Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 24

“Tsɔ Nye Dzi Ðo Nu Ðeka Kolia Ŋu, Ne Mavɔ̃ Wò Ŋkɔ”

“Tsɔ Nye Dzi Ðo Nu Ðeka Kolia Ŋu, Ne Mavɔ̃ Wò Ŋkɔ”

“Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ. Oo Yehowa, nye Mawu, mele kafuwòm tso dzi blibo me.”—PS. 86:11, 12.

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae nye mawuvɔvɔ̃, eye nu ka tae wòle vevie na ame siwo lɔ̃ Yehowa?

KRISTOTƆWO lɔ̃ Mawu, eye wovɔ̃nɛ hã. Ame aɖewo asusu be nu eve mawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu. Gake menye vɔvɔ̃ si dea ŋɔdzi lãme na ame ye míewɔnɛ o. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso vɔvɔ̃ bubu ƒomevi aɖe ŋu. Ame siwo si vɔvɔ̃ sia ƒomevi le la dea bubu gã Mawu ŋu. Womedi be yewoawɔ naneke si ana yewo Fofo si le dziƒo la magakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu o, elabe wodi be yewo kplii dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli.—Ps. 111:10; Lod. 8:13.

2. Esi Fia David ƒe nya siwo dze le Psalmo 86:11 la le susu me na mí la, nu eve kawo me míadzro?

2 Xlẽ Psalmo 86:11. Ne ède ŋugble tso nya mawo ŋu la, àkpɔe be Fia David nya ale si gbegbe wòle vevie be woavɔ̃ Yehowa. Azɔ, na míadzro ale si míate ŋu awɔ nya siwo David gblɔ le eƒe gbedodoɖaa me dzi la me. Gbã, míadzro susu aɖewo siwo tae wòle be míade bubu gã Mawu ƒe ŋkɔa ŋu ɖo la me. Evelia, míadzro ale si míate ŋu aɖee afia le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe be míedea bubu gã Mawu ƒe ŋkɔa ŋu la me.

NU KA TAE WÒLE BE MÍADE BUBU GÃ YEHOWA ƑE ŊKƆA ŊU?

3. Nudzɔdzɔ kae anya kpe ɖe Mose ŋu be wòyi edzi de bubu gã Mawu ƒe ŋkɔa ŋu?

3 De ŋugble le ale si Mose se le eɖokui me esime wòbe ɖe agakpe aɖe ƒe to me eye wòkpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe to eŋu va yi la ŋu kpɔ. Insight (alo Étude perspicace) gbalẽa gblɔ be, “emae anya nye nudzɔdzɔ wɔnukutɔ kekeake si amegbetɔ kpɔ kpɔ hafi Yesu Kristo va anyigba dzi.” Esi Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe va to Mose ŋu yina la, ese nya siawo si anɔ eme godoo be mawudɔla aɖee gblɔe la be: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena.” (2 Mose 33:17-23; 34:5-7) Anɔ eme godoo be ɣesiaɣi si Mose yɔ Yehowa ŋkɔ la, eɖoa ŋku nudzɔdzɔ ma dzi. Mewɔ nuku o be, Mose va xlɔ̃ nu Mawu ƒe dukɔ Israel emegbe be ‘woavɔ̃ ŋkɔ sia, si ŋu bubu kple ŋɔdzi le’ la.—5 Mose 28:58.

4. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagade bubu geɖe wu Yehowa ŋu?

4 Ne míebu ŋkɔ Yehowa ŋu la, ele be míabu ame si ƒomevi Yehowa nye hã ŋu. Ele be míade ŋugble le eƒe nɔnɔme nyuiawo, siwo dometɔ aɖewoe nye eƒe ŋusẽ, eƒe nunya, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple eƒe lɔlɔ̃ ŋu. Ne míedea ŋugble le eƒe nɔnɔme nyui mawo kple bubuawo ŋu la, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míade bubu geɖe wu eyama ŋu.—Ps. 77:11-15.

5-6. (a) Mawu ƒe ŋkɔa gɔme ɖe? (b) Le 2 Mose 3:13, 14 kple Yesaya 64:8 ƒe nyawo nu la, mɔ kawo nue Yehowa nana nuwo vaa eme le?

5 Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa fia? Agbalẽnyala geɖewo lɔ̃ ɖe edzi be, ŋkɔ Yehowa, anya fia, “Enana Wòvaa Eme.” Esia fia be, ame aɖeke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòagawɔ nu si wòdi be yeawɔ o. Nu ka tae wòle alea?

