Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 14

“Esia Me Amewo Katã Anyae Le Be Nye Nusrɔ̃lawo Mienye”

“Esia Me Amewo Katã Anyae Le Be Nye Nusrɔ̃lawo Mienye”

“Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—YOH. 13:35.

HADZIDZI 106 Mina Míatu Lɔlɔ̃ Ðo

NYA VEVIAWO a

Ne ame siwo menye Ðasefowo o de dzesi lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo domea, dɔ kae wòwɔna ɖe wo dzi? (Kpɔ memama 1)

1. Nu kae wɔa dɔ ɖe ame geɖe dzi ne wode míaƒe kpekpe zi gbãtɔ? (Kpɔ fotoa.)

 BU KPƆÐEŊU sia ŋu kpɔ: Ŋutsu aɖe kple srɔ̃a de kpekpe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me zi gbãtɔ. Nu si wokpɔa wɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ; wokpɔe be nɔviawo wɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me eye wodo vivi ɖe yewo ŋu. Esi wonɔ mɔ dzi yina aƒe mea, nyɔnua gblɔ na srɔ̃a be, ‘Yehowa Ðasefowo to vovo loo! Wo dome nɔnɔ dze eme nam ŋutɔ.’

2. Nu kae zu nukikli na ame aɖewo?

2 Lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo dome le Kristo hamea me ɖe dzesi ŋutɔ. Gake míede blibo o. (1 Yoh. 1:8) Zi ale si míeva le mía nɔewo nyamaa, zi nenemae wòle bɔbɔe be míade dzesi mía nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. (Rom. 3:23) Nublanuitɔea, ame aɖewo ɖe mɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ mawo zu nukikli na wo.

3. Nu kae Yesu gblɔ be ade dzesi ye yomedzela vavãwo? (Yohanes 13:34, 35)

3 Galé ŋku ɖe mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo ŋu kpɔ. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35.) Nu kae Yesu gblɔ be ade dzesi Kristotɔ vavãwo? Eyae nye lɔlɔ̃, menye blibodede o. De dzesii hã be Yesu megblɔ be, ‘Esia me mianyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye’ o. Ke boŋ egblɔ be, “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye.” Yesu ƒe nyawo ɖee fia be menye eyomedzelawo koe ade dzesii be yewolɔ̃ yewo nɔewo o, ke boŋ ame bubuwo hã ade dzesii be woɖea lɔlɔ̃ akuakua fiana wo nɔewo.

4. Nya kawoe ame aɖewo ate ŋu abia?

4 Ame siwo menye Yehowa Ðasefowo o ate ŋu abia be: ‘Aleke lɔlɔ̃ ana woade dzesi Yesu yomedzela vavãwo? Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia eƒe apostolowo? Aleke wòanya wɔ be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu egbea?’ Anyo be mí Ðasefowo hã míade ŋugble le biabia mawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu. Esia akpe ɖe mía ŋu míagalɔ̃ mía nɔewo geɖe wu, vevietɔ ne mía nɔviwo wɔ nu wòve mí.—Ef. 5:2.

LƆLƆ̃E DEA DZESI YESU YOMEDZELA VAVÃWO

5. Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 15:12, 13 gɔme ɖe?

5 Yesu na eme kɔ be lɔlɔ̃ tɔxɛ aɖe anɔ ye yomedzelawo dome. (Xlẽ Yohanes 15:12, 13.) De dzesii be Yesu de se na eyomedzelawo be: “Mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene.” Nu kae esia fia? Yesu ɖe eme be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia wo nɔewo, si fia be woalɔ̃ wo nɔvi Kristotɔwo ale gbegbe be woalɔ̃ faa be yewoaku ɖe wo ta gɔ̃ hã ne eva hiã. b

6. Aleke Mawu ƒe Nyaa na míekpɔe be lɔlɔ̃ le vevie?

6 Mawu ƒe Nyaa fia mí be lɔlɔ̃ nye nɔnɔme vevi aɖe. Mawunyakpukpui siwo gbɔna dzɔa dzi na ame geɖe: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yoh. 4:8) “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mat. 22:39) “Lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.” (1 Pet. 4:8) “Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.” (1 Kor. 13:8) Mawunyakpukpui siawo kple bubu geɖe ɖee fia be ele vevie be míaɖe nɔnɔme nyoameŋu sia afia.

