Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 10

Mina Mí Katã Míakpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ

Mina Mí Katã Míakpe Ðe Biblia Nusrɔ̃viwo Ŋu Woayi Ŋgɔ Ava Xɔ Nyɔnyrɔ

“Ŋutinu ɖe sia ɖe [wɔnɛ] be ŋutilã la tsina.”—EF. 4:16.

HADZIDZI 85 Mixɔ Mia Nɔewo

NYA VEVIAWO *

1-2. Ame kawoe ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ?

AMY si le Fiji gblɔ be: “Nu siwo srɔ̃m menɔ le Biblia mea dzɔa dzi nam ŋutɔ. Menya be wonye nyateƒe. Gake esi meva te hadede kple nɔviawoe mete ŋu wɔ tɔtrɔ siwo hiã eye meyi ŋgɔ va xɔ nyɔnyrɔ.” Amy ƒe nyawo he susu yi nya vevi sia dzi be: Ne ame siwo le hamea me kpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋua, enɔa bɔbɔe be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

2 Gbeƒãɖela ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ akpa aɖe atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe ŋu be wòava hamea me. (Ef. 4:16) Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Leilani, si le Vanuatu gblɔ be: “Amewo gblɔna be, ‘Ame ɖekae dzia vi, gake due hea vi.’ Mesusu be nya sia nye nyateƒe le nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa hã me; hame bliboa wɔa akpa aɖe hafi ame aɖe vaa nyateƒea me.” Ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple sukunufialawo katã wɔa akpa aɖe tsɔ kpena ɖe ɖevi ŋu wòtsina. Mɔ siwo dzi wotona wɔa esiae nye be wodea dzi ƒo nɛ eye wofiaa nu vevi aɖewoe le agbe me. Nenema kee gbeƒãɖelawo ate ŋu aɖo aɖaŋu na Biblia nusrɔ̃viwo, ade dzi ƒo na wo, aɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na wo, eye esia akpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.—Lod. 15:22.

3. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya siwo Ana, Dorin, kple Leilani gblɔa me?

3 Nu ka tae wòle be gbeƒãɖela aɖe nakpɔ dzidzɔ ne gbeƒãɖela bubuwo di be yewoakpe ɖe ame aɖe si wòle Biblia srɔ̃m kplii la ŋu? De dzesi nya si Ana, si nye mɔɖela vevi le Moldova gblɔ. Egblɔ be, “Biblia nusrɔ̃vi geɖe hiãna kpekpeɖeŋu geɖe be woayi ŋgɔ eye mele bɔbɔe be eƒe Biblia nufiala ɖeɖe nana kpekpeɖeŋu mawo katãe o.” Dorin si nye mɔɖela vevi le dukɔ ma ke me gblɔ be, “Zi geɖea, gbeƒãɖela bubuwo gblɔa nya aɖe si wɔa dɔ ɖe nusrɔ̃via dzi, si meva susu me nam kpɔ o.” Leilani gblɔ kpee be, “Ne nusrɔ̃via kpɔ ale si gbeƒãɖela bubuwo lɔ̃e eye wotsɔa ɖe le eme nɛa, eva dea dzesii be Yehowa ƒe amewoe míenye.”—Yoh. 13:35.

4. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

4 Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Esi menye nye nusrɔ̃vie wònye o ɖe, nu kae mate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu be wòayi edzi atsi le xɔse me?’ Mina míadzro nu si míate ŋu awɔ ne míekplɔ gbeƒãɖela aɖe ɖo yi eƒe Biblia nusrɔ̃vi gbɔ, kple nu siwo míate ŋu awɔ ne nusrɔ̃via te kpekpeawo dede la me. Azɔ hã, míakpɔ nu si hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu be woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ.

NE ÈKPLƆ GBEƑÃÐELA AÐE ÐO YI EƑE NUSRƆ̃VI GBƆ

Ne gbeƒãɖela aɖe kpe wò be nàkplɔ ye yewoayi yeƒe Biblia nusrɔ̃vi gbɔa, anyo be nàdzra ɖo ɖe nu si srɔ̃ ge miala ŋu do ŋgɔ (Kpɔ memama 5-7 lia)

5. Ne gbeƒãɖela aɖe kpe wò be nàkplɔ ye yewoayi yeƒe Biblia nusrɔ̃vi gbɔa, akpa kae nàwɔ?

5 Biblia nusrɔ̃via ƒe nufialaa ƒe agbae wònye be wòakpe ɖe eŋu wòase Mawu ƒe Nyaa gɔme. Ne gbeƒãɖela aɖe kpe wò be nàkplɔ ye yewoayi yeƒe nusrɔ̃vi gbɔa, ke akpa si nàwɔ ye nye be nàkpe asi ɖe gbeƒãɖelaa ŋu. (Nyagb. 4:9, 10) Nu kawo koŋue wò hã nàte ŋu awɔ be nusɔsrɔ̃a naɖe vi na nusrɔ̃via?

