Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amedzrowɔwɔ—Ehea Dzidzɔ Vɛ, Eye Ehiã Vevie Ŋutɔ!

Amedzrowɔwɔ—Ehea Dzidzɔ Vɛ, Eye Ehiã Vevie Ŋutɔ!

“Miwɔ amedzro na mia nɔewo liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.”​—1 PET. 4:9.

HADZIDZI: 100, 87

1. Aleke nuwo nɔ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me?

ƔEAÐEƔI le ƒe 62 va ɖo ƒe 64 K.Ŋ. me la, apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe “amedzro siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me.” (1 Pet. 1:1) Hame siwo nɔ nuto mawo me la me tɔwo tso teƒe vovovowo. Yometiti wɔe be wonɔ ‘tetekpɔ sesẽwo’ me tom, eye amewo gblɔa nya manyomanyowo ɖe wo ŋu. Eya ta, wohiã na dzideƒonyawo kple mɔfiame. Azɔ hã, ɣeyiɣi sesẽ aɖe lili wo. Petro ŋlɔ bena: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” Ɛ̃, made ƒe ewo hafi Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia nawu enu ŋɔdzitɔe o. Nu kae akpe ɖe Kristotɔwo ŋu le afi sia afi be woado dzi le nɔnɔme sesẽ mawo me?—1 Pet. 4:4, 7, 12.

2, 3. Nu ka tae Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye amedzrowɔlawo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

2 Petro gblɔ dzideƒonya geɖe na nɔvia Kristotɔwo; egblɔ na wo hã be: “Miwɔ amedzro na mia nɔewo liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.” (1 Pet. 4:9) Le Helagbe me la, nya “amedzrowɔwɔ” fia “amedzrowo lɔlɔ̃, alo dɔmenyonyo na amedzrowo.” Gake de dzesii be, Petro gblɔ na wo be, “Miwɔ amedzro na mia nɔewo,” si fia be woawɔ amedzro na nɔvi siwo wonya xoxo, siwo dome wonɔ. Aleke amedzrowɔwɔ aɖe vi na woe?

3 Ana wo dome nava nɔ kplikplikpli. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si wònɔ le gowòme ŋu kpɔ. Èɖo ŋku ale si dzi dzɔ wò esi nɔvi aɖe kpe wò va eƒe me la dzia? Ðe mèɖoa ŋku ŋkeke ma dzi kple dzidzɔ oa? Esi wò ŋutɔ nèkpe hamea me tɔwo va wò aƒe me la, ɖe mia kpli wo dome meva le kplikplikpli wu oa? Amedzrowɔwɔ na mía nɔvi Kristotɔwo nye mɔ nyui aɖe si dzi míato adze si wo nyuie wu. Ehiã be Kristotɔ siwo nɔ anyi le Petro ƒe ŋkekea me la nate ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli wu esime nɔnɔmeawo nɔ sesẽm ɖe edzi. Nenema kee wòle le Kristotɔ siwo le ‘ŋkeke mamlɛ’ siawo me hã gome.—2 Tim. 3:1.

4. Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Mɔnukpɔkpɔ kawoe sua mía si be míawɔ amedzro na ‘mía nɔewo’? Nu kawoe ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míawɔ amedzro na mía nɔviwo, eye aleke míate ŋu aɖu wo dzi? Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míanye amedzro nyuiwo?

AMEDZROWƆWƆ ƑE MƆNUKPƆKPƆWO

5. Aleke míate ŋu anye amedzrowɔlawo le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

5 Le kpekpewo me: Míexɔa ame siwo katã dea míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo la nyuie, elabe míenyae be ɖe wokpe mí katã be míava srɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Yehowa kple eƒe habɔbɔa ye kpe mí. (Rom. 15:7) Ne ame yeyewo va la, míenyae be Yehowae kpe wo. Eya ta aleke kee woƒe dzedzeme alo woƒe awudodo ɖale o, ɖe manyo be míate ɖe wo ŋu ado wòezɔ na wo oa? (Yak. 2:1-4) Ne míekpɔe be nɔvi aɖeke mete ɖe amedzro aɖe ŋu haɖe o la, ɖe manyo be míakpee be wòava nɔ mía gbɔ oa? Ne míekpe ɖe eŋu wòse nu si le edzi yim gɔme alo ke ɖe mawunyakpukpui siwo xlẽm wole ŋu la, ado dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Esia nye mɔ nyui aɖe si dzi míato anɔ “amedzrowɔwɔ dzi.”—Rom. 12:13.

