Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 23

Yehowa Li Kpli Wò Ɣesiaɣi

Yehowa Li Kpli Wò Ɣesiaɣi

“Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.”—PS. 145:18.

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae Yehowa subɔla aɖewo tsia akogo ɣeaɖewoɣi?

MÍA dometɔ geɖe tsia akogo ɣeaɖewoɣi. Le ame aɖewo gome la, akogotsitsia nu yina kaba. Gake le ame bubuwo gome la, wotsia akogo ɣeyiɣi didi. Ɣeaɖewoɣia, míate ŋu anɔ amewo dome gake atsi akogo. Esesẽna na ame aɖewo be woadze xɔlɔ̃wo le hame yeye me. Ame aɖewo tso ƒome siwo me wo katã wowɔa nu ɖekae le, eya ta ne woʋu yi didiƒe tso ƒomea gbɔa, wotsia akogo. Ame aɖewo hã susua woƒe ame vevi aɖe si ku la. Alo nɔvi aɖewo, vevietɔ esiwo srɔ̃ nyateƒea medidi o la sena le wo ɖokuiwo me be yewotsi akogo, ne woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ siwo menye Ðasefowo o la gbe wo alo le wo yome tim.

2. Biabia kawoe míakpɔ ŋuɖoɖo na?

2 Yehowa nya nu sia nu tso mía ŋu eye esea míaƒe nɔnɔmewo gɔme. Ne míetsi akogoa, enyana, eye edi be yeakpe ɖe mía ŋu míaɖu seselelãme mawo dzi. Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu? Nu kae míate ŋu awɔ ne míetsi akogo? Eye aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo tsi akogo le hamea me la ŋu? Na míaɖo biabia siawo ŋu.

YEHOWA LÉA BE NA MÍ

Yehowa dɔ mawudɔla aɖe be wòava ka ɖe edzi na Eliya be menye eya ɖeka koe susɔ o (Kpɔ memama 3 lia)

3. Aleke Yehowa ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na Eliya?

3 Yehowa di be ye subɔlawo katã nanɔ dzidzɔ kpɔm. Etsɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ, eye edea dzesii ne míelé blanui alo dzi ɖe le mía ƒo. (Ps. 145:18, 19) Bu ale si Yehowa tsi dzi ɖe eƒe nyagblɔɖila Eliya ŋu la ŋu kpɔ. Nyagblɔɖila wɔnuteƒe ma nɔ anyi le ɣeyiɣi si me nuwo tɔ gu le Israel. Ame siwo lé fu Yehowa subɔlawo ti wo yome vevie, eye wodi vevie be yewoawu Eliya. (1 Fia. 19:1, 2) Nu si gaɖe fu na Eliya vevie ye nye be esusu be ye ɖeka koe nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si susɔ. (1 Fia. 19:10) Mawu ɖe afɔ kaba tsɔ kpe ɖe Eliya ŋu. Yehowa dɔ mawudɔla aɖe be wòava ka ɖe edzi nɛ be menye eya ɖeka koe susɔ o, ke boŋ Israel-vi mawuvɔ̃la gbogbo aɖewo gakpɔtɔ li!—1 Fia. 19:5, 18.

4. Aleke Marko 10:29, 30 ɖe ale si Yehowa léa be na ame siwo ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbe la fia?

4 Yehowa nyae be ame siwo tiae be yewoasubɔ ye la dometɔ aɖewo atsɔ nu gbogbo aɖewo asa vɔe. Nuawo ƒe ɖewoe nye be, míaƒe ƒometɔ kple xɔlɔ̃ siwo menye Ðasefowo o la agbe be yewomagakpe ɖe mía ŋu o. Ðewohĩ apostolo Petro tsi dzi vie esi wòbia Yesu gbe ɖeka be: “Míegblẽ nuwo katã ɖi hedze yowòme; ke nu kae ava nye mía tɔ?” (Mat. 19:27) Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo lɔlɔ̃tɔe be woava kpɔ ƒome gã aɖe le hamea me. (Xlẽ Marko 10:29, 30.) Eye Yehowa, Ame si nye ƒome gã sia ƒe Ta la do ŋugbe be yeakpe ɖe ame siwo di be yewoasubɔ ye la ŋu. (Ps. 9:10) Na míakpɔ nu ŋutɔŋutɔ aɖewo siwo nàte ŋu awɔ be Yehowa nakpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe akogotsitsi nu la ɖa.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ NE ÈTSI AKOGO

