Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

Se Veve Ðe Amewo Nu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Se Veve Ðe Amewo Nu Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

“Woƒe nu wɔ nublanui nɛ . . . Eye wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.”—MARKO 6:34.

HADZIDZI 70 Midi Ame Siwo Dze

NYA VEVIAWO *

1. Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo dometɔ kae léa dzi na ame wu? Ðe eme.

YESU ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo dometɔ si léa dzi na ame wue nye ale si wòtea ŋu sea xaxa siwo me tom amegbetɔ madeblibowo le la gɔme. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ete ŋu “[kpɔ] dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm” eye “[wòfa] avi kple ame siwo le avi fam.” (Rom. 12:15) Le kpɔɖeŋu me, esime eƒe nusrɔ̃la 70-awo wɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzidzedzetɔe ɣeaɖeɣi eye wotrɔ gbɔ kple dzidzɔ la, “gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔe fũu eye wòtso aseye.” (Luka 10:17-21) Gake ɣebubuɣi esi Yesu kpɔ ale si Lazaro ƒe kua na nu te ɖe ame siwo wòlɔ̃na vevie dzii la, “eɖe hũ le eɖokui me, eye wòxa nu vevie.”—Yoh. 11:33.

2. Nu kae kpe ɖe Yesu ŋu wòte ŋu se veve ɖe amewo nu?

2 Nu kae kpe ɖe ame deblibo sia ŋu be amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ƒe nu te ŋu wɔ nublanui nɛ eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu veveseɖeamenutɔe nenema gbegbe? Nu gbãtɔe nye be, Yesu lɔ̃ amegbetɔwo. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, “[melɔ̃a] nu le amegbetɔviwo gbɔ kura o.” (Lod. 8:31) Lɔlɔ̃ si le esi na amewo la ʋãe wòdze agbagba vevie be yease ale si amegbetɔwo bua nuwo ŋui la gɔme. Apostolo Yohanes ɖe eme be: “Enya nu si le amegbetɔ me.” (Yoh. 2:25) Yesu wɔa nu ɖe amewo ŋu veveseɖeamenutɔe. Amewo de dzesii be elɔ̃ yewo, eye esia wɔe be woxɔ Fiaɖuƒegbedeasia nyuie. Zi ale si míadze agbagba be míawɔ nu ɖe amewo ŋu veveseɖeamenutɔe la, zi nenemae míakpɔ dzidzedze le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.—2 Tim. 4:5.

3-4. (a) Ne míesea veve ɖe ame nu la, aleke míabu míaƒe gbeƒãɖeɖedɔae? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

3 Apostolo Paulo nyae be ele kokoko be yeaɖe gbeƒã nya nyuia, eye nenemae wòle le míawo hã gome. (1 Kor. 9:16) Gake ne míesea veve ɖe ame nu la, míaɖe gbeƒã nya nyuia le esi wòle na mí kokoko be míaɖe gbeƒã ta ko o. Ke míadi hã be míaɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na amewo eye míedi vevie be míakpe ɖe wo ŋu. Míenyae be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Eya ta, zi ale si míebua gbeƒãɖeɖedɔa be mɔnukpɔkpɔ wònye na mí be míana nu amewo la, zi nenemae míakpɔ dzidzɔ le dɔ sia me.

4 Le nyati sia me la, míadzro ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu veveseɖeamenutɔe le gbeƒãɖeɖedɔa me la me. Gake, gbã la, míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yesu se le eɖokui me tso amewo ŋui la me. Eyome, míadzro mɔ ene siwo dzi míate ŋu ato asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua la me.—1 Pet. 2:21.

YESU SE VEVE ÐE AMEWO NU LE EƑE SUBƆSUBƆDƆA WƆWƆ ME

Veveseseɖeamenu ʋã Yesu wòɖe gbeƒã gbedeasi si faa akɔ na ame la na amewo (Kpɔ memama 5-6 lia)

5-6. (a) Ame kawo nue Yesu se veve ɖo? (b) Nu ka tae ame siwo Yesu ɖe gbeƒã na la ƒe nu wɔ nublanui nɛ, abe ale si wogblɔe ɖi le Yesaya 61:1, 2 ene?

