Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖɔ ŋu ɖo ne wole elektrɔnikmɔ̃ siwo dzi woate ŋu ato aɖo text message ɖa zãm?

Nɔvi aɖewo toa elektrɔnik mɔnu siawo dzi doa ka kple ƒometɔwo kple nɔvi bubuwo. Gake aɖaŋuɖoɖo sia nɔa susu me na nɔvi si tsi le xɔse me. Eyae nye be: “Aɖaŋudzela kpɔa afɔku gbɔna eye wòɣlaa eɖokui, ke ame makpɔnuteƒe yina ɖadea ta eme, eye wòkpɔa emetsonua.”—Lod. 27:12.

Míenya be Yehowa di be yeakpɔ mía ta. Eya ta mímedea ha kple ame siwo hea mamawo vɛ, ame siwo woɖe le haa me kple ame siwo doa nufiafia totrowo ɖe ŋgɔ o. (Rom. 16:17; 1 Kor. 5:11; 2 Yoh. 10, 11) Ate ŋu adzɔ be ame aɖewo siwo le hamea mea, madi be yewoawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi o. (2 Tim. 2:20, 21) Nya ma nɔa susu me na mí ne míele xɔlɔ̃wo dzem le hamea me. Eya ta asesẽ ŋutɔ be míato elektrɔnikmɔ̃wo dzi adze xɔlɔ̃ nyuiwo.

Vevietɔ wua, ele be míanɔ ŋudzɔ ne míele xɔlɔ̃wo tiam le ƒuƒoƒo gã siwo woɖo le hahoo kadomɔnuwo dzi la me. Mía nɔvi aɖewo siwo doa ka kple amewo le ƒuƒoƒo gã siawo me va ge ɖe afɔku me. Nu kae akpe ɖe nɔvi aɖe ŋu wòanɔ ŋudzɔ ne edi be yeage ɖe ƒuƒoƒo sia tɔgbi, si me ame alafawo alo akpewo le la me? Manya wɔ be míanya ame siwo ameawo katã nye kple woƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ me o. Psalmo 26:4 gblɔ be: “Nyemenɔa ameblelawo ƒe ha me o, eye nyemedea ha kple ame siwo ɣlaa ame si ƒomevi wonye la o.” Ðe ŋɔŋlɔ ma mena míekpɔe be nunya anɔ eme be míado ka kple ame siwo míawo ŋutɔwo míenya ko oa?

Ne ame siwo le ƒuƒoƒoa me mesɔ gbɔ o hãa, ele be Kristotɔ nabu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòazã le hahoo kadoƒea kple nu siwo ŋu woƒoa nu tsoe la ŋu. Mele be míasusui be ele be míaɖo nya sia nya si woɖo ɖa to hahoo kadoƒea ŋu o. Ele be míabu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã ɖe eŋu la ŋu. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo tso ame siwo nɔa ‘ame ŋu nya gblɔm, eye wonɔa nu dem amewo ƒe nyawo me’ la ŋu. (1 Tim. 5:13) Egbea, esia ate ŋu adzɔ bɔbɔe le hahoo kadoƒewo.

Nɔvi si tsi le xɔse me manɔ to ɖom ameŋugblẽnyawo alo aʋu go wo nɔviwo ƒe nya ɣaɣlawo le hahoo kadoƒe mawo o. (Ps. 15:3; Lod. 20:19) Eye aƒo asa na nya siwo ŋu woɖe ami ɖo kple nya siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o la gbɔgblɔ. (Ef. 4:25) Míexɔa Biblia me mɔfiamewo eye míesea nyatakaka siwo ŋu kakaɖedzi le la to JW Nyatakakadzraɖoƒea kple JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔnawo me ɣleti sia ɣleti.

Nɔvi aɖewo toa hahoo kadomɔnu siawo dzi dzraa nu, ƒlea nu, doa boblo nu siwo dzram wole alo tsɔ dia dɔwɔlawo. Asitsanyawoe nye emawo eye meku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o. Kristotɔ si di be yeavo tso “galɔlɔ̃” me madi be yeato mɔnu siawo dzi anɔ ga wɔm le nɔviwo ŋu o.—Heb. 13:5.

Ke ɖe wòasɔ be míato hahoo kadomɔnu siawo dzi anɔ ga dzɔm be míatsɔ akpe ɖe nɔvi siwo hiã tu, alo esiwo dzi afɔkuwo dzɔ ɖo ŋua? Míelɔ̃ mía nɔviwo, eya ta míedina be míakpe ɖe wo ŋu eye míade dzi ƒo na wo. (Yak. 2:15, 16) Gake ne míedze agbagba be míato ƒuƒoƒo gã siwo woɖo le hahoo kadoƒewo dzi atsɔ awɔ esia la, ate ŋu agblẽ ɖoɖo si wɔm alɔdzedɔwɔƒea alo hamea le be woatsɔ akpe ɖe nɔvi siawo ŋu la me. (1 Tim. 5:3, 4, 9, 10, 16) Eye mía dometɔ aɖeke madi be yeawɔ naneke si ana amewo nasusui be míaƒe dɔe wònye be míalé be na Mawu ƒe alẽwo o.

Míaƒe didie nye be míawɔ nu si ahe kafukafu vɛ na Mawu. (1 Kor. 10:31) Eya ta ne èdi be yeazã hahoo kadomɔnu siawo dometɔ aɖea, anyo be nàbu afɔkuawo ŋu eye nànɔ ŋudzɔ.