Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 24

Àte Ŋu Ado Le Satana Ƒe Mɔ̃tetrewo Me!

Àte Ŋu Ado Le Satana Ƒe Mɔ̃tetrewo Me!

‘Do le Abosam ƒe mɔ̃tetre me.’—2 TIM. 2:26.

HADZIDZI 36 Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae míate ŋu atsɔ Satana asɔ kple adela?

TAÐODZINU ɖekae le adela si. Eyae nye be yealé lã alo awui. Ate ŋu azã mɔ̃ vovovowo, abe ale si Hiob ƒe yeaɖi akɔfalawo dometɔ ɖeka gblɔe ene. (Hiob 18:8-10) Aleke adela blea lã nu be yeƒe mɔ̃ naɖee? Eléa ŋku ɖe lãa ŋu nyuie. Afi kae lãa tona? Nu kae dzɔa dzi nɛ? Aleke yeawɔ alée le eƒe manyamanya me? Satana le abe adela ma ene. Eléa ŋku ɖe mía ŋu. Enya míaƒe afɔɖeɖewo kple nu siwo dzɔa dzi na mí. Eyomea, etrea mɔ̃ na mí eye wònɔa mɔ kpɔm be mɔ̃a nalé mí le míaƒe manyamanya me. Ke hã, Biblia ka ɖe edzi na mí be ne eƒe mɔ̃ lé mí hãa, míate ŋu ado le eme. Azɔ hã, Biblia fiaa ale si míawɔ aƒo asa na eƒe mɔ̃ mawo keŋkeŋ la mí.

Satana ƒe mɔ̃ siwo wɔa dɔ nɛ koŋue nye dada kple ŋukeklẽ (Kpɔ memama 2 lia) *

2. Satana ƒe mɔ̃ eve siwo wɔa dɔ nɛ koŋue nye kawo?

2 Satana ƒe mɔ̃ siwo wɔa dɔ nɛ koŋue nye dada kple ŋukeklẽ. * Satana le mɔ̃ siawo zãm tsɔ le amewo ɖem fia menye egbe o. Ele abe xevimɔ̃trela si blea xevi si wòdi be yealé la nu be wòava ge ɖe yeƒe mɔ̃ me la ene. (Ps. 91:3) Gake mele be míaɖe mɔ Satana ƒe mɔ̃ nalé mí o. Nu ka tae? Elabe Yehowa klo nu le eƒe ayemɔwo dzi na mí.—2 Kor. 2:11.

Míate ŋu asrɔ̃ nu tso amewo ƒe kpɔɖeŋuwo me eye esia akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na Abosam ƒe mɔ̃tetrewo alo ado le wo me (Kpɔ memama 3 lia) *

3. Nu ka tae Yehowa na woŋlɔ amewo ƒe kpɔɖeŋuwo ɖe Biblia me na mí?

3 Mɔ siwo dzi Yehowa tona xlɔ̃a nu mí tso dada kple ŋukeklẽ ŋu dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu tso amewo ƒe kpɔɖeŋuwo me. Míakpɔ ale si Satana te ŋu tre mɔ̃ na ame aɖewo siwo subɔ Yehowa ƒe geɖe la gɔ̃ hã. Ðe esia fia be eƒe mɔ̃ aɖe mí godooa? Ao. Elabe Yehowa na woŋlɔ kpɔɖeŋu mawo ɖe Biblia me be “wòanye nuxlɔ̃ame na mí.” (1 Kor. 10:11) Enya be míate ŋu asrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu mawo me eye woakpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na Abosam ƒe mɔ̃tetrewo alo ado le wo me.

MƆ̃ YE DADA NYE

Kpɔ memama 4 lia

4. Nu kae adzɔ ɖe mía dzi ne míenye dadalawo?

4 Satana di be míase le mía ɖokui me be míenyo wu ame bubuwo. Enya be ne míedana la, míava nɔ abe ye ene eye agbe mavɔ nato mía ŋu. (Lod. 16:18) Esia tae apostolo Paulo xlɔ̃ nu be ate ŋu adzɔ be ame ‘nado eɖokui ɖe dzi glodzoo, eye wòadze ʋɔnu si wodrɔ̃ Abosam la me.’ (1 Tim. 3:6, 7) Esia ate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi, míeɖanye ame yeyewo alo míeɖale Yehowa subɔm ƒe geɖee nye esia o.