5 Bu nɔnɔme siwo me Yesu se veve ɖe amewo nu le la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ. Ɣeaɖeɣi la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe gbeƒã ʋuu ɖeɖi te wo ŋu eye womekpɔ asinu aɖi ɖe eme hã o. “Womekpɔ vovo aɖu nu teti hã o.” Eya ta, Yesu kplɔ eƒe nusrɔ̃lawo be ‘yewo ɖeɖe yewoayi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o’ eye ‘yewoaɖi ɖe eme vie.’ Ke hã, ameha gbogbo aɖe ƒu du yi afi si yim wole la eye wotre ɖoɖo na Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo. Esi Yesu ɖo teƒea eye wòkpɔ amehaa la, aleke wòwɔ nui? Biblia gblɔ be: “Woƒe nu wɔ nublanui * nɛ, elabena wole abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene. Eye wòde asi nu geɖewo fiafia me wo.”—Marko 6:30-34.

6 Azɔ, de dzesi susu si tae amewo ƒe nu wɔ nublanui na Yesu, si tae wòse veve ɖe wo nu ɖo. Ede dzesii be ameawo le “abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” Ðewohĩ, Yesu kpɔe be wo dometɔ aɖewo da ahe eye wowɔa dɔ gaƒoƒo geɖe hafi tea ŋu kpɔa woƒe ƒomea dzi. Ðewohĩ, wo dometɔ aɖewo hã le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. Ne nenemae la, anɔ eme be Yesu se nu si me tom wole la gɔme, elabena eya ŋutɔ hã anya to nɔnɔme sesẽ mawo me kpɔ, abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ na esia me ene. Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo vevie, eye esia ʋãe wòdi be yeafa akɔ na wo.—Xlẽ Yesaya 61:1, 2.

7. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua?

7 Nu kae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me? Abe ale si wònɔ le Yesu gome ene la, ame siwo dome míawo hã míele la le “abe alẽ siwo nu kplɔla aɖeke mele o la ene.” Wole kuxi geɖewo me tom. Nu si wohiã la le mía si—eyae nye Fiaɖuƒegbedeasia. (Nyaɖ. 14:6) Eya ta, míesrɔ̃a míaƒe Aƒetɔ la ƒe kpɔɖeŋua heɖea gbeƒã nya nyuia, elabena míesea “veve ɖe ame tsɛ kple ame dahe nu.” (Ps. 72:13) Amewo ƒe nu wɔa nublanui na mí, eye míedina be míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe wo ŋu.

ALE SI MÍATE ŊU AÐEE AFIA BE MÍESEA VEVE ÐE AMEWO NU

Bu nu si ame ɖe sia ɖe hiã la ŋu (Kpɔ memama 8-9 lia)

8. Mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia le gbeƒãɖeɖedɔa me be míesea veve ɖe amewo nu la dometɔ ɖeka ɖe? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

8 Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míase veve ɖe ame siwo míeɖea gbeƒã na la nu? Nu si ate ŋu akpe ɖe mía ŋue nye be, míakpɔ mía ɖokuiwo le nɔnɔme si me wole la me eye míawɔ nu ɖe wo ŋu abe ale si míadi be woawɔe ɖe mía ŋu ene. * (Mat. 7:12) Na míadzro mɔ ene aɖewo siwo dzi míate ŋu ato awɔ esiae la me. Gbã, bu nu si ame ɖe sia ɖe hiã la ŋu. Ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia la, akpa si míewɔna la sɔ kple ale si ɖɔktawo kpɔa woƒe dɔnɔwo gbɔe. Ðɔkta si bi ɖe dɔ me la bua nu si dɔnɔ ɖe sia ɖe hiã la ŋu. Ebiaa nya eye wòɖoa to nyuie ne dɔnɔa le nu ƒom tso dɔ si lém wòle ƒe dzesiwo ŋu. Ðɔktaa metsona ko kafua dɔdamɔnu gbãtɔ si nya va susu me nɛ ko la na dɔnɔa o, ke boŋ, eyia edzi doa dɔnɔa kpɔ hena ɣeyiɣi aɖe be yeanya dɔ si tututu lém wòle ale be yeazã dɔdamɔnu nyuitɔ nɛ. Nenema kee mele be míawo hã míawɔ nu ɖe ame sia ame si míedoa goe le gbeadzi la ŋu le mɔ ɖeka ma ke nu o. Ke boŋ, míagbɔ dzi ɖi abu nɔnɔme si me ame ɖe sia ɖe le kple ale si wòbua nuwo ŋui la ŋu nyuie.

