Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 27

Nu Ka Tae Wòle Be Míavɔ̃ Yehowa?

Nu Ka Tae Wòle Be Míavɔ̃ Yehowa?

“Tsi metoa Yehowa kple ame siwo vɔ̃nɛ la dome o.”—PS. 25:14.

HADZIDZI 8 Yehowae Nye Míaƒe Sitsoƒe

NYA VEVIAWO a

1-2. Le Psalmo 25:14 ƒe nya nua, nu kae míawɔ be mía kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli?

 NƆNƆME kae wòle be xɔlɔ̃wo naɖe afia ale be wo dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli? Ðewohĩ àgblɔ be ele be woalɔ̃ wo nɔewo eye woakpe ɖe wo nɔewo ŋu. Anɔ eme be wò susu meyi vɔvɔ̃ dzi o. Gake abe ale si mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo gblɔe enea, ele be ame siwo di be yewo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikplia ‘navɔ̃e.’—Xlẽ Psalmo 25:14.

2 Ɣeyiɣi didi ka kee míele Yehowa subɔm o, ele be mí katã míayi edzi avɔ̃e. Ke nu kae wòfia be míavɔ̃ Mawu? Nu kae míawɔ be míavɔ̃ Yehowa? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso mawuvɔvɔ̃ ŋu le aƒedzikpɔla Obadiya, Nunɔlagã Yehoyada, kple Fia Yehoas ƒe kpɔɖeŋuawo me?

NU KAE WÒFIA BE MÍAVƆ̃ MAWU?

3. Gblɔ ale si vɔvɔ̃ ate ŋu akpɔ mía ta ƒe kpɔɖeŋu aɖewo.

3 Míevɔ̃na ne ewɔ na mí be vɔ̃ aɖe adzɔ ɖe mía dzi. Vɔvɔ̃ sia nyo elabe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu le nunya me. Ne míele zɔzɔm le ʋe gã aɖe xaa, vɔvɔ̃ be míava ge dze eme awɔe be míazɔ le etoga o. Vɔvɔ̃ be míava xɔ abi awɔe be míasi ne míekpɔ afɔku gbɔna. Vɔvɔ̃ ate ŋu ana míaƒo asa na nu siwo agblẽ mía kple mía xɔlɔ̃ vevi aɖe domea wɔwɔ.

4. Aleke Satana di be míavɔ̃ Yehowae?

4 Satana di be míavɔ̃ Yehowa le mɔ si mesɔ o nu. Edi be míasusui be Yehowa nye dzikume si dina be yeahe to na mí ɣesiaɣi, eye mímate ŋu adze eŋu gbeɖe o. (Hiob 4:18, 19) Satana di hã be míavɔ̃ Yehowa ale gbegbe be míadzudzɔ esubɔsubɔ. Be esia nagadzɔ ɖe mía dzi oa, ehiã be míatu mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo.

5. Nu kae wòfia be míavɔ̃ Mawu?

5 Ame si vɔ̃a Mawu le mɔ nyuitɔ nua lɔ̃nɛ eye medina be yeawɔ naneke si agblẽ ye kplii dome o. “Mawuvɔvɔ̃” sia tɔgbie nɔ Yesu hã me. (Heb. 5:7) Mevɔ̃ Yehowa abe nu dziŋɔ aɖee wònye ene o. (Yes. 11:2, 3) Ke boŋ elɔ̃ Yehowa vevie eye wòdi be yeaɖo toe. (Yoh. 14:21, 31) Abe Yesu enea, míedea bubu gã Yehowa ŋu eye míesinɛ ɖa elabe enye Mawu lɔ̃ame, eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta, elɔ̃a dzɔdzɔenyenye, eye ŋusẽ le esi. Míenyae nyuie be Yehowa lɔ̃ mí vevie ŋutɔ, eye etsɔa ɖe le ale si míewɔna ɖe eƒe nudidiwo dzi me. Ne míeɖo to Yehowaa, ekpɔa dzidzɔ, gake ne mímeɖo toe oa, etena ɖe edzi.—Ps. 78:41; Lod. 27:11.

