Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 25

Migaɖia “Ðevi Siawo” Nu O

Migaɖia “Ðevi Siawo” Nu O

‘Migado vlo ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã o.’—MAT. 18:10.

HADZIDZI 113 Ŋutifafa Su Mía Si

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Yehowa wɔ na mía dometɔ ɖe sia ɖe?

YEHOWAE he mía dometɔ ɖe sia ɖe va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Bu nu si nya ma fia ŋu kpɔ. Esi Yehowa le ŋku lém ɖe amewo katã ŋua, ekpɔ wò, eye wòde dzesii be dzi nyui le asiwò eye àte ŋu ava lɔ̃ ye. (1 Kron. 28:9) Yehowa nya wò, esea nu gɔme na wò, eye elɔ̃ wò. Nya sia de dzi ƒo ŋutɔ!

2. Aleke Yesu ɖee fia be Yehowa lɔ̃ eƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe?

2 Yehowa lɔ̃ wò vevie, eye elɔ̃ nɔviwò Kristotɔwo katã hã. Be míase nya sia gɔmea, Yesu tsɔ Yehowa sɔ kple alẽkplɔla. Ne alẽ ɖeka bu le alẽ 100 domea, nu kae alẽkplɔla awɔ? ‘Agblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe towo dzi, eye wòayi aɖadi ɖeka si bu la.’ Ne eke ɖe eŋua, mablu ɖe eta o. Akpɔ dzidzɔ. Nufiameae nye eka? Alẽ ɖe sia ɖe xɔ asi na Yehowa. Yesu gblɔ be: “Menye dzidzɔ na Fofonye si le dziƒo la be ɖevi siawo dometɔ ɖeka pɛ hã natsrɔ̃ o.”—Mat. 18:12-14.

3. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Mímadi gbeɖe be míawɔ nane si aɖe dzi le mía nɔviwo ƒo o. Aleke míawɔ be míagaɖia mía nɔviwo nu o? Eye nu kae míate ŋu awɔ ne ame aɖe wɔ nu wòve mí? Míaɖo nya siawo ŋu le nyati sia me. Gake gbãa, mina míakpɔe ɖa be ame kawoe nye “ɖevi siawo” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mateo ta 18 lia.

AME KAWOE NYE “ÐEVI SIAWO”?

4. Ame kawoe nye “ɖevi siawo”?

4 “Ðevi siawo” ye nye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã; ɖeviawo kple tsitsiawo siaa. Ƒe ka kee woxɔ o, wole ‘abe ɖevi suewo ene,’ elabe wolɔ̃na faa be yewoasrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ. (Mat. 18:3) Togbɔ be wotso dukɔ alo teƒe vovovowo, woƒe dekɔnuwo le vovovo eye woƒe nɔnɔmewo le vovovo hãa, wo katã woxɔ Kristo dzi se. Eye Kristo hã lɔ̃ wo vevie.—Mat. 18:6; Yoh. 1:12.

5. Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne ame aɖe wɔ nu wòve esubɔla aɖe?

5 Yehowa dea asixɔxɔ “ɖevi sue siawo” katã ŋu. Be míase ale si Yehowa sena le eɖokui me tso ɖevi siawo ŋu gɔmea, bu ale si míesena le mía ɖokui me tso ɖeviwo ŋu kpɔ. Míetsɔa ɖe le eme na ɖeviwo. Míedina be míakpɔ wo ta elabe ŋusẽ mele wo ŋu o, nuteƒekpɔkpɔ mesu wo si o, eye woƒe nunya mede ame tsitsiwo tɔ nu o. Mímedina be nu vevi nawɔ ame aɖeke o, vevietɔ ɖeviwo, eye ekua dzi na mí ne ame aɖe wɔ nu vevi ɖevi aɖe. Nenema kee Yehowa di be yeakpɔ mía ta. Etena ɖe edzi alo kua dzi nɛ gɔ̃ hã ne ame aɖe wɔ nu wòve esubɔla aɖe alo ɖia enu!—Yes. 63:9; Marko 9:42.

6. Le 1 Korintotɔwo 1:26-29 ƒe nya nu la, aleke xexea bua Yesu ƒe nusrɔ̃lawo?

6 Mɔ bubu ka nue Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le abe “ɖevi siawo” ene le? Ame kawoe xexea buna be wole vevie? Gatɔwo, ame xɔŋkɔwo kple ame siwo le ŋusẽnɔƒewoe. Gake Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ya dzena abe ‘ɖevi sue’ siwo mele ɖeke me o, siwo mele vevie o ene. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 1:26-29.) Ke hã, Yehowa ya mebua wo nenema o.