7. Nu ka tae Satana mate ŋu ana amewo nawɔ ɖeka eye woalɔ̃ wo nɔewo o?

7 Ame geɖe gblɔna be: ‘Subɔsubɔhawo sɔ gbɔ eye ɖe sia ɖe ƒe nufiafiawo to vovo, evɔ wo katã wogblɔna be yewoe nye nyuitɔ. Ke aleke mawɔ anya subɔsubɔha si nye vavãtɔ?’ Nya lae nye be Satana ɖo alakpasubɔsubɔha geɖe anyi ale be wòasesẽ na amewo be woade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ. Gake mate ŋu aɖo habɔbɔ aɖeke si me tɔwo tso xexea me katã eye wolɔ̃ wo nɔewo vevie la anyi akpɔ gbeɖegbeɖe o. Yehowa koe ate ŋu awɔ esia, elabe eya gbɔe lɔlɔ̃ vavã tso. Ame siwo Yehowa yra eye wòna eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea koe ɖea lɔlɔ̃ akuakua fiana. (1 Yoh. 4:7) Mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be ye yomedzelawo aɖe lɔlɔ̃ si me ɖokuitɔdidi mele o afia.

8-9. Aleke lɔlɔ̃ si amewo kpɔ le Yehowa Ðasefowo dome wɔ dɔ ɖe wo dzi?

8 Abe ale si Yesu gblɔe ɖi enea, ame geɖewo de dzesi eyomedzela vavãwo le lɔlɔ̃ vavã si le wo dome ta. Le kpɔɖeŋu me, Nɔviŋutsu Ian King de dzesi esia esi wòde takpekpe zi gbãtɔ le bɔlƒoƒe aɖe le woƒe nutoa me. Egblɔ be: “Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, meyi bɔlƒoƒe ma ɖakpɔ bɔl, gake nu si teƒe mekpɔ le takpekpea me la to vovo sãsãsã. Ðasefoawo bua ame, wodo awu nyuie, eye wo viwo hã lé wo ɖokuiwo nyuie. . . . Gawu la, edze kɔtɛ be tomefafa kple dzidzeme si dim menɔ la su vavala siawo si. Nyemeɖo ŋku nya siwo wogblɔ le nuƒoawo me gbe ma gbe la dzi o, gake nɔnɔme si Ðasefoawo ɖe fia ya tsi susu me nam.” c Nu ka gbɔe wòtso be Ðasefoawo ɖe nɔnɔme nyui mawo fia? Edze ƒãa be lɔlɔ̃ vavã si le wo dome tae. Esi míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo taa, míedea bubu wo ŋu eye míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie.

9 Nɔviŋutsu John hã se le eɖokui me nenema esi wòte kpekpeawo dede. Egblɔ be: “Vividodoɖeameŋu kple agbe nyui nɔnɔ si xɔ aƒe ɖe wo dome la wɔ dɔ ɖe dzinye. Ðeko menɔ wo kpɔm abe ame kɔkɔewoe wonye ene. Lɔlɔ̃ akuakua si le wo dome la na mekpɔe be meke ɖe subɔsubɔha vavãtɔ ŋu.” d Nuteƒekpɔkpɔ siawo kple bubu geɖe ɖo kpe edzi be Yehowa Ðasefowo nye Kristotɔ vavãwo.