MÍATE ŊU ASRƆ̃ ALE SI MÍAVƆ̃ MAWU

6. Nu kae míawɔ be míavɔ̃ Mawu? (Psalmo 34:11)

6 Womedzi ame aɖeke kple mawuvɔvɔ̃ o; ele be míasrɔ̃e. (Xlẽ Psalmo 34:11.) Mɔ aɖe si dzi míato asrɔ̃ mawuvɔvɔ̃e nye be míalé ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu. Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa me asẽ ɖe edzi eye míagade bubu geɖe eŋu ne míede dzesi eƒe nunya, eƒe ŋusẽ kple lɔlɔ̃ gã si le esi na mí “le nu siwo wòwɔ la me.” (Rom. 1:20) Nɔvinyɔnu Adrienne gblɔ be, “Ne melé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋua, medea dzesi nunya si gbegbe le esi, eye esia wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Enana mekpɔnɛ be Yehowa nya nu si nyo nam.” Ŋugbledede alea ʋãe wògblɔ be, “Nyemadi be mawɔ naneke si agblẽ nye kple Yehowa, Ame si gbɔ nye agbe dzɔ tso la dome o.” Ðe manyo be nàdi ɣeyiɣi le kwasiɖa sia me ade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔ aɖe ŋu oa? Ne èwɔe alea, esia ana nàgade bubu geɖe Yehowa ŋu eye nàlɔ̃e ɖe edzi.—Ps. 111:2, 3.

7. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míavɔ̃ Yehowa?

7 Nu bubu aɖe si míawɔ be míavɔ̃ Yehowae nye be míanɔ gbe dom ɖa edziedzi. Míeva nyaa Yehowa ɖe edzi ne míedoa gbe ɖa nɛ edziedzi. Ɣesiaɣi si míebia Yehowa be wòado ŋusẽ mí be míate ŋu ado dzi le dodokpɔ aɖe mea, esia nana míeɖoa ŋku ŋusẽ triakɔ si le esi la dzi. Ne míedo gbe ɖa na Yehowa eye míeda akpe nɛ ɖe tafea taa, esia nana míeɖoa ŋku ale si gbegbe wòlɔ̃ míi dzi. Ne míele kuxi aɖe me tom eye míedo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋua, esia nana míeɖoa ŋku edzi be nunya geɖe le esi. Gbedodoɖa siawo tɔgbi akpe ɖe mía ŋu be míagade bubu Yehowa ŋu geɖe wu. Eye wòana míaɖoe kplikpaa be míagawɔ naneke si agblẽ mía kplii ƒe xɔlɔ̃wɔwɔa me o.

8. Nu kae míate ŋu awɔ be míayi edzi avɔ̃ Mawu?

8 Nu si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi avɔ̃ Mawue nye be míanɔ Biblia srɔ̃m edziedzi kple taɖodzinu be míasrɔ̃ nu tso ame siwo ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo kple ame siwo meɖo kpɔɖeŋu nyuiwo o ƒe ŋutinyawo me. Míadzro Yehowa subɔla wɔnuteƒe eve siwo nye Fia Ahab ƒe aƒedzikpɔla Obadiya kple Nunɔlagã Yehoyada ƒe ŋutinyawo me. Eyome míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Yuda-fia Yehoas si subɔ Yehowa gake wòva dzudzɔa ƒe ŋutinya me.

DZI NENƆ ƑOWÒ ABE OBADIYA ENE

9. Aleke mawuvɔvɔ̃ kpe ɖe Obadiya ŋu? (1 Fiawo 18:3, 12)

9 Biblia gblɔ tso Obadiya b ŋu be enye ame si “vɔ̃a Yehowa ŋutɔ.” (Xlẽ 1 Fiawo 18:3, 12.) Aleke Yehowa vɔvɔ̃ kpe ɖe Obadiya ŋu? Ewɔe be wònye anukwareɖila kple ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Esia tae fia la tsɔe ɖo eƒe aƒedzikpɔla. (Tsɔe sɔ kple Nehemiya 7:2.) Ale si Obadiya vɔ̃a Mawu wɔe be wòtu nɔnɔme nyui si nye dzinɔameƒo ɖo. Enɔ agbe le fia vɔ̃ɖi Ahab, si “wɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume wu [fia] siwo katã do ŋgɔ nɛ” la, ƒe dziɖuɣi. (1 Fia. 16:30) Azɔ hã Ahab srɔ̃ Izebel nye Baal subɔla. Elé fu Yehowa ale gbegbe be edze agbagba be yeana ame siwo le Israel-to ewo fiaɖuƒea me nadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ewu Mawu ƒe nyagblɔɖila geɖe gɔ̃ hã. (1 Fia. 18:4) Ðikeke mele eme o be, ɣeyiɣi sesẽ aɖe ŋutɔ mee Obadiya subɔ Yehowa le.