9. Nu kae wòle be míaƒo asa na? Ðe eme.

9 Ne èdo go ame aɖe le gbeadzi la, mele be nàsusui be yenya nɔnɔme si me tom wòle alo eƒe dzixɔsewo kple nu si tae wòxɔ nu mawo dzi se o. (Lod. 18:13) Ke boŋ, bia nyawo amea ŋuɖɔɖotɔe ale be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ. (Lod. 20:5) Ne esɔ le mia gbɔ la, bia nyae tso dɔ si wòwɔna ŋu, eƒe ƒomea, eƒe agbemenuteƒekpɔkpɔwo kple eƒe susu le nuwo ŋu. Ne míekpe ɖe amewo ŋu woɖe woƒe dzimenyawo gblɔ la, ke, míele mɔnukpɔkpɔ nam wo be woana míanya nu si tae wohiã nya nyuia ɖo. Ne míenya de dzesi kuxi si me tom wole, si tae wohiã nya nyuia ɖo ko la, míate ŋu ase veve ɖe wo nu eye míana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo, abe ale si tututu Yesu wɔe ene.—Tsɔe sɔ kple 1 Korintotɔwo 9:19-23.

Kpɔ ale si agbea le na ame aɖe si nèle ɖase ɖim na la le susu me (Kpɔ memama 10-11 lia)

10-11. Le ɖekawɔwɔ me kple nya siwo dze le 2 Korintotɔwo 4:7, 8 la, nu kae nye mɔ evelia si dzi míate ŋu ato ase veve ɖe amewo nu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

10 Evelia, dze agbagba nàkpɔ ale si agbea le na woe le susu me. Ðewohĩ, míade dzesii be míawo hã míeto nɔnɔme si me tom wole la dometɔ aɖewo me kpɔ. Nya lae nye be, míede blibo o, eye agbemekuxiwo vaa míawo hã dzi. (1 Kor. 10:13) Míenyae be agbea mele bɔbɔe le nuɖoanyi sia me kura o. Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu tae míete ŋu le dzi dom. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:7, 8.) Gake bu ame siwo le dagbadagbam le xexe sia me Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee ŋu kpɔ. Abe Yesu ene la, woƒe nu wɔa nublanui na mí, eye esia ʋãa mí be míatsɔ “nu si nyo wu ŋuti nya nyui” ayi na wo.—Yes. 52:7.

11 Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Sergey ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Hafi Sergey nasrɔ̃ nyateƒea la, enye ame aɖe si ŋu kpena eye wòɖea eɖokui ɖe aga. Esesẽna nɛ ŋutɔ be wòaƒo nu na amewo. Eva lɔ̃ be Yehowa Ðasefowo nasrɔ̃ Biblia kpli ye. Sergey gblɔ be: “Esi menɔ Biblia srɔ̃m la, meva nyae be ele na Kristotɔwo be woaƒo nu tso woƒe dzixɔsewo ŋu na ame bubuwo. Nye ya meka ɖe edzi bliboe be nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o.” Ke hã, Sergey va nɔ ame siwo mekpɔ se nu tso nyateƒea ŋu o la ŋu bum, eye ede ŋugble le ale si gbegbe agbea asesẽ na woe esi womenya Yehowa o la ŋu. Egblɔ be: “Nu siwo srɔ̃m menɔ la na meva le dzidzɔ geɖe kpɔm eye nye dzi dze eme. Menyae be ame bubuwo hã hiã nyateƒea.” Zi ale si Sergey va le veve sem ɖe ame nu geɖe wu la, zi nenemae dzi va ɖo eƒo be wòaɖe gbeƒã nya nyuia. Sergey gblɔ be: “Nu si wɔ nuku nam ye nye be, nuƒoƒo na amewo tso Biblia ŋu koŋue na kakaɖedzi va su asinye. Esia wɔe hã be nye dzixɔse yeyeawo ƒo ke ɖe to ɖe nye ŋutɔ nye dzi me nyuie.” *

Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi ame aɖewo nawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me (Kpɔ memama 12-13 lia)

12-13. Nu ka tae wòhiã be míagbɔ dzi ɖi na ame siwo míefiaa nui le gbeadzi? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Etɔ̃lia, gbɔ dzi ɖi na ame siwo nèfiaa nui. Nenɔ susu me na wò be, ɖewohĩ, womebu Biblia me nyateƒe siwo míawo ya míenya nyuie la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ o. Eye ame aɖewo lɔ̃ woƒe dzixɔsewo vevie. Ðewohĩ, wobua woƒe mawusubɔsubɔ be eyae na kadodo kplikplikpli le yewo kple yewoƒe ƒometɔwo, yewo detɔwo kple yewoƒe nutoa me tɔwo dome. Aleke míawɔ akpe ɖe wo ŋu?

