Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amehehe—Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Ye Wònye

Amehehe—Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ɖeɖefia Ye Wònye

“Ame si Yehowa lɔ̃na la, eyae wòhea to na.”​—HEB. 12:6.

HADZIDZI: 123, 86

1. Aleke woƒoa nu tso amehehe ŋu zi geɖe le Biblia me?

NE ÈSE nya “amehehe” la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ, wò susu ayi tohehe dzi gbã, gake elɔ nu geɖe ɖe eme wu ema. Le Biblia me la, woƒo nu nyui tso amehehe ŋu zi geɖe, eye ɣeaɖewoɣi la, woyɔnɛ kpena ɖe nyawo abe, sidzedze, nunya, lɔlɔ̃ kple agbe ene ŋu. (Lod. 1:2-7; 4:11-13) Nu si tae nye be, Mawu ƒe amehehe nye kpeɖodzi be elɔ̃ mí eye wòdi be míakpɔ agbe mavɔ. (Heb. 12:6) Togbɔ be tohehe ate ŋu akpe ɖe eƒe amehehe ŋu ɣeaɖewoɣi hã la, mehea to na ame tagbɔsesẽtɔe alo hea to wògbɔa eme gbeɖe o. Le nyateƒe me la, gɔmesese si koŋ le nya “amehehe” ŋue nye nufiafia ame, abe ale si ko dzila mlaa via si wòlɔ̃ ene.

2, 3. Aleke amehehe lɔ nufiafia kple tohehe siaa ɖe eme? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ŋutsuvi sue aɖe si ŋkɔe nye Johnny la le bɔl ƒom le xɔ me. Nɔa gblɔ nɛ be: “Johnny, ènyae be mele be nànɔ bɔl ƒom le xɔ me o! Bɔl-a ate ŋu adze nane wòagbã.” Gake edo toku nya si nɔa gblɔ nɛ heyi bɔl-a ƒoƒo dzi, eye mlɔeba, bɔl-a dze anyize aɖe wògbã. Aleke nɔa awɔ amehehe ŋu dɔ le go sia me? Eƒe amehehea ate ŋu alɔ nufiafia kple tohehe ɖe eme. Le nufiafia gome la, ate ŋu aɖo ŋku nu si tae nu si Johnny wɔ la mesɔ o la dzi nɛ. Le esia wɔwɔ me la, Johnny dada ƒe didi ye nye be yeafia nu si tae nunya le eme be Johnny naɖo to edzilawo lae, eye aɖe eme nɛ be se siwo yewode nɛ la le vevie eye wo dzi wɔwɔ mesesẽ akpa o. Eyome, be wòakpe ɖe Johnny ŋu wòase esia ƒe vevienyenye gɔme la, ahe to nɛ le mɔ aɖe nu. Le kpɔɖeŋu me, dadaa ate ŋu axɔ bɔl-a le esi hena ɣeyiɣi aɖe. Esia ate ŋu ana wòakpɔe be tomaɖomaɖo gblẽa nu le ame ŋu.

3 Mí ame siwo nye Kristo hamea me tɔwo la míenye Mawu ƒe aƒemetɔwo. (1 Tim. 3:15) Eya ta, míedea bubu gome si le Yehowa si be wòade sewo eye wòahe to na mí le lɔlɔ̃ me ne míeda le eƒe sewo dzi la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ne míaƒe nuwɔnawo gblẽ nu le míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu eye Yehowa he to na mí la, esia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu sia tae wòle vevie be míaɖo to eyama. (Gal. 6:7) Mawu tsɔ ɖe eme na mí eye edi be míaƒo asa na vevesese si nu gbegblẽ wɔwɔ ahe vɛ.—1 Pet. 5:6, 7.

