Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae ŋutsu si woyɔ be “Asimasi” gblɔ be yeƒe domenyinu dome ‘agblẽ’ ne yeɖe Rut? (Rut 4:1, 6)

Le blema Israel-viwo ŋɔlia, ne ŋutsu ɖe srɔ̃ gake medzi vi hafi ku oa, nyabiase aɖewo fɔna ɖe te. Le kpɔɖeŋu me, nu kae adzɔ ɖe eƒe anyigba kple nunɔamesiwo dzi? Ðe eƒe ŋkɔ abu keŋkeŋua? Mose ƒe Sea ɖo biabia siawo ŋu.

Tsɔe be ŋutsu aɖe ku gblẽ eƒe anyigba ɖi, alo ŋutsu aɖe da ahe si wɔe be wòdzra eƒe anyigba. Nu kae adzɔ ɖe anyigbaa dzi? Nɔviaŋutsu alo eƒe ƒometɔ kplikplikpli ate ŋu agbugbɔ anyigbaa aƒle. Esia awɔe be anyigbaa nakpɔtɔ anɔ ƒomea me.—3 Mose 25:23-28; 4 Mose 27:8-11.

Ke nu kae woawɔ be ŋutsu si kua ƒe ŋkɔ nagabu o? Ðoɖo li be ŋutsua nɔvi naɖe ahosia, abe ale si wònɔ le Rut gome ene. Esia awɔe be vi si woadzi la atsɔ ŋutsu si kua ƒe ŋkɔ eye wòanyi eƒe nuwo dome. Ðoɖo nyui sia ɖea vi na ahosia hã.—5 Mose 25:5-7; Mat. 22:23-28.

Bu Naomi ŋu kpɔ. Eɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Elimelek eye wodzi ŋutsuvi eve, gake ŋutsua kple viaŋutsu eveawo ku. Esia wɔe be ŋutsu aɖeke meli alé be na ƒomea o. (Rut 1:1-5) Naomi kple lɔ̃xoyɔvia Rut trɔ yi Yuda. Le afi maa, Naomi gblɔ na Rut be wòabia Boaz si nye Elimelek ƒe ƒometɔ kplikplikpli be wòagbugbɔ yewoƒe anyigba aƒle. (Rut 2:1, 19, 20; 3:1-4) Gake Boaz nya be ame bubu aɖe li si do ƒome kple Elimelek wu ye. Biblia yɔ ame ma be “Asimasi,” eye eyae wòle be woana mɔnukpɔkpɔa gbã.—Rut 3:9, 12, 13.

Gbãa, “Asimasi” lɔ̃ be yeana kpekpeɖeŋu ƒomea agbugbɔ anyigbaa aƒle. (Rut 4:1-4) Togbɔ be axe fe ɖe anyigbaa ta hãa, enya be Noami tsi eye mate ŋu adzi vi si anyi Elimelek ƒe anyigba dome o. Asimasi anya kpɔe be anyigba ma ƒeƒle ade ye dzi elabe ava zu yeƒe domenyinu mlɔeba.

Gake esi wona Asimasi nya be esia abia be wòaɖe Rut la, etrɔ susu. Egblɔ be: “Nyemate ŋu agbugbɔe aƒle o, ne nye ŋutɔ nye domenyinu dome nagagblẽ o.” (Rut 4:5, 6) Nu ka tae Asimasi trɔ susu?

Le ɖoɖoa nua, ne Asimasi alo ame bubu aɖe ɖe Rut eye wodzi ŋutsuvia, ɖevia anyi Elimelek ƒe anyigbaa dome. Ta biabiae nye be, aleke ɖoɖo sia ‘agblẽ’ Asimasi ƒe “domenyinu dome” ne eɖe Rut? Biblia megblɔe o. Gake bu nu siwo gbɔ wòate ŋu atso dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

  • Gbã, ne Asimasi ƒle Elimelek ƒe anyigbaa, anye ga gbegblẽ elabe anyigba ma mava zu etɔ mlɔeba o. Azu viŋutsu si Rut adzi tɔ.

  • Evelia, Naomi kple Rut dzi kpɔkpɔ ƒe agba ava nɔ edzi.

  • Etɔ̃lia, ne viwo le Asimasi si eye Rut hã va dzi vi nɛa, ɖeviawo katã anyi Asimasi ƒe nuwo dome.

  • Enelia, ne viwo mele Asimasi si hafi wòɖe Rut o, eye Rut dzi ŋutsuvia, ɖevia anyi Elimelek kple Asimasi siaa ƒe anyigba dome. Eya ta ne Asimasi kua, via si tsɔ Elimelek boŋ ƒe ŋkɔe anyi eƒe anyigbaa dome. Asimasi medi be yeƒe domenyinu dome nagblẽ le esi yedi be yeakpe ɖe Naomi ŋu ta o. Egblɔ na Boaz be wòaxɔ ɖe ye teƒe. Boaz wɔe nenema elabe edi be ame si ku la “ƒe ŋkɔ nanɔ eƒe domenyinu la ŋu.”—Rut 4:10.

Edze ƒãa be nu si nɔ vevie na Asimasi wue nye be yeakpɔ yeƒe ŋkɔ kple yeƒe anyigba ta. Edi eɖokui tɔ. Nublanuitɔea, eƒe ŋkɔ si ŋu wòtsi dzi ɖo veviea va bu mlɔeba. Azɔ hã mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si va su Boaz si be wòzu Yesu Kristo, si nye Mesia la ƒe tɔgbuitɔgbui la to Asimasi ŋu. Esi Asimasi di eɖokui tɔ eye wògbe be yemakpe ɖe ame si hiã tu ŋu oa, nu nyui aɖeke medo tso eme nɛ o. Ewɔ nublanui loo!—Mat. 1:5; Luka 3:23, 32.