Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Ðo To Amehehe, Ne Nàdze Nunya’

‘Ðo To Amehehe, Ne Nàdze Nunya’

“Vinyewo, . . . miɖo to amehehe, ne miadze nunya.”—LOD. 8:32, 33.

HADZIDZI: 56, 89

1. Aleke míawɔ be míadze nunya, eye ne míedze nunya la, aleke wòaɖe vi na mí?

YEHOWAE nye nunya ƒe Dzɔtsoƒe, eye enaa eƒe nunya ame bubuwo dɔmenyotɔe. Yakobo 1:5 gblɔ be: “Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam, elabena enaa nu amewo katã faa, medoa ŋukpe ame o.” Mɔ aɖe si dzi míato be Mawu ƒe nunya nasu mía si ye nye be míalɔ̃ axɔ eƒe amehehe. Eye nunya ma ate ŋu akpɔ mía ta tso nu gbegblẽ wɔwɔ me eye ana mía kple Yehowa dome nanɔ nyuie. (Lod. 2:10-12) Esia awɔe be míanɔ “Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ɖaa, . . . hena agbe mavɔ kpɔkpɔ.”—Yuda 21.

2. Aleke míawɔ be míalɔ̃ Mawu ƒe amehehe?

2 Ke hã, blibomademade, hehe si míexɔ tso ɖevime kple nu bubuwo wɔnɛ be wòsesẽna na mí be míaxɔ amehehe alo susu nyuitɔ nanɔ mía si ɖe eŋu. Ne míekpɔ ale si Mawu ƒe amehehe le vi ɖem na míi la, míeva kpɔa ale si gbegbe wòlɔ̃ míi la dzea sii. Lododowo 3:11, 12 gblɔ be: “Vinye, mègagbe Yehowa ƒe amehehe o, . . . elabena ame siwo Yehowa lɔ̃na lae wòkaa mo na.” Ɛ̃, migana míaŋlɔ be gbeɖe o be Yehowa di be eme nanyo na mí. (Xlẽ Hebritɔwo 12:5-11.) Esi wònye be Mawu nya mí nyuie ta la, eƒe amehehe alo mokaname sɔna ɣesiaɣi eye enyea esi tututu míedze na. Azɔ na míadzro amehehe ƒe akpa ene aɖewo me: (1) ame ɖokui mamla, (2) dzilawo ƒe amehehe, (3) amehehe le Kristo hamea me, kple (4) nane si vena wu veve si míase ne woɖɔ mí ɖo.

AME ÐOKUI MAMLA NYE NUNYA ƑE DZESI

3. Aleke ɖevi srɔ̃a ɖokuimamla? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

3 Mía ɖokui mamla bia be míaɖu mía ɖokui dzi ale be míaƒe nuwɔna kple tamesusuwo nanyo ɖe edzi. Womedzi mí kple didi be míaɖu mía ɖokui dzi o. Ele be míasrɔ̃e. Le kpɔɖeŋu me: Ne ɖevi aɖe le gasɔdodo srɔ̃m la, zi geɖe la, fofoa alo dadaa léa gasɔa nɛ ale be wòagadze anyi o. Gake ne gasɔdodo va le ɖevia mam la, dzilaa tea ŋu ɖea asi le eŋu sẽe hafi galénɛ. Eye ne ɖevia va nya gasɔdodo nyuie la, dzilaa megaléa gasɔa nɛ azɔ o. Nenema kee ne dzilawo tsɔ dzigbɔɖi mlaa wo vi suewo enuenu le “Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me” la, ekema wole kpekpem ɖe wo ŋu be woasrɔ̃ ɖokuimamla eye woadze nunya.—Ef. 6:4.

4, 5. (a) Nu ka tae ame ɖokui mamla nye “amenyenye yeye” la ƒe akpa vevi aɖe? (b) Ne ‘míedze anyi zi adre’ gɔ̃ hã la, nu ka tae mele be dzi naɖe le mía ƒo o?

4 Gɔmeɖose ma ke wɔa dɔ le ame siwo tsi hafi va nya Yehowa hã gome. Anɔ eme godoo be wosrɔ̃ ɖokuimamla aɖe si nu xoxo. Gake ne ame aɖe va zu Yesu ƒe nusrɔ̃la yeye la, mekpɔ nye Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me haɖe o. Ke hã, ate ŋu anɔ tsitsinyenye gbɔ ɖom vivivi esime wòle “amenyenye yeye” si ɖi Kristo tɔ la dom. (Ef. 4:23, 24) Ame ɖokui mamla wɔa akpa vevi aɖe le esia me. Ewɔnɛ be míeva srɔ̃a ale si “míatsri mawumavɔmavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.”—Tito 2:12.