6. Ame kawo koŋue wòle be míakpe va mía ƒe me?

6 Nuɖuɣiwo: Le Biblia ŋlɔɣiwo la, mɔ si dzi amewo tona wɔa amedzro zi geɖee nye be wokpea amewo vaa wo ƒe me be woaɖu nu kpli yewo. (1 Mose 18:1-8; Ʋɔn. 13:15; Luka 24:28-30) Ne ame aɖe kpe ame bubu aɖe be wòava ɖu nu kpli ye la, efia be edi be yewoanye xɔlɔ̃wo eye yewo dome nanɔ nyuie. Ame kawo koŋue wòle be míakpe va mía ƒe me? Woawoe nye nɔvi siwo le míaƒe hamea me. Ne nɔnɔmeawo va le sesẽm ɖe edzi la, ɖe menye mía nɔvi Kristotɔwo ŋue míatrɔ ɖo oa? Míehiã xɔlɔ̃ wɔnuteƒewo eye ehiã be míanɔ ŋutifafa me kple wo katã. Le ƒe 2011 me la, Dɔdzikpɔhaa trɔ game si Amerika Betel ƒomea dzea Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a gɔme la tso fiẽ ga 6:45 yi ga 6:15. Nu ka tae? Gbeƒãɖeɖea gblɔ be esia ana wòanɔ bɔbɔe na nɔvi siwo le Betel la dometɔ geɖe wu be woawɔ amedzro na wo nɔewo eye woalɔ̃ faa ayi ne wokpe wo, le esi kpekpea awu enu kaba azɔ ta. Alɔdzedɔwɔƒe bubuwo hã wɔe nenema ke. Ðoɖo sia na Betel ƒomea me tɔwo va te ɖe wo nɔewo ŋu kplikplikpli wu.

7, 8. Aleke míate ŋu awɔ amedzro na nɔvi siwo tso teƒe bubu va ƒo nuƒo le míaƒe hamea me?

7 Ne nɔviwo tso teƒe bubuwo va ƒo nuƒo le míaƒe hamea me, alo nutome sue dzikpɔlawo alo alɔdzedɔwɔƒea ƒe amedɔdɔwo va srã míaƒe hamea kpɔ la, esia naa mɔnukpɔkpɔ mí be míawɔ amedzro na wo. (Xlẽ 3 Yohanes 5-8.) Mɔ nyui aɖe si dzi míato awɔ esia ye nye be míakpe wo be woava ɖu nu kpli mí alo míaɖo kplɔ̃ vi aɖe akpe wo. Ðe nàte ŋu akpe asi ɖe amedzrowɔwɔ na wo ŋua?

8 Nɔvinyɔnu aɖe si le Amerika la gblɔ be: “Ƒe geɖee nye esia la, mɔnukpɔkpɔ su nye kple srɔ̃nye si míekpe nuƒola siwo tso teƒe bubuwo va míaƒe hamea me la dometɔ geɖe kple wo srɔ̃wo va mía ƒe me hewɔ amedzro na wo. Ɣesiaɣi si míekpe wo la, míekpɔa dzidzɔ geɖe, eye vevietɔ wu la, etua mí ɖo le gbɔgbɔ me. Meve mí kpɔ be míekpe wo o.”

