Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ

Kpe Ðe Wò Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woava Xɔ Nyɔnyrɔ

“Mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe.”—DƆW. 2:38.

HADZIDZI 72 Míana Woanya Fiaɖuƒe Nyateƒe La

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae wogblɔ na ameha aɖe be woawɔ le ƒe alafa gbãtɔ me?

AMEHA gã aɖe siwo dome ŋutsuwo kple nyɔnuwo le, siwo tso dukɔ vovovowo me eye wodoa gbe vovovowo la va ƒo ƒu. Nu wɔnuku aɖe dzɔ gbe ma gbe. Yudatɔ aɖewo do amedzro siwo va woƒe dukɔa me la degbe! Nu si gawɔ nuku wue nye nya siwo Yudatɔawo kple apostolo Petro gblɔ na wo. Nya siwo wogblɔ na wo dometɔ aɖee nye be ne woxɔ Yesu Kristo dzi se la, woakpɔ ɖeɖe. Nya si wose la wɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wobia be: “Nu kae míawɔ?” Petro ɖo eŋu na wo be: “Mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe.”—Dɔw. 2:37, 38.

Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a le agbalẽ si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! la srɔ̃m kple ɖekakpui aɖe (Kpɔ memama 2 lia)

2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

2 Nu si gadzɔ kplɔe ɖo la wu gbɔgblɔ. Ame 3,000 aɖewo xɔ nyɔnyrɔ gbe ma gbe va zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. Esiae nye nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔ gã si Yesu gblɔ be ye yomedzelawo awɔ la ƒe gɔmedzedze. Yesu yomedzelawo le dɔ sia dzi va se ɖe egbea. Egbea, mímate ŋu akpe ɖe ame aɖe ŋu wòava xɔ nyɔnyrɔ le gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me o. Ate ŋu axɔ ɣleti aɖewo alo ƒe ɖeka alo esi wu nenema gɔ̃ hã hafi nusrɔ̃vi aɖe nava xɔ nyɔnyrɔ. Nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa bia nu geɖe, abe ale si mía dometɔ geɖe nyae xoxo ene. Le nyati sia me la, míadzro nu si nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòava xɔ nyɔnyrɔ la me.

KPE ÐE WÒ BIBLIA NUSRƆ̃VI ŊU WÒAWƆ ÐE NU SI SRƆ̃M WÒLE LA DZI

3. Abe ale si wòdze le Mateo 28:19, 20 ene la, nu kae wòle be nusrɔ̃vi aɖe nawɔ be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ?

3 Hafi Biblia nusrɔ̃vi nate ŋu axɔ nyɔnyrɔa, ele be wòawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòle le Biblia me la dzi. (Xlẽ Mateo 28:19, 20.) Ne nusrɔ̃vi aɖe wɔna ɖe nu si srɔ̃m wòle dzi la, eva nɔa abe “ŋutsu dzeaɖaŋu” si ŋu Yesu ƒo nu tsoe, si tu eƒe xɔ ɖe agakpe dzi la ene. (Mat. 7:24, 25; Luka 6:47, 48) Aleke míakpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòawɔ ɖe nu si srɔ̃m wòle la dzi? Na míadzro nu etɔ̃ aɖewo siwo míate ŋu awɔ la me.

4. Aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòayi ŋgɔ vivivi ava xɔ nyɔnyrɔ? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Kpe Ðe Wò Nusrɔ̃vi Ŋu Wòaɖo Taɖodzinuwo Eye Wòaɖo Wo Gbɔ.”)

4 Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòaɖo taɖodzinuwo. Nu ka tae esia le vevie? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be èle afɔmɔ didi aɖe zɔm yina teƒe aɖe. Ðewohĩ àdi be yeatɔ ɖe teƒeteƒe aɖewo le mɔa dzi ale be mɔzɔzɔa nagati wò o. Nenema kee ne Biblia nusrɔ̃via ɖoa taɖodzinu suesuesuewo eye wòdzea agbagba ɖoa wo gbɔ la, akpɔe be yeate ŋu ayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Zã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe akpa si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia,” nàtsɔ akpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòayi ŋgɔ. Le nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwua, midzro ale si nu si miesrɔ̃ kple nusɔsrɔ̃a ƒe taɖodzinu de nu wo nɔewo me la me. Ne èdi be nusrɔ̃via naɖo taɖodzinu bubu aɖe gbɔa, ŋlɔe ɖe akpa si nye “Nu Bubu Si Nàwɔ.” Enuenua, zã akpa sia miatsɔ adzro taɖodzinu siwo gbɔ nusrɔ̃via ate ŋu aɖo le ɣeyiɣi kpui aɖe me alo emegbe la me.

