Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 11

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Be Nàdze Axɔ Nyɔnyrɔ

Nu Si Akpe Ðe Ŋuwò Be Nàdze Axɔ Nyɔnyrɔ

“Nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?”—DƆW. 8:36.

HADZIDZI 50 Nye Adzɔgbeɖeɖe Ƒe Gbedodoɖa

NYA VEVIAWO a

Le xexea me godooa, sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa le ŋgɔ yim eye wole nyɔnyrɔ xɔm (Kpɔ memama 1-2)

1-2. Ne ehiã be nàɖe afɔ vevi aɖewo be nàdze axɔ nyɔnyrɔa, nu ka tae mele be dzi naɖe le ƒowò o? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

 NE ÈDI be yeaxɔ nyɔnyrɔa, taɖodzinu nyui aɖee nye ema nèɖo na ɖokuiwò. Ke ɖe nèkpɔe be yeate ŋu axɔ nyɔnyrɔ fifia? Ne èkpɔe be yesu te axɔ nyɔnyrɔ eye hamemetsitsiwo hã lɔ̃ ɖe edzia, ke mègahe ɖe megbe o. Dze agbagba nàxɔ nyɔnyrɔ le takpekpe si miagawɔ me. Ne èwɔe alea, àkpɔ dzidzɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

2 Ðe ame aɖe gblɔ na wò be ehiã be nàgaɖe afɔ vevi aɖewo be nàdze axɔ nyɔnyrɔa? Alo ɖe wò ŋutɔ nèkpɔe be ehiã be yeagayi ŋgɔ viea? Ne nenema yea, dzi megaɖe le ƒowò o. Èɖanye ɖevi alo ame tsitsi o, àte ŋu ayi ŋgɔ ava dze axɔ nyɔnyrɔ.

“NU KAE XE MƆ NA NYE NYƆNYRƆXƆXƆ?”

3. Nya kae Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe bia Filipo, eye biabia kae esia fɔ ɖe te? (Dɔwɔwɔwo 8:36, 38)

3 Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:36, 38. Gbe ɖeka Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe bia nyanyuigblɔla Filipo be: “Nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?” Edze ƒãa be Etiopiatɔa di vevie be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Gake biabiae nye be, ɖe wòsu te axɔ nyɔnyrɔ ɣemaɣia?

Etiopiatɔwo ƒe amegãa di vevie be yeayi edzi asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ŋu (Kpɔ memama 4 lia)

4. Aleke Etiopiatɔa ɖee fia be yedi vevie be yeagasrɔ̃ nu geɖe kpee?

4 Esi Etiopiatɔa ‘yi Yerusalem va de ta agu’ trɔ gbɔnae wòdo go Filipo. (Dɔw. 8:27) Eya ta anɔ eme be enye ame si trɔ dzi me zu Yudatɔ, si fia be exɔ Yudasubɔsubɔ dzi se. Eye ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Ke hã, edi vevie be yeagasrɔ̃ nu geɖe. Nu ka wɔm Etiopiatɔa nɔ esi Filipo do goe le mɔa dzi? Enɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm. (Dɔw. 8:28) Ŋɔŋlɔawo me nufiafia goglowoe nye ema me dzrom wònɔ. Mebui be gɔmedzenufiafia ʋɛ aɖewo nyanya su na ye o; ke boŋ edi be yeagasrɔ̃ nu geɖe kpee.

5. Nu kae Etiopiatɔa wɔna ne esrɔ̃ nu vevi aɖe le Ŋɔŋlɔawo me?

5 Etiopiatɔa nye ŋusẽtɔ le Etiopia-fianyɔnu Kandake te “eye wònye eƒe kesinɔnuwo katã dzi kpɔla.” (Dɔw. 8:27) Eya ta anɔ eme be eƒe dɔwo sɔ gbɔ eye vovo menɔa eŋu kura o. Gake edia ɣeyiɣi ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Menye ɖeko Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nɛ o, ke ewɔna ɖe nu siwo wòsrɔ̃ dzi hã. Esia tae wòzɔ mɔ tso keke Etiopia yi Yerusalem va de ta agu na Yehowa le gbedoxɔa me. Anɔ eme be mɔzɔzɔ ma xɔ ɣeyiɣi geɖe eye wòbia ga geɖe hã, gake elɔ̃ faa be yeatsɔ nu sia nu si hiã asa vɔe be yeate ŋu asubɔ Yehowa.

6-7. Nu kae kpe ɖe Etiopiatɔa ŋu be wògava lɔ̃ Yehowa ɖe edzi?

6 Etiopiatɔa srɔ̃ nyateƒenya vevi yeye geɖe tso Filipo gbɔ. Wo dometɔ ɖekae nye be Yesue nye Mesia la. (Dɔw. 8:34, 35) Esi wòva nya nu tso nu si gbegbe Yesu wɔ nɛ ŋua, ekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Ke nu kae wòawɔ? Ate ŋu ade asi asitɛ me akpɔtɔ anye Yudasubɔsubɔ me tɔ hafi, gake mewɔe nenema o. Ke boŋ egava lɔ̃ Yehowa kple Via Yesu ɖe edzi eye esia ʋãe wòtso nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ azu Yesu Kristo yomedzela. Esi Filipo kpɔe be ŋutsua dze axɔ nyɔnyrɔa, enyrɔe.

7 Ne èsrɔ̃ Etiopiatɔa ƒe kpɔɖeŋua, esia akpe ɖe ŋuwò nàva su te axɔ nyɔnyrɔ. Eye wò hã àte ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be, “Nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?” Azɔ na míadzro afɔ siwo Etiopiatɔa ɖe la me ɖekaɖeka: Gbã, eyi edzi srɔ̃ nu. Evelia, ewɔ ɖe nu si wòsrɔ̃ dzi. Eye etɔ̃lia, ena lɔlɔ̃ si le esi na Mawu gasẽ ɖe edzi.

YI EDZI NÀNƆ NU SRƆ̃M

8. Le Yohanes 17:3 ƒe nya nua, nu kae wòle be nàwɔ?

8 Xlẽ Yohanes 17:3 kple etenuŋɔŋlɔ. Yesu ƒe nya siwo dze le kpukpui sia mea kpe ɖe mía dometɔ geɖe ŋu míetso nya me be míasrɔ̃ Biblia. Gake kpukpuia ƒe etenuŋɔŋlɔ hã de dzi ƒo na mí be ‘míanɔ Mawu vavã ɖeka la ŋuti sidzedze xɔm.’ Esia fia be mímate ŋu asrɔ̃ nu tso Mawu ŋu avɔ gbeɖe o. (Nyagb. 3:11) Míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso eŋu yi ɖe mavɔ me. Zi ale si míele nu srɔ̃maa, zi nenemae mía kple Yehowa dome anɔ kplikplikpli.—Ps. 73:28.

9. Ne míesrɔ̃ Biblia me gɔmedzenufiafiawo vɔa, nu kae wògahiã be míawɔ?

9 Ne míete nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋua, míedzea egɔme kple nufiafia siwo gɔme sese le bɔbɔe. Apostolo Paulo yɔ nufiafia mawo le lɛta si wòŋlɔ na Hebritɔwo me be “gɔmedzenuwo” alo “gɔmedzenufiafiawo.” Menye ɖe Paulo nɔ gbɔgblɔm be nufiafia mawo mele vevie o; ke boŋ ɖe wòtsɔ wo nɔ sɔsɔm kple notsi si vidzĩwo hiã. (Heb. 5:12; 6:1) Ede dzi ƒo na Kristotɔwo katã be woasrɔ̃ nu geɖe wu gɔmedzenufiafiawo ko. Ele be woasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa me nyateƒe goglowo hã akpee. Ðe Biblia me nufiafia goglowo dzroa wò veviea? Ðe nàdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu be nàyi ŋgɔa?

10. Nu ka tae nusɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe na ame aɖewo o?

10 Nusɔsrɔ̃ menɔa bɔbɔe na mía dometɔ aɖewo o. Ame aɖewo de suku, gake nuxexlẽ meɖena na wo o eye nusɔsrɔ̃ mevivia wo nu o. Ame aɖewo ya mede suku o, gake wowɔa wo tɔ sinu srɔ̃a nuxexlẽ eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ nu togbɔ be esesẽna na wo hã. Aleke kee wòɖale le gowòme o, dzi megaɖe le ƒowò o. Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò. Eyae nye nufiala nyuitɔ kekeake.

11. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye “Nufiala Gãtɔ”?

11 Yehowa gblɔ be yenye míaƒe “Nufiala Gãtɔ.” (Yes. 30:20, 21) Enye Nufiala si sea nu gɔme, egbɔa dzi ɖi eye eƒe dɔme nyo. Eƒe susu nɔa eƒe nusrɔ̃viwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. (Ps. 130:3) Eye mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si gbeɖe o. Ðo ŋku edzi be eyae wɔ míaƒe ahɔhɔ̃a. (Ps. 139:14) Esi wòdi be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tegbee eye míase vivi na nusɔsrɔ̃ tae wòde nusɔsrɔ̃ ƒe didi mía me ɖo. Eya ta esɔ be míana Biblia me nyateƒea ‘nadzro mí vevie.’ (1 Pet. 2:2) Ðo taɖodzinu siwo gbɔ nàte ŋu aɖo na ɖokuiwò, eye nàwɔ ɖoɖo koŋ si dzi nàzɔ ɖo anɔ Biblia xlẽm. (Yos. 1:8) Ne èwɔe alea, Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàva se vivi na nusɔsrɔ̃ eye àva nya nu geɖe tso eyama ŋu.

12. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu?

12 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa le ɣeyiɣi sesẽ siawo mee nye be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ. (1 Pet. 2:21) Eya ta di ɣeyiɣi nànɔ nu srɔ̃m tso Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu edziedzi. Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woato xaxa geɖe me. (Luka 14:27, 28) Gake eka ɖe edzi be ye yomedzela vavãwo ate ŋu awɔ nuteƒe abe ale si yewɔe ene. (Yoh. 16:33) Srɔ̃ nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu tsitotsito eye nàɖoe wò taɖodzinu be yeasrɔ̃ eyama le wò agbenɔnɔ me gbe sia gbe.

13. Nu kae wòle be nàyi edzi anɔ Yehowa biam, eye nu ka tae?

13 Susu vevi aɖe si ta wòle be míasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋue nye be esia aʋã mí be míagadi vevie be míasrɔ̃ nu geɖe tso eŋu. Eye esia aʋã mí be míatu nɔnɔme nyuiwo abe lɔlɔ̃ kple xɔse ene ɖo. (1 Kor. 8:1-3) Ne èle nu srɔ̃maa, do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò wò xɔse nadzi ɖe edzi, elabe ele klalo be yeakpe ɖe ŋuwò. (Luka 17:5) Ne èwɔe alea, wò xɔse asẽ ɖe edzi eye esia aʋã wò nàɖe afɔ vevi bubu si ana nàdze axɔ nyɔnyrɔ.—Yak. 2:26.

YI EDZI NÀWƆ NU SIWO NÈSRƆ̃A DZI

Hafi tsiɖɔɖɔa navaa, Noa kple eƒe ƒomea wɔ ɖe Yehowa ƒe mɔfiame dzi pɛpɛpɛ (Kpɔ memama 14 lia)

14. Aleke apostolo Petro ɖee fia be ele vevie be míawɔ nu si míesrɔ̃ dzi? (Kpɔ nɔnɔmetataa.)

14 Apostolo Petro he susu yi Noa ƒe ŋutinyaa dzi tsɔ te gbe ɖe edzi be ele vevie ŋutɔ be Kristo yomedzelawo nawɔ nu si wosrɔ̃ dzi. Yehowa gblɔ na Noa be yeana tsiɖɔɖɔ natsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɣemaɣi. Gake enyanya be tsiɖɔɖɔ gbɔna ɖeɖe makpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta o. De dzesii be Petro ƒo nu tso ɣeyiɣi si do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ‘esi wonɔ aɖakaʋua kpam’ ŋu. (1 Pet. 3:20) Ɛ̃, Noa wɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamea dzi, eye eya kple eƒe ƒomea wɔ dɔ kpa aɖakaʋua. (Heb. 11:7) Petro tsɔ aɖakaʋua kpakpa sɔ kple nyɔnyrɔxɔxɔ esi wògblɔ be: “Nyɔnyrɔxɔxɔ si sɔ kple esia lae na miawo hã miele ɖeɖe kpɔm fifia.” (1 Pet. 3:21) Taa le mɔ aɖe nua, míate ŋu atsɔ afɔ siwo ɖem nèle be nàdze axɔ nyɔnyrɔa asɔ kple dɔ si Noa kple eƒe ƒomea wɔ ƒe geɖe tsɔ kpa aɖakaʋua. Ke nu vevi kawoe wòhiã be nàwɔ be nàdze axɔ nyɔnyrɔ?

15. Ne míetrɔ dzi me vavãa, nu kae míawɔ?

15 Afɔ vevi aɖe si wòhiã be nàɖee nye be nàtrɔ dzi me alo nàse veve ɖe wò nu vɔ̃wo ta vevie. (Dɔw. 2:37, 38) Ne míetrɔ dzi me vavãa, míawɔ tɔtrɔ siwo hiã. Ðe nèɖe asi le atamanono, nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ, dzugbewo zazã, gbɔdɔdɔ manɔsenu kple nu bubu siwo Yehowa lé fui ŋua? (1 Kor. 6:9, 10; 2 Kor. 7:1; Ef. 4:29) Ne mèwɔ tɔtrɔ siawo haɖe oa, ke dze agbagba nàwɔe. Bia kpekpeɖeŋu tso wò Biblia fiala alo hamemetsitsiwo gbɔ. Ne ègakpɔtɔ le dziwòlawo gbɔa, bia wo be woakpe ɖe ŋuwò nàɖe asi le numame gbegblẽ siwo le mɔ xem na wò be nàxɔ nyɔnyrɔa ŋu.

16. Nu kawoe wòle be míawɔ be míayi edzi asubɔ Yehowa?

16 Azɔ hã ele vevie be nàwɔ ɖoɖo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Ele be nàwɔ ɖoɖo ɖe kpekpeawo dede kpe nyaŋuɖoɖo le kpekpeawo me ŋu. (Heb. 10:24, 25) Eye ne hamemetsitsiwo nya ɖe mɔ na wò be nàyi gbeadzi koa, nàwɔ ɖoɖo ɖe ema hã ŋu. Ne èdea gbeadzi edziedzia, àva se vivi na gbeƒãɖeɖedɔa. (2 Tim. 4:5) Ne ènye sɔhɛ eye nèle dziwòlawo gbɔa, bia ɖokuiwò be: ‘Dzinyelawoe ɖoa ŋku edzi nam hafi medea kpekpeawo alo gbeadzia, alo nye ŋutɔ metsona le ɖokuinye si yina?’ Ne ètsoa dzi me faa wɔa nu siawoa, àɖee afia be yexɔ Yehowa Mawu dzi se, yelɔ̃e eye yeda akpe ɖe nu nyui siwo wòwɔ na ye ta. Nu siawo nye nunana siwo míetsɔna naa Yehowa. (2 Pet. 3:11; Heb. 13:15) Edzea Yehowa ŋu ne míetso dzi me na nu faa. (Tsɔe sɔ kple 2 Korintotɔwo 9:7.) Míetsoa dzi me faa dea kpekpeawo kple gbeadzi elabe míekpɔa dzidzɔ ne míetsɔ míaƒe nu nyuitɔwo na Yehowa.

NA LƆLƆ̃ SI LE ASIWÒ NA YEHOWA NASẼ ÐE EDZI

17-18. Nɔnɔme vevi kae akpe ɖe ŋuwò be nàyi ŋgɔ ava xɔ nyɔnyrɔ, eye nu ka tae? (Lododowo 3:3-6)

17 Esi nèle agbagba dzem be yeadze ava xɔ nyɔnyrɔa, àdo go kuxiwo. Ame aɖewo ate ŋu aɖu fewu le ŋuwò, eye ɖewo hã atsi tsitre ɖe ŋuwò gɔ̃ hã. (2 Tim. 3:12) Eye ne èle avu wɔm vevie be yeaɖu numame gbegblẽ aɖe dzia, ate ŋu ava dzɔ be nàgawɔ nu gbegblẽ ma ake. Alo ɖewohĩ dzi aɖe le ƒowò le esi nèsusu be axɔ ɣeyiɣi hafi yeadze axɔ nyɔnyrɔ ta. Ne edzɔ alea, nu kae akpe ɖe ŋuwò be màna ta o? Eyae nye lɔlɔ̃ na Yehowa.

18 Lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa xɔ asi ŋutɔ. (Xlẽ Lododowo 3:3-6.) Lɔlɔ̃ na Yehowa alé wò ɖe te ne kuxiwo do mo ɖa gɔ̃ hã. Biblia gblɔ zi geɖe be lɔlɔ̃ si le Yehowa si na esubɔlawo nu metsina o, si fia be magblẽ esubɔlawo ɖi alo adzudzɔ wo lɔlɔ̃ gbeɖe o. (Ps. 100:5) Esi Yehowa wɔ wò ɖe eƒe nɔnɔme nu taa, wò hã àte ŋu aɖe lɔlɔ̃ sia tɔgbi afia. (1 Mose 1:26) Aleke nàwɔe?

Àte ŋu ada akpe na Yehowa gbe sia gbe (Kpɔ memama 19 lia) b

19. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedaa akpe ɖe nu siwo Yehowa wɔ na ye ta? (Galatiatɔwo 2:20)

19 Nɔ akpe dam na Yehowa edziedzi. (1 Tes. 5:18) Gbe sia gbea, anyo be nàbia ɖokuiwò be, ‘Mɔ ka nue Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fiam le egbea?’ Eyome nàɖo ŋku edzi ada akpe nɛ ɖe eta. Nenɔ susu me na wò be esi Yehowa lɔ̃ wò tae wòwɔ nu nyui mawo na wò ɖo; esia tututue apostolo Paulo va de dzesii tso Yehowa ŋu. (Xlẽ Galatiatɔwo 2:20.) Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mawɔ aɖee afia Yehowa be melɔ̃e?’ Ne èlɔ̃ Yehowaa, esia akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me eye nàwɔ nuteƒe le tetekpɔwo me. Esia aʋã wò hã be nàyi edzi asubɔ Yehowa atsɔ aɖee afia gbe sia gbe be yelɔ̃e.

20. Nu kae wòfia be nàɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nu ka tae esia le vevie?

20 Ne ɣeyiɣiawo le yiyimaa, lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa aʋã wò be nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ. Ðo ŋku edzi be ne ènya ɖe adzɔgbe na Yehowa koa, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ asu asiwò be nànye etɔ ɖaa. Ne èɖe adzɔgbe na Yehowaa, efia be edo ŋugbe nɛ be yeayi edzi asubɔe nu ka kee ɖadzɔ o. Magahiã be nàgaɖe adzɔgbe nɛ ake o; enye nu si míewɔna zi ɖeka ko. Nyateƒeae nye be adzɔgbeɖeɖe nye afɔɖeɖe vevi aɖe. Bu eŋu kpɔ: Àwɔ nyametsotso nyui geɖe le wò agbe me, gake ɖeke mele vevie wu adzɔgbe si nàɖe be yeasubɔ Yehowa o. (Ps. 50:14) Satana adze agbagba be yeana be wò lɔlɔ̃ na Yehowa nu natsi eye màgasubɔe azɔ o. Gake mele be nàɖe mɔ esia nadzɔ o! (Hiob 27:5) Ne èna lɔlɔ̃ si le asiwò na Yehowa sẽ ɖe edzia, esia akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ ŋugbe si nèdo nɛ dzi, eye wò kplii dome ava nɔ kplikplikpli.

21. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be nyɔnyrɔxɔxɔ nye Yehowa subɔsubɔ ƒe gɔmedzedze, ke menye eƒe nuwuwu o?

21 Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa vɔa, te ɖe hamemetsitsiwo ŋu eye nàna woanya be yedi be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Gake ɖo ŋku edzi ɣesiaɣi be nyɔnyrɔxɔxɔ menye Yehowa subɔsubɔ ƒe nuwuwu o, ke boŋ gɔmedzedzea koe. Esia ta, wɔ nu siwo ana nàgalɔ̃ Yehowa ɖe edzi fifia. Ðo taɖodzinu siwo ana wò lɔlɔ̃ na Yehowa nasẽ ɖe edzi gbe sia gbe. Ne èwɔe alea, esia aʋã wò be nàxɔ nyɔnyrɔ. Ŋkeke vevi aɖee wò nyɔnyrɔxɔgbe anye; gake gɔmedzedzea koe nye ema. Neva eme be nàyi edzi alɔ̃ Yehowa kple Via tegbee!

HADZIDZI 135 Yehowa Le Kpewòm Lɔlɔ̃tɔe Be: “Vinye, Dze Nunya”

a Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me enea, lɔlɔ̃e ʋãa mí be míayi ŋgɔ ava dze axɔ nyɔnyrɔ. Gake ele be míaɖe afɔ vevi aɖewo hã. Míadzro Etiopiatɔwo ƒe amegãa ƒe kpɔɖeŋua me, eye míakpɔ afɔ vevi siwo wòhiã be Biblia nusrɔ̃vi naɖe be wòadze axɔ nyɔnyrɔ.

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe le akpe dam na Yehowa ɖe nu nyui siwo wòwɔ nɛ ta.