Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

Nɔviŋutsu Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Be Woaka Ðe Mia Dzi?

Nɔviŋutsu Sɔhɛwo—Nu Kae Miawɔ Be Woaka Ðe Mia Dzi?

“Wò ɖekakpuiwo ƒe ha ado na wò abe zãmu ƒe tagegewo ene.”—PS. 110:3.

HADZIDZI 39 Wɔ Ŋkɔ Nyui Le Mawu Gbɔ

NYA VEVIAWO *

1. Nya kae míate ŋu agblɔ tso nɔviŋutsu sɔhɛwo ŋu?

NƆVIŊUTSU sɔhɛwo, miate ŋu awɔ geɖe le hamea me. Ŋusẽ le mia dometɔ geɖe ŋu. (Lod. 20:29) Miewɔa akpa vevi aɖe le hamea me. Eye anɔ eme be miele mɔ kpɔm vevie be woava ɖo yewo subɔsubɔdɔwɔlawo le hamea me. Ke hã, ɖewohĩ ewɔna na mi be amewo bua yewo be yewometsi alo su te axɔ agbanɔamedzi veviwo o. Togbɔ be mietsi boo o hã la, nanewo li miate ŋu awɔ be amewo naka ɖe mia dzi eye woade bubu mia ŋu le hamea me.

2. Nu ka me míadzro le nyati sia me?

2 Le nyati sia mea, Fia David ƒe ŋutinya me koŋue míadzro. Azɔ hã, míadzro Yuda-fia eve siwo nye Asa kple Yehosafat ƒe ŋutinyawo me kpuie. Míadzro kuxi siwo ame etɔ̃ siawo do goe, ale si wowɔ nɔ te ɖe wo nu, kple nu siwo nɔviŋutsu sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso wo me la me.

SRƆ̃ NU TSO FIA DAVID GBƆ

3. Mɔ siwo nu sɔhɛwo ate ŋu akpe ɖe ame tsitsiwo ŋu le le hamea me dometɔ aɖe ɖe?

3 Esi David nye ɖekakpuia, esrɔ̃ nanewo siwo ɖe vi na eya ŋutɔ kple ame bubuwo. Edze ƒãa be esẽŋu le xɔse me, esrɔ̃ haƒoƒo eye esia va ɖe vi na Saul, ame si Mawu tia be wòanye fia. (1 Sam. 16:16, 23) Nɔviŋutsu sɔhɛwo, ɖe ŋutete aɖewo le miawo hã mia si siwo ate ŋu aɖe vi na ame siwo le hamea mea? Ɛ̃. Le kpɔɖeŋu me, mianya de dzesii be edzɔa dzi na ame tsitsiwo ŋutɔ ne miekpe ɖe wo ŋu wonya ale si woazã woƒe tablɛtwo kple elektrɔnikmɔ̃ bubuawo atsɔ awɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ alo adzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. Ale si miebi ɖe mɔ̃ siawo zazã mea ate ŋu aɖe vi geɖe na ame tsitsiwo.

David ɖee fia be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo le ale si wòlé be na tɔa ƒe alẽawo me. Ekpɔ alẽawo ta tso sisiblisi aɖe gɔ̃ hã si me (Kpɔ memama 4 lia)

4. Abe David enea, nɔnɔme nyui kawoe wòle be wòanɔ nɔviŋutsu sɔhɛwo si? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

4 David ɖee fia le nu siwo wòwɔna me be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Le kpɔɖeŋu me, esime wònye ɖekakpui dzaa la, elé be na fofoa ƒe alẽwo nyuie. Evɔ menye dɔ vie dɔ ma nye o. David gblɔ na Fia Saul gbe ɖeka be: “Wò subɔvi nɔ fofoa ƒe alẽhawo kplɔm eye dzata aɖe va lé alẽ ɖeka le lãha la dome, ɣebubuɣi sisiblisi aɖe hã va lé alẽ ɖeka. Ale meti wo yome, eye meƒo wo ƒu anyi heɖee le woƒe nu me.” (1 Sam. 17:34, 35) David kpɔe be agba nɔ ye dzi be yealé be na alẽawo, eye dzi nɔ eƒo wòkpɔ wo ta. Sɔhɛwo, miate ŋu asrɔ̃ David ne miewɔ dɔ siwo wode asi na mi la nyuie.

