Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyati Bubu Siwo Le Gbetakpɔxɔa Me

Nyati Bubu Siwo Le Gbetakpɔxɔa Me

Gbeƒãɖela geɖe zãa JW Library® dɔwɔnua tsɔ dzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe ale si Gbetakpɔxɔ nyati si míasrɔ̃ le kwasiɖa ɖe sia ɖe me dzena le eɖokui si eye mehiã be woadii o. Gake zi geɖea, nyati bubuwo hã nɔna Gbetakpɔxɔ ƒe tata si míesrɔ̃na me siwo ɖea vi na mí. Aleke nàwɔ ake ɖe nyati mawo ŋu le JW Library me?

  • Le Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyati ɖe sia ɖe si adze ƒe gɔmea, àkpɔ tanya sue si nye “Nyati Bubuwo.” Te asi ɖe tanya sue si nye “Nyati bubu siwo le tata sia me” si le etea dzi. Akplɔ wò ayi nyati siwo katã le Gbetakpɔxɔa me ƒe tanyawo dzi. De dzesii be xexlẽdzesiwo le nusɔsrɔ̃nyatiawo ŋu. Gake womele nyati bubuawo ya ŋu o. Te asi ɖe wo dometɔ si nèdi be yeaxlẽa dzi.

  • Le JW Library dɔwɔnua ƒe Gɔmedzeƒea ƒe akpa si nye “Nu Yeyewo” la, Gbetakpɔxɔ yeye siwo do dzena le afi ma. Àte ŋu ahe wo ɖe wò mɔ̃a dzi. Ne èhee vɔa, te asi ɖe edzi wòaʋu eye nàda ŋku ɖe emenyawo me be nàkpɔ nyatiawo katã.