10. Aleke Obadiya ɖe dzinɔameƒo fia?

10 Obadiya ɖe dzinɔameƒo fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Aleke wòwɔe? Esi Izebel nɔ Mawu ƒe nyagblɔɖilawo dim be yeawua, Obadiya tsɔ wo dometɔ 100 ɣla ɖe agado me ‘blaatɔ̃blaatɔ̃ eye wònɔ abolo kple tsi nam wo.’ (1 Fia. 18:13, 14) Ne ɖe Izebel se nu si Obadiya wɔa, anye ne awui godoo. Amegbetɔ koe Obadiya hã nye, eye ɖikeke mele eme o be madi be yeaku o. Gake elɔ̃ Yehowa kple eƒe amewo wu eya ŋutɔ ƒe agbe.

Togbɔ be woɖo asi míaƒe dɔa dzi hãa, dzi le nɔviŋutsu aɖe ƒo wòle Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam na nɔviawo (Kpɔ memama 11 lia) c

11. Aleke Yehowa subɔla siwo li egbea ɖe dzinɔameƒo fia abe Obadiya ene? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Egbea, Yehowa subɔla geɖewo le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me. Wodea bubu dziɖuɖuwo ŋu, gake abe Obadiya enea, wotsɔa subɔsubɔ si Yehowa ɖeka ko dze na la nanɛ. (Mat. 22:21) Woɖenɛ fiana be yewovɔ̃a Mawu eye woɖoa toe wu amegbetɔwo. (Dɔw. 5:29) Ne dziɖuɖuwo ɖo asi dɔa dzia, nɔviawo tsɔa aɖaŋudzedze yia edzi ɖea gbeƒã nya nyuia eye wowɔa kpekpeawo. (Mat. 10:16, 28) Wodzea agbagba be yewoana nu siwo nɔvi bubuwo hiã ale be wo kple Yehowa dome nayi edzi anɔ kplikplikplia nasu wo si. Bu Henri, si tso Afrika dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le hena ɣeyiɣi aɖea, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le ɣeyiɣi mawo mea, Henri tsɔ eɖokui na be yeakpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama na nɔviawo ŋu. Egblɔ be: “Ŋu kpeam le dzɔdzɔme nu. Ta meka ɖe edzi be bubu gã si le asinye na Yehowae na be dzi nɔ ƒonye mete ŋu kpe asi ɖe dɔ ma ŋu.” Ðe dzi ate ŋu anɔ ƒowò abe Henri enea? Ɛ̃, dzi ate ŋu anɔ ƒowò ne ètu mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo.

WƆ NUTEƑE ABE NUNƆLAGÃ YEHOYADA ENE

12. Aleke nunɔlagã Yehoyada kple srɔ̃a wɔ nuteƒe na Yehowa?

12 Nunɔlagã Yehoyada vɔ̃a Yehowa, eye esia ʋãe wòwɔ nuteƒe nɛ eye wòdo subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ. Esia dze ƒãa esime Ataliya, si nye Izebel vinyɔnu, to mɔ si mesɔ o dzi wɔ eɖokui fianyɔnu le Yuda. Vɔvɔ̃ nɔ Ataliya ŋu ale gbegbe elabe evɔ̃ɖi ŋutɔ. Eye esi wòdi be ŋusẽ geɖe nasu ye si taa, esẽ tame wu eya ŋutɔ mamayɔvia siwo ate ŋu ava ɖu fia! (2 Kron. 22:10, 11) Gake mamayɔviawo dometɔ ɖeka si nye Yehoas tsi agbe, elabe Yehoyada kple srɔ̃a Yehosabat tsɔe ɣla eye wolé be nɛ. Esia wɔe be wokpɔ David ƒe fiaƒomea ta. Yehoyada yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa eye meɖe mɔ vɔvɔ̃ na Ataliya wɔe be wòdo kpo nuteƒewɔwɔ o.—Lod. 29:25.