6. Aleke nya siwo dze le Lododowo 20:18 ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èkplɔ gbeƒãɖela aɖe ɖo yi eƒe nusrɔ̃vi gbɔ?

6 Dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Gbãa, bia gbeƒãɖelaa be wòagblɔ nya ʋɛ aɖewo na wò tso nusrɔ̃via ŋu. (Xlẽ Lododowo 20:18.) Àte ŋu abiae be: “Ame ka tɔgbie nusrɔ̃via nye? Nu ka ŋue míasrɔ̃ nu tsoe? Nu vevi kae nèdi be wòanya le nusɔsrɔ̃ sia me? Ðe nya aɖe li si wòle be magblɔ alo magagblɔ o, alo nane li si wòle be mawɔ alo magawɔ o le nusrɔ̃ɣia? Ðe nya aɖe li mate ŋu agblɔ atsɔ ade dzi ƒo nɛa?” Gbeƒãɖelaa maʋu go nusrɔ̃via ƒe nya ɣaɣla aɖeke na wò ya o, gake nya siwo wòagblɔa akpe ɖe ŋuwò nànya nu si nàwɔ. Dutanyanyuigblɔla aɖe si ŋkɔe nye Joy ƒoa nu tso nu siawo ŋu na gbeƒãɖela siwo kplɔe ɖo yi eƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe gbɔ. Egblɔ be: “Esiawo kpena ɖe nɔviawo ŋu wodina be yewoakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu eye wonyana nya siwo woagblɔ le nusɔsrɔ̃a me.”

7. Nu ka tae wòahiã be nàdzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu ne àkplɔ gbeƒãɖela aɖe ayi eƒe nusrɔ̃vi gbɔ?

7 Ne gbeƒãɖela aɖe kpe wò be nàkplɔ ye yewoayi yeƒe Biblia nusrɔ̃vi gbɔa, anyo be nàdzra nu si srɔ̃ ge mieyina la ɖo do ŋgɔ. (Ezra 7:10) Nɔviŋutsu Dorin si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Edzɔa dzi nam ne gbeƒãɖela si kplɔm ɖoa dzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu do ŋgɔ. Esia awɔe be wòate ŋu agblɔ nya siwo aɖe vi na nusrɔ̃via.” Azɔ hã, esia ana nusrɔ̃via nakpɔe be mi ame evea miedzra ɖo eye wòasrɔ̃ nu vevi aɖe tso mia gbɔ. Ne edzɔ be màte ŋu adzra ɖo ɖe nusɔsrɔ̃ bliboa ŋu o hãa, di ɣeyiɣi nàtsɔ anya nu vevi siwo le nusɔsrɔ̃a me.

8. Nu kae nàwɔ be wò gbedodoɖa naku ɖe nane koŋ ŋu le Biblia nusrɔ̃ɣia?

8 Gbedodoɖa wɔa akpa vevi aɖe ne míele Biblia srɔ̃m kple amewo. Eya ta bu nya siwo nàgblɔ le gbedodoɖaa me ŋu do ŋgɔ; eya awɔe be gbedodoɖaa naku ɖe nane koŋ ŋu. (Ps. 141:2) Hanae si le Japan gblɔ be yegaɖoa ŋku gbe si gbeƒãɖela aɖe si kplɔ yeƒe Biblia nufialaa ɖo do ɖaa dzi. Egblɔ be: “Mekpɔe be eya kple Yehowa dome le kplikplikpli eye medi be manɔ abe eya ene. Azɔ hã, esi mese wòyɔ nye ŋkɔ le gbedodoɖaa mea, ewɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