6 Yehowa nana nuwo vaa eme, le mɔ sia nu be, etea ŋu va nyea nu sia nu si hiã be eƒe tameɖoɖo nava eme. (Xlẽ 2 Mose 3:13, 14.) Wodea dzi ƒo na mí le míaƒe agbalẽwo me zi geɖe be míade ŋugble tso Mawu ƒe amenyenye ƒe akpa sia si wɔa dɔ ɖe ame dzi la ŋu. Azɔ hã, Yehowa ate ŋu ana be esubɔla amegbetɔ madeblibowo nava nye nu sia nu si hiã ale be woasubɔe ahawɔ eƒe tameɖoɖo dzi. (Xlẽ Yesaya 64:8.) Le mɔ siawo nu la, Yehowa nana wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Naneke mate ŋu axe mɔ nɛ be wòagana eƒe tameɖoɖowo nava eme o.—Yes. 46:10, 11.

7. Nu kae míate ŋu awɔ be mía Fofo si le dziƒo la ƒe nu nagalé dzi na mí geɖe wu eye míade bubu gã eŋu?

7 Ne míedea ŋugble le nu siwo mía Fofo si le dziƒo la wɔ kple nu siwo wòkpe ɖe mía ŋu míete ŋu wɔ ŋu la, esia ana be eƒe nu nagalé dzi na mí geɖe wu. Le kpɔɖeŋu me, ne míede ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔ vovovowo ŋu la, míekpɔnɛ be eƒe asinudɔwɔwɔwo wɔ nuku ŋutɔ, eye esia wɔa dɔ ɖe mía dzi ale gbegbe. (Ps. 8:3, 4) Eye ne míedea ŋugble le ame siwo ƒomevi Yehowa na míeva zu ale be míate ŋu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la, esia nana míedea bubu gã eŋu. Gɔmesese si le ŋkɔ Yehowa ŋu la wɔ nuku ŋutɔ! Elɔ ame si ƒomevi mía Fofo la nye, nu siwo katã wòwɔ, kple nu siwo katã wòava wɔ ɖe eme.—Ps. 89:7, 8.

“MAÐE GBEƑÃ YEHOWA ƑE ŊKƆ”

Nu si Mose fia dukɔa la do ŋusẽ woƒe xɔse. Ehe susu yi Yehowa Mawu ƒe ŋkɔa kple ame si ƒomevi wònye dzi (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Le 5 Mose 32:2, 3 ƒe nya nu la, nu kae Yehowa di be ye subɔlawo nawɔ tso yeƒe ŋkɔa ŋu?

8 Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nayi Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa fia ha aɖe Mose. (5 Mose 31:19) Ele na Mose hã be wòafia ha ma dukɔa. (Xlẽ 5 Mose 32:2, 3.) Ne míede ŋugble tso nya siwo dze le kpukpui 2 kple 3 lia me ŋu la, eme kɔ ƒãa be Yehowa medi be yeƒe ŋkɔa nanɔ ɣaɣla alo woabui be ele kɔkɔe akpa be woayɔe o. Edi be ame sia ame nanya yeƒe ŋkɔa! Nu wɔnuku aɖe ŋutɔe wònye esime Israel-viwo see Mose fia nu wo tso Yehowa kple eƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kpli o la ŋu! Nu siwo Mose fia wo la do ŋusẽ woƒe xɔse hede dzi ƒo na wo, abe tsie nyɔ́ ɖe gbe dzi ene. Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe nufiafiawo ɖea vi na amewo nenema ke?

9. Akpa kae míate ŋu awɔ le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ me?

9 Ne míele tso aƒe me yi aƒe me alo dutoƒoɖaseɖiɖi dɔa wɔm la, míate ŋu azã Biblia atsɔ afia Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, amewo. Míate ŋu ana míaƒe agbalẽ dzeaniawo amewo, míate ŋu aɖe míaƒe video wɔdɔɖeamedziawo afia wo, eye míate ŋu ahe woƒe susu ayi nu vovovo siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea, siwo dea bubu Yehowa ŋu, la dzi. Ne míele dɔme, alo suku, alo míele mɔ zɔm la, míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ aƒo nu tso mía Mawu si gbɔ míelɔ̃a nu le o kple ame si ƒomevi wònye la ŋu na amewo. Míate ŋu aƒo nu tso nu nyui siwo gbegbe Yehowa ɖo be yeawɔ na amegbetɔwo kple ale si wòdi be yealé be na anyigbaa ŋu na wo. Ne wose nya mawo la, ɖewohĩ, emae anye zi gbãtɔ si woade dzesi ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ míi. Ne míefia nyateƒea amewo tso mía Fofo lɔ̃amea ŋu la, míele asi kpem ɖe Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ ŋu. Míetoa esia me kpena ɖe amewo ŋu be woakpɔe adze sii be, nu siwo wofia wo tso Mawu ŋu la menye nyateƒe o. Eye nu siwo míefiaa amewo tso Biblia me la dea dzi ƒo na wo eye wònana woƒe dzi dzea eme.—Yes. 65:13, 14.

