Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AGBEMEŊUTINYA

Yehowa Megblẽm Ði Gbeɖe O!

Yehowa Megblẽm Ði Gbeɖe O!

Menɔ nyɔnuvi sue ene siwo wotia be woatsɔ seƒoƒowo ana Adolf Hitler le eƒe nuƒo aɖe ƒoƒo vɔ megbe la dome. Nu ka tae wotiam? Fofonye ƒo eɖokui ɖe Nazitɔwo ƒe dɔwɔnawo me ŋutɔ, eye wònye dunyahehabɔbɔ ma ƒe alɔdze si le míaƒe nutoa me la ƒe amegã aɖe ƒe ʋukula. Danye nye Katolikotɔ dovevienu aɖe eye wòdi be mava nye sista. Togbɔ be nuwo nɔ alea hã, nyemeva zu Nazitɔ o, eye nyemezu sista hã o. Na maɖe eme na wò.

DUGÃ si nye Graz, si le Austria ye wodzim le. Esi mexɔ ƒe adre la, wodem suku aɖe si me wonaa hehe amewo le hã be woanye sistawo. Ke hã, gbɔdɔnuwɔna aɖewo siwo yi edzi le nunɔlawo kple sistawo dome si teƒe mekpɔ la wɔ moyaa nam ŋutɔ. Eya ta, mede ƒe ɖeka hafi danye na medo le suku ma o.

Míaƒe ƒomea ƒe foto, Papa do asrafowu

Emegbe meva de suku bubu aɖe eye menɔ kpoa dzi. Le zã aɖe me la, fofonye va kplɔm dzoe le sukua, elabena wonɔ bɔmb dam ɖe Graz vevie. Eya ta, míeyi ɖadi sitsoƒe le Schladming. Esi míeto tɔdzisasrãa dzi ge ɖe dua me vɔ teti koe woda bɔmb wògbã tɔdzisasrãa. Ɣebubuɣi esime nye kple mamanye míenɔ xɔxɔnua la, aʋawɔyameʋu siwo dzo va to dua ta tututu la me nɔlawo nɔ tu dam aƒea me. Kaka aʋaa nake la, míekpɔe be míate ŋu aɖo ŋu ɖe sɔlemea kple dziɖuɖua siaa ŋu o.

MEVA DZE SI KPEKPEÐEŊUNALA SI MEGBLẼA AME ÐI O

Le ƒe 1950 me la, Yehowa Ðasefo aɖe va nɔ Biblia srɔ̃m kple danye. Meɖoa to ne wole nua srɔ̃m eye mekplɔa Dada ɖo míedea hame ƒe kpekpe aɖewo gɔ̃ hã. Esi Dada va ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le la, exɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1952 me.

Ɣemaɣi la, ewɔna nam be hame si me míenɔ la le abe nyagãɖeɖiwo ƒe ha aɖe ko ene. Gake emegbe esi míeva de kpekpe aɖe le hame bubu si me sɔhɛ geɖe nɔ me la, meva kpɔe be sigbeɖe, menye nyagãɖeɖiwo ƒe habɔbɔe wònye kura o! Esi míetrɔ yi Graz la, meva nɔ kpekpeawo katã dem, eye eteƒe medidi hafi nye hã meva ka ɖe edzi be nyateƒeae nye ema srɔ̃m menɔ o. Meva kpɔe hã be Yehowa nye Mawu si megblẽa esubɔlawo ɖi gbeɖe o. Eye ne nɔnɔme sesẽwo ɖe kpe na mí ale gbegbe be wɔna vɔ le mía ŋu gɔ̃ hã la, megblẽa mí ɖi o.—Ps. 3:5, 6.

Menɔ didim vevie be magblɔ nyateƒea na amewo. Nɔvinyewoe meƒo nu tso nyateƒea ŋu na gbã. Ɣemaɣi la, daanye eneawo ʋu le aƒe me xoxo, eye wonye sukunufialawo. Gake meyi ɖasrã wo kpɔ le kɔƒe vovovo siwo me wonɔ la me hede dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ Biblia. Mlɔeba, nɔvinyeawo katã va srɔ̃ Biblia hezu Yehowa Ðasefowo.

