Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Nu Dodzidzɔname Siwo Míekpɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me

Nu Dodzidzɔname Siwo Míekpɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me

LE NYE ɖevimea, ɣesiaɣi si mekpɔ yameʋu wòva yinaa, edzroam be nye hã maɖo yameʋu ayi dukɔ bubu me. Gake mebunɛ be ema mate ŋu adzɔ gbeɖe le gonyeme o.

Le Xexemeʋa Evelia mea, dzinyelawo dzo le Estonia va yi Germany, eye afi mae wodzim le. Emegbe woʋu yi Canada. Aƒe gbãtɔ si me míenɔ le Canada te ɖe Ottawa ŋu. Enye xɔ sue aɖe si me wonyia koklo le. Míeɖo ko ale gbegbe, gake míekpɔa koklozi ya teti ɖuna ŋdi sia ŋdi.

Gbe ɖekaa, Yehowa Ðasefowo va ke ɖe mía ŋu eye woxlẽ Nyaɖeɖefia 21:3, 4 na nɔnye. Kpukpui mawo me nyawo wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ɖeko wòtsɔe na avi. Dzinyelawo yi Biblia sɔsrɔ̃ dzi eye ɣeyiɣi kpui aɖe megbea, woxɔ nyɔnyrɔ.

Togbɔ be dzinyelawo mese Eŋlisigbea tututu o hãa, woléa fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Papa wɔa dɔ le afi si wolóloa gakpo le tsɔ wɔa nu vovovowo le Sudbury, Ontario. Togbɔ be ɖeɖi tea Papa ŋu hãa, ekplɔa nye kple nɔvinyenyɔnu Sylvia yia gbeadzi Memleɖa ɖe sia ɖe kloe. Kwasiɖa sia kwasiɖaa, mí katã míesrɔ̃a Gbetakpɔxɔ ɖekae. Papa kple Dada ƒã Yehowa lɔlɔ̃ ɖe menye. Esia wɔe be meɖe adzɔgbe na Yehowa le ƒe 1956 me esi mexɔ ƒe ewo. Ne mebu ale si gbegbe wolɔ̃ Yehowae ŋua, edea dzi ƒo nam be mayi edzi asubɔe.

Esi mewu sekɛndrisuku (lycée) nua, nyemegava nɔ fɔ lém ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu tututu o. Mesusu be ne meva zu mɔɖelaa, nyemate ŋu akpɔ ga si mehiã atsɔ aɖo yameʋu azɔ mɔ ayi dukɔ bubu me abe ale si medi ene o. Haƒoƒo dzɔa dzi nam, ta meva nɔ dɔ ma wɔm le radiodɔwɔƒe aɖe le nutoa me. Gake fiẽsiwo mee mewɔa dɔ, ta esia wɔe be medaa kpekpeawo ƒuna eye meva nɔ ha dem kple ame siwo melɔ̃ Mawu o. Mlɔebaa, nye dzitsinya si metsɔ Biblia na hehee la ʋãm mewɔ tɔtrɔwo.

Meʋu yi Oshawa, le Ontario. Afi mae medo go Ray Norman kple nɔvianyɔnu Lesli kpakple mɔɖela bubuwo le. Wo katã wotsɔ ɖe le eme nam vevie. Ale si gbegbe dzi dzɔa wɔe ʋãm megbugbɔ lé ŋku ɖe nye taɖodzinuwo ŋu. Wode dzi ƒo nam be mawɔ mɔɖeɖedɔa eye medze egɔme hã le September 1966 me. Meva nɔ dzidzɔ kpɔm eye nuwo nɔ edzi yim nyuie le nye agbe me. Gake nu geɖe siwo ana nuwo natrɔ le nye agbe me nɔ nye lalam.

NE YEHOWA DE DƆ AÐE ASIWÒA, DZE AGBAGBA NÀWƆE

Esi menɔ sekɛndrisukua, mede asi agbalẽ te be mava subɔ le Betel le Toronto, Canada. Emegbe esi menɔ mɔɖeɖedɔa wɔmaa, wokpem be mava subɔ le Betel ƒe ene. Gake Lesli ƒe nu dzɔ dzi nam ŋutɔ ta mevɔ̃ be ne melɔ̃ ɖe amekpekpea dzia, ke nyemegale ekpɔ ge ake o. Medo gbe ɖa tso nyaa ŋu vevie eye emegbe melɔ̃ be masubɔ le Betel. Ete ɖe dzinye vevie be mele dzodzom le Lesli gbɔ.