5 Ke hã, nu vɔ̃ mewoe mí katã míenye. (Nyagb. 7:20) Gake ne míedze anyi la, mefia be míedo kpo nu keŋkeŋ alo míeɖua mía ɖokui dzi o. Lododowo 24:16 gblɔ be: “Ne ame dzɔdzɔe dze anyi zi adre hã la, agafɔ.” Nu kae akpe ɖe eŋu wòakpɔ dzidzedze? Menye didi sẽŋu si le eme gbɔe wòatso o, ke boŋ Mawu ƒe gbɔgbɔe akpe ɖe eŋu. (Xlẽ Filipitɔwo 4:13.) Gbɔgbɔ ma ƒe kutsetse la ƒe akpa aɖee nye ɖokuidziɖuɖu, si do ƒome kplikplikpli kple ɖokuimamlã.

6. Aleke míawɔ be míazu Mawu ƒe Nyaa srɔ̃la dovevienuwo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Gbedodoɖa tso dzi me, Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede hã akpe ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ ɖokuimamla. Ke ne esesẽna na wò be nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa ya ɖe? Ðewohĩ èkpɔe be nusɔsrɔ̃ meɖena na ye tututu o. Gake nenɔ susu me na wò be, ne èɖe mɔ na Yehowa la, akpe ɖe ŋuwò. Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be eƒe Nyaa “nadzro” wò “vevie.” (1 Pet. 2:2) Gbã, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàte ŋu amla ɖokuiwò be nàsrɔ̃ eƒe Nya la. Eyome, wɔ nu wòasɔ kple wò gbedodoɖawo; ɖewohĩ anyo be nànɔ nua srɔ̃m vivivi, ke menye nu geɖe le ɣeyiɣi ɖeka me o. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, nusɔsrɔ̃ ava nɔ bɔbɔe na wò eye wòavivi nuwò! Le nyateƒe me la, àva kpɔe be ɣeyiɣi siwo me wò ɖeɖe nènɔa anyi dea ŋugble le Yehowa ƒe susuwo ŋu la ava nye ɣeyiɣi siwo doa dzidzɔ na wò wu.—1 Tim. 4:15.

7. Aleke ɖokuimamla ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ?

7 Ðokuimamla kpena ɖe mía ŋu míeɖoa míaƒe gbɔgbɔmetaɖodzinuwo gbɔ. Bu ƒome ƒe ta aɖe si va se le eɖokui me be dzo megale ye me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu abe tsã ene o la ŋu kpɔ. Esi esia ɖe fu nɛ ta la, eɖoe be yeazu gbesiagbe mɔɖela eye yeaxlẽ nyati siwo dze le míaƒe magazinewo me ku ɖe mɔɖeɖedɔa ŋu. Esia wɔwɔ kple gbedodoɖa tui ɖo hedo ŋusẽe le gbɔgbɔ me. Ewɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa hã ɣesiaɣi si wòate ŋui. Nu kae va do tso eme? Togbɔ be edo go mɔxenuwo hã la, eƒe ŋku nɔ taɖodzinu si wòɖo na eɖokui be yeazu gbesiagbe mɔɖela la dzi, eye eva ɖo taɖodzinua gbɔ mlɔeba.

MIMLA MIA VIWO LE YEHOWA ƑE AMEHEHE ME

Ðeviwo metea ŋu dea vovo nyui kple vɔ̃ dome le wo ɖokui si o; ele be woahe wo (Kpɔ memama 8)

8-10. Nu kae ate ŋu akpe ɖe dzila Kristotɔwo ŋu be woamla wo viwo ale be woava subɔ Yehowa? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Mɔnukpɔkpɔ xɔasi aɖee su dzila Kristotɔwo si be woamla wo viwo “le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Ef. 6:4) Esia nye agba gã aɖe ŋutɔ, vevietɔ le egbexexe sia me. (2 Tim. 3:1-5) Le nyateƒe me la, ne wodzi ɖeviwo la, wometea ŋu dea vovo nyui kple vɔ̃ dome le wo ɖokui si o. Togbɔ be dzitsinya le wo si hã la, ehiã be woana hehee, alo amlae. (Rom. 2:14, 15) Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ be woate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be “amehehe” la gɔme be “ɖevi ƒe tsitsi.”