Le kwasiɖa evelia me tso esime medze tso aƒe me yi aƒe me dɔa gɔme la, medo go nyɔnu aɖe si le eƒe ƒe 30-awo me, eye mete Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Ewɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ eye emegbe srɔ̃a kple viaŋutsu eve hã wɔ nenema ke. Nusɔsrɔ̃ kplii do ŋusẽ nye ŋutɔ hã nye xɔse. Nu ka tae? Ame aɖeke mesrɔ̃ Biblia kplim hafi meva xɔ nyateƒea o. Eya ta, medzrana ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ŋu nyuie. Ne míagblɔe la, efia be mefiaa nu ɖokuinye gbã ale be mate ŋu afia nu nye Biblia nusrɔ̃via hã! Esia na megase nyateƒea gɔme nyuie wu. Le April 1954 me la, mexɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe adzɔgbe si meɖe na Yehowa dzi.

‘WOTI MÍA YOME, KE WOMEGBLẼ MÍ ÐI O’

Le ƒe 1955 me la, mede dukɔwo dome takpekpewo le Germany, France kple England. Esime menɔ London la, medo go Albert Schroeder. Ɣemaɣi la, enye sukunufiala le Gilead Biblia Sukua, eye emegbe eva nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ. Esime míenɔ tsa ɖim le Britain Blemanudzraɖoƒea la, Nɔviŋutsu Schroeder he míaƒe susu yi Biblia ƒe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo dzi. Mawu ƒe ŋkɔ si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la dze le wo me, eye wòƒo nu tso woƒe vevienyenye ŋu na mí. Esia wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ eye wògatem ɖe Yehowa ŋu geɖe wu, si wɔe be meɖoe kplikpaa wu tsã be maɖe gbeƒã Mawu ƒe Nyaa me nyateƒea na amewo.

Nye kple nye zɔhɛ (ɖusime), esime míenye mɔɖela veviwo le Mistelbach, le Austria

Mezu gbesiagbe mɔɖela le January 1, 1956 dzi. Ɣleti ene megbe la, woɖom mɔɖela vevi le Austria. Ɣemaɣi la, Ðasefo aɖeke menɔ Mistelbach, si nye du si me woɖom ɖo la o. Gake kuxi bubu aɖe hã dze ŋgɔm. Nye kple nye zɔhɛ mɔɖelaa míeto vovo. Mexɔ ƒe 19 kloe ɣemaɣi eye metso dugã me; ke eya xɔ ƒe 25 eye wòtso kɔƒe me. Nyemefɔna kaba ŋdi me o; gake eya fɔna kaba. Nyememlɔa anyi kaba zã me o; gake eya mlɔa anyi kaba. Ke hã, Biblia ƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ wɔe be míete ŋu kpɔ kuxi mawo gbɔ eye míenye zɔhɛ nyuiwo na mía nɔewo le mɔɖeɖedɔa me.

Le nyateƒe me la, míedo go kuxi siwo lolo wu. Woti mía yome gɔ̃ hã, gake Yehowa ‘megblẽ mí ɖi o.’ (2 Kor. 4:7-9) Gbe ɖeka esime míenɔ gbeƒã ɖem le kɔƒe aɖe me la, ame aɖewo ɖe asi le woƒe avuwo ŋu. Kasia, avu gã aɖewoe nye ema lũ ɖe mía dzi, wole wowóm heklẽ aɖu ɖe mía ŋu. Míelé mía nɔewo ƒe asi hedo gbe ɖa be, “Yehowa, míeɖe kuku ne avuawo ɖu mí la, na míaku kaba!” Esime avuawo gogo mí abe abɔ ƒe didime ko ene la, wotɔ heʋuʋu woƒe asikewo, eye wotrɔ dzo. Míese le mía ɖokui me be Yehowa ye kpɔ mía ta. Eyome míeɖe gbeƒã le kɔƒe bliboa me, eye dzidzɔtɔe la, ameawo xɔ mí nyuie ŋutɔ. Ðewohĩ esi avuawo mewɔ nu vevi mí o alo ale si míeyi edzi ɖe gbeƒã le nudzɔdzɔ dovoɖiname ma megbe gɔ̃ hã la wɔ nuku na wo. Emegbe wo dometɔ aɖewo va zu Ðasefowo.

Nu bubu aɖe gadzɔ si na míevɔ̃. Gbe ɖeka, míaƒe aƒea tɔ mu aha vlevlevle hafi gbɔ va aƒea me eye wònɔ gbɔgblɔm be yeawu mí, elabena míele fu ɖem na nutoa me tɔwo. Srɔ̃a dze agbagba be yealé avua, gake gbeɖegbeɖea koe. Míenɔ míaƒe xɔ me le dzisasrãa dzi nɔ nu sia nu si nɔ edzi yim la sem. Míefɔ zikpuiwo ɖo míaƒe ʋɔtrua nu enumake hete míaƒe agbawo fɔfɔ. Esi míeʋu ʋɔtrua be míasi la, aƒea tɔ ye nye ema le tsitre ɖe mɔa nu eye wòlé hɛ gã aɖe ɖe asi. Eya ta, míetsɔ míaƒe agbawo hesi to megbeʋɔtrua nu heɖi to abɔa me, eye míegatrɔ va aƒea me azɔ o.