Esi meyi Betel la, mewɔ dɔ le nunyaƒea, eye emegbe meva nye agbalẽŋlɔla. Le ɣeyiɣi mawo mea, Lesli va zu mɔɖela vevi le Gatineau, Quebec. Mebua Lesli ŋu zi geɖe eye mebiaa ɖokuinye be, ‘nyametsotso nyuitɔe nye ema mewɔ fia?’ Mènya o ɖe! Nane si nyemenɔ mɔ kpɔm na kura oa dzɔ. Wokpe Lesli nɔviŋutsu Ray be wòava wɔ dɔ le Betel. Eye nye kpliie va nɔ xɔ ɖeka me! Esia ʋu mɔ ɖi be kadodo gava nɔ nye kple Lesli dome ake. Míeɖe srɔ̃ le February 27, 1971 dzi. Ŋkeke ma tututu dzie ƒe ene si woka nam be matsɔ awɔ dɔ le Betel la wu enu.

Esi míedze mɔzɔzɔdɔa gɔme le ƒe 1975 me

Wode dɔ asi na nye kple Lesli be míava subɔ le Fransegbedolawo ƒe hame aɖe me le Quebec. Ƒe ʋɛ aɖewo megbea, wode dɔ asi nam be mava wɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa. Edzem kpo elabe ƒe 28 koe mexɔ ɣemaɣi. Mese le ɖokuinye me be nyemetsi o eye nuteƒekpɔkpɔ boo mesu asinye o, gake nya siwo dze le Yeremiya 1:7, 8 de dzi ƒo nam ŋutɔ. Azɔ hã Lesli dze ʋufɔku zi eve sɔŋ si wɔe be alɔ̃ menya dɔna nɛ o. Ta ewɔ na mí be asesẽ be míawɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa. Togbɔ be nɔnɔmea nɔ alea hãa, Lesli gblɔ be, “Ne Yehowa de dɔ mía sia, ɖe mímadze agbagba awɔe oa?” Míelɔ̃ xɔ dɔa eye míewɔe kple dzidzɔ ƒe 17 sɔŋ.

Nutome sue dzikpɔkpɔdɔa wɔe be ɣeyiɣi menɔa ŋunye kura o, ta nyemekpɔa vovo ɖe Lesli ŋu ale si dze o. Nane dzɔ Dzoɖa ŋdi aɖe si na mesrɔ̃ nu vevi aɖe. Míaƒe agbonugaa ɖi eye esi míeʋu ʋɔa, míekpɔ ame aɖeke o. Nu si míekpɔe nye kusi aɖe si me atikutsetsewo, nyinotsibabla, akpɔnɔ viviwo, wain, kple ahanokpluwo le. Agbalẽvi aɖe hã nɔ kusia me si dzi woŋlɔ ɖo be, “Kplɔ srɔ̃wòa do goe miava ɖe modzaka vie.” Gbe ma gbea, yame kɔ nyuie. Gake meɖe eme na Lesli be nuƒo aɖewo le asinye wòle be madzra ɖo ta míete ŋu le yiyi ge o. Ese egɔme nam ya gake elé blanui vie. Ta esi meva nɔ anyi ɖe nye kplɔa ŋua, nye dzitsinya nɔ fɔ bumem. Nye susu yi Efesotɔwo 5:25, 28 dzi. Mekpɔe be Yehowa to kpukpui mawo dzi le ŋku ɖom edzi nam be makpɔ srɔ̃nye ƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Medo gbe ɖa tso eŋu eye megblɔ na Lesli be, “Mídzo.” Esia na dzi dzɔe ŋutɔ! Mekplɔe yi teƒe nyui aɖe le tɔsisi aɖe to eye míeɖo avɔ ɖe anyigba nɔ anyi ɖe edzi. Magblɔ be ŋkeke ma nye ŋkeke vevi siwo míaŋlɔ be oa dometɔ ɖeka. Míeyi gbɔ gake mete ŋu dzra nye nuƒoawo ɖo.

