Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 25

HADZIDZI 7 Yehowa, Míaƒe Ŋusẽ

Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”

Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”

“Yehowa le agbe!”PS. 18:46.

TAÐODZINUA

Eɖea vi na mí ŋutɔ ne míeɖoa ŋku edzi be Mawu si subɔm míele lae nye “Mawu gbagbe la.”

1. Nu kae le kpekpem ɖe mía ŋu be míeyi edzi le Yehowa subɔm togbɔ be míaƒe kuxiwo sɔ gbɔ hã?

 BIBLIA ɖɔ míaƒe ŋkekeawo be wonye “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ.” (2 Tim. 3:1) Kuxiwo ɖe kpe na ame sia ame le xexea me godoo, Yehowa subɔlawo meto le eme o. Gake nu si na mía tɔ gasẽ ɖe edzi wue nye be amewo lé fu mí eye wotia mía yome. Nu ka koŋue kpena ɖe mía ŋu míeyia edzi subɔa Yehowa togbɔ be míele kuxi mawo gbegbe me tom hã? Eyae nye be míenya be Yehowae nye “Mawu gbagbe la,” Eli eye wòle kpekpem ɖe mía ŋu.—Yer. 10:10; 2 Tim. 1:12.

2. Nu kae míenya tso Yehowa ŋu si ado ŋusẽ mí?

2 Yehowa li ŋutɔŋutɔ, ekpɔa kuxi ɖe sia ɖe si me tom míele eye wòdina ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu. (2 Kron. 16:9; Ps. 23:4) Eya ta ne míeɖoa ŋku edzi be eyae nye Mawu gbagbe laa, esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me. Na míakpɔ ale si esia kpe ɖe Fia David ŋui ɖa.

3. Nu kae David wɔnɛ esi wògblɔ be “Yehowa le agbe”?

3 David nya Yehowa eye wòɖo ŋu ɖe eŋu. Esi Fia Saul kple futɔ bubuwo nɔ agbagba dzem be yewoawu David la, edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. (Ps. 18:6) Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòxɔ nɛ, eya ta David gblɔ be: “Yehowa le agbe!” (Ps. 18:46) David ƒe nya siawo mefia be elɔ̃ ɖe edzi be Mawu li ko evɔ o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be David ƒe nya siawo fia be eka ɖe Yehowa dzi be “eyae nye Mawu gbagbe la si wɔa avu ɖe eƒe amewo nu ɣesiaɣi.” Nyateƒee, nu siwo me David ŋutɔ to na wòka ɖe edzi be yeƒe Mawu la le agbe, eye kakaɖedzi ma na wòɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa ahakafui.—Ps. 18:​28, 29, 49.

4. Aleke wòɖea vi na mí ne ele susu ma na mí be Yehowae nye Mawu gbagbe la?

4 Ne míeka ɖe edzi be Yehowa ye nye Mawu gbagbe laa, esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ dzi blibo asubɔe. Dzi anɔ mía ƒo míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye míayi edzi ado vevie nu le mawusubɔsubɔ me. Awɔe hã be míayi edzi aku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ.

MAWU GBAGBE LA ADO ŊUSẼ WÒ

5. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be dzi maɖe le mía ƒo ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom o? (Filipitɔwo 4:13)

5 Ne míeɖoa ŋku edzi be Yehowae nye Mawu gbagbe laa, esia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxa ɖe sia ɖe, sueawo kple gãawo siaa me. Nyateƒeae nye be kuxi aɖeke mekpe wu mía Mawu la o. Eyae nye Ŋusẽkatãtɔ la, eye ate ŋu ado ŋusẽ mí míado dzi. (Xlẽ Filipitɔwo 4:13.) Le susu siawo ta, ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom hã la, míevɔ̃na o. Ne míekpɔ ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu le xaxa suesuesuewo me la, míekana ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu le gãawo hã me.

6. Aleke nu siwo dzɔ ɖe David dzi le eƒe ɖevime na wògaka ɖe Yehowa dzi?

6 Bu nu eve aɖewo siwo me David to si na wògaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu ŋu kpɔ. Esime David nye ɖevi nɔ fofoa ƒe alẽwo kplɔm la, dzata kple sisiblisi va lé alẽawo. Le go evea siaa me la, dzi nɔ David ƒo wòti wo yome ɖaxɔ aleãwo le wo si. Gake David mesusui be ye ŋutɔ yeƒe ŋusẽe na yete ŋu wɔ esia o. Enya be Yehowa ye do ŋusẽ ye. (1 Sam. 17:​34-37) David meŋlɔ nudzɔdzɔ mawo be gbeɖe o. Ɣesiaɣi si wòde ŋugble le wo ŋu la, dzi ɖoa eƒo eye wòkpɔnɛ be Mawu gbagbe la ayi edzi anɔ ŋusẽ dom ye.