9, 10. (a) Ame kawoe wòahiã be míawɔ amedzro na hena ɣeyiɣi aɖe? (b) Ðe nɔvi siwo le aƒe tsɛwo me hã ate ŋu awɔ amedzroa? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Ame siwo míawɔ amedzro na hena ɣeyiɣi aɖe: Le blema la, amedzrowɔwɔ biana zi geɖe be woana dɔƒe amedzrowo. (Hiob 31:32; Filem. 22) Esia va hiãna ɣeaɖewoɣi egbea hã. Zi geɖe la, ne nutome sue dzikpɔlawo va srã míaƒe hamea kpɔ la, ehiãna be míana dzeƒe wo. Ahiã be míana dzeƒe nɔvi siwo le teokrasisukuwo dem, eye nenema kee wòle le lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔlawo hã gome. Dzɔdzɔmefɔkuwo ate ŋu awɔe be ƒome aɖewo nava zu aƒemanɔsitɔwo eye wòahiã be míana dɔƒe wo va se ɖe esime kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo gbugbɔ tu woƒe aƒewo na wo. Mele be míasusui be nɔvi siwo si aƒe gãwo le la koe ate ŋu ana kpekpeɖeŋu o; ɖewohĩ wowɔ esia zi geɖe va yi. Ðe wò hã àte ŋu axɔ nɔvi aɖe wòadze gbɔwò ne wò aƒea le tsɛ gɔ̃ hã?

10 Nɔviŋutsu aɖe si le South Korea, si na dzeƒe nɔvi siwo va de teokrasisukuwo la, ɖoa ŋku esia dzi kple dzidzɔ. Eŋlɔ bena: “Gbã la, menɔ hehem ɖe megbe le esi meɖe srɔ̃ medidi o eye míaƒe aƒea le sue ta. Gake esi sukuviawo va dze mía gbɔ la, míekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Esi wònye be srɔ̃tɔ yeyewoe míenye ta la, esia na míekpɔ dzidzɔ si gbegbe wònye be atsu kple asi nasubɔ Yehowa ɖekae ahati taɖodzinu ɖeka yome.”

11. Nu ka tae wòhiã be míawɔ amedzro na nɔvi siwo ʋu va míaƒe hamea me?

11 Nɔvi siwo nye ame yeyewo le hamea me: Ame ɖekaɖekawo kple ƒomewo ate ŋu aʋu ava míaƒe nutoa me. Wo dometɔ aɖewo ava be yewoasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Habɔbɔa ate ŋu adɔ mɔɖelawo ɖa be woava kpe ɖe miaƒe hamea ŋu. Tɔtrɔ gã aɖee esia nyena na wo, elabe wova zua ame yeyewo le nutoa me kple hamea me, eye ɖewohĩ ahiã be woasrɔ̃ gbe yeye alo atrɔ ɖe dekɔnu yeye ŋu. Ne míeɖo kplɔ̃ vi aɖe na wo, ne míekpe wo be woava ɖu nu kpli mí alo míekpe wo be mía kpli wo míaɖi tsa ayi teƒe aɖe la, esia akpe ɖe wo ŋu woadze xɔlɔ̃ yeyewo eye anɔ bɔbɔe na wo be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu.

12. Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖee fia be mehiã be nàɖa nu gbogbo aɖe hafi nàte ŋu awɔ amedzro o?

12 Mehiã be nàɖa nu gbogbo aɖe hafi ate ŋu awɔ amedzro o. (Xlẽ Luka 10:41, 42.) Esi nɔviŋutsu aɖe nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si me eya kple srɔ̃a wodze dutanyanyuigbɔgblɔdɔa gɔme teti ŋu la, egblɔ be: “Ðekakpui kple ɖetugbui makpɔnuteƒewo koe míenye, eye aƒe nɔ mía dzrom. Gbe ɖeka fiẽ la, aƒe nɔ srɔ̃nye dzrom ale gbegbe be agbagba siwo katã medze be mana dzi nadzɔe la medze edzi o. Ke anɔ abe fiẽ ga 7:30 ene la, míese ʋɔƒoƒo. Esi míeʋu ʋɔa la, Biblia nusrɔ̃vi aɖee nye ema tsɔ aŋuti etɔ̃ ɖe asi vɛ. Eva be yeado wòezɔ na mí. Míena wòge ɖe eme eye míena tsii. Eyome, míewɔ tii dzodzoe hetsɔ numeɖenu aɖe kpe ɖe eŋu. Míese Swahiligbea haɖe o, eye eya hã mese Eŋlisigbe o. Gake nudzɔdzɔ mae wɔe be míeva te xɔlɔ̃dzedze nutoa me nɔviwo, eye esia na míeva nɔ dzidzɔ geɖe kpɔm.”