5. Le Psalmo 25:14 ƒe nya nua, nu kae nye nu vevitɔ si wòle be nɔviŋutsu sɔhɛwo nawɔ?

5 David ɖekakpuia na eya kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli. Ƒomedodo si nɔ eya kple Yehowa dome nɔ vevie wu dzi si nɔ eƒo kple haƒoƒo ƒe ŋutete si nɔ esi la. Yehowa nye David ƒe Mawu kple exɔlɔ̃ kplikplikpli. (Xlẽ Psalmo 25:14.) Nɔviŋutsu sɔhɛwo, nu vevitɔ si wòle be miawɔe nye be miana mia kple mia Fofo si le dziƒo la dome nanɔ kplikplikpli eye esia awɔe be mɔnukpɔkpɔ bubuwo nasu mia si le hamea me.

6. Susu manyomanyo kawoe nɔ amewo si ɖe David ŋu?

6 Kuxi gbãtɔ si David do goe nye be amewo bui be enye ɖevi eye mele ɖeke me nyam o. Le kpɔɖeŋu me, esi David tsɔ eɖokui na be yeawɔ aʋa kple Goliat la, Fia Saul gbe nɛ gblɔ be: “Ðevi ko nènye.” (1 Sam. 17:31-33) Do ŋgɔa, David fo he nya ɖe eŋu be mele ɖeke me nyam o. (1 Sam. 17:26-30) Gake Yehowa ya mebu David nenema o. Enya David nyuie. Eye David te ŋu wu Goliat elabe eɖo ŋu ɖe Exɔlɔ̃ si nye Yehowa ŋu.—1 Sam. 17:45, 48-51.

7. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso David gbɔ?

7 Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso David gbɔ? Míesrɔ̃e be ele be míagbɔ dzi ɖi. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi hafi ame siwo nya wò tso wò ɖevimea nade dzesii be èle tsitsim. Gake menye ale si nèdze ɖevi ye Yehowa ya kpɔna o. Enya ame si nènye kple nu si nàte ŋu awɔ. (1 Sam. 16:7) Na wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli. David te ŋu wɔ esia, elabe eléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye wòdea ŋugble tso nu si woɖe fia tso Wɔlaa ŋu la ŋu. (Ps. 8:3, 4; 139:14; Rom. 1:20) Nu bubu si nàte ŋu awɔe nye be nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòado ŋusẽ wò. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wò sukuhatiwo ɖea alɔme le ŋuwò le esi nènye Yehowa Ðasefo taa? Ke do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi, eye nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eƒe Nyaa, míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple videowo mea dzi. Ne èkpɔ ale si Yehowa kpe ɖe ŋuwò le nɔnɔme sesẽ aɖe mea, àgaka ɖe edzi be akpe ɖe ye ŋu le bubuwo me. Eye ne amewo kpɔe be èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋua, woaka ɖe dziwò.

Nɔviŋutsu sɔhɛwo ate ŋu awɔ nu vovovowo atsɔ akpe ɖe amewo ŋu (Kpɔ memama 8-9 lia)

8-9. Nu kae kpe ɖe David ŋu wòlala dzigbɔɖitɔe va se ɖe esime wòzu fia, eye nu kae nɔviŋutsu sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?

8 Bu kuxi bubu si David gado goe ŋu kpɔ. Esime wosi ami na David wòzu fiaa, ehiã be wòalala ƒe geɖe hafi adze fiaɖuɖu gɔme le Yuda. (1 Sam. 16:13; 2 Sam. 2:3, 4) Nu kae kpe ɖe eŋu wòte ŋu lala le ɣeyiɣi mawo me? David mena dzi ɖe le eƒo o, ke boŋ, ena eƒe susu nɔ nu siwo wòate ŋu awɔ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi David si yi Filistitɔwo ƒe nuto aɖe mea, ewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ tsɔ wɔ aʋa kple Israel ƒe futɔwo. Esi wòwɔe alea, ekpɔ Yuda-nyigbaa ƒe liƒowo ta.—1 Sam. 27:1-12.

