Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyuiwɔwɔ—Aleke Nàwɔ Asrɔ̃ Nɔnɔme Nyui Sia?

Nyuiwɔwɔ—Aleke Nàwɔ Asrɔ̃ Nɔnɔme Nyui Sia?

LE DZƆDZƆME nu la, mía dometɔ ɖe sia ɖe dina be amewo nabu ye be yenye ame nyui. Ke hã, nyuiwɔwɔ mele bɔbɔe le egbexexe sia me o. Nu si tae nye be, ame geɖe nye “ame siwo melɔ̃a nu nyui o.” (2 Tim. 3:3) Wogbe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo. Woyɔa “nyui be vɔ̃ heyɔa vɔ̃ be nyui.” (Yes. 5:20) Azɔ hã, nu siwo me míeto le agbe me, siwo anya kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi kpakple míaƒe blibomademade siaa wɔnɛ be nyuiwɔwɔ sesẽna na mí katã. Le esia ta la, ɖewohĩ míase le mía ɖokui me abe nɔvinyɔnu Anne * ene. Togbɔ be ele Yehowa subɔm ƒe gbogbo aɖee nye esia hã la, egblɔ be: “Esesẽna nam ŋutɔ be maxɔe ase be mate ŋu ava nye ame nyui.”

Dzidzɔtɔe la, mí katã míate ŋu asrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Nyuiwɔwɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖe, eye eƒe gbɔgbɔa sẽ ŋu wu xexea kple ame siwo dome míele ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo kpakple míaƒe blibomademade kple nu siwo me míeto le agbe me la sãsãsã. Nu siawo nye mɔxenuwo, elabe wonana wòsesẽna na mí be míanye ame nyuiwo. Na míadzro nu si nyuiwɔwɔ nye la me nyuie eye míakpɔ ale si míate ŋu aɖe nɔnɔme nyui sia afia geɖe wu.

NU KAE NYE NYUIWƆWƆ?

Kpuie ko la, nyuiwɔwɔ bia be woanye ame nyui. Elɔ agbe nyui nɔnɔ si de ŋgɔ kple nu dzeame wɔwɔ ɖe eme, eye gbegblẽ aɖeke menɔa eŋu o. Ame nyui dia mɔ siwo dzi wòato akpe ɖe amewo ŋu ahawɔ nu nyuiwo na wo.

Ðewohĩ, ànya de dzesii be ame aɖewo wɔa nu nyuiwo na woƒe ƒometɔwo kple wo xɔlɔ̃wo, gake nyuiwɔwɔ ƒe seɖoƒee nye ema? Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mate ŋu anye ame nyui le gɔmesese deblibo nu gbeɖe o, elabena Biblia gblɔ be, “ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.” (Nyagb. 7:20) Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be: “Menyae be le menye, si nye le nye ŋutilã me la, nu nyui aɖeke meli o.” (Rom. 7:18) Eya ta, edze ƒãa be, hafi míate ŋu atu nɔnɔme nyui sia ɖo la, ele be míate ɖe Yehowa, Ame si nye nyuiwɔwɔ ƒe Dzɔtsoƒe, la ŋu.

‘YEHOWA NYO’

Yehowa Mawu ye ɖoa nu si nye nyui ƒe dzidzenu anyi. Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Ènyo ale gbegbe, eye wò dɔwɔwɔwo hã nyo loo! Fia wò ɖoɖowom.” (Ps. 119:68) Na míadzro Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ ƒe akpa eve siwo dze le mawunyakpukpui sia me la me.

Yehowa nyo. Nyuiwɔwɔ nye Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa vevi aɖe. Bu nu si dzɔ esi Yehowa gblɔ na Mose be, “Mana nàkpɔ nye nyuiwɔwɔ katã teƒe” la ŋu kpɔ. Esime Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe—si me eƒe nyuiwɔwɔ hã le—la va to Mose ŋu yi la, Mose se nya siawo: “Yehowa, Yehowa, Mawu nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula, ame si medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o kple eƒe nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, ame si ɖea lɔlɔ̃ si nu metsina o fiaa ame akpeakpewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada kple nu vɔ̃ kena, ke megbea tohehe na fɔɖila o.” (2 Mose 33:19; 34:6, 7) Esia na eme kɔ ƒãa be, Yehowa nyo le goawo katã me. Togbɔ be Yesu ye ɖo nyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ɖi le amegbetɔwo dome hã la, egblɔ be: “Ame aɖeke menye ame nyui o, negbe ame ɖeka ko, eyae nye Mawu.”—Luka 18:19.