9. Le Yakobo 1:19 ƒe nya nua, nu kae nàte ŋu awɔ be nànye zɔhɛ nyui ne miele Biblia srɔ̃m kple ame aɖe?

9 Kpe ɖe gbeƒãɖela si le nua fiam la ŋu. Omamuyovbi si nye mɔɖela vevi le Nigeria gblɔ be: “Gbeadzi zɔhɛ nyui ɖoa to nyuie le nua srɔ̃ɣi. Egblɔa nya siwo atu nusrɔ̃via ɖo, gake meƒoa nu fũu o elabe enyae be nusrɔ̃via ƒe nufialae le nusɔsrɔ̃a dzi kpɔm.” Aleke nàwɔ anya ɣeyiɣi si nàde nu dzeɖoɖoa me kple ale si nàwɔe? (Lod. 25:11) Ðo to nyuie esime nufialaa kple nusrɔ̃via le nua srɔ̃m. (Xlẽ Yakobo 1:19.) Ema ko hafi nàte ŋu anya ɣeyiɣi si tututu nàde nu dzeɖoɖoa me. Gake ele be nàbu nuwo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, mele be nàƒo nu fũu, axɔ nya le nufialaa nu, alo agblɔ nya bubu siwo meku ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu o. Gake ne ègblɔ nya kpui aɖe, wɔ kpɔɖeŋu aɖe alo bia nya aɖea, akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòase nya veviawo gɔme. Ɣeaɖewoɣia, àkpɔe be nya boo aɖeke meli yeagblɔ o. Ke hã, àte ŋu akafu nusrɔ̃via atsɔ aɖee afia be ele agbagba dzem, eye esia akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ.

10. Ne ègblɔ nu siwo me nèto na Biblia nusrɔ̃via, vi kae wòaɖe nɛ?

10 Gblɔ nu siwo me nèto la na wo. Ne asɔa, àte ŋu agblɔ ale si nèwɔ va srɔ̃ nyateƒea, ale si nèwɔ ɖu kuxi aɖe dzi alo ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme aɖe mea, na nusrɔ̃via kpuie. (Ps. 78:4, 7) Ðewohĩ nya mawo koe nusrɔ̃via hiã. Nya mawo ado ŋusẽ nusrɔ̃via ƒe xɔse, alo ade dzi ƒo nɛ be wòayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Eye woakpe ɖe eŋu wòanya ale si wòawɔ aɖu tetekpɔ aɖe si me tom wòlea dzi. (1 Pet. 5:9) Gabriel si le Brazil, eye wònye mɔɖela fifia, gblɔ nu siwo kpe ɖe eŋu esime wònɔ Biblia srɔ̃m. Egblɔ be: “Esi mese nu siwo me nɔviŋutsua toa, mekpɔe be Yehowa nya kuxi siwo vaa mía dzi. Eye ne wote ŋu nɔ te ɖe enua, ke nye hã mate ŋui.”

NE BIBLIA NUSRƆ̃VI AÐE TE KPEKPEAWO DEDE

Mí katã míate ŋu awɔ nane atsɔ ade dzi ƒo na nusrɔ̃vi aɖe be wòayi edzi anɔ kpekpeawo dem (Kpɔ memama 11 lia)

11-12. Nu ka tae wòle be míado vivi ɖe Biblia nusrɔ̃vi si dea kpekpeawo ŋu?

11 Hafi Biblia nusrɔ̃vi aɖe nayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔa, ele be wòanɔ kpekpeawo dem edziedzi be wòaɖe vi nɛ. (Heb. 10:24, 25) Anɔ eme be eƒe Biblia nufialae kpee na kpekpeawo zi gbãtɔ. Ne evaa, mí katã míate ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòanɔ kpekpeawo dem. Mɔ ŋutɔŋutɔ kawo dzie míate ŋu ato awɔ esia?

12 Do wòe zɔ na nusrɔ̃via vividoɖeameŋutɔe. (Rom. 15:7) Ne nusrɔ̃via kpɔe be woxɔ ye nyuie le kpekpeawo mea, adi godoo be yeanɔ vavam. Míate ŋu ana nusrɔ̃via ƒe dzi nadze eme ne míedo wòe zɔ nɛ vividoɖeameŋutɔe, eye míeɖee fia ame bubuwo. Te ɖe eŋu nàdo wòe zɔ nɛ, elabe ɖewohĩ eƒe nufiala ƒe ŋku anya biã ɖe dɔ bubuwo ŋu le Fiaɖuƒe Akpataa me. Ne nusrɔ̃via le nu ƒom na wòa, ɖo toe nyuie eye nàna wòakpɔe be yetsɔ ɖe le eme nɛ. Ne èwɔ nu siawoa, vi kae wòaɖe na nusrɔ̃via? De dzesi nya si Dmitrii, si xɔ nyɔnyrɔ ƒe ʋɛ aɖewoe nye esia eye wònye subɔsubɔdɔwɔla fifia gblɔ. Egblɔ tso zi gbãtɔ si wòyi kpekpea ŋu be: “Nɔviŋutsu aɖe de dzesii be metɔ ɖe xexe nɔ vɔvɔ̃m, eya ta eva kplɔm ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me. Nɔvi geɖe va do gbe nam. Ewɔ nuku nam ŋutɔ. Edzɔ dzi nam ale gbegbe be ɖeko medi be míanɔ kpekpea wɔm gbe sia gbe. Nyemekpɔ esia tɔgbi kpɔ le teƒe aɖeke o.”