7. Nu ka dzie David tsɔ eƒe susu ɖo, eye aleke esia kpe ɖe eŋu wòwɔ aʋa kple Goliat?

7 Emegbe esime David nye sɔhɛ la, eyi ɖakpɔ Israel ƒe aʋawɔlawo le aʋagbedzi. Ede dzesii be Israel-srafoawo nɔ vɔvɔ̃m, elabe Filistitɔ dzɔtsu aɖe si ŋkɔe nye Goliat do va nɔ ‘alɔme ɖem le Israel ƒe aʋalɔgoawo ŋu.’ (1 Sam. 17:​10, 11) Nu si na asrafoawo vɔ̃e nye be wotsɔ susu ɖo ale si amea dzɔ atsu kple nya siwo gblɔm wònɔ la ŋu. (1 Sam. 17:​24, 25) Gake David ya kpɔ nɔnɔmea le mɔ bubu kura nu. David kpɔe be menye Israel ƒe aʋalɔgoawo ko ŋue Goliat nɔ alɔme ɖem le o, ke boŋ “Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgowo” ŋue wònɔ alɔme ɖem le. (1 Sam. 17:26) David kpɔe be Yehowa ŋue nyaa ku ɖo. David ka ɖe edzi bliboe be Mawu si kpe ɖe ye ŋu esime yenɔ alẽawo kplɔm la agakpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme sia hã me. Eya ta ewɔ aʋa kple Goliat, eye Mawu kpe ɖe eŋu wòɖu dzi hã vavã!—1 Sam. 17:​45-51.

8. Nu kae ana míaka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpe ɖe mía ŋu? (Kpɔ fotoa hã.)

8 Ne míeɖoa ŋku edzi be Mawu gbagbe la le klalo be yeakpe ɖe mía ŋu la, esia ado ŋusẽ mí míato kuxiwo me ado dedie. (Ps. 118:6) Míaƒe kakaɖedzi ma me agate ŋu asẽ ɖe edzi ne míedea ŋugble le nu siwo wòwɔ va yi ŋu. Àte ŋu axlẽ nu tso ale si Yehowa xɔ na eƒe amewoe ŋu le Biblia me. (Yes. 37:​17, 33-37) Eye àgate ŋu axlẽ nu tso ale si Yehowa le kpekpem ɖe mía nɔviwo ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me alo akpɔ eŋuti videowo le jw.org. Azɔ hã, dze agbagba nàɖo ŋku ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò va yi la dzi. Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be Yehowa mewɔ nu ɖedzesi aɖeke na ye ya o. Mexɔ na ye tso dzata alo sisiblisi si me kpɔ o. Gake nyateƒeae nye be Yehowa wɔ nu geɖe na wò le agbe me! Ne mede ɖeke oa, ehe wò va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Fifia gɔ̃ hã, esi wòle kpekpem ɖe ŋuwò tae nèkpɔtɔ le nyateƒea me ɖo. Ðe manyo be nàbiae wòakpe ɖe ŋuwò be nàɖo ŋku ɣeyiɣi siwo me wòɖo wò gbedodoɖawo ŋu, wòdo ŋusẽ wò le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, alo wòlé wò ɖe te le nɔnɔme sesẽ aɖe me dzi oa? Ne èdea ŋugble le nudzɔdzɔ mawo ŋu la, ado ŋusẽ wò nàka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi akpe ɖe ŋuwò.

Kuxi siwo me tom míele la nye nya gã si fɔ ɖe te la ƒe akpa sue aɖe ko (Kpɔ memama 8-9)


9. Nu ka dzie wòle be nàɖo ŋkui ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom? (Lododowo 27:11)

9 Ne míede dzesii be Yehowa li ŋutɔŋutɔ la, míavɔ̃ ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom o. Nu ka tae? Míakpɔe be nya gã si fɔ ɖe te le Yehowa kple Satana dome la ƒe akpa sue aɖe me ko tom míawo ya míele. Abosam tsɔ nya ɖe mía ŋu be ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, míatrɔ megbe ade Yehowa. (Hiob 1:​10, 11; xlẽ Lododowo 27:11.) Gake ne míete ŋu do dzi to nɔnɔme sesẽwo me la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa eye míeɖoa kpe edzi be Abosam nye alakpatɔ. Ðe dziɖuɖua tsi tre ɖe Ðasefowo ŋu le mia gbɔ, ganyawo le sesẽm na wò, amewo meɖoa to ne èle gbeƒã ɖem o, alo èle nɔnɔme sesẽ bubu aɖe me toma? Ne nenemae la, ke ɖo ŋku edzi be wò nɔnɔmea ʋu mɔnukpɔkpɔ na wò be nàwɔ nane atsɔ ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. Ðo ŋku edzi hã be maɖe mɔ woate wò kpɔ wu esi nu nàte ŋu anɔ te ɖo o. (1 Kor. 10:13) Ado ŋusẽ wò be nàyi edzi ado dzi.

