Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 12

Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Ne Wolé Fu Mí

Lɔlɔ̃ Kpena Ðe Mía Ŋu Míedoa Dzi Ne Wolé Fu Mí

“Nu siawo ƒe se dem mele na mi, be mialɔ̃ mia nɔewo. Ne xexea lé fu mi la, minyae be etre fulélem.”—YOH. 15:17, 18.

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

NYA VEVIAWO *

1. Abe ale si Mateo 24:9 gblɔe enea, nu ka tae mele be wòawɔ nuku na mí ne xexea lé fu mí o?

YEHOWA wɔ mí be míalɔ̃ amewo eye amewo hã nalɔ̃ mí. Eya ta ne ame aɖe lé fu mí la, etena ɖe mía dzi eye míevɔ̃na gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Georgina, si le Europa, gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 14 la, nɔnye lé fum le esi mesubɔa Yehowa ta. Melé blanui eye menɔ susum be nyemenye ame nyui aɖeke o.” * Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Danylo gblɔ be: “Esi asrafowo ƒom, dzum eye wodo ŋɔdzi nam le esi menye Yehowa Ðasefo ta la, mevɔ̃ ŋutɔ, eye ŋukpem.” Ne amewo wɔ nu ɖe mía ŋu alea la, evena ŋutɔ, gake mewɔa nuku na mí o. Yesu gblɔe ɖi be amewo alé fu mí.—Xlẽ Mateo 24:9.

2-3. Nu ka tae woléa fu Yesu yomedzelawo?

2 Xexea lé fu Yesu yomedzelawo. Nu ka tae? Elabe abe Yesu enea, ‘míenye xexea ƒe akpa aɖeke o.’ (Yoh. 15:17-19) Eya ta, togbɔ be míedea bubu dziɖuɖuwo ŋu hãa, mímedea nu dunyahehe me, doa gbe na aflaga alo dzia duha o. Yehowa ɖeka koe míesubɔna. Míelɔ̃ ɖe edzi be Mawu koe dze aɖu amegbetɔwo dzi, gake Satana kple eƒe “dzidzimevi” tsi tre ɖe nya ma ŋu. (1 Mose 3:1-5, 15) Míeɖea gbeƒã be Mawu Fiaɖuƒea koe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ, eye wòagbã ame siwo katã tsia tsitre ɖe eŋu la gudugudu. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 19:19-21) Gbedeasi ma nye nya nyui na ame fafawo, gake medzɔa dzi na ame vɔ̃ɖiwo ya o.—Ps. 37:10, 11.

3 Azɔ hã, amewo léa fu mí, elabe míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Ale si Mawu bua nyui kple vɔ̃ la to vovo kura na ale si xexea bunɛ. Le kpɔɖeŋu me, amewo megabua gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna siwo ta Mawu tsrɔ̃ Sodom kple Gomora be wonye nu gbegblẽ egbea o! (Yuda 7) Esi míeƒoa asa na nuwɔna mawo, eye míewɔna ɖe Biblia ƒe sewo dzi ta la, ame geɖe ɖua fewu le mía ŋu eye wogblɔna be míeʋu ŋku o!—1 Pet. 4:3, 4.

4. Nɔnɔme kawoe doa ŋusẽ mí ne amewo lé fu mí?

4 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi ne amewo léa fu mí eye wodzua mí? Ele be míaka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu. Míaƒe xɔse le abe akpoxɔnu si ate ŋu “atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo katã nu” ene. (Ef. 6:16) Gake menye xɔse koe míehiã o. Míehiã lɔlɔ̃ hã. Nu ka tae? Elabe lɔlɔ̃ “mebia dzi o.” Enɔa te ɖe nuwo katã nu eye wòdoa dzi le nuwo katã me. (1 Kor. 13:4-7, 13) Azɔ mina míakpɔ ale si ne míelɔ̃ Yehowa, mía nɔviwo kple míaƒe futɔwo gɔ̃ hãa, wòakpe ɖe mía ŋu míado dzi ne amewo lé fu mí.

