Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Le Yesu ƒe ŋkekea mea, adzɔ vovovo kawoe amewo xena?

TSO blema ke la, Israel-viwo xea ga tsɔ doa alɔ subɔsubɔ vavãtɔ. Gake kaka Yesu ƒe ŋkekeawo me la, Yudatɔwo va xea adzɔ gbogbo aɖewo siwo na agbea va sesẽ na wo.

Wobia tso Yudatɔwo katã siwo nye ame tsitsiwo la si be woaxe sekel afã (alo drakma eve) ne woatsɔ ado alɔ dɔ siwo wowɔna le Mawu ƒe aƒea me. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wozãa ga ma tsɔ ƒlea vɔsalãwo eye wozãnɛ tsɔ léa be na gbedoxɔ si Herodes tu. Yudatɔ aɖewo bia Petro nenye be Yesu xea adzɔ ma, eye Yesu megblɔ be egblẽ be woaxe adzɔa o. Le nyateƒe me la, efia ale si Petro awɔ akpɔ ga atsɔ axee.—Mat. 17:24-27.

Azɔ hã, ehiã be Mawu ƒe amewo naxe nu ewolia, si nye woƒe agblemenukuwo alo kutsetsewo me mama ewo ƒe akpa ɖeka. (3 Mose 27:30-32; 4 Mose 18:26-28) Subɔsubɔhakplɔlawo tea tɔ ɖe edzi be ele be amewo naxe nu ewolia ɖe agblemenu ɖe sia ɖe dzi; woxenɛ ɖe “ahamɛ, sikɔni kple adrike” gɔ̃ hã dzi. Yesu megblɔ be egblẽ be woaxe nu ewolia o, gake eklo nu le agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔa dzi.—Mat. 23:23.

Ɣemaɣia, Romatɔwoe nɔ wo dzi ɖum, eye woɖo adzɔ vovovowo na Yudatɔwo be woaxe. Adzɔ mawo dometɔ ɖekae nye esi wobiana tso ame siwo si anyigba le la si be woaxe, eye woate ŋu azã ga alo agblemenuwo atsɔ axe adzɔ ma. Wogblɔ be, ne anyigba wɔ nua, woamae ɖe akpa ene alo atɔ̃ me eye woatsɔ ɖeka axe adzɔa. Adzɔ bubue nye esi woxɔna le Yudatɔ siwo katã ƒe ŋkɔ woŋlɔ la si. Adzɔ sia xexe ŋue Farisitɔwo va bia nya Yesu tsoe. Yesu na wonya ale si wòle be woabu adzɔxexee esi wògblɔ be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, ke mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”—Mat. 22:15-22.

Wogaxɔa adzɔ ɖe adzɔnu siwo wotsɔ va du aɖe me alo tsɔ yi du bubu me la dzi. Woxɔa adzɔ mawo le tɔdziʋudzeƒewo, tɔdzisasrãwo kple mɔdzevewo dzi, dugbowo nu kple asiwo me.

Adzɔ siwo katã Romatɔwo xɔna le amewo si la sɔ gbɔ ale gbegbe. Le Romatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔla Tacitus, si nɔ anyi le Fiagã Tiberio ƒe dziɖuɣi, esime Yesu nɔ anyigba dzi ƒe nya nua, “Siriatɔwo kple Yudatɔ siwo adzɔ mawo xexe do agba na la ɖe kuku be woakpɔ eme na yewo.”

Nu si gana agbea te ɖe amewo dzi ye nye mɔ si dzi wotona xɔa adzɔ mawo. Romatɔwo ƒoa asi ɖe adzɔxɔxɔ ƒe gomenɔamesia ŋu. Ame si ƒe ga kpe wu ye wotsɔnɛ nana, eye eya hã xɔa amewo be woaxɔ adzɔawo le amewo si, eye woawo hã wodana ɖe adzɔawo dzi be yewoakpɔ viɖe. Anɔ eme be Zaxeo si nye adzɔxɔlawo ƒe amegã la xɔ amewo woxɔa adzɔ nɛ. (Luka 19:1, 2) Mewɔ nuku o be adzɔ siawo xexe vea dɔme na ameawo eye wolé fu ame siwo woxea adzɔ siawo na tẽe la.