MAWU GBAGBE LA AÐO ETEƑE NA WÒ

10. Nu kae Mawu gbagbe la awɔ na esubɔlawo?

10 Yehowa nye Teƒeɖola na ame siwo subɔnɛ. (Heb. 11:6) Enaa ŋutifafa kple dzidzeme mí fifia, eye le etsɔme hã ana agbe mavɔ mí. Míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa di be yeaɖo eteƒe na mí, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã. Esia ʋãa mí be míawɔ míaƒe ŋutete katã asubɔe abe ale si esubɔla siwo nɔ anyi le blema hã wɔe ene. Timoteo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me hã wɔ eƒe ŋutete katã.—Heb. 6:​10-12.

11. Nu kae ʋã Timoteo wòdo vevie nu le hamea me? (1 Timoteo 4:10)

11 Xlẽ 1 Timoteo 4:10. Timoteo ka ɖe edzi bliboe be Mawu gbagbe la aɖo eteƒe na ye. Ema tae wòdo vevie nu wɔ dɔ na Yehowa eye wòwɔ nu siwo ɖe vi na ame bubuwo hã. Le mɔ kawo nu? Apostolo Paulo de dzi ƒo nɛ be wòana eƒe nufiafia le subɔsubɔdɔa kple hamea me siaa naganyo ɖe edzi. Azɔ hã, ele be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui na hamea me tɔwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Eye wode dɔ sesẽ aɖewo hã esi, si ƒe ɖee nye be wòate afɔ to aɖo aɖaŋu na ame siwo hiãe, gake wòawɔe le lɔlɔ̃ me. (1 Tim. 4:​11-16; 2 Tim. 4:​1-5) Ɣeaɖewoɣi la, amewo mekpɔa dɔ siwo Timoteo wɔna o, alo womekpɔa ŋudzedze ɖe dɔ siwo wòwɔna ŋu o, gake eka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na ye.—Rom. 2:​6, 7.

12. Nu ka tae hamemetsitsiwo wɔa dɔ sesĩe le hamea me? (Kpɔ fotoa hã.)

12 Egbea hã, hamemetsitsiwo ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa kpɔa dɔ nyui siwo yewowɔna eye wòdea asixɔxɔ wo ŋu. Tsɔ kpe ɖe alẽawo sasrãkpɔ, nufiafia kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu la, hamemetsitsi geɖe gakpea asi ɖe habɔbɔa ƒe xɔtudɔwo ŋu, eye wonaa kpekpeɖeŋu ne afɔku dzɔ. Hamemetsitsi bubuwo hã le Dɔnɔsrãkpɔhawo alo Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo me. Hamemetsitsi siwo tsɔa wo ɖokui nana wɔa dɔ siawo la nya be Yehowa tɔe hamea nye, ke menye amegbetɔwo tɔe o. Le esia ta, wowɔa woƒe dɔdeasiwo tso luʋɔ blibo me, eye woka ɖe edzi be Mawu aɖo eteƒe na yewo.—Kol. 3:​23, 24.

Mawu gbagbe la aɖo dɔ nyui siwo wɔm nèle le hamea me la teƒe na wò (Kpɔ memama 12-13)


13. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso agbagba siwo míedzena le esubɔsubɔ me ŋu?

13 Menye ame sia amee ate ŋu ava nye hamemetsitsi o. Gake nane le mí katã mía si, si míate ŋu ana Yehowa. Edzea mía Mawu la ŋu ne míewɔa míaƒe ŋutete katã subɔnɛ. Edea dzesi ga siwo míedzɔna tsɔ kpea asi ɖe xexea me katã ƒe dɔa ŋu, ne ele sue gɔ̃ hã. Ekpɔa dzidzɔ ne míedze agbagba ɖu ŋukpe dzi do asi ɖe dzi ɖo nya ŋu le kpekpewo me, eye edzɔa dzi nɛ hã ne míeŋe aɖaba ƒu mía nɔviwo ƒe agɔdzedzewo dzi eye míetsɔe ke wo. Ne èsena le ɖokuiwò me be yemete ŋu le geɖe wɔm abe ale si yedi ene o la, ka ɖe edzi be Yehowa ya dea asixɔxɔ nu siwo nète ŋu wɔna ŋu. Elɔ̃ wò vevie ɖe esia ta, eye aɖo eteƒe na wò.—Luka 21:​1-4.