5. Le Nyagblɔla 7:16, 20 ƒe nya nu la, aleke wòate ŋu adzɔe be ame aɖe nava nɔ dadam?

5 Ame siwo dana nye ɖokuitɔdilawo. Satana dzea agbagba be yeana míatsɔ susu aɖo míawo ŋutɔwo mía ɖokuiwo dzi, tsɔ wu Yehowa dzi, vevietɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Le kpɔɖeŋu me, ɖe woda alakpa ɖe asiwò kpɔa? Alo ɖe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwòa? Adzɔ dzi na Satana be nàdo dziku ɖe Yehowa kple nɔviwo ŋu le nɔnɔme mawo me. Eye Abosam adi be nàsusui be mɔ si dzi nàte ŋu ato akpɔ nyawo gbɔ koe nye be nàwɔ nu si dze ŋuwò, ke menye be nàwɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame siwo le Biblia me la dzi o.—Xlẽ Nyagblɔla 7:16, 20.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvinyɔnu aɖe si le Netherlands la gbɔ?

6 Bu nɔvinyɔnu aɖe si le Netherlands, si do dziku ɖe nɔviwo ŋu le woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta ŋu kpɔ. Etso nya me be yemagate ŋu anɔ te ɖe nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu azɔ o. Egblɔ be: “Metsi akogo ŋutɔ, eye esesẽ nam be maŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Megblɔ na srɔ̃nye be míaʋu ayi hame bubu me.” Gake nɔvinyɔnua va kpɔ March 2016 ƒe JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnaa. Woɖo aɖaŋu aɖewo tso ale si míawɔ anɔ te ɖe nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu ŋu le wɔnaa me. Nɔvinyɔnua gblɔ be: “Mekpɔe be ele be mabɔbɔ ɖokuinye alé ŋku ɖe nye ŋutɔ nye gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu, tsɔ wu be manɔ agbagba dzem be mana nɔvi siwo le hamea me boŋ natrɔ woƒe nuwɔna. Wɔna ma kpe ɖe ŋunye metsɔ susu ɖo Yehowa kple eƒe dziɖuɖu ŋu.” Nufiameae nye eka? Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, wò susu nenɔ Yehowa ŋu. Ðe kuku nɛ be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu amewo abe ale si wòbua woe ene. Fofowò si le dziƒo la dea dzesi woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔawo; ke hã, elɔ̃na faa be yeatsɔe ake wo. Edi be wò hã nàwɔe nenema.—1 Yoh. 4:20.

Kpɔ memama 7 lia

7. Nu kae dzɔ ɖe Fia Uziya dzi?

7 Dada wɔe be Yuda-fia Uziya gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ eye wòtso le eɖokui si wɔ nu. Uziya wɔ nu nyui geɖe va yi. Ekpɔ dzidzedze le aʋawɔwɔwo kple agbledede me, etso duwo eye wòtu xɔ tsralawo. “Mawu vavã la na nu dze edzi nɛ.” (2 Kron. 26:3-7, 10) Biblia gblɔ be, “Esi ŋusẽ nya ɖo eŋu ko la, eƒe dzi de asi dada me eye wòhe vɔ̃ va eɖokui dzi.” Yehowa de se be nunɔlawo koe kpɔ mɔ ado dzudzɔ ʋeʋĩ le gbedoxɔa me. Gake dada wɔe be Fia Uziya tso le eɖokui si ge ɖe gbedoxɔa me eye wòdo dzudzɔ ʋeʋĩ. Esia medzɔ dzi na Yehowa o eye wòna anyi ƒo ɖe eŋu. Uziya zu anyidɔléla va se ɖe eƒe kugbe.—2 Kron. 26:16-21.