13 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Nu kae wowɔna ne tɔdzisasrã aɖe do xoxo eye wòsusɔ vie wòaŋe? Zi geɖe la, wotua tɔdzisasrã yeye esime wogakpɔtɔ le xoxoa dzi tom. Ne wonya tu tɔdzisasrã yeyea vɔ ko la, woate ŋu agbã xoxoa. Le mɔ ma ke nu la, ne míedi be amewo naɖe asi le woƒe dzixɔse siwo gbɔ womelɔ̃a nu le o ŋu la, gbã la, ahiã be míakpe ɖe wo ŋu woase Biblia me nyateƒe siwo srɔ̃m wole yeyee, siwo womenya tsã o, la gɔme nyuie ahalɔ̃ wo vevie. Ema ko hafi woate ŋu alɔ̃ faa aɖe asi le woƒe dzixɔse xoxoawo ŋu. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe hafi míate ŋu akpe ɖe amewo ŋu woawɔ tɔtrɔ sia tɔgbi.—Rom. 12:2.

14-15. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame siwo menya nu boo aɖeke tso agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu o la ŋu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

14 Ne míegbɔa dzi ɖi na amewo le gbeƒãɖeɖedɔa me la, míakpɔ mɔ kokoko be woase Biblia me nyateƒe si míegblɔ na wo la gɔme alo woaxɔe enumake o. Ke boŋ, veveseɖeamenu aʋã mí be míakpe ɖe wo ŋu vivivi be woade ŋugble le Ŋɔŋlɔawo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si míate ŋu ade ŋugble kple ame aɖe tso agbe mavɔ nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋui ŋu kpɔ. Ame geɖe menya nu boo aɖeke tso Biblia ƒe nufiafia sia ŋu o. Woxɔe se be, ne ame ku ko la, magate ŋu ava nɔ agbe le anyigba dzi ake o. Alo ɖewohĩ, woxɔe se be ame nyuiwo katã ayi dziƒo. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

15 Kpɔ ale si nɔviŋutsu aɖe kpena ɖe amewo ŋu wova sea Biblia ƒe nufiafia sia gɔme ɖa. Gbã, exlẽa 1 Mose 1:28 na wo. Eyome, ebiaa aƒemenɔlaa be, “Afi kae Biblia gblɔ be Mawu di be amegbetɔwo nanɔ agbe le? Eye nɔnɔme ka mee wòdi be woanɔ agbe le?” Ame akpa gãtɔ ɖoa eŋu be, “Edi be woanɔ agbe le anyigba dzi, le nɔnɔme nyui aɖe me.” Azɔ, nɔviŋutsua xlẽa Yesaya 55:11 eye wòbiana be ɖe Mawu trɔ eƒe susu mahã. Zi geɖe la, aƒemenɔlaa ɖoa eŋu be ao. Mlɔeba, nɔviŋutsua xlẽa Psalmo 37:10, 11 eye wòbiana be, “Aleke amegbetɔwo ƒe etsɔme anɔ?” Nɔviŋutsua wɔ Ŋɔŋlɔawo ŋu dɔ alea tsɔ kpe ɖe ame geɖe ŋu wose egɔme be Mawu di be ame nyuiwo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.

Nu nyuiwo ate ŋu ado tso dɔmenyonu suesuesue aɖewo, abe akɔfanyawo ŋɔŋlɔ na amewo ene me (Kpɔ memama 16-17 lia)

16-17. Ne Lododowo 3:27 me nyawo le susu me na mí la, mɔ nyui kawo dzi míate ŋu ato aɖee afia amewo be míesea veve ɖe wo nu? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

16 Enelia, di mɔ nyui siwo dzi nàte ŋu ato aɖee afia be yesea veve ɖe amewo nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòdzɔ ɖe dziwò kpɔ be èyi ɖaƒo ʋɔ na aƒemenɔla aɖe le ɣeyiɣi si mesɔ nɛ kura o mea? Ne esia tɔgbi dzɔ ɖe mía dzi la, míate ŋu aɖe kuku na amea eye míagblɔ nɛ be míatrɔ ava le ɣeyiɣi si asɔ nɛ nyuie wu me. Ke ne aƒemenɔlaa hiã kpekpeɖeŋu suesuesue aɖewo ya ɖe? Alo ne aƒemenɔlaa nye ame aɖe si tsi teƒe ɖeka eye wòdi be woaƒle nane na ye ɖe? Le nɔnɔme siawo tɔgbi me la, míate ŋu akpe ɖe amea ŋu.—Xlẽ Lododowo 3:27.