5. Vi kae wòɖena ne míena míaƒe susu le ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu la dzi?

5 Wò susu nenɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe ŋuwò la dzi. (Ps. 55:22) Esia awɔe be màtsi dzi ɖe wò kuxia ŋu fũu akpa o. Nɔvinyɔnu tre, si ŋkɔe nye Carol, * si ƒe ƒometɔ aɖeke menye Ðasefo o la gblɔ be: “Ne meɖo ŋku ale si Yehowa kpe ɖe ŋunye le nɔnɔme sesẽwo me va yi dzia, enana mekpɔnɛ be megblẽm ɖi o. Esia nana megakana ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpe ɖe ŋunye.”

6. Aleke 1 Petro 5:9, 10 ate ŋu ade dzi ƒo na nɔvi siwo sena le wo ɖokui me be yewotsi akogo?

6 Bu ale si Yehowa le kpekpem ɖe nɔvi siwo tsi akogo ŋu la ŋu. (Xlẽ 1 Petro 5:9, 10.) Nɔviŋutsu Hiroshi, si le Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖewoe nye esia gake eƒe ƒometɔ aɖeke menye Ðasefo o la gblɔ be: “Nɔvi siwo le hamea me la dometɔ ɖe sia ɖe le kuxi aɖe me tom. Esi míenya be mía dometɔ ɖe sia ɖe le kuxi aɖe me tom hafi le agbagba dzem le Yehowa subɔm taa, esia dea dzi ƒo na mía dometɔ siwo ƒe ƒometɔ aɖeke mele nyateƒea me o.”

7. Aleke gbedodoɖa kpena ɖe ŋuwòe?

7 Nɔ gbe dom ɖa, nɔ Biblia xlẽm, eye nànɔ kpekpeawo dem edziedzi. Gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la na Yehowa. (1 Pet. 5:7) Massiel gblɔ be: “Nu vevi siwo kpe ɖe ŋunye esime metsi akogo la dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa na Yehowa tso dzi me.” Massiel nye nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe si tsi akogo le esi eƒe ƒometɔ aɖeke menye Ðasefo o ta. Egblɔ be: “Mebua Yehowa be enye Fofonye, eye medoa gbe ɖa nɛ zi geɖe gbe sia gbe gblɔa nye dzimenyawo nɛ.”

Ne míeɖoa to Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la, akpe ɖe mía ŋu míagatsi akogo fũu o (Kpɔ memama 8 lia) *

8. Aleke Mawu ƒe Nyaa xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu kpena ɖe ŋuwò?

8 Nɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm edziedzi, eye nànɔ ŋugble dem le eƒe akpa siwo na nèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò la ŋu. Nɔvinyɔnu Bianca, si ƒe ƒometɔwo ɖua fewu le eŋu la gblɔ be: “Mexlẽa ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe kple Yehowa subɔla siwo li egbea, siwo to nɔnɔme siwo me tom mele tɔgbi me la ƒe ŋutinyawo, eye medea ŋugble le wo ŋu. Esia kpena ɖe ŋunye ŋutɔ.” Nɔvi aɖewo léa ŋɔŋlɔ siwo dea dzi ƒo na ame la ɖe susu me. Ŋɔŋlɔ mawo dometɔ aɖewoe nye Psalmo 27:10 kple Yesaya 41:10. Nɔvi aɖewo ɖoa to agbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la ne wole dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu alo le ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm. Wogblɔ be esia kpena ɖe yewo ŋu yewometsia akogo o.

