Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 10

Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

“Mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe.”—DƆW. 2:38.

HADZIDZI 34 Zɔ Le Fɔmaɖimaɖi Me

NYA VEVIWO a

1-2. Nu kawoe yia edzi ne amewo le nyɔnyrɔ xɔm, eye nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

 ÈKPƆ eteƒe ame aɖewo xɔ nyɔnyrɔ kpɔa? Wotsɔa dzidzɔ kple kakaɖedzi blibo ɖoa nyabiase eve siwo wobiaa ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔa ŋu. Woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu ŋutɔ. Eye ne wonyrɔ wo eye wodo le tsia me vɔa, vavalawo tsɔa dzidzɔ ƒoa asikpe kplokplokplo. Le mama dedie nua, ame akpe geɖe xɔa nyɔnyrɔ kwasiɖa sia kwasiɖa zua Yehowa Mawu ƒe Ðasefowo.

2 Ke wò ɖe, ɖe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bumaa? Ne nenema yea, ke ènye ame vevi na Yehowa le xexe vɔ̃ɖi sia me elabe èdina be yeadze eŋu. (Ps. 14:1, 2) Wotrɔ asi le nyati sia ŋu be wòaɖe vi na ɖevi kple ame tsitsi siwo le nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu bum. Gake aɖe vi na ame siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo hã elabe akpe ɖe wo ŋu woagaɖoe kplikpaa be yewoasubɔ Yehowa tegbee. Eya ta na míadzro susu geɖe siwo tae míadi be míasubɔ Yehowa ɖoa dometɔ etɔ̃ me.

ÈLƆ̃ NYATEƑE KPLE DZƆDZƆENYENYE

Ƒe akpe geɖee nye esia Satana yi edzi le Yehowa ƒe ŋkɔ nyuia ŋu gblẽm (Kpɔ memama 3-4 lia)

3. Nu ka tae Yehowa subɔlawo lɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye? (Psalmo 119:128, 163)

3 Yehowa bia tso eƒe amewo si be ‘woalɔ̃ nyateƒe.’ (Zak. 8:19) Yesu hã de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ dzɔdzɔenyenye. (Mat. 5:6) Esia fia be ele be míadi vevie be míawɔ nu si Mawu buna nu dzɔdzɔe alo nu nyui. Ðe nèlɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenyea? Míeka ɖe edzi nenema elabe èlé fu aʋatso kple nu si mesɔ, o eye nètsri nu vɔ̃ɖi. (Xlẽ Psalmo 119:128, 163.) Ame si kaa aʋatso le xexe sia dziɖula Satana srɔ̃m. (Yoh. 8:44; 12:31) Satana ƒe taɖodzinu ɖekae nye be yeagblẽ Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu. Satana te alakpanyawo kaka tso mía Mawua ŋu tso Eden-bɔa me ke. Edze agbagba be yeana amewo nabu Yehowa be enye Dziɖula ɖokuitɔdila si metoa nyateƒe o eye etea nu nyuiwo amegbetɔwo. (1 Mose 3:1, 4, 5) Satana ƒe alakpanyawo wɔe be ame geɖe meka ɖe Mawu dzi o. Ne amegbetɔwo tiae be yewomalɔ̃ nyateƒe o, ke boŋ yewoaxɔ aʋatso dzi asea, Satana ate ŋu akplɔ wo ade nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ɖe sia ɖe ƒomevi me.—Rom. 1:25-31.

4. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye “nyateƒe Mawu”? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

4 Yehowa nye “nyateƒe Mawu,” eye efiaa nyateƒea ame siwo lɔ̃e. (Ps. 31:5) Esia kpena ɖe wo ŋu be Satana nagable wo o. Azɔ hã Yehowa fiaa esubɔlawo be woato nyateƒe eye woawɔ nu dzɔdzɔe. Esia nana be woƒe dzi dzea eme eye bubu nɔa wo ŋu. (Lod. 13:5, 6) Ðe nède dzesii be Yehowa to wò Biblia sɔsrɔ̃ dzi kpe ɖe ŋuwò be Satana nagaflu wò o eye wòna wò dzi dze eme eye bubu le ŋuwòa? Èva srɔ̃e be Yehowa ƒe mɔfiamewoe nye nyuitɔ na amegbetɔwo katã kple wò ŋutɔ hã. (Ps. 77:13) Eya ta èdi be yeawɔ nu si Yehowa buna nu dzɔdzɔe. (Mat. 6:33) Èdi be yeaʋli nyateƒea ta eye yeaɖee afia be nya si Satana gblɔ tso mía Mawu Yehowa ŋu nye aʋatso. Aleke nàwɔ esiae?

5. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye?

5 Àte ŋu anɔ agbe wòaɖee afia kɔtɛ be èxɔ nyateƒea dzi se eye nègbe Satana ƒe alakpanyawo. Àte ŋu aɖee afia hã be yedi be Yehowa nanye yeƒe Dziɖula eye yeawɔ nu si wògblɔ be ele dzɔdzɔe. Gake aleke nàwɔe? Do gbe ɖa na Yehowa nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ be yeasubɔe, eyome nàxɔ nyɔnyrɔ le dutoƒo atsɔ aɖo kpe wò adzɔgbeɖeɖea dzi. Edze ƒãa be nu vevi aɖe si akpe ɖe ŋuwò be nàxɔ nyɔnyrɔe nye be nàlɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye.

ÈLƆ̃ YESU KRISTO

6. Abe ale si Psalmo 45:4 ɖee fia enea, susu vevi kawo tae nèlɔ̃ Yesu?

6 Nu ka tae nèlɔ̃ Yesu Kristo? Susu vevi siwo tae dometɔ aɖewo dze le Psalmo 45:4. (Xlẽe.) Yesu lɔ̃ nyateƒe, ɖokuibɔbɔ kple dzɔdzɔenyenye. Eya ta ne èlɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenyea, ke ɖikeke mele eme o be èlɔ̃ Yesu Kristo hã. Dzi nɔ Yesu ƒo wòʋli nyateƒea ta eye wòde dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe. (Yoh. 18:37) Ke aleke Yesu fia nu amewo be woabɔbɔ wo ɖokui?

7. Alekee Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ wɔa dɔ ɖe dziwòe?

7 Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi be míasrɔ̃. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ nu sia nu si wòwɔa ƒe kafukafu na Fofoa, ke menye na eɖokui o. (Marko 10:17, 18; Yoh. 5:19) Aleke Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ na nèse le ɖokuiwò me? Ðikeke mele eme o be esia ʋã wò be nàlɔ̃e eye nànɔ eyome ɖaa. Gake nu ka tae Yesu nye ame si bɔbɔa eɖokui? Elabe elɔ̃ Fofoa si hã nye ɖokuibɔbɔla eye wòsrɔ̃a eyama. (Ps. 18:35; Heb. 1:3) Ðe ale si Yesu ɖea Fofoa ƒe nɔnɔmewo fiana meʋãa wò be nàgalɔ̃e geɖe wu oa?

8. Nu ka tae wòdzɔa dzi na mí be Yesu nye míaƒe Fia?

8 Míelɔ̃ Yesu elabe eyae nye Dziɖula nyuitɔ. Yehowa ŋutɔ na hehe Via, eye wòɖoe wònye míaƒe Fia. (Yes. 50:4, 5) Azɔ hã Yesu si nye wò Fia ɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ fia. (Yoh. 13:1) Le susu siawo katã taa, Yesu dze be nàlɔ̃e. Eya ŋutɔ gblɔ be yeyɔa ame siwo lɔ̃ ye vavã la be ye xɔlɔ̃wo, eye wowɔna ɖe yeƒe sededewo dzi tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ ye. (Yoh. 14:15; 15:14, 15) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be nànye Mawu ƒe Via xɔlɔ̃!

