na mí? Ele be mí katã, vevietɔ, hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe Yehowa ƒe alẽawo ŋu nyuie. Nɔvi aɖe ate ŋu agblɔ be ame aɖe ƒe nuwɔna do dziku na ye vevie, alo nɔvi bubu ate ŋu agblɔ be yese le ye ɖokui me be Yehowa mate ŋu atsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe o. Aleke kee wòɖale o, ele be hamemetsitsiwo naɖo to nyuie esime wole woƒe dzimenyawo gblɔm na wo. Eyome, woadze agbagba aka ɖe edzi na Yehowa ƒe alẽ si tra la be Yehowa dea asixɔxɔ eŋu ale gbegbe.

ALEKE WÒLE BE MÍABU MAWU ƑE ALẼ SIWO TRA ÐA LE ALẼHAA GBƆ?

15. Le Yohanes 6:39 ƒe nya nu la, aleke Yesu bu Fofoa ƒe alẽawoe?

15 Aleke Yehowa di be míabu yeƒe alẽ siwo bu? Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Enyae be Yehowa ƒe alẽawo katã xɔ asi nɛ ŋutɔ, eya ta ewɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeakpe ɖe “Israel ƒe aƒe la me tɔ siwo nye alẽ búbuwo” la ŋu be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. (Mat. 15:24; Luka 19:9, 10) Esi wònye be Yesu ye nye alẽkplɔla nyui la ta la, ewɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yemabú Yehowa ƒe alẽawo dometɔ aɖeke o.—Xlẽ Yohanes 6:39.

16-17. Aleke wòle be hamemetsitsiwo nase le wo ɖokuiwo me tso kpekpeɖeŋunana ame siwo tra ɖa tso hamea gbɔ la ŋu? (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Yehowa Subɔla Si Tra Ða Tso Egbɔ La Ate Ŋu Ase Le Eɖokui Me.”)

16 Apostolo Paulo de dzi ƒo na hamemetsitsi siwo nɔ Efeso hamea me la be woasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua. Egblɔ na wo be: “[Ele be miakpe] ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye be Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.’” (Dɔw. 20:17, 35) Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be, agba gã aɖe le hamemetsitsiwo dzi be woalé be na Yehowa ƒe amewo. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Salvador, si le Spain la, gblɔ be: “Ne mede ŋugble le ale si gbegbe Yehowa tsɔa ɖe le eme na eƒe alẽ siwo bu la ŋu la, esia ʋãam medina be mawɔ nu sia nu si mate ŋui akpe ɖe wo ŋu. Menyae be Yehowa di be malé be na wo.”

17 Wokpe ɖe ame siwo katã ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me, siwo tra ɖa tso hamea gbɔ la ŋu wotrɔ va Yehowa gbɔ. Egbea, ame bubu geɖe siwo tra ɖa tso hamea gbɔ la di be yewoawɔe nenema ke. Míadzro nu bubu siwo míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋu be woatrɔ ava Yehowa gbɔ la me tsitotsito le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

^ mm. 5 Nu ka gbɔe wòtso be mía nɔvi aɖewo siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la va tra ɖa tso hamea gbɔ? Aleke Mawu sena le eɖokui me tso wo ŋu? Nyati sia dzro biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo me. Azɔ hã, edzro nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla aɖewo siwo tra tso egbɔ le blema hena ɣeyiɣi aɖe ŋu la me.

^ mm. 2 NYAMEÐEÐE: Kristotɔ si megakpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o, alo ame si dzudzɔ gbeadzi alo kpekpeawo dede ye nye Kristotɔ si megabu gbeadzisubɔsubɔ alo nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa ŋuti kɔnta kpɔ o ɣleti ade alo esi wu nenema. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, wogakpɔtɔ nye mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo kokoko, eye míelɔ̃ wo.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.

^ mm. 10 Nyati si kplɔ esia ɖo la adzro ale si hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe afɔ vovovo etɔ̃ siawo la me.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Esi Israel alẽkplɔlaa tsi dzi ɖe eƒe alẽ si bu la ŋu vevie ta la, adii godoo ahakplɔe ava alẽha la dome. Nenema kee alẽkplɔla siwo léa be na Mawu ƒe amewo egbea hã wɔnɛ.

^ mm. 64 NU SIWO LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe si megadea kpekpeawo kple gbeadzi o la nɔ anyi ɖe bɔs aɖe si le hoho ge kpuie la me; ele Ðasefo eve aɖewo siwo le dzidzɔ kpɔm le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa me la kpɔm.