10. Ɣekaɣi koŋue wòahiã be míaɖe lɔlɔ̃ vavã afia mía nɔviwo? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

10 Abe ale si míegblɔe va yi enea, mía nɔvi Kristotɔwo mede blibo o. Eya ta ɣeaɖewoɣia, woagblɔ nya alo awɔ nu wòave mí. e (Yak. 3:2) Ne edzɔ alea, enyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míawɔ nu ɖe wo ŋu wòaɖee afia be míelɔ̃ wo vavã. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le esia me?—Yoh. 13:15.

ALEKE YESU ÐE LƆLƆ̃ FIA EƑE APOSTOLOAWO?

Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu le lɔlɔ̃ me esime woɖe nɔnɔme manyomanyowo fia (Kpɔ memama 11-13 lia)

11. Nɔnɔme gbegblẽ kawoe Yakobo kple Yohanes ɖe fia? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

11 Yesu medi blibodede tso eyomedzelawo si o, ke boŋ ekpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe be woaɖe asi le nɔnɔme manyomanyowo ŋu ale be woƒe nu nadze Yehowa ŋu. Edzɔ gbe ɖeka be Yakobo kple Yohanes na wo nɔ va bia tso Yesu si be wòana ɖoƒe tɔxɛ yewo le Fiaɖuƒea me. (Mat. 20:20, 21) Dada kple ɖokuidodoɖedzi ƒe gbɔgbɔe nye ema apostolo eve mawo ɖe fia.—Lod. 16:18.

12. Yakobo kple Yohanes koe ɖe nɔnɔme manyomanyowo fia? Ðe eme.

12 Menye Yakobo kple Yohanes koe ɖe nɔnɔme manyomanyo fia le nudzɔdzɔ ma me o. De dzesi ale si apostolo susɔeawo hã wɔ nui. Biblia gblɔ be: “Esi ame ewo susɔeawo see la, dzi ku wo ɖe nɔvi eveawo ŋu.” (Mat. 20:24) Kpɔ ale si gbegbe woanya ʋli nya gbe ma gbee ɖa. Ðewohĩ apostolo susɔeawo he nya ɖe Yakobo kple Yohanes ŋu be: ‘Mɔ kae miekpɔ ava bia be woana ɖoƒe tɔxɛ yewo le Fiaɖuƒea me? Ðe miesusu be yewonyo wu mía? Mí katã koe le dɔ wɔm le asi kpem ɖe Aƒetɔ la ŋu, ta migasusu be yewodze na ɖoƒe tɔxɛ wu mí o!’ Míenya ale si tututu nuwo yi ya o, gake edze ƒãa be apostoloawo ɖe mɔ nu si dzɔa gblẽ lɔlɔ̃ si le wo domea me le ɣeyiɣi ma me.

13. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu esime woɖe nɔnɔme manyomanyo fia? (Mateo 20:25-28)

13 Nu kae Yesu wɔ? Medo dziku ɖe wo ŋu o, eye megblɔ be yeavɛ di ame bubu siwo bɔbɔa wo ɖokui eye wowɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ me ɣesiaɣi be woava nye yeƒe apostolowo o. Ke boŋ eƒo nu na wo tufafatɔe, elabe enya be le ememea, wodi be yewoawɔ nu si sɔ. (Xlẽ Mateo 20:25-28.) Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋu nyuie ɣesiaɣi togbɔ be woʋli nya ku ɖe ame si nye gãtɔ le wo dome ŋu enuenu gɔ̃ hã.—Marko 9:34; Luka 22:24.