13. Aleke míaƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu?

13 Ðo kpɔɖeŋu nyui. Wò nuwɔna ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be nyateƒeae nye esia. (Mat. 5:16) Vitalii, si nye mɔɖela le Moldova gblɔ be: “Mekpɔ ale si ame siwo le hamea me nɔa agbee kple ale si wobua nuwo ŋui. Ena mekpɔe be Yehowa Ðasefowoe nye ha vavãtɔ.”

14. Aleke míaƒe kpɔɖeŋu nyuiwo akpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi ŋu be wòayi ŋgɔ kabakaba?

14 Ele be nusrɔ̃via nawɔ ɖe nu siwo srɔ̃m wòlea dzi hafi wòadze ava xɔ nyɔnyrɔ. Esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Gake ne nusrɔ̃via kpɔ ale si wò ŋutɔ nèwɔna ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi kple ale si wòɖea vi na wòa, aʋã eya hã be wòawɔ ɖe wo dzi. (1 Kor. 11:1) Bu Hanae si ŋu míeƒo nu tsoe va yia ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Nɔviawo ŋutɔ nɔ agbe nɔm ɖe nu siwo srɔ̃m melea nu. Mesrɔ̃ ale si made dzi ƒo na ame, matsɔ ake eye malɔ̃ ame tso nɔviawo gbɔ. Woƒoa nu nyui tso ame bubuwo ŋu. Eya ta medi be masrɔ̃ wo.”

15. Aleke Lododowo 27:17 kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ele be míadze xɔ̃ Biblia nusrɔ̃vi si dea kpekpeawo?

15 Dze xɔ̃ nusrɔ̃via. Ne nusrɔ̃via te kpekpeawo dedea, na wòakpɔe be yetsɔ ɖe le eme nɛ. (Flp. 2:4) Ðo dze kplii nànyae nyuie. Kafui ɖe tɔtrɔ siwo wɔm wòlea ta, àte ŋu abia ale si eƒe Biblia nusɔsrɔ̃a le yiyim, eƒe ƒomea kple eƒe dɔwɔɖuia ta se. Gake mègabia nya siwo ado ŋukpee o. Dzeɖoɖo siawo ana wò kplii dome nagava nɔ kplikplikpli wu. Ne èdze xɔ̃ nusrɔ̃vi aɖea, akpe ɖe eŋu wòayi ŋgɔ kaba ava xɔ nyɔnyrɔ. (Xlẽ Lododowo 27:17.) Fifia, Hanae nye gbesiagbe mɔɖela. Egblɔ tso esime wòte kpekpeawo dede ŋu be: “Esi meva dze xɔ̃wo le hamea me taa, medina be mayi kpekpeawo ɣesiaɣi, ne ɖeɖi te ŋunye gɔ̃ hã. Hadede kple xɔ̃ yeye siwo medzea dzɔa dzi nam, eye esia kpe ɖe ŋunye be metso kadodo kple xɔ̃nye siwo mesubɔa Yehowa o la me. Medi be maganya Yehowa kple nɔviawo nyuie. Eya ta metso nya me xɔ nyɔnyrɔ.”

16. Nu bubu kae míate ŋu awɔ si ana Biblia nusrɔ̃vi aɖe naɖe dzi ɖi le hamea me?

16 Ne nusrɔ̃via le ŋgɔ yim eye wòle tɔtrɔwo wɔma, kpe ɖe eŋu wòakpɔe be edzɔ dzi na mí be ele hamea me. Àte ŋu awɔ esia ne èwɔa amedzro nɛ. (Heb. 13:2) Denis si le subɔsubɔm le Moldova ɖo ŋku esime wònɔ Biblia srɔ̃m dzi. Egblɔ be: “Zi geɖea, nɔviawo kpea nye kple srɔ̃nye vaa wo gbɔ. Wogblɔa ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu la na mí. Ema dea dzi ƒo na mí ŋutɔ. Esiawo na míeɖoe kplikpaa be míayi edzi asubɔ Yehowa eye yayrawo le mía lalam le etsɔme.” Ne woda asi ɖe Biblia nusrɔ̃via dzi be wòazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔa, àte ŋu awɔ ɖoɖo wò kplii miayi gbeadzi. Diego, si nye gbeƒãɖela le Brazil gblɔ be: “Nɔvi geɖe kpem míeyi gbeadzi. Eya ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi megava nya wo nyuie. Esia wɔe be mesrɔ̃ nu geɖe eye megava te ɖe Yehowa kple Yesu ŋu wu.”