13. Esi Yehoas xɔ ƒe adrea, aleke Yehoyada gaɖe nuteƒewɔwɔ fia?

13 Esi Yehoas xɔ ƒe adrea, Yehoyada gaɖe nuteƒewɔwɔ na Yehowa fia le mɔ bubu aɖe nu. Ewɔ ɖoɖo aɖe. Ne ɖoɖoa dze edzia, Yehoas si nye David ƒe fiaƒomea me tɔ azu fia. Gake ne ɖoɖoa medze edzi oa, Yehoyada ƒe agbe ate ŋu atsi eme. Yehowa yra ɖe eƒe ɖoɖoa dzi eye wòdze edzi. Amegãwo kple Lewi viwo kpe asi ɖe Yehoyada ŋu woɖo Yehoas fia, eye wowu Ataliya. (2 Kron. 23:1-5, 11, 12, 15; 24:1) Eyome “Yehoyada na fia la kple dukɔ la bla nu kple Yehowa be yewoayi edzi anye Yehowa ƒe dukɔ.” (2 Fia. 11:17) Azɔ hã “eɖo agbonudzɔlawo Yehowa ƒe aƒe la ƒe agboawo nu, ne ame makɔmakɔ aɖeke nagage ɖe eme o.”—2 Kron. 23:19.

14. Esi Yehoyada de bubu Yehowa ŋua, mɔ kawo nue wode bubu eŋu le?

14 Yehowa gblɔe ɖi do ŋgɔ be: “Ame siwo buam la, woawoe mabu.” Nenema tututue wòwɔe na Yehoyada. (1 Sam. 2:30) Le kpɔɖeŋu me, ena woŋlɔ nu nyui siwo wòwɔa ɖi be woatsɔ afia nu mí. (Rom. 15:4) Eye esi Yehoyada kua, wode bubu tɔxɛ eŋu ɖii “ɖe David Ƒe Du la me ɖe fiawo xa, elabena ewɔ nyui na Israel kple Mawu vavã la kpakple Mawu ƒe aƒe la.”—2 Kron. 24:15, 16.

Abe Nunɔlagã Yehoyada enea, mawuvɔvɔ̃ ate ŋu aʋã mí míakpe asi ɖe mía nɔviwo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe (Kpɔ memama 15 lia) d

15. Nu kawo míate ŋu asrɔ̃ tso Yehoyada ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ fotoawo hã.)

15 Yehoyada ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu míayi edzi avɔ̃ Mawu. Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yehoyada ne woyia edzi dia mɔ siwo dzi woato akpɔ hamea ta. (Dɔw. 20:28) Nɔvi siwo tsi le ƒe me hã ate ŋu asrɔ̃e le Yehoyada ƒe kpɔɖeŋua me be ne wovɔ̃ Yehowa eye woyi edzi wɔ nuteƒe nɛa, magblẽ wo ɖi o. Ke boŋ ate ŋu azã wo be eƒe tameɖoɖowo nava eme. Sɔhɛwo ate ŋu ade dzesi ale si Yehowa wɔ nu ɖe Yehoyada ŋu eye woasrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋua to ale si woade bubu ame tsitsiwo ŋu, vevietɔ wo dometɔ siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖee nye esia. (Lod. 16:31) Mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Lewi viwo kple amegãwo kpe asi ɖe Yehoyada ŋua me. Mina míayi edzi akpe asi ɖe “ame siwo le ŋgɔ xɔm” le mía dome la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe to míaƒe toɖoɖo dzi.—Heb. 13:17.

MÈGAWƆ NU ABE FIA YEHOAS ENE O

16. Nu kawoe ɖee fia be Fia Yehoas mevɔ̃a Mawu o?

16 Yehoyada ƒe kpɔɖeŋu nyuia ɖe vi na Fia Yehoas wòzu ame nyui. (2 Fia. 12:2) Esia wɔe be Yehoas dina be yeawɔ nu si dze Yehowa ŋu. Gake le Yehoyada ƒe ku megbea, Yehoas va nɔ to ɖom Yuda-megã siwo nye xɔsegbelawo. Nu kae va do tso eme? Eya kple eteviwo va nɔ ‘aserawo kple legbawo subɔm.’ (2 Kron. 24:4, 17, 18) Esia te ɖe Yehowa dzi vevie eye wòdɔa “nyagblɔɖilawo ɖe wo be woatrɔ wo ɖe ye ŋu . . . , gake womeɖo to o.” Womeɖo to Yehoyada ƒe vi Zakariya o, evɔ enye Yehowa ƒe nyagblɔɖila kple nunɔla eye wo kple Yehoas wonye tasivinyruivi. Le nyateƒe mea, togbɔ be Zakariya dzilawoe kpɔ Yehoas ta be womewui o hãa, ewɔ nu akpemadatɔe eye wòna wowu Zakariya.—2 Kron. 22:11; 24:19-22.