9 Zi geɖe la, ɖevi siwo wohe le lɔlɔ̃ me la sena le wo ɖokui me be yewole dedie. Wova dea dzesii be seɖoƒe li na ablɔɖe eye nyametsotso kple nuwɔna ɖe sia ɖe kple eƒe emetsonuwoe—ate ŋu anye nyui alo vɔ̃. Eya ta, ele vevie ŋutɔ be dzila Kristotɔwo nabia Yehowa be wòafia mɔ yewo. Migaŋlɔ be o be susu siwo le amewo si ɖe vihehe ŋu mele ɖeka le afi sia afi o, eye susuawo trɔna ne dzidzimeawo va le yiyim. Ne dzilawo wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi la, mahiã be woate mɔnu vovovowo kpɔ be kae adze edzi hã o; eye womaɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔwo ƒe nunya alo nuteƒekpɔkpɔ ŋu hã o.

10 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Noa ƒe kpɔɖeŋua me. Esi Yehowa gblɔ na Noa be wòakpa aɖakaʋua la, Noa mate ŋu aɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ ŋu o, elabe mekpa aɖakaʋu kpɔ o. Eya ta, ele nɛ be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ahawɔ “pɛpɛpɛ” abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene. (1 Mose 6:22) Nu kae do tso eme? Medo kpo nu hafi gatee kpɔ o, ke boŋ ekpɔ dzidzedze le aɖakaʋua kpakpa me. Ele nɛ godoo be wòakpa aɖakaʋua nyuie! Noa kpɔ dzidzedze le viawo hehe hã me, eye nu ɖeka ma ke koe kpe ɖe eŋu: eyae nye be eɖo ŋu ɖe Mawu ƒe nunya ŋu. Esia fia be, efia nu viawo nyuie eye wòɖo kpɔɖeŋu nyui na wo; eye esi xexea me yɔ fũu kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ta la, esia wɔwɔ manɔ bɔbɔe nɛ kura o.—1 Mose 6:5.

11. Aleke gbegbee dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le vevie le wo viwo hehe me?

11 Dzilawo, nu kae akpe ɖe mía ŋu be míawɔe “pɛpɛpɛ” abe ale si Noa wɔe ene? Miɖo to Yehowa. Mina wòato eƒe Nyaa kple mɔfiame siwo míexɔna tso eƒe habɔbɔa gbɔ la dzi afia vihehe mi. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, mia viwo ava da akpe na mi ɖe eta! Nɔviŋutsu aɖe ŋlɔ bena: “Medaa akpe ɖe ale si dzinyelawo mlam la ta ale gbegbe. Wowɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe ɖo nye dzi gbɔ.” Egblɔ be woawo koŋue kpe ɖe ye ŋu yewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi. Gake togbɔ be dzila aɖewo wɔa woƒe ŋutete katã hã la, ɖevi aɖewo va trɔna le Yehowa yome. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, dzitsinya nyui nɔa dzila siwo wɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yewoaƒã nyateƒea ɖe yewo viwo ƒe dziwo me la si. Woate ŋu akpɔ mɔ hã be ɖevi siwo do le nyateƒea me la atrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ gbe ɖeka.

12, 13. (a) Ne woɖe ɖevi aɖe le haa me la, aleke dzila Kristotɔwo ɖenɛ fiana be yewoɖoa to Mawu? (b) Esi ƒome aɖe ɖo to Yehowa ƒe gbe la, aleke esia ɖe vi na woe?

12 Ne woɖe ɖevi aɖe le haa me la, toɖoɖo ƒe dodokpɔ sesẽ aɖe dzea ŋgɔ edzilawo. Bu vidada aɖe si ƒe vinyɔnu woɖe le haa me la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Vidada la gblɔ be: “Media nyawo le míaƒe agbalẽwo me siwo matsɔ ado taflatsɛ ale be mate ŋu ade ha kple vinyenyɔnua kple mamayɔvinyea.” Gake srɔ̃a kpe ɖe eŋu dɔmenyotɔe be wòase egɔme be yewo via megale yewo si me o, eye ehiã be yewoaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