10. Nu ka tae Mawu ƒe sewo fiafia míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ɖeɖe mesu o?

10 Ne míele Biblia srɔ̃m kple míaƒe nusrɔ̃viwo la, míedi be míakpe ɖe wo ŋu woanya Yehowa ƒe ŋkɔa ahazãe. Azɔ hã, míedi be míakpe ɖe wo ŋu woava nya Yehowa nyuie. Gake nenye be Mawu ƒe sewo kple mɔfiamewo koe míefiaa wo la, ɖe míate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔa? Nusrɔ̃vi nyui ate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe sewo ahakpɔ dzidzɔ ɖe wo ŋu gɔ̃ hã. Gake ɖe nusrɔ̃via aɖo to Yehowa le esi wòlɔ̃e ta? Ðo ŋku edzi be, Xawa nya Mawu ƒe sea, gake melɔ̃ Mawu kura o; eye nenema kee wòle le Adam hã gome. (1 Mose 3:1-6) Eya ta, Mawu ƒe sewo kple eƒe nudidi dzɔdzɔeawo fiafia amewo ɖeɖe mesu o.

11. Ne míele Mawu ƒe sewo kple eƒe nudidiwo fiam míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo la, aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woava lɔ̃ Mawu Ame si de sea?

11 Yehowa ƒe sewo kple eƒe nudidiwo ɖea vi na mí ɣeawokatãɣi. (Ps. 119:97, 111, 112) Gake míaƒe nusrɔ̃viwo ya mate ŋu akpɔe nenema o, negbe ɖe míekpe ɖe wo ŋu wova kpɔe dze sii be esi Yehowa lɔ̃ mí tae wòde se mawo na mí ɖo. Eya ta, míate ŋu abia nya siawo tɔgbi míaƒe nusrɔ̃viwo be: “Èsusu be nu ka tae Mawu bia tso esubɔlawo si be woagawɔ nu sia o; alo, èsusu be nu ka tae Mawu bia tso esubɔlawo si be woaƒo asa na nu sia? Nu kae esia fia mí tso eya amea ŋu?” Ne míekpe ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu wova nya Yehowa nyuie eye wova lɔ̃ eƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kpli o la, ana be woase nu si srɔ̃m wole la gɔme nyuie. Eye nusrɔ̃viawo ava lɔ̃ seawo kple Senalaa siaa. (Ps. 119:68) Woatsi le xɔse me, eye esia akpe ɖe wo ŋu woado dzi le xɔse ƒe dodokpɔ sesẽ siwo ava wo dzi la me.—1 Kor. 3:12-15.

“MÍAZƆ LE YEHOWA MÍA MAWU ƑE ŊKƆ ME”

Gbe ɖeka, David ɖe mɔ eƒe dzi va ku ɖe nu bubu aɖe ŋu (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke wòva dzɔe be David ƒe dzi meva ku ɖe Yehowa ŋu bliboe o, eye nu kawoe do tso eme?

12 Nya vevi aɖe si míede dzesii le Psalmo 86:11 la me ye nye, “tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu.” Fia David ye Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋã wòŋlɔ nya mawo. Nu siwo me David to le agbe me na wòkpɔe be, ele bɔbɔe be míaɖe mɔ míaƒe dzi nava ku ɖe nu bubu aɖe ŋu le esi teƒe be wòaku ɖe Yehowa ɖeka ko ŋu. Gbe ɖeka enɔ eƒe xɔta, eye wòkpɔ ŋutsu aɖe srɔ̃ wònɔ tsi lem. Ɣemaɣi la, ɖe David ƒe dzi ku ɖe nu ɖeka kolia ŋu loo alo eva ku ɖe nu bubu hã ŋu? Enya Yehowa ƒe se si nye: ‘Mègabiã ŋu hawòvi srɔ̃ o.’ (2 Mose 20:17) Ke hã, edze ƒãa be eyi edzi nɔ ekpɔm. David tsi evedomesi—eƒe dzi va ku ɖe nyɔnua ŋu, togbɔ be eƒe didie nye be yeadze Yehowa ŋu hã. Eye togbɔ be David vɔ̃a Yehowa eye wòlɔ̃e ɣeyiɣi didi aɖe hã la, eva wɔ nu ɖokuitɔdiditɔe. Esia wɔe be David va wɔ nu vɔ̃wo. Ehe vlododo va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. David he vɔ̃ manyagblɔwo va ame maɖifɔwo kple eya ŋutɔ ƒe ƒomea hã dzi.—2 Sam. 11:1-5, 14-17; 12:7-12.