Hame siwo míesrã kpɔa sɔ gbɔ ale gbegbe; tso British Columbia va ɖo Newfoundland. Gake míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ. Fifia meva le mɔ zɔm abe ale si wòdzrom le ɖevime ene. Edzroam be made asi agbalẽ te ade Gilead Sukua, gake nyemedi be mava subɔ le dukɔ bubu me o. Ewɔ nam be ame tɔxɛwoe wɔa dutanyanyuigbɔgblɔdɔa, ke menye nye hawoe o. Nu bubu hãe nye be mevɔ̃na be ne mede sukua, woava ɖom ɖe Afrika dukɔ aɖe si me dɔléle bɔ ɖo eye aʋawɔwɔ gblẽ nu le veviea me. Afi si melea dze ŋunye.

SUBƆSUBƆDƆA WƆWƆ LE ESTONIA KPLE BALTIK NUTOWO ME

Esi míenɔ subɔsubɔm le Baltik nutowo me

Le ƒe 1992 mea, dukɔ siwo nɔ Soviet Union (l’Union soviétique) me tsã dometɔ aɖewo ɖe mɔ be Ðasefowo naɖe gbeƒã le ablɔɖe me. Eya ta nɔviawo bia mí nenye be míadi be míava wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le Estonia. Nyaa dze mí kpo, gake míedo gbe ɖa tso eŋu eye míeɖo ŋku nya si míegblɔna zi geɖe dzi; ‘Ne Yehowa de dɔ mía sia, ɖe mímadze agbagba awɔe oa?’ Míelɔ̃ eye wòdzɔ dzi nam be menye Afrikae míeyina o.

Míedze Estoniagbe sɔsrɔ̃ enumake. Esi míeɖo Estonia ɣleti ʋɛ aɖewo megbea, wobia tso mía si be míadze nutome sue dzikpɔkpɔdɔa gɔme. Ehiã be míasubɔ hame 46 kple ƒuƒoƒo siwo le Baltik dukɔ etɔ̃ me kpakple esiwo le Kaliningrad, le Russia. Esia fia be ele be míadze agbagba asrɔ̃ Latviagbe, Lithuaniagbe, kple Russiagbe. Menɔ bɔbɔe kura o. Gake nɔviawo kpe ɖe mía ŋu elabe edzɔ dzi na wo be míenɔ yewo degbe srɔ̃m. Le ƒe 1999 mea, woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Estonia eye wobia tso asinye be manɔ alɔdzekɔmitia me. Nye kple Nɔviŋutsu Toomas Edur, Lembit Reile, kple Tommi Kauko ye nɔ kɔmitia me.

Miame: Esi menɔ nuƒo ƒom le takpekpe aɖe me le Lithuania

Ðusime: Alɔdzekɔmiti si woɖo le Estonia le ƒe 1999 me

Míeva dze si nɔvi geɖe siwo nɔ aboyo me le Siberia. Togbɔ be wokplɔ wo dzo le woƒe ƒomewo gbɔ eye wowɔ fu wo vevie le gaxɔ me hãa, womezu dzikumewo o. Dzi dzɔa wo eye wodoa vevie subɔsubɔdɔa. Woƒe kpɔɖeŋua na míesrɔ̃e be míate ŋu ado dzi eye míayi edzi akpɔ dzidzɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom.

Nye kple Lesli míeku kutri wɔ dɔ vevie ƒe geɖe, evɔ míedia ɣeyiɣi ɖina ɖe eme ale si dze o. Esia wɔe be nu va te Lesli ŋu vevie. Sigbeɖe dɔléle aɖe (fibromyalgia) si nana ɖeɖi tea ame ŋu eye lãme vea ame gbɔe wòtso be nu tea eŋu nenema gbegbe. Gake esi míenya o ta, míenɔ eŋu bum vevie be míaɖe asi le dɔa ŋu atrɔ ayi Canada. Esi wokpe mí be míava de alɔdzesuku le Patterson, New York, Amerikaa, míesusu be míate ŋu ade o. Gake esi míedo gbe ɖa vevie tso eŋua, melɔ̃ be míade eye Yehowa yra ɖe míaƒe nyametsotsoa dzi. Sukua deɣie woda dɔ na Lesli le. Vivivia, eƒe lãme gasẽ eye míeyi míaƒe dɔa dzi.