5. Le Marko 10:17-22 ƒe nya nua, nu kae Yesu gblɔ na kesinɔtɔ la be wòawɔ, eye nu ka tae?

5 Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòawɔ tɔtrɔwo. (Xlẽ Marko 10:17-22.) Yesu nya be asesẽ na kesinɔtɔ be wòadzra eƒe nuwo katã. (Marko 10:23) Ke hã, Yesu gblɔ na kesinɔtɔa be wòawɔ tɔtrɔ gã ma. Nu ka tae? Elabe Yesu lɔ̃e. Ɣeaɖewoɣia, míehena ɖe megbe be míagblɔ na nusrɔ̃vi aɖe be wòawɔ tɔtrɔ aɖewo, elabe míesusuna be ɣeyiɣia mede o. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi ame aɖe naɖe asi le nɔnɔme manyomanyo aɖe ŋu eye wòado amenyenye yeyea. (Kol. 3:9, 10) Ke hã, ne mieɖo dze tso eŋu kaba la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã hã kaba. Ne èwɔe alea la, àɖee afia be yetsɔ ɖe le eme nɛ.—Ps. 141:5; Lod. 27:17.

6. Nu ka tae wòle be míabia nusrɔ̃via ƒe susu le nyawo ŋu?

6 Anyo be míanɔ nusrɔ̃via ƒe susu biam le nya aɖewo ŋu. Esia akpe ɖe ŋuwò nànya ne nusrɔ̃via se nu siwo srɔ̃m wòle la gɔme eye wòxɔ wo dzi se. Ne èwɔa esia edziedzi la, ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàdzro nu siwo ate ŋu asesẽ nɛ be wòalɔ̃ ɖe wo dzi bɔbɔe la me kplii. Nyabiase geɖe siwo ana nàkpɔ nusrɔ̃via ƒe susu la le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me. Le kpɔɖeŋu me, wobia le nusɔsrɔ̃ 04 lia me be: “Aleke nèsusu be Yehowa sena le eɖokui me ne èzã eƒe ŋkɔa?” Wobia le nusɔsrɔ̃ 09 lia me be: “Nu siwo ŋu nàdi be yeado gbe ɖa le la dometɔ aɖewo ɖe?” Ðewohĩ le gɔmedzedzea, asesẽ na nusrɔ̃via be wòaɖo biabia mawo ŋu. Gake àte ŋu akpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ ale si wòade ŋugble tso ŋɔŋlɔawo kple fotoawo ŋu.

7. Aleke míate ŋu azã nɔviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo wòaɖe vi?

7 Ne nusrɔ̃via va kpɔ nu si wòle be wòawɔ la, zã nɔvi siwo te ŋu wɔ tɔtrɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo nàtsɔ ade dzi ƒo nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne esesẽna nɛ be wòade kpekpeawo la, àte ŋu aɖe video si nye Yehowa Léa Be Nam si le nusɔsrɔ̃ 14 lia ƒe akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu” la nɛ. Le nusɔsrɔ̃ siwo le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me dometɔ geɖe mea, àkpɔ nuteƒekpɔkpɔ mawo le akpa siwo nye “Srɔ̃ Nu Bubuwo” alo “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.” * Mègatsɔ wò nusrɔ̃via anɔ sɔsɔm kple ame bubu aɖe anɔ gbɔgblɔm be, “Ne asimasi te ŋu wɔea, wò hã àte ŋu awɔe” o. Na nusrɔ̃via ŋutɔ naƒo nya ta ma. Nu si nàwɔ boŋue nye be, he susu yi nu siwo kpe ɖe ame si le videoa me ŋu wòwɔ ɖe Biblia ƒe nufiafiawo dzi la dzi. Ðewohĩ, àte ŋu ahe susu ayi mawunyakpukpui vevi aɖe alo nane koŋ si amea wɔ la dzi. Te gbe ɖe ale si Yehowa kpe ɖe amea ŋu la dzi.

8. Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ŋu wòava lɔ̃ Yehowa?