13. Aleke míewɔ nya be David ƒe dzi gava ku ɖe nu ɖeka kolia ŋu ake?

13 Yehowa ɖɔ David ɖo, eye woa kple Yehowa dome gava nɔ nyuie. (2 Sam. 12:13; Ps. 51:2-4, 17) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, David va ɖo ŋku fukpekpe siwo katã me wòto, kple vɔ̃ siwo do tso eme esi wòna eƒe dzi va ku ɖe nu bubu aɖe ŋu le esi teƒe be eƒe dzi naku ɖe Yehowa ɖeka kolia ŋu la dzi. Eya tae wòdo gbe ɖa na Yehowa be: “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu.” (Ps. 86:11) Ðe Yehowa kpe ɖe David ŋu eƒe dzi gava ku ɖe eya amea ŋu bliboea? Ɛ̃, Yehowa kpe ɖe eŋu, elabe Yehowa na woɖɔ David le Eƒe Nyaa me emegbe be enye ame si ‘ƒe dzi ku ɖe eƒe Mawu, Yehowa, ŋu bliboe.’—1 Fia. 11:4; 15:3.

14. Nya kae wòle be míabia mía ɖokui, eye nu ka tae?

14 David ƒe kpɔɖeŋua dea dzi ƒo na mí eye wòganye nuxlɔ̃ame hã na mí. Ale si wòva dzɔe be eva wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la nye nuxlɔ̃ame na Mawu ƒe amewo egbea. Fifiae míedze Yehowa subɔsubɔ gɔme o, alo míele esubɔm ƒe gbogbo aɖe ye nye esia o, ehiã be míabia mía ɖokui be, ‘Ðe mele ʋiʋlim be Satana nagana nye dzi naku ɖe nu bubu aɖeke ŋu tsɔ wu Yehowa oa?’

Satana adze agbagba ɖe sia ɖe be yeana wò dzi naku ɖe nu bubuwo ŋu, le esi teƒe be wò dzi naku ɖe Yehowa ɖeka ko ŋu. Mègaɖe mɔ nɛ o! (Kpɔ memama 15-16 lia) *

15. Aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta ne míaƒe ŋku kli nu siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me?

15 Le kpɔɖeŋu me, ne wò ŋku kli nane si ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe mewò la le television alo Internet dzi la, nu kae nèwɔna? Anɔ bɔbɔe be nàgblɔ na ɖokuiwò be, ‘Foto sia, alo film sia, megblẽ nenema gbegbe o.’ Gake, ɖe wòanye be ema dzi tom Satana le be yeana wò dzi naku ɖe nu bubu ŋua? (2 Kor. 2:11) Foto ma le ko abe gakpo biɖoe si wotsɔ fea nakekpo ene. Gbãa, ɖeko nakefelaa ƒoa gakpoa be eƒe nu biɖoea nage ɖe nakea me. Eye zi ale si wòyi edzi le gakpo biɖoea ƒom be wòage ɖe nakea tome la, nakea va fena mlɔeba. Ðe foto mawo siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la mele abe gakpo biɖoe ma ene oa? Foto mawo siwo adze abe naneke megblẽ le wo ŋu o ene kpɔkpɔ ate ŋu awɔe be, vivivi la, ame ƒe dzi magava ku ɖe Yehowa ŋu bliboe o, eye awɔ nu vɔ̃ ɖe eya amea ŋu. Eya ta, mèganɔ nu manyomanyo mawo siwo anyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe mewò la kpɔm o! Na wò dzi naku ɖe Yehowa ɖeka kolia ŋu be nàvɔ̃ eƒe ŋkɔ!