9 Nu kae nɔviŋutsu sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ tso David gbɔ? Wɔ nu siwo nàte ŋui atsɔ akpe ɖe nɔviwòwo ŋu. Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Ricardo * ŋu kpɔ. Esime wònɔ eƒe ƒewuiwo mea, edi vevie be yeawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa. Gake hamemetsitsiwo gblɔ be wòalala vie. Le esi dzi naɖe le Ricardo ƒo alo wòado dziku teƒea, ewɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Egblɔ be: “Ne mebu ɣeyiɣi mawo ŋua, mekpɔe be ehiã be magado vevie nu le subɔsubɔdɔa me. Medzea agbagba trɔna yia ame siwo tsɔ ɖe le nyaa me gbɔ eye medzrana ɖo ɖe tɔtrɔyi ɖe sia ɖe ŋu. Medze Biblia sɔsrɔ̃ kple ame aɖe zi gbãtɔ gɔ̃ hã. Esi meɖea gbeƒã enuenu taa, nyemegavɔ̃na o.” Fifia, Ricardo nye gbesiagbe mɔɖela dovevienu kple subɔsubɔdɔwɔla.

10. Nu kae David wɔ gbe ɖeka hafi tso nya me le nya vevi aɖe ŋu?

10 Bu nu bubu si gadzɔ ɖe David dzi ŋu kpɔ. Esime eya kple eŋumewo nɔ sisim le Saul nua, eva hiã be woagblẽ woƒe ƒomewo ɖi avae wɔ aʋa aɖe. Esi woyi aʋaa wɔ gea, futɔ aɖewo va dze woƒe aƒewo dzi eye wokplɔ woƒe ƒomewo dzoe. David mesusui be esi yenye aʋawɔla bibi taa, yeate ŋu ato mɔ aɖe dzi avae xɔ na yeƒe amewo o. Ke boŋ, ebia Yehowa be wòafia mɔ ye. Nunɔla si ŋkɔe nye Abiatar kpe ɖe David ŋu wòbia gbe Yehowa be: “Mati adzoha sia yomea?” Yehowa gblɔ na David be neti wo yome eye aɖu wo dzi hã. (1 Sam. 30:7-10) Ðekakpuiwo, nu kae miate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ sia me?

Ele be nɔviŋutsu sɔhɛwo nadi aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsiwo gbɔ (Kpɔ memama 11 lia)

11. Nu kae wòle be nàwɔ hafi atso nya me?

11 Di aɖaŋuɖoɖo hafi nàtso nya me. Di aɖaŋuɖoɖo tso dziwòlawo gbɔ. Hamemetsitsi kpɔnuteƒewo hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Yehowa ka ɖe hamemetsitsi siawo dzi eye wò hã àte ŋu aka ɖe wo dzi. Yehowa bua wo be wonye ‘nunanawo’ le hamea me. (Ef. 4:8) Ne èsrɔ̃a woƒe xɔse eye nèɖoa to woƒe aɖaŋuɖoɖowoa, akpe ɖe ŋuwò be nàtso nya me nyuie. Azɔ, mina míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia Asa gbɔ.

SRƆ̃ NU TSO FIA ASA GBƆ

12. Nɔnɔme nyui kawoe nɔ Fia Asa si esime wòte fiaɖuɖu?

12 Esime Fia Asa nye sɔhɛa, ebɔbɔa eɖokui eye dzi nɔ eƒo. Le kpɔɖeŋu me, esi wòva zu fia ɖe tɔa, Abiya, teƒea, eho aʋa ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Azɔ hã, “egblɔ na Yuda be woadi Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, eye woawɔ Se la kple mɔfiamewo dzi.” (2 Kron. 14:1-7) Emegbe esime Zera, Etiopiatɔ la tsɔ asrafo miliɔn ɖeka ho aʋa ɖe Yuda ŋua, Asa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Egblɔ be: “Oo Yehowa, metsɔ le eme be ame siwo ŋu nèkpena ɖo la sɔ gbɔ alo le beli o. Yehowa mía Mawu, kpe ɖe mía ŋu, elabena ŋuwò míeɖo ŋu ɖo.” Nya wɔdɔɖeamedzi mawo na míekpɔ ale si gbegbe Asa ka ɖe Yehowa dzi be axɔ na ye kple yeƒe amewo. Asa ka ɖe Fofoa si le dziƒoa dzi, eye “Yehowa ɖu Etiopiatɔwo dzi.”—2 Kron. 14:8-12.