17. Nu kae va dzɔ ɖe Yehoas dzi?

17 Yehoas meyi edzi vɔ̃ Yehowa o, eye esia na nuwo meva yi edzi nɛ nyuie le agbe me o. Yehowa gblɔe ɖi do ŋgɔ be: “Ame siwo doa vlom la, mado vlo wo.” (1 Sam. 2:30) Nya sia va eme esi Siriatɔwo ƒe aʋakɔ sue aɖe va ɖu Yehoas ƒe aʋakɔ “gbogbo aɖewo” dzi eye ‘wode abi Yehoas ŋu vevie.’ Esi Siriatɔwo trɔ dzoa, eya ŋutɔ ŋume aɖewo wui le esi wòwu Zakariya ta. Womebu fia vɔ̃ɖi sia gɔ̃ hã be edze be ‘woaɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.’—2 Kron. 24:23-25.

18. Le Yeremiya 17:7, 8 ƒe nya nua, nu kae míawɔ be míaganɔ abe Yehoas ene o?

18 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yehoas ƒe ŋutinyaa me? Yehoas le abe ati aɖe si ƒe ke meyi to o eye wòziɔ ɖe ati bubu ŋu hafi le te ene. Esi Yehoyada si nye ati si ŋu wòziɔ ɖo megali oa, Yehoas va nɔ to ɖom xɔsegbelawo si wɔe be mete ŋu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa o. Esia na míekpɔe be, menye míaƒe ƒometɔwo alo hamea me tɔwoe míakpɔ hafi aɖo to Mawu o. Hafi míate ŋu anɔ Yehowa ŋu kplikplikplia, ele be mía ŋutɔwo míayi edzi alɔ̃e eye míavɔ̃e. Míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃a nu, míedea ŋugble, eye míedoa gbe ɖa edziedzi.—Xlẽ Yeremiya 17:7, 8; Kol. 2:6, 7.

19. Nu kae Yehowa di tso mía si?

19 Yehowa mebiaa nu geɖe tso mía si o. Nu si ko wòdi tso mía si la dze le Nyagblɔla 12:13. Afi ma gblɔ be: “Vɔ̃ Mawu vavã la, eye nàlé eƒe sewo me ɖe asi elabena nu sia koe wodi tso amegbetɔwo katã si.” Ne míevɔ̃a Mawua, anɔ bɔbɔe be míado dzi le dodokpɔ siwo ava mía dzi le etsɔme la me. Nu ka kee ɖadzɔ o, míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, abe ale si Obadiya kple Yehoyada wɔe ene. Eye naneke magblẽ mí kple Yehowa dome o.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ

a Wozãa nya “vɔvɔ̃” le Ŋɔŋlɔawo me wòfiaa nu vovovowo. Ate ŋu afia be woade bubu ame ŋu, woasi ame ɖa alo ŋɔdzi nalé ame. Le nyati sia mea, míade dzesi vɔvɔ̃ si akpe ɖe mía ŋu be dzi nanɔ mía ƒo, eye míawɔ nuteƒe na mía Fofo si le dziƒo la.

b Menye nyagblɔɖila Obadiya si nɔ anyi ƒe alafa aɖewo megbe eye wòŋlɔ Biblia-gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔa le ŋue míele nu ƒom tsoe le nyati sia me o.

c NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Le wɔwɔfia ƒe foto sia mea, nɔviŋutsu aɖe le Biblia-srɔ̃gbalẽwo mam na nɔviwo, togbɔ be woɖo asi míaƒe dɔa dzi hã.

d NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe le ale si míewɔa telefondziɖaseɖiɖidɔa srɔ̃m tso nɔvinyɔnu tsitsi aɖe gbɔ; nɔviŋutsu tsitsi aɖe le ɖase ɖim dzinɔameƒotɔe le dutoƒo; nɔviŋutsu kpɔnuteƒe aɖe le hehe nam nɔviwo be woate ŋu alé be na Fiaɖuƒe Akpataa.