LƆLƆ̃ SI LE MÍA SI NA YEHOWA AKPE ÐE MÍA ŊU MÍADO DZI NE WOLÉ FU MÍ

5. Aleke lɔlɔ̃ si le Yesu si na Fofoa do ŋusẽe?

5 Le zã si me Yesu ƒe futɔwo nawui la, egblɔ na eyomedzela wɔnuteƒewo be: “[Esi] melɔ̃ Fofo la ta la, mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.” (Yoh. 14:31) Lɔlɔ̃ si le Yesu si na Yehowa do ŋusẽe wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu. Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu nenema ke.

6. Le Romatɔwo 5:3-5 ƒe nya nua, aleke Yehowa subɔlawo sena le wo ɖokuiwo me ne xexea lé fu wo?

6 Yehowa subɔlawo tea ŋu doa dzi le yometitiwo me le esi wolɔ̃ Yehowa ta. Le kpɔɖeŋu me, esi Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ de se na apostoloawo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖea, lɔlɔ̃ si le wo si na Mawu ʋã wo ‘woɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’ (Dɔw. 5:29; 1 Yoh. 5:3) Egbea, lɔlɔ̃ sẽŋu ma ke si le mía nɔviwo si na Yehowa kpena ɖe wo ŋu wodoa dzi ne dziɖuɖuwo le ŋuta sẽm le wo ŋu hã. Eya ta ne xexea lé fu mí la, dzi meɖena le mía ƒo o, míekpɔa dzidzɔ boŋ.—Dɔw. 5:41; xlẽ Romatɔwo 5:3-5.

7. Aleke wòle be míawɔ nui ne míaƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu?

7 Esi gavena wue nye ne míawo ŋutɔwo míaƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe mía ŋu. Esi míeva nɔ nyateƒea srɔ̃ma, míaƒe ƒometɔ aɖewo susui be míetra. Ame bubuwo hã susu be míaƒe tagbɔ le gbegblẽm. (Tsɔe sɔ kple Marko 3:21.) Woate ŋu asẽ ŋuta le mía ŋu gɔ̃ hã. Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Yesu gblɔ be: “Ame ƒe futɔwo anye eya ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mat. 10:36) Gake aleke kee míaƒe ƒometɔwo wɔ nu ɖe mía ŋu o, mele be míabu wo míaƒe futɔwo o. Ke boŋ, ne lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa nu le sesẽm ɖe edzia, ana míalɔ̃ amewo hã. (Mat. 22:37-39) Gake mímaŋe aɖaba aƒu Biblia ƒe sewo alo mɔfiamewo dzi le esi míedi be míadze amewo ŋu ta ko o.

Míakpe fu ɣeaɖewoɣi, gake Yehowa li kpli mí ɣesiaɣi afa akɔ na mí, eye wòado ŋusẽ mí (Kpɔ memama 8-10 lia)

8-9. Nu kae kpe ɖe nɔvinyɔnu aɖe ŋu wònɔ te sesĩe togbɔ be wonɔ eyome tim vevie hã?

8 Togbɔ be Georgina, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi nɔ tsi tre ɖe eŋu vevie hãa, edo dzi. Georgina gblɔ be: “Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple nye kple nɔnye. Gake ɣleti ade megbe esi medi be mate kpekpeawo dedea, nɔnye va nɔ tsitre tsim ɖe ŋunye. Eva nɔ ka dom kple xɔsegbelawo eye wòva nɔ woƒe nyawo zãm tsɔ nɔa nya hem kplim. Edzuam, léa nye ɖa hena, miaa ve nam, eye wòtsɔa nye Biblia-srɔ̃gbalẽwo ƒua gbe. Mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 15. Nɔnye kplɔm yi suku aɖe si wokplɔa ɖevi masetonuwo dana ɖo ale be madzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Ðevi siwo dome meva nɔa dometɔ aɖewo zãa atike vɔ̃ɖiwo, eye wowɔa nu vlowo. Esesẽna ŋutɔ be míanɔ te ɖe yometiti nu, vevietɔ ne etso ame siwo míele mɔ kpɔm be woalɔ̃ mí eye woawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie gbɔ.”