9. Aleke kpekpeawo dede kpena ɖe ŋuwò?

9 Dze agbagba nànɔ kpekpeawo dem edziedzi. Kpekpeawo ade dzi ƒo na wò eye àganya nɔviawo ɖe edzi wu. (Heb. 10:24, 25) Massiel, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Togbɔ be ŋukpeam vevie hãa, meɖoe be made kpekpe ɖe sia ɖe eye madze agbagba aɖo nya ŋu. Esia na mese le ɖokuinye me be mele vevie le hamea me.”

10. Nu ka tae wòle vevie be míadze xɔ̃ nɔvi wɔnuteƒewo?

10 Dze xɔ̃ nɔvi wɔnuteƒewo. Dze xɔ̃ nɔvi siwo gbɔ nàte ŋu asrɔ̃ nu tso. Woate ŋu anye nɔvi siwo tsi wu wò alo nètsi wu alo nɔvi siwo tso teƒe vovovowo. Biblia gblɔ be nunya tso aƒe ɖe ‘ame tsitsiwo gbɔ.’ (Hiob 12:12) Ame tsitsiwo hã ate ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo wotsi wu la gbɔ. Togbɔ be Yonatan tsi wu David sãsãsã hãa, wova zu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. (1 Sam. 18:1) Wokpe ɖe wo nɔewo ŋu le nɔnɔme sesẽ vovovowo me woyi edzi subɔ Yehowa. (1 Sam. 23:16-18) Nɔvinyɔnu Irina, si ƒe ƒometɔ aɖeke menye Ðasefo o la gblɔ be: “Nɔvi siwo le hamea me ate ŋu ava nye mía dzilawo alo nɔviwo ŋutɔŋutɔ. Yehowa ate ŋu ana woava nye ƒometɔwo na mí le hamea me.”

11. Nu kae wòle be míawɔ be míadze xɔlɔ̃ nyuiwo?

11 Ate ŋu asesẽ be míadze xɔlɔ̃ yeyewo, vevietɔ ne ŋu kpea mí. Nɔvinyɔnu Ratna si ŋu kpena, si va srɔ̃ nyateƒea togbɔ be woti eyome, la gblɔ be: “Eva hiã be malɔ̃ ɖe edzi be mehiã na kpekpeɖeŋu tso nɔvi siwo le hamea me gbɔ.” Ate ŋu asesẽ be nàgblɔ wò seselelãmewo na ame aɖe, gake ne ète ŋu gblɔe na ame aɖe la, amea ate ŋu ava nye xɔ̃wò kplikplikpli. Xɔ̃wòwo adi be yewoakpe ɖe ŋuwò ade dzi ƒo na wò, gake ele be nàna woanya nu si woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋuwò.

12. Aleke gbeadzisubɔsubɔdɔa kpena ɖe mía ŋu míedzea xɔlɔ̃ nyuiwo?

12 Mɔ nyui aɖe si dzi nàto adze xɔlɔ̃woe nye be nànɔ gbeadzi yim kple nɔviwo. Nɔvinyɔnu Carol si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Dɔwɔwɔ kple nɔvinyɔnu vovovowo le gbeadzi kple teokrasidɔ bubuwo me la wɔe be medze xɔlɔ̃ nyui geɖe. Yehowa to xɔlɔ̃ siawo dzi kpe ɖe ŋunye.” Eɖea vi ɣesiaɣi ne míedze agbagba dze xɔ̃ nɔvi wɔnuteƒewo. Yehowa ato xɔlɔ̃ siawo dzi akpe ɖe ŋuwò ne ètsi akogo alo èle kuxi bubuwo me tom.—Lod. 17:17.