9. Aleke Kristo kple eyomedzelawo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ de sɔsɔ ge kple wo nɔewo?

9 Yesu ƒe sedede ɖekae nye be ye yomedzelawo naxɔ nyɔnyrɔ. (Mat. 28:19, 20) Eya ŋutɔ hã xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpɔɖeŋua ɖi. Le go aɖewo mea, eƒe nyɔnyrɔxɔxɔa to vovo na eyomedzelawo tɔ. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ale Si Yesu Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ To Vovo Na Eyomedzelawo Tɔ.”) Gake le go aɖewo hã mea, wode sɔsɔ ge kple wo nɔewo. Le mɔ ka nu? Esi Yesu xɔ nyɔnyrɔa, etsɔ eɖokui na be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Heb. 10:7) Le mɔ ma ke nua, ne Kristo yomedzelawo xɔ nyɔnyrɔa, woɖenɛ fiana le dutoƒo be yewotsɔ yewo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa Mawu. Nu si va nɔa vevie na wo le agbe mee nye be yewoawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye yewo ŋutɔ tɔ o. Esia ɖee fia be wole woƒe Aƒetɔa ƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m.

10. Susu kawo tae nèlɔ̃ Yesu, eye nu kae wòle be lɔlɔ̃ ma naʋã wò nàwɔ?

10 Èxɔ edzi se be Yesue nye Yehowa ƒe Tenuvi eye edzɔa dzi na wò be eyae nye Fia si Mawu tia be wòaɖu mía dzi. Ènya be Yesu bɔbɔ eɖokui eye wòɖea Fofoa ƒe nɔnɔme fiana bliboe. Èsrɔe le Biblia me be Yesu na nuɖuɖu ame siwo dɔ nɔ wuwum, efa akɔ na ame siwo ƒo dzi ɖe le, eye wòda dɔ na dɔnɔwo gɔ̃ hã. (Mat. 14:14-21) Èkpɔ ale si Yesu le hamea kplɔm egbea. (Mat. 23:10) Eye ènya be eya si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia awɔ nu nyui geɖe na mí le etsɔme. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ Yesu? Eyae nye be nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (Yoh. 14:21) Be nàte ŋu awɔ esiaa, ele vevie be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe na Yehowa eye nàxɔ nyɔnyrɔ.

ÈLƆ̃ YEHOWA MAWU

11. Nu kae nàgblɔ be enye susu vevitɔ si tae wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ?

11 Nu kae nye susu vevitɔ si tae wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ? Eyae nye lɔlɔ̃ na Yehowa. Yesu ɖo kpe esia dzi esi wògblɔ be Mawu ƒe sedede gãtɔe nye be: “Nàlɔ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Ðe nàgblɔ be yelɔ̃ Mawu nenema?

Nu sia nu si su asiwò si na nèle vivi sem na agbea, kple nu sia nu si ava su asiwò la katã tso Yehowa gbɔ (Kpɔ memama 12-13 lia)

12. Nu ka tae nèlɔ̃ Yehowa? (Kpɔ fotoawo.)

12 Susu nyui geɖewo li si tae wòle be nàlɔ̃ Yehowa ɖo. Le kpɔɖeŋu me, èva srɔ̃e be ‘eya gbɔe míaƒe agbe dzɔ tso’ eye eya gbɔe “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã tso.” (Ps. 36:9; Yak. 1:17) Nu sia nu si su asiwò, si na nèkpɔa dzidzɔ le agbe mea, tso mía Mawu dɔmenyotɔ si lɔ̃ wò veviea gbɔ.