8. Aleke 1 Korintotɔwo 4:6, 7 akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na dada?

8 Ðe wòate ŋu adzɔ be míava zu dadalawo awɔ nu vɔ̃ abe ale si wòdzɔ ɖe Uziya dzi enea? Bu José ŋu kpɔ. Enye hamemetsitsi si ŋu wodea bubui kple asitsala si dzi nuwo de. Eƒoa nuƒowo le takpekpe suewo kple gãwo me, eye nutome sue dzikpɔlawo tena ɖe eŋu xɔa aɖaŋuɖoɖo. Egblɔ be: “Meva ka ɖe ɖokuinye kple ŋutete siwo le asinye la dzi. Nyemegava ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu o. Mesusu be mele te sesĩe, eya ta nyemegaɖoa to Yehowa ƒe nuxlɔ̃amewo kple aɖaŋuɖoɖowo o.” José va wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye woɖee le haa me. Wogbugbɔ xɔe ɖe haa me ƒe aɖewoe nye esia. Egblɔ be: “Meva srɔ̃e tso Yehowa gbɔ be, menye ɖoƒe si míele ye le vevie o, ke boŋ, nu si le vevie ye nye be míawɔ nu si wòdi.” Mina míaɖo ŋku edzi be ŋutete siwo le mía si kple agbanɔamedzi siwo su mía si le hamea me la tso Yehowa gbɔ. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 4:6, 7.) Ne míedoa mía ɖokui ɖe dzi la, Yehowa mazã mí akpɔ o.

MƆ̃ YE ŊUKEKLẼ NYE

Kpɔ memama 9 lia

9. Nu kae ŋukeklẽ na Satana kple Xawa wɔ?

9 Ne míese nya ŋukeklẽ la, Satana Abosam ƒe nue vaa susu me na mí. Esime wònye Yehowa ƒe dɔla va yia, mɔnukpɔkpɔ nyui geɖewo anya su esi. Gake emawo mede nɛ o. Edi be woatsɔ subɔsubɔ si Yehowa ɖeɖe ko dze na la ana ye. Satana di be míazu abe ye ene, eya ta, edzea agbagba be yeana nu siwo le mía si la nagadze mía ŋu o. Nu ma tututue wòwɔ esi wòte ɖe Xawa ŋu. Lɔlɔ̃ ʋã Yehowa wòna nuɖuɖu gbogbo aɖe Xawa kple srɔ̃a. ‘Woate ŋu aɖu abɔa me tiwo katã ƒe tsetse faa,’ negbe ɖeka ko. (1 Mose 2:16) Ke hã, Satana flu Xawa wòsusu be ehiã be yeaɖu ɖeka ma ƒe tsetse kokoko. Nu siwo le Xawa si la medze eŋu o; nu bubuwo gadzroe. Gake míenya nu si va dzɔ kplɔe ɖo. Xawa wɔ nu vɔ̃ eye wòku mlɔeba.—1 Mose 3:6, 19.

Kpɔ memama 10 lia

10. Aleke ŋukeklẽ va zu mɔ̃ ɖe Fia David?

10 Yehowa na kesinɔnu kple ɖoƒe Fia David, eye wòna wòɖu eƒe futɔ geɖewo dzi, gake ŋukeklẽ wɔe be David ŋlɔ nu mawo katã be. David ŋutɔ gblɔ be Mawu ƒe nunanawo ‘mele xexlẽ me o!’ (Ps. 40:5) Gake ɣeaɖeɣia, David va ŋlɔ nu siwo katã Yehowa nɛ la be. Nu mawo megava dze eŋu o; nu bubuwo gadzroe. Togbɔ be srɔ̃ geɖe nɔ David si hãa, eɖe mɔ ame bubu srɔ̃ dzroe. Nyɔnua ŋkɔe nye Bat-Seba, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Uriya, Hititɔ la. Ðokuitɔdidi wɔe be David dɔ kple Bat-Seba eye wòfɔ fu. Esi gavɔ̃ɖi wue nye be, David wɔ ɖoɖo wowu Uriya! (2 Sam. 11:2-15) Nu kae nɔ susu me nɛ? Ðe wòsusu be Yehowa makpɔ ye oa? David si wɔ nuteƒe na Yehowa va yi la, ɖe mɔ ŋukeklẽ ɖu edzi eye wòkpɔ emetsonua. Dzidzɔtɔe la, le ɣeyiɣi aɖe megbea, David va ʋu eƒe nu vɔ̃wo me eye wòtrɔ dzi me. Dzi dzɔe ŋutɔ esi Yehowa tsɔ eƒe nu vɔ̃awo kee!—2 Sam. 12:7-13.