17 Nu nyui geɖewo do tso dɔmenyonu sue aɖe si nɔvinyɔnu aɖe wɔ la me. Veveseɖeamenu ʋãe wòŋlɔ lɛta na ƒome aɖe si ƒe vi ku. Eŋlɔ akɔfanya aɖewo siwo tso Ŋɔŋlɔawo me la ɖe lɛtaa me. Aleke ƒomea wɔ nui? Vidada gblɔ le lɛta si woŋlɔ na nɔvinyɔnua me be: “Etsɔ si va yi la, melé blanui vevie. Nyemeka ɖe edzi be wò ŋutɔ ènya ale si gbegbe wò lɛtaa me nyawo fa akɔ na míi o. Nyemate ŋu ada akpe na wò wòade edeƒe o; míekpɔ ŋudzedze ɖe wò akɔfanyawo ŋu ale gbegbe. Ne mede ɖeke o la, mexlẽ wò lɛtaa zi gbɔ zi 20 ya teti etsɔ. Ede dzi ƒo nam ŋutɔ; eye esia ɖe ale si gbegbe nètsɔ ɖe le eme na mí hebu mía ŋui la fia. Míeda akpe na wò tso dzi blibo me.” Ðikeke mele eme o be, ne míetsɔ mía ɖokui ɖo ame siwo le fu kpem la teƒe eye míewɔ nane tsɔ kpe ɖe wo ŋu la, nu nyui geɖe ate ŋu ado tso eme.

WƆ TƆWÒ SINUA EYE DZI MEGAÐE LE ƑOWÒ O

18. Le ɖekawɔwɔ me kple 1 Korintotɔwo 3:6, 7 me nyawo la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye nu ka tae?

18 Nu ka kee míeɖawɔ tsɔ kpe ɖe amewo ŋui o, míedi be susu si da sɔ nakpɔtɔ anɔ mía si ɖe akpa si míewɔna le gbeƒãɖeɖedɔa me ŋu. Míate ŋu awɔ akpa aɖe atsɔ akpe ɖe amewo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu, gake menye míawoe wɔa akpa vevitɔa o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 3:6, 7.) Yehowa ye hea amewo vaa eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Mlɔeba la, dzi ƒe nɔnɔme si le ame ɖe sia ɖe si ye ana wòaxɔ nya nyuia loo alo maxɔe o. (Mat. 13:4-8) Ðo ŋku edzi be ame akpa gãtɔ mexɔ Yesu ƒe gbedeasia o, evɔ eyae nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ! Eya ta, ne edzɔ be ame siwo ŋu míekpe ɖo la dometɔ geɖe meva xɔ nya nyuia o la, mele be dzi naɖe le mía ƒo o.

19. Ne míese veve ɖe amewo nu le gbeƒãɖeɖedɔa me la, nu nyui kawoe dona tso eme?

19 Ne míesea veve ɖe amewo nu le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me la, nu nyui geɖe ado tso eme. Míase vivi na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa geɖe wu. Míawo ŋutɔwo míakpɔ dzidzɔ gã si dona tso nunana me. Azɔ hã, awɔe be wòanɔ bɔbɔe na “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ la” be woaxɔ nya nyuia. (Dɔw. 13:48) Eya ta, “zi ale si mɔnukpɔkpɔa kpɔtɔ li la, mina míawɔ nyui na amewo katã.” (Gal. 6:10) Ekema, dzi adzɔ mí be míehe kafukafu vɛ na mía Fofo si le dziƒo la.—Mat. 5:16.

HADZIDZI 64 Kpɔ Gome Le Nuŋeŋedɔa Me Dzidzɔtɔe

^ mm. 5 Ne míesea veve ɖe amewo nu la, esia ana míakpɔ dzidzɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me, eye zi geɖe la, ate ŋu ana míatse ku geɖe hã. Nu ka tae? Le nyati sia me la, míadzro ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua la me. Gakpe ɖe eŋu la, míadzro mɔ ene aɖewo siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míesea veve ɖe ame siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me nu la hã me.

^ mm. 5 NYAMEÐEÐE: Le Biblia me la, ne wogblɔ be ame ƒe nu wɔ nublanui na ame la, efia be wose veve ɖe ame si le fu kpem alo ame si ŋu wosẽ ŋuta le la nu. Seselelãme sia ate ŋu aʋã ame be wòawɔ nu sia nu si wòate ŋui atsɔ akpe ɖe amewo ŋu.

^ mm. 8 Kpɔ nyati si nye, “Wɔ Ðe Sikasededea Dzi Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me,” si dze le May 15, 2014, ƒe Gbetakpɔxɔ me.