16. Ne míedo go tetekpɔ la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

16 Menye foto siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me la koe Satana zãna tsɔ tea mí kpɔna o, ke boŋ, ezãa nu bubu geɖewo hã tsɔ tea mí kpɔna. Ne tetekpɔawo va la, aleke míewɔa nui? Anɔ bɔbɔe be míagblɔ na mía ɖokui be, ‘Oo, esia ya megblẽ o ɖe.’ Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ míagblɔ le susu me be: ‘Womaɖem le haa me le nu sia ta o ɖe, eya ta, menye nu si nye ŋkubiãnya nenema gbegbe o.’ Nuŋububu ma mesɔ kura o. Anyo boŋ be míabia nya siawo tɔgbi mía ɖokui: ‘Ðe Satana le agbagba dzem be yeazã nu sia atsɔ ana nye dzi nava ku ɖe nu bubu ŋua? Ne meɖi kɔ na nye dzodzro vɔ̃a la, ɖe esia mahe vlododo ava Yehowa ƒe ŋkɔa dzi oa? Ðe nu sia wɔwɔ ana nye kple Mawu dome naganɔ nyuie wua, alo ɖe wòagblẽ nu le ƒomedodo si le nye kplii dome la ŋua?’ De ŋugble le biabia mawo ŋu. Do gbe ɖa na Yehowa nàbia dziƒo nunyae be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo nya mawo ŋu na ɖokuiwò le anukware me. (Yak. 1:5) Esia wɔwɔ anye takpɔkpɔ na wò. Eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtɔ afɔ to sesĩe aɖu tetekpɔa dzi, abe ale si Yesu wɔe esime wògblɔ na Satana be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” ene.—Mat. 4:10.

17. Nu ka tae menyo be míaƒe dzi naku ɖe nu bubu aɖe ŋu le esi teƒe be míaƒe dzi naku ɖe Yehowa ɖeka ko ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

17 Menyo be míaƒe dzi naku ɖe nu bubu aɖe ŋu o. Tsɔe be bɔlƒoha aɖe me tɔwo mewɔa nu aduadu o. Wo dometɔ aɖewo le kafukafu dim na wo ɖokuiwo, bubuwo hã mewɔna ɖe bɔlƒoseawo dzi o, eye nenema kee bubuwo hã mebua woƒe hehenalaa ɖe ɖeke me o. Ne bɔlƒoha aɖe le alea la, asesẽ be wòaɖu dzi. Gake anɔ bɔbɔe na bɔlƒoha si me tɔwo wɔa nu aduadu la be woaɖu dzi. Nenema kee, wò hã àte ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe, ne wò susuwo, wò didiwo, kple wò seselelãmewo ku ɖe Yehowa subɔsubɔ ɖeɖe ko ŋu. Nenɔ susu me na wò be, adzɔ dzi na Satana ŋutɔ be yeana wò dzi naku ɖe nu bubu ŋu le esi teƒe be wòaku ɖe Yehowa ɖeka ko ŋu. Satana di be wò susuwo, wò didiwo, kple wò seselelãmewo nana wòasesẽ na wò be wò dzi naku ɖe Yehowa ƒe nudidiwo ŋu. Gake wò ya, ehiã be nàna wò susuwo, wò didiwo, kple wò seselelãmewo naku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu bliboe. (Mat. 22:36-38) Mègana Satana nate wò dzi ɖa tso Yehowa ŋu gbeɖe o!

18. Le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo dze le Mika 4:5 la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

18 Abe ale si David wɔe ene la, do gbe ɖa na Yehowa be: “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu, ne mavɔ̃ wò ŋkɔ.” Wɔ wò ŋutete katã be nànɔ agbe wòawɔ ɖeka kple gbedodoɖa sia. Ðoe kplikpaa be, nyametsotso siwo katã nàwɔ gbe sia gbe, tso suetɔ dzi va ɖo gãtɔ dzi, naɖee afia be èdea bubu gã Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu. Esi wònye be Yehowa Ðasefoe nènye ta la, ne èwɔnɛ alea la, àhe kafukafu ava Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. (Lod. 27:11) Eye mí katã míate ŋu agblɔ abe nyagblɔɖila Mika ene be: “Míazɔ le Yehowa mía Mawu ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee.”—Mika 4:5.

HADZIDZI 41 Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa

^ mm. 5 Le nyati sia me la, míadzro nya si Fia David gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me, si dze le Psalmo 86:11, 12 la me. Nu kae wòfia be míavɔ̃ Yehowa ƒe ŋkɔ? Susu kawoe le mía si siwo tae wòle be míade bubu gã eƒe ŋkɔa ŋu? Eye aleke mawuvɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta ne míedo go tetekpɔ aɖe?

^ mm. 53 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Mose fia ha aɖe si de bubu Yehowa ŋu la Mawu ƒe dukɔa.

^ mm. 57 NU SIWO LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO KPLE FOTOA ME: Xawa meɖu tetekpɔa dzi o. Gake míawo ya míeƒoa asa na foto alo text message siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, siwo ate ŋu awɔe be míava he vlododo ava Mawu ƒe ŋkɔa dzi.