Míekpɔ xɔ le amedzrodzeƒe aɖe. Míenɔ afi ma ƒe ɖeka kloe, eye esia de míaƒe subɔsubɔdɔa dzi ŋutɔ. Le mɔ ka nu? Amedzrodzeƒea nɔ dua titina, eye míaƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖewo di be yewoasrɔ̃ Biblia le afi ma. Eteƒe medidi o, míeva nɔ agbalẽ me nusɔsrɔ̃a kple kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a wɔm le míaƒe xɔa me, eye ame abe 15 ene dea kpekpea.

Míenɔ Mistelbach ƒe ɖeka kple edzivɔ. Emegbe woɖom ɖe Feldbach, le Graz ƒe anyieheɣedzeƒe godzi. Wona zɔhɛ mɔɖela bubum, gake le afi sia hã la, hame aɖeke menɔ anyi o. Míenɔ xɔ sue aɖe me le atixɔ aɖe ƒe dzisasrã evelia dzi. Ne ya le ƒoƒom to xɔtiawo domee la, yaa ƒe hoowɔwɔ ɖea toɣli, eya ta míetsɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo tre doawo. Azɔ hã, vudo mee míedua tsi le hafi zãna. Gake míaƒe agbagbadzedzeawo ɖe vi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, míeɖo ƒuƒoƒo ɖe afi ma. Emegbe ƒome aɖe si míesrɔ̃ Biblia kplii la me tɔ 30 va xɔ nyateƒea!

Nuteƒekpɔkpɔ siawo na mekpɔe be Yehowa megblẽa ame siwo tia Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome la ɖi gbeɖe o, eye esia wɔe be megalɔ̃ Yehowa wu. Ne amegbetɔ aɖeke mate ŋu axɔ na mí o gɔ̃ hã la, Yehowa ya li na mí ɖaa.—Ps. 121:1-3.

MAWU ƑE “DZƆDZƆENYENYE ƑE NUÐUSI” LÉM ÐE TE

Le ƒe 1958 me la, wowɔ ɖoɖo ɖe dukɔwo dome takpekpe aɖe ŋu le New York City le Yankee Stadium kple Polo Grounds. Mekpe agbalẽ ɖo be made, eye Austria alɔdzedɔwɔƒea biam be madi be manɔ Gilead Suku ƒe klas 32 lia me hã. Aleke wɔ mana mɔnukpɔkpɔ nyui sia nato ŋunye? Meɖo eŋu na wo enumake be, “Ɛ̃!”

Le Gilead Sukua la, menɔ Martin Poetzinger xa. Eto nɔnɔme dziŋɔwo me le Nazi fuwɔamesaɖawo me. Eya hã va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe. Le sukuxɔa me la, Martin doa dalĩ bianam ɣeaɖewoɣi be, “Erika, nu kae nya ma fia le Germanygbe me?”

Eva ɖo ɣeaɖeɣi le míaƒe sukua deɣi la, Nathan Knorr na míenya dukɔ siwo me woaɖo mí ɖo. Woaɖom ɖe Paraguay. Esi wònye be nyemetsi boo ɣemaɣi o ta la, ehiã be maxɔ mɔɖeɖe tso fofonye gbɔ hafi mate ŋu age ɖe dukɔ ma me. Esi mexɔ mɔɖeɖea tso egbɔ megbe la, meyi Paraguay le March 1959 me. Meva nɔ dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe aɖe me le Asunción, eye wona zɔhɛ yeyem.

Eteƒe medidi o, medo go Walter Bright, si nye dutanyanyuigblɔla si nɔ Gilead Suku ƒe klas 30 lia me. Míeva ɖe srɔ̃ eye míekpe ɖe mía nɔewo ŋu míekpe akɔ kple agbemekuxiwo. Ɣesiaɣi si nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa la, míexlẽa Yehowa ƒe ŋugbedodo si le Yesaya 41:10. Afi ma gblɔ be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò.” Esia naa kakaɖedzi mí be zi ale si míeku kutri wɔ nuteƒe na Mawu hetsɔ Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, magblẽ mí ɖi gbeɖe o.

