GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA March 2018

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso April 30 va se ɖe June 3, 2018 la le tata sia me.

Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ

Nya kae Biblia gblɔ tso nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu? Afɔ kawoe wòle be ame naɖe hafi axɔ nyɔnyrɔ? Nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ taɖodzinu si nye nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu ne míele nu fiam mía viwo alo Biblia nusrɔ̃viwo?

Dzilawo—Ðe Miele Kpekpem Ðe Mia Viwo Ŋu Be Woawɔ Ŋgɔyiyi Ava Xɔ Nyɔnyrɔa?

Nu ka ŋue dzila Kristotɔwo dina be yewoakpɔ kakaɖedzi le hafi aɖe mɔ na wo viwo be woaxɔ nyɔnyrɔ?

NYABIABIA SIWO TSO EXLẼLAWO GBƆ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae wotaa apostolo Paulo abe ame si ƒe ta bebe alo ame si ɖa vɔ le ta na ene le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me?

Amedzrowɔwɔ—Ehea Dzidzɔ Vɛ, Eye Ehiã Vevie Ŋutɔ!

Nu ka tae Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye amedzrowɔlawo? Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si be míawɔ amedzro na mía nɔewo? Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ amedzro na mía nɔviwo, eye aleke míate ŋu aɖu wo dzi?

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Megblẽm Ði Gbeɖe O!

Erika Nöhrer Bright wɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa, mɔɖela vevi ƒe dɔa, kple dutanyanyuigbɔgblɔdɔa. Eɖo ŋku ale si Mawu lé be nɛ, do ŋusẽe hefia mɔe le ƒe gbogbo siwo wòsubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe me la dzi.

Amehehe—Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Ye Wònye

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo Mawu he to na le blema la ƒe kpɔɖeŋuwo me? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe kpɔɖeŋu le amewo hehe me?

‘Ðo To Amehehe, Ne Nàdze Nunya’

Mɔ kawo nue Yehowa fiaa mí ale si míamla mía ɖokui le? Eye ne woɖɔ mí ɖo le Kristo hamea me la, aleke míawɔ be wòaɖe vi na mí?