4. (a) Amehehe ka dzie Yehowa yrana ɖo? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

4 Ne míetu míaƒe amehehe ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi la, míate ŋu akpe ɖe mía vi alo míaƒe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòaɖo taɖodzinu si nye be wòazu Kristo yomedzela la gbɔ. Mawu ƒe Nyaa, si nye dɔwɔnu vevitɔ si míezãna le amehehe me la, kpena ɖe mía ŋu be ‘míahe ame le dzɔdzɔenyenye me.’ Eya ta, míezãnɛ tsɔ kpena ɖe mía viwo alo Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woase ‘nu siwo katã ƒe se Yesu de na mí’ la gɔme ahawɔ wo dzi. (2 Tim. 3:16; Mat. 28:19, 20) Yehowa yrana ɖe amehehe sia, si nana nusrɔ̃viwo hã tea ŋu kpena ɖe ame bubuwo ŋu wova zua Kristo yomedzelawo la dzi. (Xlẽ Tito 2:11-14.) Azɔ, na míadzro biabia vevi etɔ̃ siawo me: (1) Aleke Mawu ƒe amehehe ɖoa kpe edzi be elɔ̃ mí? (2) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ame siwo Mawu ɖɔ ɖo le blema la ƒe ŋutinyawo me? (3) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Via ƒe kpɔɖeŋu ne míele amewo ɖɔm ɖo?

MAWU ÐƆA AME ÐO LE LƆLƆ̃ ME

5. Mɔ kawo nue Yehowa ƒe amehehe ɖea eƒe lɔlɔ̃ na fiana le?

5 Esi Yehowa lɔ̃ mí ta la, eɖɔa mí ɖo, efiaa nu mí, eye wònaa hehe mí, ale be míakpɔtɔ anɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ahanɔ agbemɔa dzi. (1 Yoh. 4:16) Meɖia gbɔ̃ mí alo wɔa nu siwo ana míase le mía ɖokui me be viɖe aɖeke mele mía ŋu o la gbeɖe o. (Lod. 12:18) Ke boŋ, Yehowa dea bubu mía ŋu, eléa ŋku ɖe nyuiwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ si le mía me ŋu eye mezia mía dzi be míawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu o. Ðe nèkpɔe be hehe siwo katã míexɔna to Mawu ƒe Nyaa, míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo, mía dzila Kristotɔwo, alo hamemetsitsiwo dzi la ɖoa kpe edzi be Yehowa lɔ̃ mía? Le nyateƒe me la, hamemetsitsi siwo dzea agbagba be yewoaɖɔ mí ɖo le tufafa kple lɔlɔ̃ me ne míeɖe “afɔ baɖa” aɖe, ɖewohĩ le manyamanya me la, ɖea Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fiana.—Gal. 6:1.

6. Ne amehehea bia be woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le mía si la, aleke esia ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ fianae?

6 Gake ɣeaɖewoɣi la, amehehe biaa nu geɖe wu aɖaŋuɖoɖo na ame alo nuxɔxlɔ̃ ame ko. Ne míewɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya la, ate ŋu ahiã be woaxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le mía si le hamea me. Ne edzɔ alea gɔ̃ hã la, amehehe sia ɖenɛ fiana be Mawu lɔ̃ mí. Le kpɔɖeŋu me, ne woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le nɔvi aɖe si la, esia ate ŋu akpe ɖe eŋu wòakpɔ nu si tae wòle vevie be wòalé fɔ ɖe ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃, ŋugbledede kple gbedodoɖa ŋu geɖe wu. Esia ate ŋu ana ŋusẽ naɖo eŋu le gbɔgbɔ me. (Ps. 19:7) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ mawo agate ŋu ava su esi ake. Ne woɖe ame aɖe le haa me gɔ̃ hã la, esia ɖea Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fiana, elabe afɔɖeɖe sia kpɔa hamea ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo me. (1 Kor. 5:6, 7, 11) Eye esi wònye be Mawu hea to na ame ale si dze ta la, ne woɖe nu gbegblẽ wɔla aɖe le haa me la, esia ate ŋu ana wòakpɔ ale si gbegbe eƒe nu vɔ̃a nye ŋkubiãnyae la adze sii eye wòaʋãe wòatrɔ dzi me.—Dɔw. 3:19.