MÍEGAXƆ DƆDEASI BUBU SI MÍENƆ MƆ KPƆM NA O

Gbe ɖeka fiẽ le ƒe 2008 me esime míenɔ Estonia, woyɔm tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã eye wobiam be míalɔ̃ ava subɔ le Congo hã. Nye nu ku, vevietɔ esi wogblɔ be maɖo eŋu na yewo le ŋufɔke. Esi mese nyaa, nyemegblɔe na Lesli gbe ma gbe o, elabe menya be ana wòado kpo alɔ̃dɔdɔ. Gake nye boŋue mete ŋu dɔ alɔ̃ zã ma me o; medo gbe ɖa na Yehowa eye megblɔ nu si tae mevɔ̃na be mayi Afrikaa nɛ.

Esi ŋu ke eye megblɔe na Lesli la, ɖeko míegblɔ na mía nɔewo be: “Yehowae le mía dɔm ɖe Afrika. Aleke míawɔ anya be mímase vivi na afi ma nɔnɔ o? Ðeko míayi hafi anya.” Taa esi míewɔ dɔ le Estonia ƒe 16 megbea, míefɔ agba ɖo ta Kinshasa, Congo. Alɔdzedɔwɔƒea nya kpɔ; gbe damawo bɔ ɖi eye teƒea dze mo anyi. Nu gbãtɔ si Lesli da ɖe xɔ mee nye agbalẽvi aɖe si nɔ esi tso Canada. Woŋlɔ ɖe edzi be, “Kpɔ dzidzɔ le afi sia afi si nèle.” Esi míeva dze si nɔviawo, míenɔ Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔm eye míekpɔ ale si gbegbe dzidzɔ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa mea, míaƒe dzidzɔ yɔ gba go. Eva ɖo ɣeaɖeɣia, mɔnukpɔkpɔ su nye kple Lesli si míesrã alɔdzedɔwɔƒe vovovo kpɔ le Afrika dukɔ 13 bubuwo me. Esia na míedo go nɔvi vovovowo kple ale si wowɔa nui. Míeda akpe na Yehowa be wòdɔ mí ɖe Afrika elabe vɔvɔ̃ si nɔ menye tsã ɖe Afrika yiyi ŋua bu keŋkeŋ.

Esi míenɔ Congo la, wofia nu vovovowo ɖuɖu mí. Ðewoe nye nudzodzoevi siwo míesusu kpɔ be míate ŋu aɖu o. Gake esi míekpɔ ale si mía nɔviwo nɔ vivi sem na woa, míawo hã míetee kpɔ eye edzɔ dzi na mí be míeɖui.

Míetsɔ kpekpeɖeŋununana aɖewo yi na mía nɔvi siwo le dukɔa ƒe ɣedzeƒe afi si nu vlo wɔlawo nɔ kɔƒewo dzi dzem nɔ nu vevi wɔm nyɔnuwo kple ɖeviwo le, eye míede dzi ƒo na wo. Nu mede nɔviawo dometɔ akpa gãtɔ dzi o. Ke hã ale si wolɔ̃ Yehowa eye woxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi se kple ale si woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe habɔbɔa, wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Woƒe kpɔɖeŋua na míede ŋugble le susu si ta míele Yehowa subɔm ɖoa ŋu eye wòʋã mí be míawɔ nu siwo ana míaƒe xɔse nasẽ ɖe edzi. Nɔvi aɖewo bú woƒe aƒewo eye ɖewo hã ƒe agblewo dome gblẽ. Esia ɖo ŋku edzi na mí be ŋutilãmenuwo dome ate ŋu agblẽ bɔbɔe, gake nu si le vevie ye nye ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome. Togbɔ be nɔviawo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom hãa, wometoa nyatoƒoe o. Esia de dzi ƒo na mí míekpɔe be míawo hã míate ŋu ado dzi le míaƒe kuxiwo me.

Miame: Esime menɔ nuƒo ƒom na sitsoƒedila aɖewo

Ðusime: Esime míetsɔ kpekpeɖeŋununanawo kple atikewo yi na nɔviwo le Dungu, Congo

WOÐO MÍ ÐE ASIA

Míegaxɔ dɔdeasi yeye. Wobia tso mía si be míayi Hong Kong alɔdzedɔwɔƒea. Míebui kpɔ gbeɖe be míava nɔ Asia gbe ɖeka o. Gake esi míekpɔ ale si Yehowa yra ɖe dɔ siwo katã wòde mía si va yi dzia, míelɔ̃ xɔ dɔdeasia. Eya ta le ƒe 2013 mea, aɖatsi ge le mo na mí esi míenɔ dzodzom le mía xɔlɔ̃ siwo le Afrika gbɔ yina tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe.