ALE SI MÍAWƆ AÐU NU SIWO NANA AMEDZROWƆWƆ SESẼNA LA DZI

13. Viɖe kawoe dona tso amedzrowɔwɔ me?

13 Ðe nèhe ɖe megbe le amedzrowɔwɔ ŋu kpɔa? Ne nenemae la, ekema, mɔnukpɔkpɔ si asu asiwò be nàkpɔ dzidzɔ le hadede tuameɖowo me ahadze xɔlɔ̃ si nɔa anyi ɖaa la to ŋuwò. Amedzrowɔwɔ nye mɔ nyui aɖe si dzi wotona ɖua akogotsitsi dzi. Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Nu kae ana ame aɖe nahe ɖe megbe le amedzrowɔwɔ ŋu?’ Ate ŋu atso nu vovovowo gbɔ.

14. Nu kae nàwɔ ne ɖeɖiteameŋu kple vovomakpɔmakpɔ nana wòsesẽna na wò be nàwɔ amedzro alo nàlɔ̃ faa ayi ne wokpe wò?

14 Ðeɖiteameŋu kple vovomakpɔmakpɔ: Vovo menɔa Yehowa subɔlawo ŋu o, eye zi geɖe la, agbanɔamedzi geɖe kpɔa wo ŋkume. Nɔvi aɖewo ase le wo ɖokui me be le ɖeɖiteameŋu kple vovomakpɔmakpɔ ta la, yewomate ŋu awɔ amedzro o. Ne aleae wò nɔnɔmea le la, ɖewohĩ ahiã be nàgbugbɔ alé ŋku ɖe wò ɖoɖowo kple dɔwɔnawo ŋu nyuie. Ðe nàte ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo ale be nàte ŋu akpɔ vovo kple ŋusẽ si hiã be nàwɔ amedzro alo nàlɔ̃ faa ayi ne wokpe wòa? Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye amedzrowɔlawo. (Heb. 13:2) Menye nu gbegblẽe wònye be míakpɔ ɣeyiɣi na amedzrowɔwɔ o; ema boŋue nye nu si sɔ be míawɔ. Ðewohĩ, esia abia be nàɖe ɣeyiɣi si nèzãna ɖe nu siwo mehiã boo o ŋu la dzi akpɔtɔ.

15. Nu ka tae ame aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu awɔ amedzro o?

15 Ale si nèsena le ɖokuiwò me: Ðe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be èdi be yeawɔ amedzro na ame aɖe gake nèse le ɖokuiwò me be yemesu te nɛ oa? Ŋu kpea ame aɖewo eye ame aɖewo hã vɔ̃na be ate ŋu adzɔ be dzeɖoɖoa mava yi edzi nyuie le yewo kple amedzroa dome o, alo yewoƒe amedzrowɔwɔa madze amea ŋu o. Ganyawo mede ame aɖewo dzi o, eye wosusuna be yewomate ŋu awɔ amedzro abe ale si hamea me tɔ bubuwo wɔnɛ ene o. Ðo ŋku edzi be menye nu vevitɔa ye nye be aƒe gã nanɔ ame si o, ke boŋ nu si le vevie ye nye be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le aƒea me, wòanɔ dzadzɛ eye míado vivi ɖe ame ŋu.

16, 17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ ne míele amedzro xɔ ge?

16 Ne amedzrowɔwɔ nana nètsia dzimaɖi la, nyae be menye wò ɖekae o. Hamemetsitsi aɖe si le Britain la gblɔ be: “Ame tea ŋu tsia dzodzodzoe ne ele dzadzram ɖo be yeaxɔ amedzro. Ke hã, viɖe kple dzidzeme siwo dona tso nu sia nu si do ƒome kple Yehowa subɔsubɔ me la ƒoa dzimaɖitsitsi ɖe sia ɖe si nɔa mía me la ta sãsãsã. Mesea vivi na dzeɖoɖo kple nye amedzrowo nenye be tii ko nom míele hã.” Ðo ŋku edzi be ne míetsɔ ɖe le eme na míaƒe amedzrowo vevie la, eɖea vi ɣesiaɣi. (Flp. 2:4) Edzɔa dzi na ame akpa gãtɔ be yewoaƒo nu tso yewoƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo ŋu. Eye zi geɖe la, ɣeyiɣi nyuitɔ si me míate ŋu ase woƒe nuteƒekpɔkpɔwoe nye ne míeva ƒo ƒu ɖeka le hadomewɔnawo me. Hamemetsitsi bubu aɖe hã ŋlɔ bena: “Ne mekpe hamea me tɔwo va nye aƒe me la, esia nana meva sea woƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie wu eye meva nyaa wo nyuie wu tsã, vevietɔ, ale si wowɔ hafi va nyateƒea me.” Ðetsɔtsɔ le eme na amedzrowo lɔlɔ̃tɔe ate ŋu ana mí katã míase vivi geɖe.