7. Aleke Yehowa di be míabu mía nɔviwoe?

7 Yehowa lɔ̃ esubɔlawo katã, woɖale esubɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia alo nyitsɔ laa koe wodze egɔme o. Mía nɔviwo katã le vevie na Yehowa, eya ta, ele be míawo hã míabu wo be wole vevie na mí. Ele be ‘míalɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã,’ ke menye wo dometɔ aɖewo ko o. (1 Pet. 2:17) Ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpɔ mía nɔviwo ta eye míalé be na wo. Ne míeva nyae be míewɔ nane wòve nɔvi aɖe la, mele be míaŋe aɖaba aƒu edzi asusui be, ele be nɔvia naɖe asi le nyaa ŋu eye wòatsɔe ake mí ko evɔ o. Nu ka tae nanewo tena ɖe ame aɖewo dzi? Le afi si nɔvi aɖewo nɔ tsi taa, wosena le wo ɖokuiwo me be yewomele vevie de ame bubuwo nu o. Bubuwo va srɔ̃ nyateƒea medidi o, eye azɔ hafi wole ale si woanɔ te ɖe amewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu la srɔ̃m. Aleke kee wòɖale o, ele be míadze agbagba awɔ ŋutifafa. Azɔ hã, ne ame aɖe bia dzi kabakaba la, ele be wòalɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme ma nye gbɔdzɔgbɔdzɔ si ŋu wòhiã be wòawɔ nane tsoe. Ehiã be wòawɔ esia be eya ŋutɔ nakpɔ tomefafa eye eya kple ame bubuwo dome nanyo.

BU AME BUBUWO BE WONYE GÃ WU YE

8. Amewo ƒe nɔnɔme kae kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã dzi?

8 Nu kae na Yesu ƒo nu tso “ɖevi sue siawo” ŋu? Elabe eƒe nusrɔ̃lawo biae be: “Ame ka tututue nye gãtɔ le Dziƒofiaɖuƒe la me?” (Mat. 18:1) Ɣemaɣia, Yudatɔ geɖewo bua ɖoƒe nu vevii ŋutɔ. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Nu si nɔ vevie na amewo wu le agbe mee nye be woade bubu yewo ŋu eye yewoaxɔ ŋkɔ.”

9. Nu kae wòhiã be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nawɔ?

9 Yesu nyae be Yudatɔ geɖewo ʋlina be yewoanyo wu ame bubuwo, eya ta, ehiã be yeƒe nusrɔ̃lawo nadze agbagba vevie atrɔ woƒe nuŋububu. Egblɔ na wo be: “Ame si nye gãtɔ le mia dome la nanɔ abe ɖevitɔ ene, eye ame si xɔa ŋgɔ la nanɔ abe ame si le subɔsubɔm ene.” (Luka 22:26) Míenɔa abe “ɖevitɔ” ene, ne ‘míebua ame bubuwo be wonye gã wu mí.’ (Flp. 2:3) Ne míenɔa abe ɖevitɔ enea, míanɔ agɔ dzem le ame bubuwo dzi o.

10. Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo ka dzie wòle be míawɔ?

10 Mía nɔviwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gã wu mí le mɔ aɖe nu. Ele bɔbɔe be míade dzesi esia ne míetsɔa susu ɖoa woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ele be míaɖo ŋku aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Korintotɔwo la dzi. Egblɔ be: “Ame kae na nèto vovo tso ame bubu gbɔ? Eye nu kae le asiwò, si menye ɖe nèxɔe o? Ke ne ɖe nèxɔe la, ekema nu ka tae nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe o ene?” (1 Kor. 4:7) Ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ susu hem va mía ɖokui dzi fũu akpa, alo anɔ susum be míenye gã wu ame bubuwo o. Le kpɔɖeŋu me, ne nɔviŋutsu aɖe ƒoa nuƒo wòwɔa dɔ ɖe ame dzi alo nɔvinyɔnu aɖe te ŋu dzea Biblia nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme bɔbɔe la, ele be woatsɔ esia ŋuti kafukafua na Yehowa ɣesiaɣi.

TSƆE KE “TSO DZI ME”

11. Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Esi Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woagaɖia amewo nu o megbe la, ewɔ kpɔɖeŋu aɖe tso fia aɖe kple eƒe kluvi ŋu. Fia la tsɔ fe gbogbo aɖe si kluvia mate ŋu axe gbeɖe o la kee. Gake emegbea, kluvi ma gbe be yematsɔ fe sue aɖe si ye nɔvi kluvi nyi le ye ŋu la akee o. Mlɔebaa, fia la na wolé kluvi si gbe be yemakpɔ nublanui o la de gaxɔ me. Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Yesu gblɔ be: “Aleae Fofonye si le dziƒowo la hã awɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ne metsɔna kea nɔvia tso dzi me o.”—Mat. 18:21-35.