9 Nu kae kpe ɖe Georgina ŋu wòdo dzi? Egblɔ be: “Gbe si gbe nɔnye nadze yonyeme titia, mewu Biblia bliboa xexlẽ nu. Meva ka ɖe edzi be meke ɖe nyateƒea ŋu, eye nye kple Yehowa dome le kplikplikpli. Medoa gbe ɖa nɛ, eye eɖoa tom. Esi menɔ vi masetonuwo nɔƒea, nɔvinyɔnu aɖe kpem va eƒe me eye míesrɔ̃ Biblia ɖekae. Ɣemaɣia, nɔvi siwo le hamea mea doa ŋusẽm. Wotsɔm abe woƒe ƒomea me tɔ ene. Nye ŋutɔ meva kpɔe be Yehowa sesẽ wu ame siwo tsia tsitre ɖe mía ŋu, ame ka kee woɖanye o.”

10. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo be Yehowa mía Mawu la awɔ na mí?

10 Apostolo Paulo gblɔ be naneke mate ŋu “ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ, me la gbɔ o.” (Rom. 8:38, 39) Togbɔ be míakpe fu ɣeaɖewoɣi hãa, Yehowa li kplim mí ɣesiaɣi ado ŋusẽ mí eye wòafa akɔ na mí. Eye nu si me Georgina to ɖee fia be Yehowa toa mía nɔvi lɔlɔ̃awo dzi kpena ɖe mía ŋu.

LƆLƆ̃ SI LE MÍA SI NA MÍA NƆVIWO AKPE ÐE MÍA ŊU MÍADO DZI NE AMEWO LÉ FU MÍ

11. Aleke lɔlɔ̃ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le Yohanes 15:12, 13 kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

11 Le zã si me woawu Yesua, eɖo ŋku edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ wo nɔewo. (Xlẽ Yohanes 15:12, 13.) Enyae be ne wolɔ̃ wo nɔewoa, akpe ɖe wo ŋu woawɔ ɖeka eye woanɔ te sesĩe ne amewo lé fu wo. Bu hame si nɔ Tesalonika ŋu kpɔ. Esi woɖo hamea teti koa, woti wo yome. Ke hã, nɔvi siwo nɔ afi ma ɖo dzidodo kple lɔlɔ̃ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. (1 Tes. 1:3, 6, 7) Paulo de dzi ƒo na wo be woayi edzi aɖe lɔlɔ̃ afia “geɖe wu.” (1 Tes. 4:9, 10) Lɔlɔ̃ akpe ɖe wo ŋu be woade dzi ƒo na ame siwo lé blanui kple ame siwo gbɔdzɔ. (1 Tes. 5:14) Wowɔ ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi, elabe le eƒe agbalẽ evelia si wòva ŋlɔ ɖo ɖe wo abe ƒe ɖeka megbe ene mea, Paulo gblɔ na wo be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe ƒe lɔlɔ̃ na nɔvia le dzidzim ɖe edzi.” (2 Tes. 1:3-5) Ale si wolɔ̃ wo nɔviwo kpe ɖe wo ŋu wodo dzi le nɔnɔme sesẽwo kple yometitiwo me.

Lɔlɔ̃ si le mía dome kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ne amewo lé fu mí (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Esi aʋa dzɔ le dukɔ aɖe mea, aleke mía nɔviwo ɖe lɔlɔ̃ fia wo nɔewoe?

12 Bu Danylo si ŋu míeƒo nu tsoe va yi kple srɔ̃anyɔnu ŋu kpɔ. Esi aʋa dzɔ le woƒe dukɔa mea, woyi edzi dea kpekpeawo, wɔa wotɔ sinua ɖea gbeƒã, eye womaa nuɖuɖu sue si le wo si kple wo nɔviwo. Gake gbe ɖekaa, asrafo siwo kpla tu va do ɖe wo dzi le aƒe me. Danylo gblɔ be: “Wozi dzinye be magbe nu le nye xɔse gbɔ. Esi megbea, woƒom eye woda tu to nye tagbɔ lɔƒo be yewoatsɔ ado vɔvɔ̃ nam. Hafi woadzoa, wodo ŋɔdzi na mí be yewoatrɔ agbɔ ava dɔ srɔ̃nye gbɔ sesẽe. Gake mía nɔviawo na míeɖo keteke enumake yi nuto bubu me. Nyemaŋlɔ lɔlɔ̃ si nɔviawo ɖe fia mí be o. Esi míevae ɖoa, nɔvi siwo le nutoa mea, xɔ mí, wona nuɖuɖu mí, eye wokpe ɖe mía ŋu míekpɔ dzeƒe kple dɔwɔɖui! Esia wɔe be míawo hã míete ŋu kpe ɖe nɔvi bubu siwo nɔ sisim le aʋa nu la ŋu.” Esiawo tɔgbi na míekpɔe be lɔlɔ̃ si le mía domea kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi ne amewo lé fu mí.