YEHOWA ƑE AMEHEHE ÐE VI NƐ

7. Ame kae nye Sebna, eye nɔnɔme gbegblẽ kae va su esi?

7 Be míakpɔ ale si gbegbe amehehe le vevie la, na míadzro ame eve aɖewo siwo Yehowa ɖɔ ɖo la ƒe ŋutinyawo me kpɔ: Ame gbãtɔae nye Sebna, si nɔ anyi le Fia Hizkiya ŋɔli, eye eveliae nye nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Graham. Sebna nye “aƒedzikpɔla”—anɔ eme be Hizkiya ƒe aƒedzikpɔla ye wònye—eye ŋusẽ geɖe nɔ esi. (Yes. 22:15) Gake nublanuitɔe la, eva zu dadala si nɔ bubu gã dim na eɖokui. Eɖe yɔdo xɔasi aɖe na eɖokui, eye wònɔa ‘tasiaɖam siwo woɖo atsyɔ̃ na’ la me!—Yes. 22:16-18.

Ne míebɔbɔ mía ɖokui hetrɔ míaƒe nɔnɔme la, Mawu ayra mí (Kpɔ memama 8-10)

8. Aleke Yehowa ɖɔ Sebna ɖoe, eye nu kae do tso eme?

8 Esi wònye be Sebna di bubu na eɖokui ta la, Mawu ‘xɔ dɔ le esi’ eye wòna Eliyakim va xɔ ɖe eteƒe. (Yes. 22:19-21) Esia dzɔ le ɣeyiɣi si me Asiriatɔwo ƒe Fia Senakerib nɔ didim be yeadze Yerusalem dzi. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, fia ma dɔ eƒe amegãwo ɖo ɖe Yerusalem hekpe ɖe aʋakɔ gã nyadri aɖe ŋu kple susu be yeaɖe dzi le Yudatɔwo ƒo ahana vɔvɔ̃ naɖo Hizkiya ne wòana ta. (2 Fia. 18:17-25) Wodɔ Eliyakim ɖa be wòaɖaƒo nu kple amedɔdɔawo, gake menye eya ɖeka koe yi o. Ame eve kpe ɖe eŋu; wo dometɔ ɖekae nye Sebna, si va zu agbalẽŋlɔla azɔ. Edze abe Sebna mebi dzi helé dziku ɖe dɔ me o ene, ke boŋ, ebɔbɔ eɖokui va xɔ ɖoƒe si le tsɛ wu. Ne nenemae la, ɖe míate ŋu asrɔ̃ nane tso eƒe ŋutinyaa mea? Na míabu wo dometɔ etɔ̃ ŋu kpɔ.

9-11. (a) Nufiame vevi kawoe le Sebna ƒe ŋutinyaa me na mí? (b) Aleke nèse le ɖokuiwò me tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Sebna ŋui la ŋu?

9 Gbã, ɖoƒe si Sebna nɔ la ge le esi. Nu si dzɔ ɖe edzi la ɖo kpe nuxlɔ̃amenya si nye be “dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi doa ŋgɔ na anyidzedze” la dzi. (Lod. 16:18) Ne subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo le asiwò le hamea me eye nɔviwo dea bubu ŋuwò la, ɖe nàyi edzi abɔbɔ ɖokuiwòa? Ðe nàtsɔ ŋutete ɖe sia ɖe si le asiwò kpakple nu siwo nète ŋu wɔna la ƒe kafukafua ana Yehowa? (1 Kor. 4:7) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Mele egblɔm na mia dometɔ ɖe sia ɖe be wòagabu eɖokui ŋu wu ale si dze o, ke boŋ be wòabu ale si wòanɔ ŋute le susu me ŋu.”—Rom. 12:3.