12. Ne míegbe be míatsɔe ake o la, aleke wògblẽa nu le amewo ŋu?

12 Nu si kluvia wɔ la gblẽ nu le eya ŋutɔ kple ame bubuwo ŋu. Gbãa, mekpɔ nublanui na nɔvia kluvi o; ena “wodee gaxɔ me be wòanɔ afi ma va se ɖe esime wòaxe fe si wònyi.” Evelia, eƒe nuwɔnaa ɖe fu na kluvi bubu siwo kpɔ nu si wòwɔ la. “Esi ehati kluviwo kpɔ nu si dzɔ la, eve wo ŋutɔ.” Nenema kee míaƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi. Eya ta, ne ame aɖe dze agɔ le mía dzi eye míegbe be míatsɔe akee o la, nu kae ate ŋu adzɔ? Gbãa, míegblẽa nu le amea ŋu, elabe míegbe be míatsɔe akee o, míeƒoa asa nɛ, eye míegaɖea lɔlɔ̃ fianae o. Evelia, míenana nɔvi siwo le hamea me tsia mavomavo ne wode dzesii be mí kple nɔvia dome megale nyuie o.

Ðe nàlé dziku ɖe dɔme, alo ɖe nàtsɔe ake tso dzi mea? (Kpɔ memama 13-14 lia) *

13. Nu kae míesrɔ̃ tso nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe gbɔ?

13 Ne míetsɔe ke mía nɔviwo la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo. Esia dzɔ ɖe nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Crystal dzi. Nɔvinyɔnu aɖe dze agɔ le edzi le hamea me. Crystal gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣia, nya siwo dona le enu la tɔam abe hɛ ene. Nyemedina be mayi gbeadzi kplii gɔ̃ hã o. Nyemegava nɔ dzidzɔ kpɔm o, eye gbeadzi yiyi megadzroam o.” Crystal kpɔe be ye tɔ dzɔ be yeado dziku. Gake mena ema wɔe be wòlé nɔvinyɔnua ɖe dɔme o. Etsɔ ɖokuibɔbɔ wɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le October 15, 1999 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe nyati si nye “Mitsɔ Ke Mia Nɔewo Tso Miaƒe Dzi Me” la dzi. Crystal tsɔe ke nɔvinyɔnua. Egblɔ be: “Meva se egɔme be mí katã míele agbagba dzem be míado amenyenye yeyea, eye be Yehowa tsɔna kea mí faa gbe sia gbe. Mese le ɖokuinye me abe ɖe woɖe agba kpekpe aɖe le dzinye ene. Fifia, megava le dzidzɔ kpɔm.”

14. Le Mateo 18:21, 22 ƒe nya nua, nu kae sesẽ na apostolo Petro be wòawɔ, eye nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Yesu ɖo nya ŋu nɛ me?

14 Míenyae be nu nyuitɔ si wòle be míawɔe nye be míatsɔe ake. Gake esesẽna na mí be míawɔe. Apostolo Petro hã anya se le eɖokui me nenema ɣeaɖewoɣi. (Xlẽ Mateo 18:21, 22.) Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu? Gbãa, de ŋugble tso nu siwo gbegbe Yehowa tsɔ ke wò la ŋu. (Mat. 18:32, 33) Míedze na eƒe tsɔtsɔke o, gake etsɔna kea mí faa. (Ps. 103:8-10) Nenema kee “ele na míawo hã be míalɔ̃ mía nɔewo.” Eya ta tsɔtsɔke menye ne-melɔ̃-hafi-matsɔe-ake ƒe nya o. Ele na mí be míatsɔe ake mía nɔviwo. (1 Yoh. 4:11) Evelia, de ŋugble tso nu si ado tso eme ne míetsɔe ke la ŋu. Aɖe vi na ame si dze agɔ le mía dzi la, ɖekawɔwɔ anɔ hamea me, mía kple Yehowa dome anɔ nyuie, eye míaɖe agba le mía ɖokui dzi. (2 Kor. 2:7; Kol. 3:14) Etɔ̃lia, do gbe ɖa na Yehowa, Ame si di be míatsɔe ake la be wòakpe ɖe ŋuwò nàtsɔe ake. Mègaɖe mɔ na Satana be wòagblẽ ŋutifafa si le wò kple nɔviwòwo dome la me o. (Ef. 4:26, 27) Míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míagage ɖe Satana ƒe mɔ̃ me o.