13. Nu ka tae tafea nye nunana xɔasi?

13 Tafea nye nunana xɔasi tso Yehowa gbɔ na mí. Nu ka tae míegblɔe nenema? Bu lɔlɔ̃ kadodo si le Yehowa kple Via dome ŋu kpɔ. Yesu gblɔ be: “Fofo la lɔ̃am” eye “melɔ̃ Fofo la.” (Yoh. 10:17; 14:31) Ƒe akpe miliɔn geɖe si wonɔ wo nɔewo gbɔ wɔe be wo dome gava nɔ kplikplikpli wu. (Lod. 8:22, 23, 30) Eya ta bu ale si gbegbe Yehowa anya se veve esime wòɖe mɔ Via kpe fu heku ŋu kpɔ. Yehowa lɔ̃ amegbetɔwo; ɛ̃, elɔ̃ wò ale gbegbe be wòtsɔ Via na wònye tafe ale be wò kple ame bubuwo miate ŋu anɔ agbe tegbee. (Yoh. 3:16; Gal. 2:20) Esia nye susu vevitɔ si ta wòle be nàlɔ̃ Mawu.

14. Nu kae nye tiatia vevitɔ si nàte ŋu awɔ le agbe me?

14 Nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu kpe ɖe ŋuwò be wò lɔlɔ̃ na Yehowa gasẽ ɖe edzi. Ðikeke mele eme o be èdi be yeate ɖe eŋu geɖe wu tso fifia yi mavɔmavɔ me, eye anya wɔ hã. Ede dzi ƒo na wò be nàwɔ nu wòado dzidzɔ na yeƒe dzi. (Lod. 23:15, 16) Àte ŋu awɔ esia to wò nuƒoƒo dzi, gake vevietɔ to wò nuwɔna dzi. Ale si nènɔa agbee aɖee afia be èlɔ̃ Yehowa ŋutɔŋutɔ. (1 Yoh. 5:3) Tiatia si nàwɔ be yeanɔ agbe wòadze Yehowa ŋue nye tiatia vevitɔ si nàwɔ le agbe me.

15. Aleke nàɖee afia be yelɔ̃ Yehowa?

15 Aleke nàte ŋu aɖee afia be yelɔ̃ Yehowa? Nu gbãtɔe nye be nàdo gbe tɔxɛ aɖe ɖa na Mawu vavã ɖeka kolia atsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ. (Ps. 40:8) Eyome nàxɔ nyɔnyrɔ le dutoƒo atsɔ aɖee afia be yeɖe adzɔgbe na Yehowa. Abe ale si míegblɔe va yi enea, wò nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe na wò le agbe me si ŋu wòle be nàkpɔ dzidzɔ ɖo. Tso wò nyɔnyrɔxɔxɔ dzia, àdze agbe yeye gɔme; màganɔ agbe na ɖokuiwò o, ke boŋ na Yehowa. (Rom. 14:8; 1 Pet. 4:1, 2) Esia adze nyametsotso gã aɖe, eye nenemae wòle hã. Gake ana be nànɔ agbe si ana nàkpɔ dzidzɔ kple dzidzeme. Le mɔ ka nu?

16. Abe ale si Psalmo 41:12 ɖee fia enea, aleke Yehowa ayra ame siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe be yewoasubɔe?

16 Yehowae nye nunala gãtɔ. Nu ka kee nènae o, ana nu geɖe wu ema wò. (Marko 10:29, 30) Ayra wò geɖe eye wòana nàkpɔ dzidzɔ ase vivi na agbea fifia le xexe vɔ̃ɖi sia me gɔ̃ hã. Gake gɔmedzedzea koe nye ema; yayra geɖewo le ŋgɔ. Wò nyɔnyrɔxɔxɔa ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàsubɔ Fofowò lɔ̃amea tso fifia yi ɖe mavɔ me. Esia awɔe be wò lɔlɔ̃ na Yehowa nanɔ sesẽm ɖe edzi eye eya hã alɔ̃ wò geɖe wu. Ɛ̃, wò kplii dome ate ŋu anɔ kplikplikpli yi ɖe mavɔmavɔ me.—Xlẽ Psalmo 41:12.