10 Evelia, esi Yehowa gbe nya na Sebna vevie ta la, esia ɖee fia be Yehowa anya ka ɖe edzi be Sebna ate ŋu atrɔ eƒe agbenɔnɔ. (Lod. 3:11, 12) Esia nye nufiame nyui aɖe na ame siwo si woxɔ subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo le le Mawu ƒe amewo dome egbea. Masɔ be woabi dzi ahalé dziku ɖe dɔ me o, ke boŋ anyo be woayi edzi anɔ Mawu subɔm kple woƒe ŋutete katã, eye woabu tohehea be enye kpeɖodzi be Yehowa lɔ̃ yewo. Ðo ŋku edzi be, ne míebɔbɔ mía ɖokui le mía Fofo la ŋkume la, mabu mí be míenye ame siwo mate ŋu atrɔ o. (Xlẽ 1 Petro 5:6, 7.) Ale si Mawu ɖɔa mí ɖo le lɔlɔ̃ me la ate ŋu anye mɔ si dzi wòato amla mí. Eya ta, mina míanɔ abe tsu si ŋu woate ŋu atrɔ asi le bɔbɔe ene le eƒe asi me.

11 Etɔ̃lia, ale si Yehowa wɔ nu ɖe Sebna ŋui la nye nufiame vevi aɖe na ame siwo wòna ŋusẽe be woaɖɔ ame bubuwo ɖo, abe dzilawo kple Kristotɔ dzikpɔlawo ene. Nu kawoe woate ŋu asrɔ̃ tso eme? Yehowa ƒe amehehe nana míekpɔnɛ be elé fu vɔ̃, ke hã, eganana míekpɔnɛ be etsɔ ɖe le eme na ame si wɔ nu vɔ̃a. Ne dzila alo hamemetsitsie nènye la, ɖe nàsrɔ̃ Yehowa le go sia me be nàlé fu nu gbegblẽ si viwòa alo haxɔsetɔa wɔ evɔ wò ŋku nanɔ eƒe nyuiƒewo hã ŋua?—Yuda 22, 23.

12-14. (a) Aleke ame aɖewo wɔa nui ne Mawu he to na wo? (b) Aleke Mawu ƒe Nya la kpe ɖe nɔviŋutsu aɖe ŋu wòtrɔ eƒe nɔnɔme, eye nu kae do tso eme?

12 Nublanuitɔe la, ne wohe to na ame aɖewo la, etena ɖe wo dzi ale gbegbe be wova tena ɖa le Mawu ŋu eye wodzudzɔa hadede kple eƒe amewo gɔ̃ hã. (Heb. 3:12, 13) Gake ɖe esia fia be womate ŋu akpe ɖe ame siawo ŋu woatrɔ oa? Bu Graham, si woɖe le haa me eye ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbugbɔ xɔe gake emegbe wòva dzudzɔ gbeadzidede la ŋu kpɔ. Ƒe aɖewo megbe la, ebia tso hamemetsitsi aɖe si dze xɔlɔ̃e la si be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye.

13 Hamemetsitsia gblɔ be: “Graham ƒe kuxie nye dada. Eƒoa nu tsia tsitre ɖe hamemetsitsi siwo kpɔ eƒe nyaa gbɔ heɖee le haa me la ŋu. Eya ta, le míaƒe nusɔsrɔ̃ ʋɛ siwo kplɔe ɖo me la, míedzro ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso dada kple emetsonuwo ŋu la me. Graham va kpɔ ame si ƒomevi eya ŋutɔ nye la nyuie le Mawu ƒe Nyaa ƒe kpekpeɖeŋu me, eye nu si wòkpɔ la medzɔ dzi nɛ kura o! Dɔ si esia wɔ ɖe edzi la wɔ nuku ŋutɔ! Esi wòlɔ̃ ɖe edzi be dada gbã ŋku na ye abe ‘atikpo’ gã aɖee le yeƒe ŋku dzi ene eye wòva nyae be vodadadidi le ame ŋu ƒe nɔnɔme si le ye si lae nye yeƒe kuxi vɔ la, ewɔ tɔtrɔ nyuiwo kabakaba. Eva te Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi, esrɔ̃a Mawu ƒe Nya la veviedodotɔe, eye wòdoa gbe ɖa na Mawu gbe sia gbe. Eva lé fɔ ɖe agba si le edzi abe ƒome ƒe ta ene la ŋu ale gbegbe be srɔ̃a kple viawo kpɔa dzidzɔ.”—Luka 6:41, 42; Yak. 1:23-25.

14 Hamemetsitsia yi edzi be: “Gbe ɖeka, Graham gblɔ nya aɖe si wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ. Egblɔ be, ‘Ƒe geɖee nye esia mele nyateƒea me, eye mewɔ mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã kpɔ. Gake fifia ko hafi mate ŋu agblɔ anukwaretɔe be melɔ̃ Yehowa.’ Esia megbe kpuie la, wode dɔ asi nɛ be wòanɔ nuƒomɔ̃ lém ɖe asi na nɔviwo le Fiaɖuƒe Akpata me ne wole nya ŋu ɖom, eye edea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ale gbegbe. Eƒe kpɔɖeŋua na mekpɔe be, ne ame aɖe bɔbɔ eɖokui le Mawu ŋkume hexɔ tohehe si wònae la, edudua yayrawo ɖe edzi!”

SRƆ̃ MAWU KPLE KRISTO LE AMEHEHE ME

15. Ne míedi be míaƒe amehehe nawɔ dɔ nyui ɖe amewo dzi la, nu kae wòle be míawɔ?

15 Hafi míate ŋu anye nufiala nyuiwo la, ele be míawo ŋutɔwo míalé fɔ ɖe nusɔsrɔ̃ ŋu gbã. (1 Tim. 4:15, 16) Nenema kee wòle na ame siwo Mawu na ŋusẽe be woana hehe ame bubuwo la be woayi edzi alɔ̃ faa abɔbɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiafia te. Ne ame bubuwo kpɔe be èbɔbɔa wo ɖokuiwò la, awɔe be woade bubu ŋuwò eye anɔ bɔbɔe na wo be woalɔ̃ faa axɔ wò aɖaŋuɖoɖowo. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ.

16. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso amehehe kple nufiafia si wɔa dɔ nyuie la ŋu tso Yesu gbɔ?

16 Yesu ɖoa to Fofoa ɣesiaɣi, ne esia bia be wòakpe fu vevie gɔ̃ hã. (Mat. 26:39) Eye etsɔ nu siwo wòfia amewo kple nunya si su esi la ŋuti kafukafua na Fofoa. (Yoh. 5:19, 30) Esi Yesu bɔbɔ eɖokui heɖoa to Fofoa ta la, esia he dzi anukwaretɔwo ɖe eŋu eye ewɔe hã be wònye nufiala si sea veve ɖe ame nu, si ƒe nu nyoa ame ŋu. (Xlẽ Luka 4:22.) Eƒe nya tuameɖowo dea dzi ƒo na ame siwo le abe aƒla si ŋe vɔ kloe alo akaɖi me ɖovu bibi si le tsitsim la ene. (Mat. 12:20) Ne amewo wɔ nu wòte ɖe Yesu dzi gɔ̃ hã la, eyia edzi wɔa nu le dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ me. Esia ɖe dzesi le ale si wòɖɔ eƒe apostolowo ɖo esime woɖe ɖokuitɔdidi kple nɔƒe gã didi ƒe nɔnɔme fia la me.—Marko 9:33-37; Luka 22:24-27.