14. Aleke amewo wɔa nui le afi si Yesu ƒe apostoloawo tsi le?

14 Ðikeke mele eme o be Yesu nya ale si amewo wɔa nui le afi si apostoloawo tsi le. (Yoh. 2:24, 25) Enya be subɔsubɔhakplɔlawo dia ɖoƒe kɔkɔ eye ame siwo le bubunɔƒewo ŋu koe wodea bubui. (Mat. 23:6) Wobua wo ɖokui be yewole dzɔdzɔe wu ame bubuwo. f (Luka 18:9-12) Yesu nya be nuŋububu ma ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si apostoloawo bua wo nɔewo kple ame bubuwoe dzi. (Lod. 19:11) Enɔ susu me na Yesu be yeƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ate ŋu awɔe be womawɔ nu si sɔ ɣesiaɣi o, eye esi wòdzɔ nenemaa, egbɔ dzi ɖi na wo. Enya be dzi nyui le wo si, eya ta egbɔ dzi ɖi kpe ɖe wo ŋu be woaɖu dada dzi eye woaɖe lɔlɔ̃ afia, ke menye be woanɔ ɖoƒe gã dim o.

ALEKE MÍATE ŊU ASRƆ̃ YESU ƑE KPƆÐEŊU?

15. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yakobo kple Yohanes ƒe nyaa me?

15 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso Yakobo kple Yohanes ƒe nyaa me. Mesɔ be wovɛ bia be woana ɖoƒe tɔxɛ yewo le Fiaɖuƒea me o. Nenema kee apostolo susɔeawo hã tɔ medzɔ be woɖe mɔ nya sia de mama wo dome o. Gake Yesu ya wɔ nu ɖe apostoloawo katã ŋu le lɔlɔ̃ me. Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Eyae nye be menye ale si amewo awɔ nu ɖe mía ŋu koe le vevie o, ke ale si míawo hã míawɔ nu ɖe wo ŋu le nu si wowɔ ɖe mía ŋu ta hã le vevie. Nu kae akpe ɖe mía ŋu ne mía nɔvi Kristotɔ aɖe wɔ nu wòve mí? Míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Nu ka tae nu si wòwɔa te ɖe dzinye nenema gbegbe? Ðe ale si wòte ɖe dzinyea ɖee fia be nɔnɔme manyomanyo aɖe le menye si wòle be maɖɔ ɖoa? Ðe wòanye be nɔvia le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom taea? Ne ewɔ nam be tɔnye dzɔ be medo dziku hãa, ɖe mate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia aŋe aɖaba aƒu nu si wòwɔ ɖe ŋunyea dzia?’ Ne míewɔa nu ɖe amewo ŋu le lɔlɔ̃ mea, míeɖenɛ fiana be míenye Yesu yomedzela vavãwo.

16. Nu bubu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?

16 Yesu ƒe kpɔɖeŋua fia mí hã be míadze agbagba ase nu gɔme na mía nɔvi Kristotɔwo. (Lod. 20:5) Mímate ŋu anya nu si le amewo ƒe dzi me abe Yesu ene o. Gake míate ŋu asrɔ̃ Yesu le mɔ sia nu be mímadi blibodede tso mía nɔviwo si o, ke boŋ míagbɔ dzi ɖi na wo eye míalɔ̃ faa aŋe aɖaba aƒu woƒe vodadawo dzi. (Ef. 4:1, 2; 1 Pet. 3:8) Anɔ bɔbɔe na mí be míawɔ esia ne míedzea agbagba be míanya wo nyuie. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ.

17. Aleke wòɖe vi na nutome sue dzikpɔla aɖe esi wòdze agbagba be yeanya nɔviŋutsu aɖe nyuie?

17 Nutome sue dzikpɔla aɖe si subɔ le Ɣedzeƒe Afrika gblɔ tso nɔviŋutsu aɖe si le hame aɖe si wòsubɔ me ŋu be, yekpɔe be ewɔa nu akpasesẽtɔe. Aleke dzikpɔlaa wɔ nui? Egblɔ be: “Le esi teƒe be maƒo asa na nɔvia la, meɖoe be madze sii nyuie wu boŋ.” Esia na nutome sue dzikpɔlaa va nyae be sigbeɖe ale si wohe nɔviŋutsua tso eƒe ɖevime gbɔe wòtso. Dzikpɔlaa gblɔ be: “Esi menya kpɔ agbagba si gbegbe wòhiã be nɔvia nadze hafi aɖu ame si ƒomevi wòtsi va zu dzi kple ale si gbegbe wòwɔ asitɔtrɔe ko la, eƒe nu nyo ŋunye. Míeva zu xɔlɔ̃ nyuiwo.” Nyateƒee, ne míedze agbagba be míase nu gɔme na mía nɔvi Kristotɔwoa, enɔa bɔbɔe be míaɖe lɔlɔ̃ afia wo.