NƆ MAWU GBAGBE LA ŊU KPLIKPLIKPLI

14. Ne míena Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ kplikplikpli la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu míawɔ nuteƒe nɛ? (Kpɔ fotoa hã.)

14 Ne míebua Yehowa be eli ŋutɔŋutɔ la, anɔ bɔbɔe na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ. Nenemae wònɔ le Yosef gome. Egbe gbidii be yemanɔ agbe gbegblẽ o. Mawu nye Ame ŋutɔŋutɔ nɛ eye medi be yeawɔ nu si avee o. (1 Mose 39:9) Be Yehowa nanye Ame ŋutɔŋutɔ na mí la, ele be míadi ɣeyiɣi anɔ gbe dom ɖa nɛ eye míanɔ eƒe Nyaa srɔ̃m. Ne míewɔe alea la, mía kplii dome anɔ kplikplikpli. Ne míesrɔ̃ Yosef eye Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ la, míadi gbeɖe be míawɔ nu si avee o.—Yak. 4:8.

Mawu gbagbe la ŋu nɔnɔ kplikplikpli akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ (Kpɔ memama 14-15)


15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi esime wonɔ gbea dzi la me? (Hebritɔwo 3:12)

15 Ame geɖe tra mɔ elabena woŋlɔ be be Yehowae nye Mawu gbagbe la. Wò ya bu nu si dzɔ ɖe Israel-viwo dzi esime wonɔ gbea dzi la ŋu kpɔ. Wonya nyuie be Yehowa li, gake womeka ɖe edzi be akpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo o. Wobia gɔ̃ hã be: “Ðe Yehowa le mía dome loo alo meli o?” (2 Mose 17:​2, 7) Eyome wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Míadi gbeɖe be míasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu gbegblẽ ma o.—Xlẽ Hebritɔwo 3:12.

16. Nu kae ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ?

16 Xexea nana wòsesẽna na mí be míanɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Ame geɖe mexɔe se gɔ̃ hã be Mawu li o. Zi geɖe la, edzena abe ɖe nu dzea edzi na ame siwo mewɔa Mawu ƒe mɔfiamewo dzi o ene. Esiawo katã ate ŋu ado míaƒe xɔse kpɔ. Togbɔ be míexɔe se be Mawu li hã la, anɔ wɔwɔm na mí be mele kpekpem ɖe mía ŋu o. Esia tɔgbie dzɔ ɖe ame si kpa Psalmo 73 lia dzi. Ekpɔe be ame siwo dome yele mewɔna ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi o, evɔ wole vivi sem le agbe me. Esia na wòva nɔ eɖokui biam be, ɖe viɖe le Mawu subɔsubɔ ŋua?—Ps. 73:​11-13.

17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?

17 Nu kae kpe ɖe hakpala sia ŋu wòɖɔ eƒe nuŋububu ɖo? Ede ŋugble le nu siwo ado tso eme na ame siwo ŋlɔ Yehowa be la ŋu. (Ps. 73:​18, 19, 27) Ede ŋugble le yayra siwo le Mawu subɔsubɔ me hã ŋu. (Ps. 73:24) Míawo hã míate ŋu anɔ ŋugble dem le ale si Yehowa le mía yramee ŋu. Azɔ bu ale si agbea anɔ na wò ne ɖe mènya Yehowa o ŋu kpɔ. Esia ŋu bubu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàku ɖe Yehowa ŋu goŋgoŋ. Eye abe hakpalaa ene la, wò hã àgblɔ be: “Ke nye la, enyo nam be mate ɖe Mawu ŋu.”—Psalmo 73:28.

18. Nu ka tae mele be míavɔ̃ na nu siwo ava dzɔ le etsɔme o?

18 Nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi le ŋkeke mamlɛ sesẽ siawo me o, míate ŋu ado dzi elabe míesubɔa ‘Mawu gbagbe vavã la.’ (1 Tes. 1:9) Mía Mawu la li ŋutɔŋutɔ eye eléa be na esubɔlawo hekpena ɖe wo ŋu. Enɔ kple esubɔlawo le blema, eye eli kple míawo hã egbea. Eteƒe madidi o, míato xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ o la me. Gake mele be míavɔ̃ kura o, Yehowa li kpli mí. (Yes. 41:10) Neva eme be “dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowae nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.’”—Heb. 13:​5, 6.

HADZIDZI 3 Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