13. Nu kae va dzɔ ɖe Asa dzi emegbe, eye nu ka tae?

13 Àlɔ̃ ɖe edzi be manɔ bɔbɔe na Asa be wòakpe aʋa kple asrafo miliɔn ɖeka mawo o, gake esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, ete ŋui. Ke hã, nublanuitɔea, esi Asa gava ɖo kuxi bubu aɖe mea, metrɔ ɖe Yehowa ŋu o. Esi Israel-fia vɔ̃ɖi Baasa do ŋɔdzi na Asa la, etrɔ ɖe Siria-fia ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu. Esia kplɔe de afɔku gã aɖe me! Yehowa to nyagblɔɖila Hanani dzi gblɔ na Asa be: “Esi nèɖo ŋu ɖe Siria-fia ŋu, eye mèɖo ŋu ɖe Yehowa wò Mawu la ŋu o ta la, Siria-fia ƒe aʋakɔ la do le asiwò me.” Tso ɣemaɣia, aʋa nɔ Asa kple Israel-fia Baasa dome ɣeawokatãɣi. (2 Kron. 16:7, 9; 1 Fia. 15:32) Nufiameae nye eka?

14. Aleke nàte ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye le 1 Timoteo 4:12 ƒe nya nua, nu kae ado tso eme?

14 Yi edzi nàbɔbɔ ɖokuiwò eye nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Esi nèxɔ nyɔnyrɔa, èɖee fia be xɔse sẽŋu le ye si eye yeka ɖe Yehowa dzi. Eye Yehowa xɔ wò atuu va eƒe ƒomea me. Nu si le vevie fifiae nye be nàyi edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ðewohĩ enɔa bɔbɔe na wò be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èle nyametsotso veviwo wɔm, gake aleke wònɔna le nyametsotso suesuesuewo gome? Ele vevie be nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne èle nya me tsom le nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae, dɔwɔɖuia kple taɖodzinu siwo nàɖo le agbe me la ŋu. Mègaɖo ŋu ɖe ɖokuiwò ŋu o. Ke boŋ, di Biblia ƒe mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò, eye nàwɔ wo dzi. (Lod. 3:5, 6) Ne èwɔe alea, àna Yehowa nakpɔ dzidzɔ, eye ame siwo le hamea mea aka ɖe dziwò eye woade bubu ŋuwò.—Xlẽ 1 Timoteo 4:12.

SRƆ̃ NU TSO FIA YEHOSAFAT GBƆ

15. Abe ale si wòdze le 2 Kronika 18:1-3; 19:2 enea, vodada kawoe Fia Yehosafat wɔ?

15 Sɔhɛwo, mí katã míede blibo o, eya ta ɣeaɖewoɣia, miada vo. Ke hã, migana esia nawɔe be miagazã miaƒe ŋutete katã atsɔ asubɔ Yehowa o. Bu Fia Yehosafat ŋu kpɔ. Nɔnɔme nyui geɖe nɔ esi. Esime wònye ɖekakpuia, ‘edi fofoa ƒe Mawu yome mɔ, eye wòzɔ le eƒe sedede la nu.’ Azɔ hã, edɔ amegãwo ɖe Yuda duwo me ne woafia nu ameawo tso Yehowa ŋu. (2 Kron. 17:4, 7) Togbɔ be Yehosafat wɔ nu nyui siawo hãa, ewɔ nyametsotso gbegblẽ aɖewo hã. Nyametsotso gbegblẽ mawo dometɔ ɖeka wɔe be Yehowa dɔ ame wòva xlɔ̃ nui. (Xlẽ 2 Kronika 18:1-3; 19:2.) Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso eme?