Míekpɔa Yehowa ƒe nyuiwɔwɔ dzea sii le eƒe nuwɔwɔwo me

Yehowa ƒe dɔwɔwɔwo nyo. Nyuiwɔwɔ ɖea dzesi le nu siwo katã Mawu wɔna la me. “Yehowa wɔa nyui na amewo katã, eye wòkpɔa nublanui na eƒe nuwɔwɔwo katã.” (Ps. 145:9) Esi wònye be Yehowa nyo eye wòwɔa nyui na amewo katã ameŋkumemakpɔmakpɔe ta la, enaa agbe kple nu siwo katã amegbetɔwo hiã be woayi edzi anɔ agbe la wo. (Dɔw. 14:17) Eƒe nyuiwɔwɔ dzena le ale si wòtsɔna kea mí hã me. Hakpalaa ŋlɔ bena: “Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” (Ps. 86:5) Míate ŋu aka ɖe edzi be “Yehowa mate nu nyui aɖeke ame siwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o” la o.—Ps. 84:11.

“MISRƆ̃ NU NYUI WƆWƆ”

Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, eya ta, míate ŋu anye ame nyuiwo ahawɔ nu nyuiwo. (1 Mose 1:27) Togbɔ be ele alea hã la, Mawu ƒe Nyaa de dzi ƒo na mí Yehowa subɔlawo katã be “[míasrɔ̃] nu nyui wɔwɔ.” (Yes. 1:17) Gake aleke míawɔ asrɔ̃ nɔnɔme nyoameŋu sia? Bu mɔ etɔ̃ siwo dzi míate ŋu ato ewɔ esiae la ŋu kpɔ.

Gbã la, míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mí Kristotɔwo ŋu be míanye ame nyuiwo le Mawu ŋkume. (Gal. 5:22) Ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ nu si nyo ahatsri nu vɔ̃ɖi. (Rom. 12:9) Le nyateƒe me la, Biblia na míenya be Yehowa ate ŋu ‘ado ŋusẽ mí le dɔ nyui kple nya nyui ɖe sia ɖe me.’—2 Tes. 2:16, 17.

Evelia, ele be míanɔ Mawu ƒe Nya si tso eƒe gbɔgbɔ me la xlẽm. Ne míewɔa esia la, Yehowa afia “mɔ nyuiwo katã” mí, eye ana míanɔ dzadzraɖoɖi “na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Lod. 2:9; 2 Tim. 3:17) Ne míexlẽa Biblia eye míedea ŋugble le nu si míexlẽ ŋu la, míetsɔa nu nyui siwo ku ɖe Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la yɔa míaƒe dziwo me fũu. Esia awɔe be míatsɔ Mawu ƒe Nyaa me kesinɔnu siwo ŋu míeke ɖo la akpe ɖe esiwo míenya xoxo la ŋu le míaƒe nudzraɖoƒea, ale be míate ŋu awɔ wo ŋu dɔ ɣesiaɣi si míehiã wo.—Luka 6:45; Ef. 5:9.

Etɔ̃lia, míedzea agbagba vevie be ‘míasrɔ̃ nu nyui wɔwɔ.’ (3 Yoh. 11) Biblia me kpɔɖeŋu geɖewo li míate ŋu asrɔ̃. Ele eme be Yehowa kple Yesue nye nyuiwɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake na mí ya. Ke hã, míate ŋu asrɔ̃ nu tso ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe be woɖe dzesi le nyuiwɔwɔ gome hã gbɔ. Wo dometɔ eve siwo ate ŋu ava susu me na mí ye nye Tabita kple Barnaba. (Dɔw. 9:36; 11:22-24) Woƒe kpɔɖeŋu nyuiawo ate ŋu aɖe vi geɖe na wò ne èdzro woƒe ŋutinyawo me eye nèkpɔ nu siwo wowɔ tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu. Esi nèle ŋugble dem le woƒe kpɔɖeŋua ŋu la, bu nu siwo nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu le miaƒe ƒomea alo hamea me la ŋu. Eye de dzesi viɖe siwo Tabita kple Barnaba siaa kpɔ le esi wowɔ nyui na amewo ta la hã. Yayra mawo ate ŋu asu wò hã asiwò.

Míate ŋu abu nɔvi aɖewo siwo li egbea, siwo wɔa nyui na amewo la hã ƒe kpɔɖeŋuwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu hamemetsitsi dovevienu siwo le hamea me siwo nye ‘nu nyui lɔ̃lawo’ la ŋu kpɔ. Bu mía nɔvinyɔnu nuteƒewɔla siwo toa woƒe nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu nyuiwo dzi ‘fiaa nu nyuiwo’ la hã ŋu kpɔ. (Tito 1:8; 2:3) Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Roslyn gblɔ be: “Xɔ̃nye aɖe kua kutri vevie kpena ɖe amewo ŋu le hamea me hedea dzi ƒo na wo. Ebua nɔnɔme si me nɔviawo le la ŋu eye zi geɖe la, enaa nunana suesuesue aɖewo woamawo alo kpena ɖe wo ŋu le mɔ bubuwo nu. Mebua xɔ̃nye sia be enye ame nyui vavã.”

Yehowa de dzi ƒo na eƒe amewo be ‘woadi nyui.’ (Amos 5:14) Ne míewɔe alea la, menye ɖeko míava lɔ̃ eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo ko o, ke esia ana hã be didi si le mía me be míawɔ nu nyui la nasẽ ɖe edzi.