KPE ÐE AMEWO ŊU WOƑE DZI NADZE EME LE HAMEA ME

13. Agba kae le ame siwo le hamea me la katã dzi?

13 Agba le ame siwo le hamea me dzi be woana ŋutifafa nanɔ anyi, eye woalɔ̃ ame sia ame ale be ame aɖeke nagase le eɖokui me be ame aɖeke meli na ye o. (Yoh. 13:35) Míate ŋu ato míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi ade dzi ƒo na mía nɔviwo. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Esi mesrɔ̃ nyateƒea la, hamea va zu ƒome nam. Nɔviawo manɔmeea, anye ne nyemava zu Yehowa Ðasefo o.” Nu kae nɔvi siwo le hamea me ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ƒe ƒometɔwo menye Ðasefowo o ŋu woase le wo ɖokuiwo me be hamea lɔ̃ yewo?

14. Aleke míawɔ adze xɔlɔ̃ ame yeyewo?

14 Dze xɔ̃ nɔviwo. Nu gbãtɔ si míate ŋu awɔe nye be míado wòe zɔ na ame yeye siwo va hamea me la vividoɖeameŋutɔe. (Rom. 15:7) Gake menye gbe ko míado na wo vividoɖeameŋutɔe ko evɔ o. Ele be míadze agbagba be woava zu mía xɔlɔ̃wo. Eya ta, wɔ nu ɖe wo ŋu nyuie eye nàna woakpɔe be yetsɔ ɖe le eme na wo. Dze agbagba nànya nu siwo me tom wole, gake mègabia nya siwo ana ŋu nakpe wo o. Ate ŋu asesẽ na wo dometɔ aɖewo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na wò, eya ta, mègazi wo dzi be woagblɔe kokoko o. Ke boŋ, bia nya wo aɖaŋutɔe eye nàɖo to dzigbɔɖitɔe ne wole nu ƒom. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia ale si wowɔ va ke ɖe nyateƒea ŋu.

15. Aleke nɔvi siwo tsi le xɔse me ate ŋu akpe ɖe nɔvi siwo le hamea me la ŋu?

15 Nɔvi siwo katã le hamea me ate ŋu ayi ŋgɔ le nyateƒea me ne nɔvi siwo tsi le xɔse me, vevietɔ hamemetsitsiwo tsɔa ɖe le eme na wo. Melissa, si eya kple nɔa koe nye Ðasefowo le ƒomea me la gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be nɔviŋutsu siwo le hamea me la dometɔ aɖewo va zu abe tɔ ene nam; wotsɔa ɖe le eme nam eye wokpɔa vovo ɖe ŋunye. Ɣesiaɣi si medi ame aɖe be magblɔ nye dzimenyawo naa, woli aɖo tom.” Dzi ɖe le nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Mauricio ƒo, esi eƒe Biblia nufiala do le nyateƒea me. Egblɔ be: “Hamemetsitsiawo tsɔ ɖe le eme nam, eye esia kpe ɖe ŋunye ŋutɔ. Woɖoa dze kplim edziedzi, woyia gbeadzi kplim, wogblɔa kesinɔnu siwo ŋu woke ɖo le woƒe ɖokuisinusɔsrɔ̃ mea nam, eye míeɖea modzaka ɖekae.” Melissa kple Mauricio siaa va le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.

Ðe ame aɖe le miaƒe hamea me si nàte ŋu anyo dɔme na? (Kpɔ memama 16-19 lia) *

16-17. Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo nue míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu le?

16 Wɔ nu ŋutɔŋutɔwo nàtsɔ akpe ɖe wo ŋu. (Gal. 6:10) Leo, si nye dutanyanyuigblɔla le dukɔ aɖe si didi tso afi si eƒe ƒometɔwo le la gblɔ be: “Zi geɖea, nu si hiã koe nye be ame aɖe nanyo dɔme na wò. Meɖo ŋku edzi be gbe ɖekaa, medze ʋufɔku. Kaka mava ɖo aƒe mea, nu te ŋunye ŋutɔ. Gake atsu kple asi aɖe kpem be mava ɖu nu le yewo gbɔ. Nyemeɖo ŋku nu si míeɖu dzi ya o, gake meɖo ŋku edzi be wogbɔ dzi ɖi ɖo tom. Kaka madzo le wo gbɔa, nye dzi dze eme ale gbegbe!”