17 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si xɔ nɔvi siwo va de teokrasisukuwo ɖe eƒe me la gblɔ be: “Gbã la, metsi dzimaɖi vie, elabe aƒe tsɛ aɖe mee mele eye xɔmezikpui xoxowoe le asinye. Nufialaawo dometɔ ɖeka srɔ̃ na meɖe dzi ɖi kura. Egblɔ be le ye kple ye srɔ̃ ƒe nutome sue dzikpɔkpɔdɔa me la, kwasiɖa siwo me yewokpɔa dzidzɔ le wue nye ne yewodze nɔvi aɖe si nye gbɔgbɔmeme, si ɖewohĩ nu mede edzi boo o, evɔ eƒe taɖodzinu sɔ kple mía tɔ, si nye be yeasubɔ Yehowa ahanɔ agbe tsɛ, la gbɔ. Esia na meɖoa ŋku nya si nɔnye gblɔna na mí esime míenye ɖeviwo la dzi be: ‘Ama agba ɖeka si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu.’” (Lod. 15:17) Ne lɔlɔ̃e nye nu si ʋã wò be nàwɔ amedzro la, ekema mègatsi dzimaɖi kura o.

18, 19. Ne míenye amedzrowɔlawo la, aleke esia akpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ susu manyomanyo siwo le mía si ɖe ame bubuwo ŋu la ɖo?

18 Ale si nèsena le ɖokuiwò me le ame bubuwo ŋu: Ðe ame aɖe le miaƒe hamea me si ƒe nuwɔna medoa dzidzɔ na wò oa? Susu manyomanyowo ate ŋu ava nɔ asiwò ɖe amea ŋu eye ne mèwɔ naneke tso eŋu o la, susu mawo koe akpɔtɔ anɔ asiwò ɖe eŋu. Ne ame aɖe ƒe amenyenye medzea edzi na wò o la, ɖewohĩ màdi be yeawɔ amedzro nɛ o. Alo ɖewohĩ ame aɖe wɔ nu wòve wò ɣeaɖeɣi va yi, eye esesẽ na wò be nàŋlɔe be.

19 Biblia kafui na mí be míate ŋu ato amedzrowɔwɔ dzi ana mía kple amewo, míaƒe futɔwo gɔ̃ hã, dome nanɔ nyuie. (Xlẽ Lododowo 25:21, 22.) Ne míewɔ amedzro na amewo la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖe asi le susu manyomanyo siwo le mía si ɖe wo ŋu kple nu siwo wowɔ wòve mí la ŋu. Esia awɔe be míava kpɔ nɔnɔme nyui siwo le wo si, siwo Yehowa kpɔ le wo ŋu, siwo tae wòhe wo va eɖokui gbɔ ɖo. (Yoh. 6:44) Ne lɔlɔ̃ ʋã wò nèwɔ amedzro na nɔvi aɖe evɔ menɔ mɔ kpɔm nɛ o la, esia ate ŋu ana miava zu xɔlɔ̃ nyuiwo. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be lɔlɔ̃ nanye nu si koŋ aʋã wò be nàwɔ amedzro na ame aɖe? Mɔ ɖekae nye be nàwɔ ɖe dzideƒonya si Filipitɔwo 2:3 gblɔ be, “Mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi” la dzi. Ne míebu mɔ siwo nu mía nɔviwo nye gã wu mí le, eɖanye le xɔse me, le dzidodo me, le dzinɔameƒo alo Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui bubuwo gome o ŋu la, ana míava lɔ̃ wo geɖe wu, eye esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míawɔ amedzro na wo.