18. Ne nɔvi aɖe dze agɔ le mía dzia, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui? (Lododowo 26:20)

18 Ɣeaɖewoɣia, awɔ na mí be ahiã be míate ɖe nɔvi aɖe si wɔ nu wòve mí ŋu. Gake gbãa, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Ðe mede ŋugble le nyaa ƒe akpa sia akpa ŋua?’ (Lod. 18:13) ‘Ðe wòanye be meɖoe hafi wɔ oa?’ (Nyagb. 7:20) ‘Ðe mewɔ nu ɖe ame aɖe ŋu nenema kpɔa?’ (Nyagb. 7:21, 22) ‘Ne mete ɖe nɔvia ŋua, ɖe esia agagblẽ nyaa ɖe edzia?’ (Xlẽ Lododowo 26:20.) Ne míegbɔ dzi ɖi de ŋugble le biabia siawo ŋua, míava kpɔe be anyo be míaɖe asi le nyaa ŋu le lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvia ta.

19. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

19 Lɔlɔ̃ si le mí Yehowa Ðasefowo dome le xexea me godoo nye kpeɖodzi be míenye Yesu ƒe nusrɔ̃la vavãwo. Mí ame ɖekaɖekawo hã míate ŋu aɖee afia be míenye Yesu yomedzela vavãwo ne míeɖea lɔlɔ̃ akuakua fiaa mía nɔvi Kristotɔwo togbɔ be womawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie ɣeaɖewoɣi o hã. Ne míewɔe alea, míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava nya subɔsubɔha vavãtɔ eye woava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa, lɔlɔ̃ ƒe Mawu la. Mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi aɖe lɔlɔ̃ si dea dzesi Kristotɔ vavãwo afia.

HADZIDZI 17 “Melɔ̃”

a Lɔlɔ̃ vavã si le Yehowa ƒe amewo domea wɔe be ame geɖewo va le nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu. Gake esi míede blibo o taa, ate ŋu asesẽ na mí be míawɔ nu ɖe mía nɔewo ŋu le lɔlɔ̃ me ɣeaɖewoɣi. Le nyati sia mea, míakpɔ nu si tae lɔlɔ̃ le vevie, kple ale si míawɔ nu abe Yesu ene ne mía nɔviwo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o.

b Kpɔ agbalẽ si nye Come Be My Follower (alo « Viens, suis-moi ») ta 17, memama 10-11.

c Kpɔ nyati si nye “Taɖodzinu Le Nye Agbe Ŋu Azɔ,” si dze le November 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 13-14.

d Kpɔ nyati si nye “Menɔ Agbe Ðum,” si dze le May 1, 2012 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 18-19.

e Menye nu vɔ̃ gã siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo nakpɔ, abe esiwo woyɔ le 1 Korintotɔwo 6:9, 10 ene, ŋue nyatia le nu ƒom tsoe o.

f Woka nya ta be rabi aɖe gblɔ be: “Le xexea me godooa, ame blaetɔ̃ aɖewo ya teti nye ame dzɔdzɔewo abe Abraham ene. Ne ame blaetɔ̃ yea, nye kple vinye míele wo dome; ne ame ewo yea, nye kple vinye míele wo dome; ne ame atɔ̃ yea, nye kple vinye míele wo dome; ne ame eve yea, nye kple vinyeae; ne ame ɖekaea, ke nyee.”