11. Le Efesotɔwo 5:3, 4 ƒe nya nua, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míaganye ŋuklẽlawo o?

11 Nu kae míesrɔ̃ tso David gbɔ? Míesrɔ̃e be ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo katã Yehowa na mí ŋu la, míate ŋu aɖu ŋukeklẽ dzi. (Xlẽ Efesotɔwo 5:3, 4.) Ele be nu siwo le mía si la nadze mía ŋu. Míedea dzi ƒo na Biblia nusrɔ̃vi yeyewo be woade ŋugble le nu nyui aɖe si Yehowa wɔ na wo la ŋu eye woada akpe nɛ ɖe eta. Ne nusrɔ̃vi aɖe wɔa esia gbe sia gbe hena kwasiɖa ɖekaa, ke efia be edo gbe ɖa tso nu vovovo adre ŋu. (1 Tes. 5:18) Ðe nèwɔa nu sia tɔgbia? Ne èdea ŋugble tso nu siwo katã Yehowa wɔ na wò ŋu la, awɔe be nànɔ akpe dam nɛ. Ne èdaa akpe nɛ la, nu siwo le asiwò la adze ŋuwò. Eye ne nu siwo le asiwò la dzea ŋuwò la, màklẽ ŋu o.

Kpɔ memama 12 lia

12. Nu kae ŋukeklẽ na Yuda va wɔ?

12 Ŋukeklẽ wɔe be Yuda Iskariot va zu yomemɔfiala vɔ̃ɖi. Gake menye nenemae wònɔ tsã o. (Luka 6:13, 16) Yesu tiae wònye eƒe apostolo. Anɔ eme be Yuda nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo, elabe eya gbɔe gaɖakaa nɔ. Yesu kple eƒe apostolowo zãa ga mawo tsɔ kpɔa woƒe nuhiahiãwo gbɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ga ma le abe xexea me katã ƒe dɔa ƒe nudzɔdzɔ ene egbea. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, Yuda va nɔ asi dom ɖe gaa gbɔ vivivi, togbɔ be esee Yesu xlɔ̃ nu tso ŋukeklẽ ŋu zi geɖe hã. (Marko 7:22, 23; Luka 11:39; 12:15) Yuda do toku nuxlɔ̃ame mawo.

13. Ɣekaɣie Yuda ƒe ŋukeklẽa va dze ƒãa?

13 Yuda ƒe ŋukeklẽa va dze ƒãa le nane si dzɔ do ŋgɔ kpuie hafi Yesu naku la me. Simon anyidɔléla la kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃la siwo dome Maria kple nɔvia Marta le la va eƒe me. Esi wonɔ nua ɖum la, Maria tso eye wòkɔ ami ʋeʋĩ xɔasi aɖe ɖe Yesu ƒe tame. Yuda kple nusrɔ̃la mamlɛawo do dziku vevie. Anɔ eme be nusrɔ̃la mamlɛawo susui be woate ŋu azã ga ma nyuie wu le subɔsubɔdɔa me. Gake susu bubu kurae nɔ Yuda ya si. “Fiafitɔe wònye,” eye edi be yeanɔ ga siwo le aɖakaa me la fim. Emegbe la, ŋukeklẽ wɔe be Yuda de Yesu asi xɔ ga si woxɔna ɖe kluviwo ta.—Yoh. 12:2-6; Mat. 26:6-16; Luka 22:3-6.

14. Aleke atsu kple asi aɖe wɔ ɖe Luka 16:13 me nyawo dzi?

14 Yesu ɖo ŋku nyateƒenya sia dzi na eyomedzelawo be: “Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Xlẽ Luka 16:13.) Nya ma nye nyateƒe egbea hã. Bu ale si atsu kple asi aɖe si le Romania wɔ ɖe Yesu ƒe nya ma dzi ŋu kpɔ. Wokpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ le dukɔ aɖe si me nu de amewo dzi le la me. Wogblɔ be: “Esi fe gbogbo aɖe nɔ mía ŋu wòle be míaxe taa, míesusu gbã be dɔ sia nye yayra tso Yehowa gbɔ na mí.” Gake, mɔ̃e. Dɔa mana woakpɔ vovo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Esi woxlẽ nyati si nye “Lé Nuteƒewɔwɔ Me Ðe Asi Tso Dzi Blibo Me” si dze le August 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ me vɔa, wotso nya me. Wogblɔ be: “Ne gakpɔkpɔ tae míedi be míava wɔ dɔ le dukɔ bubu mea, ke míele Yehowa dam ɖe nɔƒe evelia ye nye ema. Míekpɔe be esia agblẽ mía kple Yehowa dome.” Eya ta, womelɔ̃ xɔ dɔa o. Nu kae va dzɔ? Srɔ̃ŋutsua va kpɔ dɔ aɖe le woƒe dukɔa me, si akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ. Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Yehowa ƒe alɔ meto ɖe eme gbeɖe o.” Atsu kple asi sia le dzidzɔ kpɔm elabe wona Yehowa nye woƒe Aƒetɔ, ke menye ga o.