Emegbe woɖo mí ɖe nuto bubu aɖe si te ɖe Brazil ƒe dea dzi la me. Le afi ma la, sɔlemehakplɔlawo ƒo dzo ɖe sɔhɛwo te be woanɔ kpewo dam dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si me míenɔ la, evɔ menye ɖe aƒea nɔ nɔnɔme nyui me hafi hã o. Ɣemaɣi lɔƒo la, Walter va te Biblia sɔsrɔ̃ kple kpovitɔwo ƒe amegã. Ekpɔ egbɔ be kpovitɔwo va tɔna ɖe míaƒe aƒea gbɔ hena kwasiɖa ɖeka, si wɔe be mía yome tilawo megaɖe fu na mí o. Esia megbe kpuie la, habɔbɔa na míeʋu yi xɔ si nyo wu la me le Brazil ƒe dea godo. Esia va de mía dzi, elabena ewɔe be míetea ŋu wɔa kpekpewo le Paraguay kple Brazil siaa. Kaka míadzo le afi ma la, woɖo hame sue eve ɖe nutoa me.

Nye kple srɔ̃nye Walter, esime míenye dutanyanyuigblɔlawo le Asunción, le Paraguay

YEHOWA GALE KPEKPEM ÐE ŊUNYE

Nye ɖɔktawo na menya be nyemate ŋu adzi vi o, eya ta esi meva de dzesii le ƒe 1962 me be mefɔ fu la, ewɔ nuku na nye kple srɔ̃nye ŋutɔ! Mlɔeba, míeʋu va tsi Hollywood, le Florida, afi si te ɖe Walter ƒe ƒometɔwo ŋu. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, nɔnɔmeawo mesɔ na nye kple Walter be míawɔ mɔɖeɖedɔa o, le ƒomegbanɔamedziwo ta. Ke hã, míeyi edzi tsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ.—Mat. 6:33.

Esi míeva Florida le November 1962 me la, míekpɔ nane teƒe si wɔ nuku na mí. Esi medzɔa dzi na nutoa me tɔwo be ameyibɔwo kple yevuwo naƒo ƒu ɖekae o ta la, nɔvi siwo nye ameyibɔwo wɔa woƒe kpekpewo ɖe vovo eye nɔvi siwo nye yevuwo hã wɔa wo tɔ ɖe vovo, eye nuto siwo me woɖea gbeƒã le hã le vovo. Gake Yehowa medea vovototo amewo me le ŋutigbalẽ ƒe amadede ta o, eye eteƒe medidi hafi ame ƒomevi eveawo va tsaka ɖe hameawo me o. Edze kɔtɛ be Yehowa ƒe asi nɔ ɖoɖo sia me, elabena hame geɖe le nuto ma me fifia.

Nublanuitɔe la, ahɔhɔ̃ me kansa wu Walter le ƒe 2015 me. Srɔ̃ŋutsu nyui aɖee wònye nam ƒe 55 sɔŋ, elɔ̃ Yehowa eye ekpe ɖe nɔvi geɖe ŋu. Mele mɔ kpɔm be magakpɔe ake wòanɔ lãmesẽ me ne wova fɔe ɖe tsitre.—Dɔw. 24:15.

Mele ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 40 kple edzivɔe nye esia, eye mekpɔ dzidzɔ kple yayra geɖe. Medaa akpe na Yehowa ɖe esia ta. Le kpɔɖeŋu me, nye kple Walter míekpɔ míaƒe Biblia nusrɔ̃vi 136 ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe. Ele eme be míedo go nɔnɔme sesẽwo hã ya. Gake míexa ɖe wo ta dzudzɔ mía Mawu si wɔa nuteƒe la subɔsubɔ o. Ke boŋ, míegate ɖe eŋu wu heɖo ŋu ɖe eŋu be wòakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ na mí le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple mɔ si nu wòkpɔ be esɔ le nu. Eye ekpɔa wo gbɔ hã vavã!—2 Tim. 4:16, 17.

Mesusua Walter ŋutɔ, gake mɔɖeɖedɔa kpe ɖe ŋunye mete ŋu le dzi dom. Nufiafia amewo ɖea vi nam ŋutɔ, eye mekpɔe be nuƒoƒo tso tsitretsitsia ŋu gɔ̃ hã kpena ɖe ŋunye. Vavãe, mɔ geɖe siwo nu Yehowa kpe ɖe ŋunye le la wu gbɔgblɔ. Abe ale si wòdo ŋugbee ene la, ekpe ɖe ŋunye, edo ŋusẽm, eye wòtsɔ eƒe “dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi” lém ɖe te.—Yes. 41:10.