Woate ŋu aka ɖe nɔviŋutsu sɔhɛ siwo doa vevie nu la dzi (Kpɔ memama 16 lia)

16. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Rajeev gbɔ?

16 Lɔ̃ faa nàxɔ aɖaŋuɖoɖo awɔ ɖe edzi. Abe sɔhɛ geɖe enea, ɖewohĩ menɔa bɔbɔe na wò be nàna Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na wò le agbe me o. Gake dzi megaɖe le ƒowò o. Bu nɔviŋutsu sɔhɛ si ŋkɔe nye Rajeev ŋu kpɔ. Egbɔ be: “Esime menye ƒewuivia, nyemenya nu si tututu mawɔ le agbe me o. Abe ɖevi bubuwo enea, fefewo kple dzidzɔkpɔkpɔ koŋue dzɔa dzi nam, ke menye kpekpeawo kple gbeadzi dede o.” Nu kae kpe ɖe Rajeev ŋu? Hamemetsitsi aɖe si tsɔ ɖe le eme nɛa, ɖo aɖaŋu nɛ. Rajeev gblɔ be: “Ekpe ɖe ŋunye mede ŋugble le nya siwo dze le 1 Timoteo 4:8 ŋu.” Rajeev bɔbɔ eɖokui wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi eye wòde ŋugble le nu si nye nu vevitɔ le eƒe agbe me ŋu. Egblɔ be: “Meɖoe nye taɖodzinu be mana Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ nam.” Nu kae do tso eme nɛ? Rajeev gblɔ be: “Esi mewɔ ɖe nɔviŋutsua ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzia, meva dze zu subɔsubɔdɔwɔla le ƒe ʋɛ aɖewo megbe.”

WƆ NU SIWO ANA FOFOWÒ SI LE DZIƑO LA NAKPƆ DZIDZƆ ÐE ŊUWÒ

17. Aleke nɔvi tsitsiwo sena le wo ɖokui me tso nɔviŋutsu sɔhɛ siwo le Yehowa subɔm la ŋu?

17 Edzɔa dzi na nɔvi tsitsiwo be mi nɔviŋutsu sɔhɛwo miele Yehowa subɔm kpli yewo ɖekae! (Zef. 3:9) Ale si mietsɔa dzo ɖe dɔ si wode asi na mi ŋu wɔnɛ veviedodotɔea, dzɔa dzi na wo ŋutɔ. Miaƒe nu léa dzi na wo ŋutɔ.—1 Yoh. 2:14.

18. Abe ale si wòdze le Lododowo 27:11 enea, aleke Yehowa sena le eɖokui me tso nɔviŋutsu sɔhɛ siwo subɔnɛ ŋu?

18 Nɔviŋutsu sɔhɛwo, miɖo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ mi eye wòka ɖe mia dzi. Yehowa gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo mea, ɖekakpuiwo ƒe ha atsɔ wo ɖokuiwo ana faa. (Ps. 110:1-3) Enya be mielɔ̃ ye eye miedi be yewoasubɔ ye kple miaƒe ŋusẽ katã. Eya ta, migbɔ dzi ɖi na mia ɖokuiwo kple ame bubuwo siaa. Ne mieda voa, milɔ̃ faa miaxɔ aɖaŋuɖoɖo eye miabui be Yehowa gbɔe wòtso na mi. (Heb. 12:6) Milé fɔ ɖe dɔ siwo wode mia si la ŋu. Vevietɔ wua, le nu sia nu si miawɔ mea, mina mia Fofo si le dziƒoa nakpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu.—Xlẽ Lododowo 27:11.

HADZIDZI 135 Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

^ mm. 5 Ne nɔviŋutsu sɔhɛwo va le tsitsim le xɔse mea, wodina be yewoawɔ geɖe na Yehowa. Be woadze anye subɔsubɔdɔwɔlawo la, ele be woawɔ nu siwo ana ame siwo le hamea mea naka ɖe wo dzi, ade bubu wo ŋu. Nu kawoe wòle be woawɔ be woaka ɖe wo dzi eye woade bubu wo ŋu?

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.