Míedzea agbagba vevie be míanye ame nyuiwo eye míawɔ nyui

Mele be míasusui be nyuiwɔwɔ bia be míawɔ nu gãgãwo na amewo alo ana nunana xɔasiwo amewo o. Le kpɔɖeŋu me: Hafi nu miemie aɖe nate ŋu atsi nyuie la, menye ɖe míedea tsi gbogbo aɖee zi ɖeka ko evɔ o, ke boŋ, míenɔa tsi demee vivivi. Le mɔ ma ke nu la, ne míewɔ nu suesuesue geɖewo tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋu la, esia aɖee afia be míenye ame nyuiwo.

Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ dzadzraɖoɖi’ hena dɔ nyui wɔwɔ. (2 Tim. 2:21; Tito 3:1) Ne míeléa ŋku ɖe nɔnɔme si me amewo le ŋu la, esia awɔe be míate ŋu ade dzesi mɔ siwo dzi míato akpe ɖe mía havi ŋu “hena eƒe nyonyo, be wòatui ɖo.” (Rom. 15:2) Ðewohĩ esia abia be míana nane si le mía si la ƒe ɖee. (Lod. 3:27) Míate ŋu akpe ame aɖe be wòava ɖu nu kpli mí alo míade ha ɖekae ahade dzi ƒo na mía nɔewo. Ne míesee be ame aɖe dze dɔ la, míate ŋu aŋlɔ agbalẽ aɖo ɖee, míate ŋu ayi aɖasrãe kpɔ alo míate ŋu aƒo ka nɛ. Ɛ̃, míate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ vovovo siwo aʋu ɖi na mí la ŋu dɔ be míagblɔ “nya siwo nyo hena tutuɖo le ale si nɔnɔmea le nu, ale be wòaɖe vi na ame siwo asee la.”—Ef. 4:29.

Abe ale si Yehowa wɔnɛ ene la, míawo hã míedi vevie be míawɔ nyui na amewo katã. Esia ta, míewɔa nu ɖe amewo ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Mɔ nyui aɖe si dzi míetona wɔa esia ye nye be míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na ame sia ame. Abe ale si Yesu de see ene la, míedina be míawɔ nyui na ame siwo lé fu mí gɔ̃ hã. (Luka 6:27) Menye nu gbegblẽ wònye kura be míanyo dɔme na amewo ahawɔ nyui na wo o, elabe “se aɖeke metsi tsitre ɖe nu siawo ŋu o.” (Gal. 5:22, 23) Ne míewɔa nyui na amewo togbɔ be wotsi tsitre ɖe mía ŋu alo esime míele fu kpem gɔ̃ hã la, esia ate ŋu awɔ dɔ ɖe wo dzi eye wòahe wo ava nyateƒea gbɔ, eye esia ahe kafukafu avɛ na Mawu.—1 Pet. 3:16, 17.

NYUIWƆWƆ ÐEA VI NA MÍ

“Woaɖo eteƒe na ame nyui . . . ɖe eƒe nuwɔnawo nu.” (Lod. 14:14) Viɖeawo dometɔ aɖewoe nye ka? Ne míewɔa nyui na amewo la, esia ate ŋu awɔe be woawo hã woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie. (Lod. 14:22) Ne amewo mewɔa nu ɖe mía ŋu nyuie o evɔ míeyia edzi wɔa nyui na wo la, esia ate ŋu ana woatrɔ eye woava wɔ nu ɖe mía ŋu nyuie.—Rom. 12:20, etenuŋɔŋlɔ.

Ame geɖe gblɔ be esi yewodzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ heva trɔ ɖe nyuiwɔwɔ ŋu la, esia ɖe vi geɖe na yewo. Bu Nancy ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Esime menɔ tsitsim la, mewɔa nu eŋumabumabui, mekpɔa gome le gbɔdɔdɔ manɔsenu me, eye nyemebua ame hã o. Ke hã, esi meva nɔ nu srɔ̃m tso nu siwo Mawu bua nu nyuiwoe ŋu eye meva le agbe nɔm ale si wòdii la, meva nɔ dzidzɔ geɖe kpɔm. Fifia, asixɔxɔ kple bubu va le ŋunye.”

Susu vevitɔ kekeake si tae wòle be míasrɔ̃ nyuiwɔwɔ ɖoe nye be, esia wɔwɔ doa dzidzɔ na Yehowa. Ne amewo medea dzesi nu nyui siwo míewɔna o gɔ̃ hã la, Yehowa ya dea dzesii. Ɣesiaɣi si míewɔ nyui na amewo la, edea dzesii, eye ɣesiaɣi si míebu susu nyui ɖe amewo ŋu la, edea dzesii. (Ef. 6:7, 8) Aleke wòɖoa eteƒe na mí? Biblia gblɔ be, “Ame nyui ƒe nu dzea Yehowa ŋu.” (Lod. 12:2) Eya ta, mina míayi edzi anɔ nyuiwɔwɔ srɔ̃m. Yehowa do ŋugbe be “ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋutifafa anye ame sia ame si wɔa nu nyui la tɔ.”—Rom. 2:10.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.