8 Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòava lɔ̃ Yehowa. Aleke nàwɔe? Wɔ mɔnukpɔkpɔ vovovowo ŋu dɔ nàtsɔ ahe eƒe susu ayi Yehowa ƒe nɔnɔmewo dzi. Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be Yehowa nye dzidzɔ ƒe Mawu si kpena ɖe ame siwo lɔ̃e la ŋu. (1 Tim. 1:11; Heb. 11:6) Kpe ɖe eŋu wòakpɔe be Yehowa lɔ̃e, eya ta edi be wòawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòle la dzi be woaɖe vi nɛ. (Yes. 48:17, 18) Ne nusrɔ̃via va lɔ̃ Yehowa vevie la, adi vevie be yeawɔ tɔtrɔ siwo hiã.—1 Yoh. 5:3.

ÐE NUSRƆ̃VIA FIA NƆVI BUBUWO

9. Le Marko 10:29, 30 ƒe nya nua, nu kae akpe ɖe ame aɖe ŋu wòawɔ tɔtrɔ siwo hiã ale be wòava xɔ nyɔnyrɔ?

9 Hafi nusrɔ̃via nava xɔ nyɔnyrɔa, ele be wòatsɔ nanewo asa vɔe. Abe kesinɔtɔ si ŋu míeƒo nu tsoe va yi enea, ele be nusrɔ̃vi aɖewo hã natsɔ nanewo asa vɔe. Ne dɔ si nusrɔ̃via wɔna tsi tre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋua, ahiã be wòawɔ tɔtrɔ le akpa ma. Ahiã be wo dometɔ geɖe nadzudzɔ hadede kple wo xɔlɔ̃ siwo melɔ̃ Yehowa o. Eye le wo dometɔ aɖewo gomea, woƒe ƒometɔwo gbe wo elabe womelɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe nya o. Yesu gblɔ be asesẽ na ame aɖewo be woawɔ tɔtrɔ mawo. Gake edo ŋugbe na ame siwo adze eyome la be womaɖu ŋukpe o. Yehowa ayra wo woava nɔ eƒe ƒome gãa me. (Xlẽ Marko 10:29, 30.) Aleke nàkpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòava nɔ Yehowa ƒe ƒomea me?

10. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya si Manuel gblɔ la me?

10 Dze xɔ̃ wò nusrɔ̃via. Ele vevie be nàna nusrɔ̃via nakpɔe be yelɔ̃e. Nu ka tae? De dzesi nya si Manuel, si le Mexico gblɔ. Egblɔ tso esime wònɔ Biblia srɔ̃m ŋu be: “Hafi míadze nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe gɔmea, nye nufialaa biaa nye fɔfɔme ta sena. Ekpena ɖe ŋunye meɖea dzi ɖi eye míeɖoa dze tso nya bubuwo ŋu faa. Mekpɔe be etsɔ ɖe le eme nam.”

11. Ne míekpɔa vovo ɖe míaƒe nusrɔ̃viwo ŋu la, vi kae wòɖena na wo?

11 Kpɔ vovo ɖe wò nusrɔ̃viwo ŋu, abe ale si Yesu kpɔ vovo ɖe eyomedzelawo ŋu ene. (Yoh. 3:22) Ne wò nusrɔ̃via le tɔtrɔwo wɔm eye wòle ŋgɔ yim la, àte ŋu akpee va wò aƒe me miaɖu nu alo ano nu vivi aɖe loo alo akpɔ míaƒe nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe ɖekae. Amekpekpe siawo tɔgbi adzɔ dzi na wò nusrɔ̃via, vevietɔ le mɔkeɣiwo alo dukɔa ƒe azãɖuɣi siwo me wòase le eɖokui me be yetsi akogo. Kazibwe, si le Uganda gblɔ be: “Mekpɔe be mesrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu le nye nufialaa gbɔ le ɣeyiɣi siwo me míedea ha ɖekae, abe ale si ko mesrɔ̃a nu geɖe ne míele nu srɔ̃m ŋutɔŋutɔ ene. Ale si nye nufialaa kpɔa vovo ɖe ŋunye na mekpɔ ale si gbegbe Yehowa léa be na eƒe amewo eye wokpɔa dzidzɔe. Esia nana nye dzi dzea eme.”

Ne èkplɔa gbeƒãɖela vovovowo yia nusrɔ̃via gbɔa, ana wòanɔ bɔbɔe nɛ be wòade kpekpeawo (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Nu ka tae wòle be míakpe gbeƒãɖela vovovowo be woawɔ ɖeka kpli mí le nusrɔ̃ɣia?

12 Kpe gbeƒãɖela vovovowo be woawɔ ɖeka kpli mi le nusrɔ̃ɣia. Ɣeaɖewoɣia, míase le mía ɖokui me be anɔ bɔbɔe ne míawo ɖeɖe míeyi nusrɔ̃via gbɔ alo kplɔa gbeƒãɖela ɖeka aɖe ko ɖe asi ɣesiaɣi. Togbɔ be adze be ema le bɔbɔe hãa, ne míekplɔa gbeƒãɖela vovovowo yina la, aɖe vi na nusrɔ̃via wu. Dmitrii, si le Moldova gblɔ be: “Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe si nye nufialaa kplɔna vɛ la, ɖea nu me le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Esia nana mekpɔa mɔ bubu siwo nu magate ŋu awɔ nu siwo mesrɔ̃a ŋu dɔ le. Azɔ hã, esia na meva nya nɔvi akpa gãtɔ si wɔe be esi meva kpekpea zi gbãtɔa, ŋu mekpem ale o.”

13. Nu ka tae wòle be míakpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ŋu wòanɔ kpekpeawo dem?

13 Kpe ɖe wò nusrɔ̃via ŋu wòanɔ hame ƒe kpekpewo dem. Nu ka tae? Elabe enye Yehowa subɔsubɔ ƒe akpa aɖe, eye ede se na eƒe amewo be woanɔ ƒu ƒom ɖekae. (Heb. 10:24, 25) Azɔ hã, nɔvi siwo le hamea me la va zu mía nɔviwo. Ne míele kpekpea me kpli wo la, ɖeko wòle abe míele aƒe me le nu vivi aɖe ɖum ɖekae ene. Ne èkpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòanɔ kpekpeawo dem la, ke èle kpekpem ɖe eŋu be wòaɖe afɔ vevi siwo ana wòava xɔ nyɔnyrɔ la dometɔ ɖeka. Gake esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe nɛ o. Aleke Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaɖu kuxi siwo na mete ŋu le kpekpeawo dem o la dzi?

14. Aleke míate ŋu ade dzi ƒo na míaƒe nusrɔ̃vi be wòanɔ kpekpeawo dem?

14 Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 10 lia nàtsɔ akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu. Gbeƒãɖela bibi siwo si wobia tso be woazã nusɔsrɔ̃ sia atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu hafi wova ɖe agbalẽa ɖe go la, te ŋu zãe tsɔ kpe ɖe woƒe nusrɔ̃viwo ŋu wote kpekpeawo dede. Gake ema mefia be nàlala aɖo nusɔsrɔ̃ 10 lia dzi hafi akpe nusrɔ̃via be wòade kpekpeawo o. Kpee kaba ale si wòanya wɔ eye nàyi edzi anɔ ekpem. Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe kple eƒe kuxiwoe. Eya ta, dze agbagba nànya wò nusrɔ̃viawo ƒe kuxiwo eye nàkpɔe ɖa be mɔ ŋutɔŋutɔ kawo dzie yeato akpe ɖe wo ŋu hã. Dzi megaɖe le ƒowò ne nusrɔ̃via mekpɔ dze kpekpeawo dede o. Gbɔ dzi ɖi nɛ, gake yi edzi nànɔ ekpem.

KPE ÐE WÒ NUSRƆ̃VIA ŊU BE WÒAÐU VƆVƆ̃ DZI

15. Nu kawoe míaƒe nusrɔ̃viwo ate ŋu anɔ vɔvɔ̃m na?

15 Ðe nèɖo ŋku esime nènɔ agbagba dzem be yeava zu Yehowa Ðasefo dzia? Ðewohĩ èvɔ̃ be yemate ŋu aɖe gbeƒã na amewo gbeɖe o. Alo ɖewohĩ èvɔ̃ be ƒometɔwo alo xɔlɔ̃wo atsi tre ɖe ye ŋu. Ne esia dzɔ ɖe dziwò kpɔa, ke àse nu gɔme na wò nusrɔ̃via. Yesu gblɔ be esia ate ŋu adzɔ ɖe ame aɖewo dzi. Ke hã, ede dzi ƒo na eyomedzelawo be woagana vɔvɔ̃ nana woadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. (Mat. 10:16, 17, 27, 28) Aleke Yesu kpe ɖe eyomedzelawo ŋu woɖu vɔvɔ̃ dzi? Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yesu le go sia me?