Tɔtrɔ gã aɖee wònye na mí be míanɔ Hong Kong. Enye dugã si me amewo sɔ gbɔ ɖo ŋutɔ eye wotso dukɔ vovovowo me. Chinagbea sɔsrɔ̃ sesẽ ale gbegbe. Nɔviawo xɔ mí nyuie ŋutɔ eye míese vivi na woƒe nuɖuɖuwo. Dɔa nɔ ta kekem le alɔdzedɔwɔƒea kabakaba gake anyigba kple xɔwo ƒe asi yi dzi bobobo. Eya ta Dɔdzikpɔha kpɔe be esɔ be yewoadzra habɔbɔa ƒe xɔ siwo alɔdzea zãna dometɔ akpa gãtɔ. Le ƒe 2015 mea, míeʋu yi South Korea, eye afi mae míele subɔsubɔm le va se ɖe fifia. Le afi sia hãa, ehiã be míasrɔ̃ Koreagbe si hã sesẽ. Togbɔ be míeɖu tu na gbea o hãa, nɔviawo kafua mí be míele agbagba dzem.

Miame: Esime míeyi Hong Kong

Ðusime: Korea alɔdzedɔwɔƒea

NU SIWO MÍESRƆ̃

Menɔ bɔbɔe be míadze xɔlɔ̃ yeyewo ɣesiaɣi o. Míeva srɔ̃e be ne míexɔa ŋgɔ wɔa amedzro na amewo eye míekpea woa, míava nya wo nyuie le ɣeyiɣi kpui aɖe me. Míeva kpɔe hã be vovototo boo mele mía kple mía nɔviwo dome o; ame ɖekae míenye. Eye Yehowa wɔ mí nukutɔe be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔviwo.—2 Kor. 6:11.

Míeva kpɔ ale si wòhiã be míabu amewo abe ale si Yehowa bua woe ene. Eye míade dzesi mɔ siwo dzi Yehowa to le eɖem fia mí be yelɔ̃ mí. Ɣesiaɣi si dzi ɖe mía ƒo alo míese le mía ɖokui me be nɔviawo melɔ̃ mí oa, míegbugbɔ xlẽa dzideƒonya siwo mía xɔlɔ̃wo ŋlɔ na mí. Míekpɔ ale si Yehowa ɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye wòka ɖe edzi na mí be yelɔ̃ mí, kple ale si wòdo ŋusẽ mí be míayi dɔa dzi.

Nye kple Lesli míesrɔ̃e be ele vevie be míavo ɖe mía nɔewo ŋu aleke kee míexaxae o. Míekpɔe hã be ɣeaɖewoɣia, ele be míako mía ɖokuiwo vevietɔ ne míewɔ vodada le gbeawo sɔsrɔ̃ me. Fiẽ sia fiẽa, míeɖoa dze tso nu si dzɔ dzi na mí le ŋkekea me ŋu, eye míedoa gbe ɖa daa akpe na Yehowa ɖe eta.

Le nyateƒe mea, mesusui be nyemate ŋu azu dutanyanyuigblɔla alo anɔ dukɔ bubu me gbeɖe o. Ke hã, meva srɔ̃e be le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, nu sia nu anya wɔ. Nyagblɔɖila Yeremiya ƒe nya siwo dze le Yeremiya 20:7 va susu me nam be: “Oo Yehowa, èblem.” Nyateƒee ena míete ŋu wɔ nu siwo meva susu me na mí kpɔ o, eyra mí wògbagba eye wòna didi si nɔ menye be maɖo yameʋu gɔ̃ hã va eme nam. Míezɔ mɔ yi xexea ƒe akpa geɖewo va srã alɔdzewo kpɔ. Le nyateƒe mea, mekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Lesli kpe ɖe ŋunye le dɔdeasi vovovowoa mea ŋu ŋutɔ.

Míeɖoa ŋku edzi ɣesiaɣi be nu si tae míele nu siawo katã wɔmee nye be míelɔ̃ Yehowa. Yayra siwo kpɔm míele egbea nye esiwo míava kpɔ le etsɔme ne Yehowa ‘ʋu eƒe asime eye wòtsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na wo’ ƒe sue aɖe ko.—Ps. 145:16.