NU SI HAMEMETSITSIWO ATE ŊU AWƆ

Hamemetsitsiwo, ne mietsɔ ɖe le eme na nusrɔ̃viwoa, akpe ɖe wo ŋu woayi ŋgɔ (Kpɔ memama 17 lia)

17. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu?

17 Kpɔ vovo ɖe Biblia nusrɔ̃viawo ŋu. Hamemetsitsiwo, ne mietsɔ ɖe le eme na nusrɔ̃viwoa, woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Ðe nàte ŋu adi ɣeyiɣi anɔ dze ɖom kpli wo le kpekpeawo me edziedzia? Woakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na yewo ne èɖoa ŋku woƒe ŋkɔwo dzi, vevietɔ ne wodze nyaŋuɖoɖo gɔme. Ðe nàte ŋu awɔ ɖoɖo azɔ kple gbeƒãɖela aɖe ayi eƒe nusrɔ̃vi gbɔa? Esia ate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wu ale si nèsusui. Jackie si nye mɔɖela le Nigeria gblɔ be: “Ewɔa nuku na nusrɔ̃vi geɖe ne wova nyae be nɔviŋutsu si nye kplii míeva egbɔ va srɔ̃ nua nye hamemetsitsi. Nusrɔ̃vi aɖe gblɔ be: ‘Míaƒe pastɔ mawɔ esia akpɔ o. Gatɔwo gbɔ koe woyina eye ema hã ne woxe fe na wo ko hafi!’” Fifia, nusrɔ̃vi ma dea kpekpeawo.

18. Aleke hamemetsitsiwo agate ŋu awɔ dɔ si wode wo si si dze le Dɔwɔwɔwo 20:28 la geɖe wu?

18 Na hehe Biblia nufialawo eye nàde dzi ƒo na wo. Hamemetsitsiwo, agba le mia dzi be miakpe ɖe gbeƒãɖelawo ŋu woabi ɖe subɔsubɔdɔa kple Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ me. (Xlẽ Dɔwɔwɔwo 20:28.) Ne ŋu kpea gbeƒãɖela aɖe be wòasrɔ̃ Biblia kple ame aɖe esi nèle eteƒea, ke wò ŋutɔ kpɔ nusɔsrɔ̃a dzi. Jackie si ŋu míeƒo nu tsoe va yia gblɔ be: “Hamemetsitsiwo biaa nye nusrɔ̃viwo ta sena zi geɖe. Ne mele go dom kuxi aɖewo le Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ mea, woɖoa aɖaŋu siwo ɖea vi nam.” Hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ ade dzi ƒo na Biblia nufialawo. (1 Tes. 5:11) Jackie gagblɔ kpee be: “Edzɔa dzi nam ne hamemetsitsiwo de dzi ƒo nam eye wokafum ɖe agbagba siwo dzem melea ta. Woƒe nyawo le nam abe tsi fafɛ aɖee meno le ŋdɔkutsu dzatsɛ aɖe ene. Woƒe kafukafu nya mawo gadea dzo menye eye dzi gadzɔam ɖe Biblia fiafia dɔa ŋu geɖe wu.”—Lod. 25:25.

19. Nu kae ana míakpɔ dzidzɔ?

19 Ne Biblia nusrɔ̃vi mele mía si fifia o gɔ̃ hãa, míate ŋu awɔ nu geɖe atsɔ akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Ne míedzra ɖo nyuie eye míeƒoa nu fũu akpa oa, míate ŋu akpe ɖe Biblia nufialaa ŋu ne ele nu srɔ̃m kple eƒe nusrɔ̃vi. Míate ŋu adze xɔ̃ nusrɔ̃viwo ne wova kpekpeawo, eye míaɖo kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi na wo woasrɔ̃. Eye hamemetsitsiwo ate ŋu ade dzi ƒo na nusrɔ̃viwo ne wokpɔa vovo ɖe wo ŋu, eye woate ŋu ade dzi ƒo na nufialawo hã ne wonaa hehe wo eye wokafua wo. Ne míewɔ mía tɔ sinua, eɖanye suetɔ kekeake o, tsɔ kpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋu wòva lɔ̃ mía Fofo Yehowa hele esubɔm la, dzi adzɔ mí.

HADZIDZI 79 Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe

^ mm. 5 Ðewohĩ menye mí katã sie Biblia nusrɔ̃viwo le o. Ke hã, mí katã míate ŋu akpe asi ɖe eŋu be Biblia nusrɔ̃vi aɖe nayi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ. Le nyati sia mea, míadzro nu siwo mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu be woaɖo taɖodzinu ma gbɔ la me