ƑO ASA NA SATANA ƑE MƆ̃WO

15. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míate ŋu ado le Satana ƒe mɔ̃ me?

15 Ke ne míede dzesii be míeva le dadam alo míeva le ŋuklẽlawo zum ɖe? Míate ŋu atrɔ. Paulo gblɔ be ame siwo Abosam ‘lé agbagbee’ la ate ŋu ado le eƒe mɔ̃a me. (2 Tim. 2:26) Esia dzɔ ɖe David dzi. Eva zu ŋuklẽla, gake esi Natan gbe nya nɛa, eɖo toe, etrɔ dzi me, eye eya kple Yehowa dome gava nɔ kplikplikpli. Mègaŋlɔ be o be, Yehowa sesẽ wu Satana sãsãsã. Eya ta ne míelɔ̃ be Yehowa nakpe ɖe mía ŋu la, míate ŋu ado le mɔ̃ ɖe sia ɖe si Abosam tre la me.

16. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na Satana ƒe mɔ̃wo?

16 Nu nyuitɔe nye be míaƒo asa na Satana ƒe mɔ̃wo, tsɔ wu be míage ɖe wo me hafi ava nɔ agbagba dzem be míado le wo me. Míehiã na Mawu ƒe kpekpeɖeŋu hafi míate ŋu aƒo asa na mɔ̃ mawo. Gake mele be míasusui be Satana ƒe mɔ̃ mawo mate ŋu aɖe mí o! Ame aɖewo siwo subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi gɔ̃ hã va zu dadalawo alo ŋuklẽlawo. Eya ta do gbe ɖa na Yehowa gbe sia gbe be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔe ɖa be nɔnɔme gbegblẽ mawo ƒe ɖe le gegem ɖe mewò hã. (Ps. 139:23, 24) Ne nenemae la, wɔ nane tso eŋu kaba!

17. Nu kae ava dzɔ ɖe Abosam, si nye míaƒe futɔ la dzi kpuie?

17 Ƒe akpe geɖee nye esia Satana nye adela. Gake eteƒe madidi o, woalée abla, eye woatsrɔ̃e. (Nyaɖ. 20:1-3, 10) Míele mɔ kpɔm na ŋkeke ma vevie. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, nɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe mɔ̃wo ŋu. Ku kutri vevie be màgava zu dadala alo ŋuklẽla o. Ðoe kplikpaa ‘nàtsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le gbɔwò.’—Yak. 4:7.

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

^ mm. 5 Satana le abe adela ene. Ɣeyiɣi didi ka kee míele Yehowa subɔm o, edina be yeatre mɔ̃ na mí. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Satana dzea agbagba be yeato dada kple ŋukeklẽ dzi agblẽ mí kple Mawu dome. Azɔ hã, míakpɔ ame siwo Satana ƒe mɔ̃ siwo nye dada kple ŋukeklẽ ɖe kpakple ale si míawɔ aƒo asa na eƒe mɔ̃ mawo.

^ mm. 2 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Nyati sia aƒo nu tso dada kple ŋukeklẽ koŋ ŋu. Dada nye sese le ame ɖokui me be yenyo wu ame bubuwo, eye ŋukeklẽ ye nye didi vevie be ga kple ŋusẽ geɖe nasu ame si, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si gbɔ eme, kple dzodzro alo didi bubu siwo gbɔ eme.

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Dada wɔe be nɔviŋutsu aɖe gbe aɖaŋuɖoɖo xɔxɔ. Nɔvinyɔnu aɖe si si nu gbogbowo le la gale geɖe dim kpee.

^ mm. 55 NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Mawu ƒe dɔla aɖe kple Fia Uziya va zu dadalawo. Ŋukeklẽe wɔe be Xawa ɖu ati si ŋu wode se ɖo la, ŋukeklẽe wɔe be David wɔ ahasi kple Bat-Seba, eye Yuda fi ga.