13 Ƒe aɖewo megbe la, wogbugbɔ xɔ wo vinyɔnua ɖe haa me. Vidadaa gblɔ be: “Fifia, eƒoa ka nam alo ɖoa text message ɖem gbe sia gbe kloe! Eye edea bubu geɖe nye kple srɔ̃nye ŋu, elabe enyae be míeɖo to Mawu ƒe gbe. Fifia, nye kple vinyea dome le kplikplikpli.” Ne woɖe viwò aɖe le haa me la, ɖe ‘nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye màɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu oa’? (Lod. 3:5, 6) Miɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe amehehe ɖea eƒe nunya kple eƒe lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kplii o la fiana. Migaŋlɔ be gbeɖe o be etsɔ Via na ɖe amewo katã ta, eye mia via hã le eme. Mawu medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o. (Xlẽ 2 Petro 3:9.) Eya ta, mika ɖe edzi be Yehowa ƒe amehehe kple eƒe mɔfiafia ye nye nyuitɔ. Miyi edzi miaka ɖe edzi, nenye be ele sesẽm na mi be miaɖo to Yehowa gɔ̃ hã. Ɛ̃, mikpe asi ɖe Mawu ƒe amehehe ŋu, migatsi tsitre ɖe eŋu o.

AMEHEHE LE HAMEA ME

14. Aleke mɔfiame siwo Yehowa nana mí to “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” la dzi la ɖea vi na mí?

14 Yehowa do ŋugbe be yealé be na Kristo hamea, akpɔ eta, ahafia nui. Ewɔa esia to mɔ vovovowo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ede dɔ asi na Via be wòalé be na hamea, eye eya hã ɖo “aƒedzikpɔla nuteƒewɔla” aɖe be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu hamea le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (Luka 12:42) Enaa gbɔgbɔmenuɖuɖua le mɔ vovovowo nu; gbɔgbɔmenuɖuɖua nye nufiame xɔasi siwo naa hehe mí. Ðe nèse nuƒo aɖe kpɔ alo xlẽ nyati aɖe le míaƒe magazinewo me eye wòʋã wò nètrɔ wò susu alo agbenɔnɔ kpɔa? Ele be dzi nadzɔ wò be nèwɔ tɔtrɔ mawo! Efia be èɖe mɔ be Yehowa namla wò, alo ahe wò, ale be eme nanyo na wò.—Lod. 2:1-5.

15, 16. (a) Aleke “nunana siwo nye amewo” la ƒe dɔwo ate ŋu aɖe vi na mí le hamea me? (b) Nu kae míawɔ be hamemetsitsiwo nawɔ woƒe dɔa kple dzidzɔ?

15 Gakpe ɖe eŋu la, Kristo tsɔ “nunana siwo nye amewo” la na hame la—woawoe nye hamemetsitsi siwo le Mawu ƒe alẽha la kplɔm. (Ef. 4:8, 11-13) Nu kae míawɔ be dɔ siwo hamemetsitsiwo wɔna la naɖe vi na mí? Ðekae nye be míasrɔ̃ woƒe xɔse kpakple woƒe kpɔɖeŋu nyuiwo. Bubue nye be míawɔ ɖe aɖaŋu siwo woɖona na mí tso Ŋɔŋlɔawo me la dzi. (Xlẽ Hebritɔwo 13:7, 17.) Ðo ŋku edzi be hamemetsitsiwo lɔ̃ mí eye wodi be míatsi le gbɔgbɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ne wode dzesii be míedea kpekpeawo edziedzi o alo dzo si le mía me la le tsitsim la, woɖea afɔ kaba be yewoakpe ɖe mía ŋu. Woagbɔ dzi ɖi aɖo to mí eye woadze agbagba azã Ŋɔŋlɔawo me dzideƒonyawo kple aɖaŋuɖoɖowo atsɔ atu mí ɖo. Ðe nèbua kpekpeɖeŋu mawo be wonye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ wòa?

16 Nenɔ susu me na wò be, ɣeaɖewoɣi la, menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo be woaɖo aɖaŋu na mí o. Le kpɔɖeŋu me, esi David wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye wòdze agbagba be yeatsyɔ nu edzi la, bu ale si gbegbe wòasesẽ na nyagblɔɖila Natan be wòaƒo nu na fia lae ŋu kpɔ! (2 Sam. 12:1-14) Ðikeke mele eme o be, nenema kee wòahiã be apostolo Paulo hã nalé dzi ɖe ƒo hafi aɖɔ Petro, si nye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka, la ɖo esime wònɔ nɔvia Yudatɔwo dzi dem. (Gal. 2:11-14) Eya ta, nu kae nàwɔ be agba si le miaƒe hamemetsitsiwo dzi la tsɔtsɔ nanɔ bɔbɔe na wo wu? Bɔbɔ ɖokuiwò, na wòanɔ bɔbɔe na wo be woate ɖe ŋuwò, eye nànye akpedala. Bu kpekpeɖeŋu si wonana wò la be enye kpeɖodzi be Mawu lɔ̃ wò. Menye ɖeko esia aɖe vi na wò ko evɔ o, ke ana hã be woawɔ woƒe dɔa kple dzidzɔ.