LƆLƆ̃ SI LE MÍA SI NA MÍAƑE FUTƆWO KPENA ÐE MÍA ŊU MÍEDOA DZI NE WOLÉ FU MÍ

13. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le Yehowa subɔsubɔ me ne amewo lé fu mí gɔ̃ hã?

13 Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woalɔ̃ woƒe futɔwo. (Mat. 5:44, 45) Ðe esia le bɔbɔea? Kura o. Gake le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu mea, anya wɔ. Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa aɖewoe nye lɔlɔ̃, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, tufafa kple ɖokuidziɖuɖu. (Gal. 5:22, 23) Nɔnɔme siawo kpena ɖe mía ŋu míeɖua fuléle dzi. Ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu la dometɔ geɖe trɔ woƒe nɔnɔme le esi wo srɔ̃ŋutsu, wo srɔ̃nyɔnu, wo vi alo aƒelika aɖe si nye Ðasefoa ɖe nɔnɔme nyui mawo fia ta. Tsitretsiɖeŋula mawo dometɔ geɖe va zu mía nɔviwo gɔ̃ hã. Eya ta ne esesẽ be nàlɔ̃ ame siwo lé fu wò le esi nènye Yehowa subɔla taa, do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔea. (Luka 11:13) Eye ka ɖe edzi be nu nyuitɔe nye be nàɖo to Mawu ɣesiaɣi.Lod. 3:5-7.

14-15. Aleke Romatɔwo 12:17-21 kpe ɖe Yasmeen ŋu wòɖee fia srɔ̃a be yelɔ̃e togbɔ be etsi tre ɖe eŋu vɔ̃ɖivɔ̃ɖi hã?

14 Bu Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Yasmeen ŋu kpɔ. Esi wòva zu Yehowa Ðasefoa, srɔ̃a susu be ɖe woblee, eya ta edze agbagba be yeana wòadzudzɔ Mawu subɔsubɔ. Srɔ̃a dzui, eye wògblɔ na ƒometɔwo, hakplɔla aɖe kple bokɔnɔ aɖe be woado ŋɔdzi nɛ eye woatso enu be ele eƒe ƒomea gbãm. Srɔ̃a va dzu nɔviwo le kpekpe me gbe ɖeka gɔ̃ hã! Zi geɖea, Yasmeen faa avi elabe srɔ̃a mewɔa nu ɖe eŋu nyuie o.

15 Nɔvi siwo le hamea mea, fa akɔ na Yasmeen eye wodo ŋusẽe. Hamemetsitsiwo de dzi ƒo nɛ be wòawɔ ɖe Romatɔwo 12:17-21 me nyawo dzi. (Xlẽe.) Yasmeen gblɔ be: “Menɔ bɔbɔe o. Gake medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ ɖe nya mawo dzi. Eya ta ne srɔ̃nye ɖoe koŋ ƒo ɖi dzodoƒea, medzranɛ ɖo kpoo. Ne srɔ̃nye dzuma, nyemetsɔnɛ kpenɛ o. Eye ne edze dɔa, meléa be nɛ.”

Ne míelɔ̃ ame siwo tia mía yomea, ate ŋu ana woatrɔ susu (Kpɔ memama 16-17 lia) *

16-17. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si me Yasmeen toa me?

16 Yehowa ɖo eteƒe na Yasmeen le ale si wòlɔ̃ srɔ̃a ta. Egblɔ be: “Srɔ̃nye va kana ɖe dzinye geɖe wu, elabe enya be mato nyateƒe ɣesiaɣi. Eva ɖoa tom bubutɔe ne míele dze ɖom tso subɔsubɔnyawo ŋu eye wòlɔ̃ ɖe edzi be yeana ŋutifafa nanɔ aƒea me. Fifia, eɖea mɔ nam be mayi kpekpeawo faa. Nuwo va ɖɔ ɖo le ƒomea me kura, eye ŋutifafa hã le aƒea me. Mele mɔ kpɔm be srɔ̃nye nava lɔ̃ be yeasrɔ̃ nyateƒea eye wòava wɔ ɖeka kplim míasubɔ Yehowa.”