16. Aleke míate ŋu ana hehe míaƒe nusrɔ̃vi be wòaƒo nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na amewo?

16 Nɔ hehe nam wò nusrɔ̃via be wòaƒo nu tso nu siwo srɔ̃m wòle ŋu na amewo. Vɔvɔ̃ anya ɖo Yesu ƒe nusrɔ̃lawo esime wòdɔ wo be woavae ɖe gbeƒã. Gake Yesu gblɔ afi si woaɖe gbeƒã le kple nya si woagblɔ la wo. (Mat. 10:5-7) Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yesu? Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔ ame siwo wòate ŋu aɖe gbeƒã na. Le kpɔɖeŋu me, biae be ɖe wònya ame aɖe si Biblia ƒe nufiafia aɖe koŋ aɖe vi na hã. Ne enya ame aɖe la, ke kpe ɖe eŋu wòadzra ɖo ɖe ale si wòaɖe nufiafia ma me kpokploe. Miate ŋu azã Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe akpa si nye “Ame Aɖewo Gblɔna Be” kple “Ame Aɖe Ate Ŋu Abia Be,” atsɔ adzra ɖo ɖe eŋu. Ne miele esia wɔm la, na wòanye wò taɖodzinu be nàkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòazã Biblia atsɔ aɖe nu me wòanɔ bɔbɔe eye wòawɔe kple aɖaŋu.

17. Aleke míate ŋu azã Mateo 10:19, 20, 29-31 atsɔ akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ŋu wòaka ɖe Yehowa dzi?

17 Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòaka ɖe Yehowa dzi. Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be Yehowa akpe ɖe wo ŋu elabe elɔ̃ wo. (Xlẽ Mateo 10:19, 20, 29-31.) Ka ɖe edzi na nusrɔ̃via be Yehowa akpe ɖe eya hã ŋu. Àte ŋu ana wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èdoa gbe ɖa gblɔa eƒe taɖodzinuwo na Yehowa wòsena. Franciszek, si le Poland gblɔ be: “Nye nufialaa gblɔa nye taɖodzinuwo le eƒe gbedodoɖawo me enuenu. Esi mekpɔ ale si Yehowa ɖo gbedodoɖa mawo ŋua, eʋã nye hã medze gbedodoɖa. Esi wòva hiã be mabia mɔ le nye dɔ yeyea me ayi kpekpewo kple takpekpe la, mekpɔe be Yehowa kpe ɖe ŋunye.”

18. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso dɔ si Biblia nufialawo wɔna ŋu?

18 Yehowa lɔ̃ míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo vevie. Elɔ̃ mí Biblia nufialawo hã, elabe enya agbagba siwo gbegbe míedzena be míakpe ɖe amewo ŋu woate ɖe ye ŋu. (Yes. 52:7) Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖeke mele asiwò fifia o gɔ̃ hãa, ne èkplɔa gbeƒãɖelawo ɖo yia woƒe nusrɔ̃viwo gbɔa, ke wò hã èle kpekpem ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

HADZIDZI 60 Míagblɔ Agbenya La

^ mm. 5 Nyati sia ƒo nu tso ale si Yesu kpe ɖe amewo ŋu wova zu eƒe nusrɔ̃lawo kple ale si míate ŋu asrɔ̃e la ŋu. Azɔ hã, míadzro ale si míazã agbalẽ yeye si nye Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! ƒe akpa aɖewo me. Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be míazãe atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

^ mm. 7 Àkpɔ nuteƒekpɔkpɔ bubuwo (1) le Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo me le tanya si nye “Biblia” te, eye nàdi tanya si nye “Aɖaŋuɖoɖo Siwo Ðea Vi,” emegbe nàyi “‘Biblia Le Amewo Ƒe Agbenɔnɔ Trɔm’ (Gbetakpɔxɔ nyatiwo)” alo (2) le JW Library® mea, yi akpa si nye Media eye nàyi “Gbebiamewo Kple Nuteƒekpɔkpɔwo.”

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe kple srɔ̃a le nu srɔ̃m kple nusrɔ̃vi aɖe. Ɣebubuɣiwo la, ekplɔ gbeƒãɖela bubuwo yi nusrɔ̃via gbɔ.