MÈGANA NANEKE NAÐIA NUWÒ O

15. Le Kolosetɔwo 3:13 ƒe nya nu la, nu kae míate ŋu awɔ ne nɔvi aɖe ƒe nuwɔnawo ɖia mía nu?

15 Ke ne nɔvi aɖe wɔ nane wòle tetem ɖe dziwò ya ɖe? Nu kae wòle be nàwɔ? Dze agbagba be ŋutifafa nanɔ anyi. Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me na Yehowa. Do gbe ɖa na Yehowa be wòayra ame si dze agɔ le dziwò la, eye wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesi nɔnɔme nyui siwo le amea si, si tae Yehowa lɔ̃e ɖo la. (Luka 6:28) Ne màte ŋu aŋe aɖaba aƒu agɔ si nɔvia dze le dziwò la dzi o la, de ŋugble le ale si nàwɔ ate ɖe eŋu la ŋu. Eɖea vi ɣesiaɣi ne míebui be menye ɖe nɔvia ɖoe be yeadze agɔ le mía dzi o. (Mat. 5:23, 24; 1 Kor. 13:7) Ne èyi nɔvia gbɔa, nekpɔtɔ nɔ susu me na wò be menye ɖe wòɖoe koŋ be yeadze agɔ le dziwò o. Gake ne edzɔ be egbe be yemawɔ ŋutifafa kpli wò o ɖe? ‘Yi edzi nàdo dzi,’ eye nàgbɔ dzi ɖi nɛ. (Xlẽ Kolosetɔwo 3:13.) Vevietɔ wua, mègalé dziku ɖe dɔme o, elabe ate ŋu agblẽ wò kple Yehowa dome. Mègana naneke naɖia nuwò gbeɖe o. Ne èwɔe alea la, àɖee afia be yelɔ̃ Yehowa wu nu bubu ɖe sia ɖe.—Ps. 119:165.

16. Agba kae le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi?

16 Edzɔ dzi na mí be míele Yehowa subɔm ɖekae abe “alẽha ɖeka” ene le “alẽkplɔla ɖeka” te! (Yoh. 10:16) Ðoɖo Hena Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ gbalẽa gblɔ le axa 165 be: “Esi ɖekawɔwɔ sia le vi ɖem na wò la, enye wò hã wò agbanɔamedzi be nàlé eme ɖe asi.” Eya ta, ele be ‘míamla mía ɖokui be míakpɔ mía nɔviwo abe ale si Yehowa kpɔa woe ene.’ Le Yehowa gbɔ la, mí katã míenye ‘ɖevi sue’ siwo ŋu wòdea asixɔxɔe. Ðe wò hã nèdea asixɔxɔ ma ke nɔviwòwo ŋua? Yehowa dea dzesii eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe nu sia nu si nèwɔna be yeatsɔ akpe ɖe wo ŋu la ŋu.—Mat. 10:42.

17. Nu kae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

17 Míelɔ̃ mía nɔviwo. Eya ta, ‘míeɖoe kplikpaa be mímawɔ naneke si anye nuɖiaɖia alo nukikli na nɔvi aɖe o.’ (Rom. 14:13) Míebua mía nɔviwo be wonye gã wu mí, eye míedi be míatsɔe ake wo tso dzi me faa. Migana míaɖe mɔ be naneke naɖia mía nu o. Ke boŋ, mina “míati nu siwo hea ŋutifafa vanɛ kple nu siwo tua ame ɖo la yome.”—Rom. 14:19.

HADZIDZI 130 Lɔ̃ Tsɔtsɔke

^ mm. 5 Esi míede blibo o taa, edzɔna be míegblɔa nya aɖewo alo wɔa nanewo siwo tena ɖe mía nɔviwo dzi. Ne edzɔ nenemaa, nu kae míewɔna? Ðe míeɖea afɔ kaba kpɔa nyaa gbɔa? Ðe míeɖea kuku kaba? Alo ɖe míegblɔna be, ne edo dzikua, eya ŋutɔ ƒe nyae, meka mí oa? Ke ne edzɔna be amewo ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo vea dɔme na mí kabakaba ya ɖe? Ðe míenɔa mía ɖokuiwo nu ɖem be, nye ya, nenema ko melea? Ðe míelɔ̃ ɖe edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔe, eye wòhiã be míawɔ nane tso eŋua?

^ mm. 53 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe do dziku ɖe nɔvinyɔnu bubu aɖe ŋu le hamea me. Esi wo ame evea wokpɔ nyaa gbɔa, woɖe asi le nyaa ŋu, eye woyi edzi le Yehowa subɔm kple dzidzɔ.