17. Nu kae nàte ŋu ana Yehowa si mele esi xoxo o?

17 Ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe eye nèxɔ nyɔnyrɔa, esia ana mɔnukpɔkpɔ wò be nàna nu tɔxɛ aɖe Yehowa. Yehowae na nu sia nu si su asiwò le agbe me kple nu siwo doa dzidzɔ na wò la wò. Wò hã àte ŋu awɔ nane atsɔ ada akpe nɛ. Togbɔ be dziƒo kple anyigba nye Yehowa tɔ hãa, àte ŋu ana nanee si mele esi o. Eyae nye be nàlɔ̃ faa asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. (Hiob 1:8; 41:11; Lod. 27:11) Esiae nye nu vevitɔ si nàte ŋu awɔ le agbe me. Ðikeke mele eme o be lɔlɔ̃ na Yehowae nye susu vevitɔ si ta wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ.

NU KA TAE NÀGALALA?

18. Nya kawoe nàte ŋu abia ɖokuiwò?

18 Va se ɖe fifia, nu kae nèsusu? Èle klalo be yeaxɔ nyɔnyrɔa? Wò ŋutɔe aɖo biabia ma ŋu. Gake ɖewohĩ aɖe vi ŋutɔ ne èbia ɖokuiwò be, ‘Nu ka lalam mele?’ (Dɔw. 8:36) Ðo ŋku nu vevi etɔ̃ siwo me míedzro dzi. Gbã, èlɔ̃ nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medi vevie be manɔ agbe le ɣeyiɣi si ame sia ame ato nyateƒe eye wòawɔ nu dzɔdzɔe mea?’ Evelia, èlɔ̃ Yesu Kristo. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medi be Mawu ƒe Via nanye nye Fia eye mayi edzi asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?’ Etɔ̃lia, vevietɔ wua, èlɔ̃ Yehowa. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medi be Yehowa nanye nye Mawu eye masubɔe ale be mado dzidzɔ na eƒe dzia?’ Ne èɖo biabia mawo ŋu be ɛ̃a, ke nu ka tae màxɔ nyɔnyrɔ o? Nu ka tae nàgalala?—Dɔw. 16:33.

19. Nu ka tae mele be nàhe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe megbe o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Yohanes 4:34)

19 Ne èle hehem ɖe megbe be yeaxɔ nyɔnyrɔa, de ŋugble le kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ ŋu kpɔ. (Xlẽ Yohanes 4:34.) Yesu tsɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ sɔ kple nuɖuɖu. Nu ka tae? Elabe nuɖuɖu nyo na mí. Yesu nya be nu sia nu si Yehowa di tso mía si la nyo na mí. Yehowa mabia tso mía si be míawɔ nane si agblẽ nu le mía ŋu o. Ðe wònye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be nàxɔ nyɔnyrɔa? Ɛ̃. (Dɔw. 2:38) Eya ta ka ɖe edzi be aɖe vi na wò ne èwɔ ɖe sedede si nye be nàxɔ nyɔnyrɔ dzi. Ne màhe ɖe megbe be nàɖu nane si vivia nuwò ŋutɔ oa, ke nu ka tae nàhe ɖe megbe be yeaxɔ nyɔnyrɔ?

20. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

20 Nu ka tae nàgalala? Ame aɖewo aɖo eŋu be yewomesɔ gbe haɖe o. Nyateƒeae nye be, nya me si nàtso be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe na Yehowa eye yeaxɔ nyɔnyrɔ ye nye nyametsotso vevitɔ kekeake. Eya ta ehiã ɣeyiɣi, kutrikuku, kple nuŋububu nyui be nàsu te aɖe afɔ ma. Gake ne èdi vevie be yeaxɔ nyɔnyrɔa, nu kae nàte ŋu awɔ fifia atsɔ adzra ɖo? Míaɖo biabia ma ŋu le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 28 Míanye Yehowa Xɔlɔ̃wo

a Ehiã be Biblia nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe naɖe afɔ vevi aɖe; eyae nye be wòaxɔ nyɔnyrɔ. Nu kae aʋãe be wòaɖe afɔ vevi ma? Kpuie koa, lɔlɔ̃. Gake nu kae wòle be wòalɔ̃, eye ame kae wòle be wòalɔ̃? Míaɖo biabia sia ŋu le nyati sia me eye míakpɔ ale si wòaɖe vi na mí le agbe me ne míexɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔ.