Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae wotaa apostolo Paulo abe ame si ƒe ta bebe alo ame si ɖa vɔ le ta na ene le Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me?

Le nyateƒe me la, ame aɖeke meli egbea si nya ale si tututu Paulo ƒe dzedzeme nɔ o. Nɔnɔmetata siwo le míaƒe agbalẽwo me la nye nutalawo ƒe aɖaŋudɔwo, eye womenye nɔnɔmetata siwo wotu ɖe blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe numekukuwo dzi o.

Ke hã, nanewo na míenya ale si Paulo ƒe dzedzeme anya nɔ. Le kpɔɖeŋu me, March 1, 1902, ƒe Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso kpeɖodziawo dometɔ ɖeka ŋu be: “Le Paulo ƒe dzedzeme gome la: . . . Woɖɔ ale si Paulo ƒe dzedzeme nɔ la le agbalẽ si nye ‘Paulo Kple Thecla Ƒe Dɔwɔwɔwo,’ . . . si woŋlɔ le ƒe 150 K.Ŋ. me lɔƒo la me, eye anɔ eme be emae nye nyuitɔ kekeake si sɔ ɖe esi wonya tso blema la nu. Wogblɔ le agbalẽa me be ‘enye ame kpui, eƒe ta bebe, so fe atame nɛ, edzɔ atsu, eƒe adzugo eveawo kpe; eye eƒe ŋɔti didi.’”

Numekugbalẽ aɖe [The Oxford Dictionary of the Christian Church (1997 ƒe tata)] gblɔ tso agbalẽ ma ŋu be: “Ate ŋu anɔ eme be nya siwo le Paulo Kple Thecla Ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me la dometɔ aɖewo nye blema nyateƒenyawo.” Le ƒe alafa gbãtɔwo me la, wodea bubu Paulo Kple Thecla Ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ŋu ŋutɔ, eye eƒe Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ 80 siwo li fifia kple esiwo gɔme woɖe ɖe gbe bubuwo me hã ɖo kpe edzi nenema. Eya ta, apostoloa ƒe nɔnɔmetata siwo le míaƒe agbalẽwo me la wɔ ɖeka kple nu siwo blema gbalẽ aɖewo gblɔ tso eƒe dzedzeme ŋu.

Ele be míaɖo ŋku edzi be nu bubuwo le vevie wu Paulo ƒe dzedzeme. Esime Paulo nɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm gɔ̃ hã la, ame aɖewo gblɔ tso eŋu be “ne eya ŋutɔ le afi sia la, edzena ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” (2 Kor. 10:10) Gake mele be míaŋlɔ be o be Paulo va zu Kristotɔ to nukunu aɖe si Yesu wɔ dzi. Míate ŋu abu nu siwo gbegbe Paulo te ŋu wɔ esime wònye “dɔwɔnu tiatia aɖe [na Kristo], be wòatsɔ [Yesu ƒe] ŋkɔ la ayi na dukɔwo” la ŋu. (Dɔw. 9:3-5, 15; 22:6-8) Eye míate ŋu ade ŋugble le ale si Biblia gbalẽ siwo Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ la ate ŋu aɖe vi na míi hã ŋu.

Paulo metsɔ nu siwo me wòkpɔ dzidzedze le hafi va zu Kristotɔ la ƒo adegbee o, eye meƒo nu tso eya ŋutɔ ƒe dzedzeme hã ŋu o. (Dɔw. 26:4, 5; Flp. 3:4-6) Egblɔ be: “Nyee nye suetɔ le apostoloawo dome, eye nyemedze woayɔ be apostolo o.” (1 Kor. 15:9) Emegbe egagblɔ be: “Nye, ame si le sue wu ame kɔkɔewo katã ƒe suetɔ la nue wove alea be magblɔ Kristo la ƒe kesinɔnu gbogbo manyaxlẽawo ŋuti nya nyui la na dukɔwo.” (Ef. 3:8) Vavãe, gbedeasi sia le vevie wu ale si Paulo ƒe dzedzeme anya nɔ la nyanya.