17. Nɔnɔme nyui kawoe akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakplɔ Mawu ƒe alẽha la nyuie?

17 Ehiã be ame siwo katã Mawu na ŋusẽe be woazã Ŋɔŋlɔawo atsɔ aɖo aɖaŋu na ame bubuwo la nasrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋu. Ne wowɔe alea la, aɖee afia be wole lɔlɔ̃m faa be Mawu kple Via nafia mɔ yewo. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, misubɔ abe dzikpɔlawo ene, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa le Mawu ŋkume; menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple dzi faa; menye be miaɖu aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu tɔ la dzi o, ke boŋ be miazu kpɔɖeŋu na alẽha la.” (1 Pet. 5:2-4) Hamemetsitsi siwo bɔbɔna ɖe Mawu kple Kristo, si nye hamea ƒe ta, ƒe kpɔkplɔ te dzidzɔtɔe la ƒe agbagbadzedzewo ɖea vi na woawo ŋutɔwo kple ame siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la siaa.—Yes. 32:1, 2, 17, 18.

18. (a) Nu kae Yehowa di tso dzilawo si? (b) Aleke Mawu kpena ɖe dzilawo ŋu be woate ŋu atsɔ woƒe agbanɔamedzia nyuie?

18 Gɔmeɖose vevi ma wɔa dɔ le ƒomea hã me. Mawu gblɔ na ƒome ƒe tawo be: “Mi fofowo, miganɔ dziku dom na mia viwo o, ke boŋ miyi edzi mianɔ wo hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Ef. 6:4) Aleke gbegbee nya sia nye ŋkubiãnyae? Lododowo 19:18 gblɔ be: “He . . . viwò, esime mɔkpɔkpɔ gali, eye mègana eƒe ku ƒe fɔɖiɖi nanɔ dziwò o.” Ɛ̃, Yehowa abia akɔnta tso dzila Kristotɔwo si ne womehe wo viwo ale si dze o! (1 Sam. 3:12-14) Gake Yehowa naa nunya kple ŋusẽ si hiã la dzilawo ne woƒo koko nɛ ɖokuibɔbɔtɔe, ne woku nu me le eƒe Nya la me, eye wozɔ ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi.—Xlẽ Yakobo 1:5.

MÍELE ALE SI MÍANƆ AGBE LE ŊUTIFAFA ME TEGBEE LA SRƆ̃M

19, 20. (a) Ne míelɔ̃ xɔ Mawu ƒe amehehe la, yayra kawoe dona tso eme? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Asesẽ ŋutɔ be míagblɔ yayra siwo katã dona tso eme ne míelɔ̃ xɔ Mawu ƒe amehehe eye míesrɔ̃ Yehowa kple Yesu le ale si míehea ame bubuwoe me. Ne mede ɖeke o la, ƒomewo kple hamewo nɔa anyi le ŋutifafa me. Ame sia ame sena le eɖokui me be wolɔ̃ ye, wodea asixɔxɔ ye ŋu, eye yele dedie—esia nye yayra siwo gbegbe le ŋgɔ gbɔna la ƒe kpɔkplɔyiɖeme ko. (Ps. 72:7) Vavãe, manye amiɖeɖe ɖe nya be míagblɔ be Yehowa ƒe amehehe fiaa ale si míanɔ agbe tegbee le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ blibo me la mí, abe ƒome ɖeka si le eƒe kpɔkplɔ te la ene o. (Xlẽ Yesaya 11:9.) Ne míebua Mawu ƒe amehehe alea la, míakpɔ nu si tututu amehehe nye la adze sii nyuie: enye mɔ nyui aɖe si dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be yelɔ̃ mí.

20 Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míagaƒo nu tso amehehe le ƒomea kple hamea me ŋu ayi ŋgɔe. Míasrɔ̃ nu tso ale si míamla mía ɖokuiwo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míadzro ale si míaƒo asa na nane si vena wu veve si míase ne woɖɔ mí ɖo.