17 Nu siwo me Yasmeen to ɖee fia be ‘lɔlɔ̃ nɔa te ɖe nuwo katã nu, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me.’ (1 Kor. 13:4, 7) Fuléle nu ate ŋu asẽ, gake lɔlɔ̃ aɖu edzi. Lɔlɔ̃ ate ŋu ana amewo natrɔ. Eye esia nana Yehowa kpɔa dzidzɔ. Gake ne ame siwo tsi tre ɖe mía ŋu gbe be yewomana ta o hãa, míate ŋu ayi edzi akpɔ dzidzɔ. Le mɔ ka nu?

MÍEKPƆA DZIDZƆ NE WOLÉ FU MÍ

18. Nu ka tae wòle be dzi nadzɔ mí ne wolé fu mí?

18 Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe mienye ne amewo lé fu mi.” (Luka 6:22) Menye míawo ŋutɔwoe tiae be woati mía yome o. Medzɔa dzi na mí ne wole mía yome tim le míaƒe xɔse ta o. Eya ta, aleke míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wolé fu mí? Bu susu etɔ̃ aɖewo ŋu kpɔ. Gbãa, ne míedo dzia, míaƒe nu dzea Mawu ŋu. (1 Pet. 4:13, 14) Evelia, míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi. (1 Pet. 1:7) Eye etɔ̃lia, agbe mavɔ asu mía si.—Rom. 2:6, 7.

19. Nu ka tae apostoloawo kpɔ dzidzɔ esi woƒo wo vɔ megbe?

19 Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre eteƒe medidi oa, eƒe apostoloawo kpɔ dzidzɔ si ŋu nya wògblɔ na wo la. Esi woƒo wo eye wode se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe vɔ megbea, dzi dzɔ wo. Nu ka tae? Elabe wokpɔe be “wobu yewo be yewodze woado vlo yewo le [Yesu ƒe] ŋkɔ la ta.” (Dɔw. 5:40-42) Ale si wolɔ̃ woƒe Aƒetɔa nu sẽ wu ale si wovɔ̃ na woƒe futɔwo. Woɖe gbeƒã nya nyuia “madzudzɔmadzudzɔe” tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃ yewo ƒe Aƒetɔa wu. Mía nɔvi geɖe yi edzi le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe togbɔ be wole nɔnɔme sesẽwo me tom. Wonyae be Yehowa maŋlɔ yewoƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si yewo ɖe fia le eƒe ŋkɔa ta be o.—Heb. 6:10.

20. Nu ka me míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

20 Zi ale si míekpɔtɔ le xexe sia mea, xexea alé fu mí. (Yoh. 15:19) Gake mele be míavɔ̃ o. Abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me enea, Yehowa ana esubɔla wɔnuteƒewo ‘nanɔ te sesĩe, eye wòakpɔ wo ta.’ (2 Tes. 3:3) Eya ta mina míayi edzi alɔ̃ Yehowa, mía nɔviwo kple míaƒe futɔwo gɔ̃ hã. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzia, míawɔ ɖeka, míaƒe xɔse agasẽ ɖe edzi, míahe kafukafu vɛ na Yehowa eye wòaɖo kpe edzi be lɔlɔ̃ nu sẽ wu fuléle.

HADZIDZI 106 Mina Míatu Lɔlɔ̃ Ðo

^ mm. 5 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si ne míelɔ̃ Yehowa, mía nɔviwo, kple míaƒe futɔwo gɔ̃ hãa wòakpe ɖe mía ŋu míayi edzi ado dzi ne xexea lé fu mí. Azɔ hã, míakpɔ nu si tae Yesu gblɔ be míakpɔ dzidzɔ ne amewo lé fu mí.

^ mm. 1 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Esi asrafowo do ŋɔdzi na Danylo la, nɔviwo kpe ɖe eya kple srɔ̃a ŋu woʋu yi nuto bubu me eye nɔviwo xɔ wo le afi ma nyuie.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME: Yasmeen srɔ̃ tsi tre ɖe eŋu, gake hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu nyuiwo nɛ. Eɖee fia be yenye srɔ̃nyɔnu nyui eye wòlé be na srɔ̃a esime wòdze dɔ.