NYE AMEDZRO NYUI

Zi geɖe la, amewo dzrana ɖo nyuie ɖe woƒe amedzrowo xɔxɔ ŋu (Kpɔ memama 20)

20. Ne wokpe mí la, nu ka tae wòle be míayi, eye aleke míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu?

20 Hakpala David bia be: “Oo Yehowa, ame kae adze wò agbadɔ me?” (Ps. 15:1) Eyome, ehe susu yi nɔnɔme nyui siwo Mawu adi tso ame siwo adze eƒe agbadɔ me si la dzi. Ðekae nye be amea nanye ame si wɔa eƒe nya dzi. David gblɔ be: “Megbea eƒe ŋugbedodo dzi wɔwɔ o, ne esia agblẽ nu le eya ŋutɔ ŋu gɔ̃ hã.” (Ps. 15:4) Ne míelɔ̃ ɖe amekpekpe aɖe dzi la, mele be míagbe edziwɔwɔ le susu dzro aɖe ko ta o. Anɔ eme be ame si kpe mí la wɔ dzadzraɖo geɖe xoxo, eye eƒe agbagbadzedzewo katã azu dzodzro ne míeyi o. (Mat. 5:37) Etea ŋu dzɔna be wokpe nɔvi aɖewo gake wova te fli ɖe eme hewɔ ɖe amekpekpe bubu si wosusu be enyo wu la dzi. Ðe ema anye nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me kple bubudede ame ŋua? Le esia teƒe la, ele be míalɔ̃ faa awɔ ɖe amekpekpea dzi eye míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu sia nu si wowɔ na mí la ŋu. (Luka 10:7) Gake ne eva dzɔ be nane si míate ŋu aƒo asa na o la wɔe be míate ŋu awɔ ɖe amekpekpe aɖe dzi o la, anye nuwɔwɔ le lɔlɔ̃ me kple ameŋububu be míana ame si kpe mí la nanya kaba ale si wòanya wɔ.

21. Aleke wɔwɔ ɖe ame siwo dome míele ƒe dekɔnuwo dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanye amedzro nyuiwo?

21 Ele vevie hã be míade bubu ame siwo dome míele ƒe dekɔnuwo ŋu. Le teƒe aɖewo la, woxɔa amedzro si va dze ame le vo me la nyuie; gake le teƒe bubuwo la, wodina be woawɔ ɖoɖo ɖe eŋu do ŋgɔ. Le teƒe aɖewo la, amekpelaa tsɔa nuɖuɖua ƒe akpa nyuitɔ ɖoa amedzrowo ƒe akɔme, ke ƒomea me tɔwo ya xɔa akpa susɔea; gake le teƒe bubuwo ya, ame sia ame kpɔa gome le nu sia nu si wotsɔ ɖo kplɔe la me faa. Le teƒe aɖewo hã la, ame si wokpe la tsɔa nane ɖe asi tsɔ kpea asi ɖe wɔnaa ŋu; gake le teƒe bubuwo la, edzɔa dzi na amekpelaa wu ne amedzroawo metsɔ naneke vɛ o. Eye le teƒe aɖewo hã la, wokpɔa mɔ be ame nado taflatsɛ zi gbãtɔ alo zi evelia si wokpee; gake le teƒe bubuwo la, ne wokpe ame aɖe eye wòdo taflatsɛ la, afia be mekpɔ ŋudzedze ɖe amekpekpea ŋu o. Eya ta, mina míawɔ míaƒe ŋutete katã be míana ame si kpe mí la nakpɔ dzidzɔ be yekpe mí.

22. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be ‘míawɔ amedzro na mía nɔewo’?

22 Enye nyateƒe egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe be, “nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” (1 Pet. 4:7) Xaxa gãtɔ kekeake si teƒe amegbetɔwo mekpɔ kpɔ o la ava kpuie. Esime nɔnɔmeawo yi edzi le sesẽm ɖe edzi la, ehiã vevie be míagalɔ̃ mía nɔewo geɖe fifia wu tsã. Vavãe, aɖaŋu si Petro ɖo be, “Miwɔ amedzro na mia nɔewo” la hiã fifia ŋutɔ. Egbea, amedzrowɔwɔ hiã mí, eye enana míekpɔa dzidzɔ, eye anɔ alea ɖaa.—1 Pet. 4:9.