17 Mí katã míekpɔa dzidzɔ le takpekpe gãwo kple suewo me, elabena míedea ha kple mía nɔviwo eye míeɖoa dze tso takpekpea me nyawo ŋu. Carol si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Metsia akogo, vevietɔ le takpekpewo me.” Nu ka tae? Egblɔ be: “Togbɔ be mele nɔvi alafa geɖe alo akpewo dome hãa, zi geɖea, wo dometɔ ɖe sia ɖe le eƒe ƒome gbɔ. Ne mekpɔ wo nenemaa, metsia akogo ŋutɔ.” Esesẽna na nɔvi aɖewo be woayi takpekpe zi gbãtɔ le wo srɔ̃ ƒe ku megbe. Ðe nènya ame aɖe si le nɔnɔme sia mea? Ðe manyo be nàkpee wòanɔ miaƒe ƒomea gbɔ le kpekpe alo takpekpe aɖe si miagawɔ me oa?

18. Ne míele amedzro wɔm la, aleke míate ŋu awɔ ɖe 2 Korintotɔwo 6:11-13 dzi?

18 De ha kple nɔviwo. Kpe nɔvi vovovowo miade ha ɖekae, vevietɔ nɔvi siwo tsi akogo. Míedi be ‘míaʋu míaƒe dziwo me gbadzaa’ na nɔvi siawo tɔgbi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 6:11-13.) Melissa si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Míekpɔa dzidzɔ ɣesiaɣi si nɔviwo kpe mí be míava srã yewo kpɔ alo aɖi tsa kpli yewo ayi teƒe aɖe.” Ðe ame aɖe le miaƒe hamea me si nàte ŋu akpea?

19. Ɣekaɣiwo koŋue wòaɖe vi na mía nɔviwo ne míekpɔa vovo ɖe wo ŋu?

19 Le ɣeyiɣi aɖewo koŋ me la, adzɔ dzi na mía nɔviwo ŋutɔ ne míewɔ amedzro na wo. Ɣeyiɣi mawo dometɔ aɖewoe nye ne woƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la le dukɔa ƒe azãwo ɖum. Le nɔvi bubuwo gomea, woxaa nu vevie ne ƒea trɔ eye ŋkeke si woƒe ame vevi aɖe ku la ɖo. Ne míeɖo ŋku nɔvi siawo dzi eye míenɔa wo ŋu le ɣeyiɣi mawo mea, míeɖenɛ fiana be míetsɔ ɖe le eme na wo.—Flp. 2:20.

20. Aleke Yesu ƒe nya siwo le Mateo 12:48-50 ate ŋu ade dzi ƒo na mí ne míetsi akogo?

20 Nu geɖe ate ŋu ana nɔvi aɖe natsi akogo. Ke hã, mele be míaŋlɔ be o be Yehowa nya nu siwo me tom míele. Zi geɖea, etoa mía nɔvi Kristotɔwo dzi kpena ɖe mía ŋu eye wònaa nu siwo míehiã la mí. (Xlẽ Mateo 12:48-50.) Eye míeɖenɛ fiana Yehowa be míekpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo nyui siwo wòwɔ na mí la ŋu ne míekpena ɖe mía nɔvi siwo le hamea me la ŋu. Aleke kee míeɖase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi o, Yehowa li na mí ɣesiaɣi!

HADZIDZI 46 Yehowa, Míeda Akpe Na Wò

^ mm. 5 Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be yetsi akogoa? Ne nenemae la, ekema ka ɖe edzi be Yehowa nya nu siwo me tom nèle eye ele klalo be yeakpe ɖe ŋuwò. Le nyati sia me la, míadzro nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ anɔ te ɖe akogotsitsi nu la me. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ ade dzi ƒo na nɔvi siwo tsi akogo.

^ mm. 5 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe si srɔ̃ ku la le Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi la sem.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe kple vianyɔnuvi vae srã nɔviŋutsu tsitsi aɖe si le woƒe hamea me kpɔ eye wona nui.