17. Aleke hamemetsitsiwo kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋui?

17 Le nu siwo me nɔvinyɔnu aɖe to va yi ta la, enɔ sesẽm nɛ be wòalɔ̃ Yehowa. Egblɔ be: “Esi nu siwo me meto va yi kple kuxi bubuwo wɔe be nu te ɖe dzinye vevie la, mede dzesii be ele be magblɔe na hamemetsitsiwo. Womedo dziku alo he nya ɖe ŋunye o, ke boŋ wode dzi ƒo nam hedo ŋusẽm. Le hamea ƒe kpekpe ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, aleke kee dɔ ɖale wo dzii o, wo dometɔ ɖeka ya teti abiam be aleke mefɔ hã. Le nu siwo me meto va yi ta la, menɔ sesem le ɖokuinye me be Mawu mate ŋu alɔ̃m o. Gake Yehowa zã hamemetsitsiwo zi gbɔ zi geɖe tsɔ ka ɖe edzi nam enuenu be yelɔ̃m. Medoa gbe ɖa be nye kplii dome nanɔ kplikplikpli ɖaa.”

NU KAE VENA WU VEVE SI MÍASE NE WOÐƆ MÍ ÐO?

18, 19. Nu kae vena wu veve si míase ne woɖɔ mí ɖo? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

18 Togbɔ be tohehe vena hã la, nu bubu aɖe li si vena wu—eyae nye nu si gblẽna le mía ŋu ne míegbe amehehe. (Heb. 12:11) Bu Kain kple Fia Zedekiya ƒe kpɔɖeŋuawo ŋu kpɔ. Esi Kain va lé fu nɔvia Abel kaɖikaɖi la, Mawu xlɔ̃ nu Kain be: “Nu ka tae nèdo dɔmedzoe heyɔ mo? Ne ètrɔ hewɔ nyui la, ɖe womakpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò oa? Ke ne mètrɔ hewɔ nyui o la, ekema nu vɔ̃ de xa ɖe mɔnu na wò, eye wòdi vevie be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò; gake ɖe màɖu edzi oa?” (1 Mose 4:6, 7) Kain meɖo to Mawu o. Nu vɔ̃ va ɖu edzi mlɔeba. Aleke gbegbe Kain he vevesese kple fukpekpe va eɖokui dzi dzodzro ye nye esi! (1 Mose 4:11, 12) Ne ɖe Kain ɖo to Yehowa ƒe nuxlɔ̃amea la, anye ne mase veve ma gbegbe o.

19 Zedekiya nye fia vɔ̃ɖi kple vɔvɔ̃nɔtɔ; eye le eƒe dziɖuɣi la, nuwo gblẽ le Yerusalem ale gbegbe. Nyagblɔɖila Yeremiya xlɔ̃ nui enuenu be wòaɖe asi le eƒe mɔ vɔ̃wo ŋu, gake fia la gbe amehehe. Le eya hã gome la, nuwo meva yi nyuie kura o. (Yer. 52:8-11) Yehowa medina be míakpe fu dzodzro alea o!—Xlẽ Yesaya 48:17, 18.

20. Aleke etsɔme ava nɔ na ame siwo xɔa Mawu ƒe amehehe kple ame siwo gbe eƒe amehehe?

20 Le xexea me la, amewo gbe Mawu ƒe amehehe, eye womedina be yewoamla yewo ɖokui hã o. Gake eteƒe madidi o, gbegblẽ ava ame siwo katã gbe amehehe la dzi. (Lod 1:24-31) Eya ta, ‘ɖo to amehehe, ne nàdze nunya.’ Abe ale si Lododowo 4:13 gblɔe ene la, “và amehehe goŋgoŋ; mègana wòado le asiwò me o. Lé eme ɖe asi, elabena eyae nye wò agbe.”