Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

Zã Nuwɔwɔwo Nàtsɔ Afia Nu Viwòwo Tso Yehowa Ŋu

Zã Nuwɔwɔwo Nàtsɔ Afia Nu Viwòwo Tso Yehowa Ŋu

“Ame kae wɔ nu siawo?”YES. 40:26.

HADZIDZI 11 Nuwɔwɔwo Le Mawu Kafum

NYA VEVIAWO a

1. Nu kae dzilawo dina vevie be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woawɔ?

 DZILAWO, míenya be miedi be yewoakpe ɖe yewo viwo ŋu woanya Yehowa eye woalɔẽ. Gake esi mímate ŋu akpɔ Mawu oa, aleke miawɔ akpe ɖe mia viwo ŋu woakpɔe be enye ame ŋutɔŋutɔ eye woate ɖe eŋu?—Yak. 4:8.

2. Mɔ kawo dzie dzilawo ate ŋu ato afia nu wo viwo tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu?

2 Mɔ vevi aɖe si dzi dzilawo ato akpe ɖe wo viwo ŋu woate ɖe Yehowa ŋue nye be woasrɔ̃ Biblia kpli wo. (2 Tim. 3:14-17) Gake Biblia na míenya be mɔ bubu aɖe hã li si dzi ɖeviwo ate ŋu ato asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Le Lododowo ƒe agbalẽa mea, vifofo aɖe ɖo ŋku edzi na via be wòagaŋlɔ Yehowa ƒe nɔnɔmewo be gbeɖe o; nɔnɔme mawo dze le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo me. (Lod. 3:19-21) Le nyati sia mea, míakpɔ mɔ siwo dzi dzilawo ate ŋu ato azã nuwɔwɔwo atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu.

ALEKE DZILAWO ATE ŊU AZÃ YEHOWA ƑE NUWƆWƆWO ATSƆ AFIA NU WO VIWO?

3. Nu kae wòle be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woade dzesii?

3 Biblia gblɔ be Mawu ƒe “nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi, elabe wodze ƒãa le nu siwo wòwɔ la me.” (Rom. 1:20) Dzilawo, anɔ eme be mia kple mia viwo miedia ɣeyiɣi ɖia tsa ɣeaɖewoɣi. Miwɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ miakpe ɖe mia viwo ŋu woakpɔ ale si ‘nu siwo Yehowa wɔa’ ɖea eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo fiana. Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia me si dzilawo ate ŋu asrɔ̃.

4. Aleke Yesu zã nuwɔwɔwo tsɔ fia nu eƒe nusrɔ̃lawo? (Luka 12:24, 27-30)

4 De dzesi ale si Yesu zã nuwɔwɔwo tsɔ fia nui. Gbe ɖekaa, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woalé ŋku ɖe akpaviãwo kple dzogbenyawo ŋu. (Xlẽ Luka 12:24, 27-30.) Yesu ate ŋu aƒo nu tso lã alo nu miemie bubu aɖe ŋu hafi, gake eƒo nu tso xevi kple seƒoƒo ŋu elabe eƒe nusrɔ̃lawo nya wo nyuie. Anɔ eme be seƒoƒo aɖewo nɔ afi ma eye akpaviãwo nɔ dzodzom le yame. Kpɔe ɖa le susu me be Yesu do asi ɖe nu mawo gbɔ esime wònɔ nu ƒom na eƒe nusrɔ̃lawo. Esi wòƒo nu tso wo ŋu vɔa, nu kae wòwɔ? Efia nu vevi aɖe eƒe nusrɔ̃lawo tso wo Fofo si le dziƒo ŋu: Eyae nye be Yehowa nyoa dɔme na eƒe nuwɔwɔwo eye wòléa be na wo. Ale si ko Yehowa léa be na akpaviãwo kple seƒoƒowoa, nenema kee wòakpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ na wo.

5. Yehowa ƒe nuwɔwɔ kawoe dzilawo ate ŋu azã atsɔ afia nu wo viwo?

5 Dzilawo, aleke miate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua? Àte ŋu aƒo nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ si dzɔa dzi na wò ŋu na viwòa; ate ŋu anye lã, seƒoƒo, ati, alo nu bubu aɖe. Kpe ɖe eŋu wòakpɔ nu si nuwɔwɔ ma ɖe fia tso Yehowa ŋu. Eyome àte ŋu abia viwòa wòagblɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔ si dzɔa dzi na eya hã. Ne èzã nuwɔwɔ si dzɔa dzi na viwòa tsɔ fia nui tso Yehowa ŋua, avivi enu eye wòalɔ̃ faa aɖo to.

6. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Christopher nɔ gbɔ?

6 Ðe wòhiã be dzilawo nazã ɣeyiɣi geɖe aku nu me le lã alo ati aɖe ŋu hafi ate ŋu azãe atsɔ afia nu wo viwoa? Menye nenema kokoko o. Yesu meƒo nu fũu tso ale si akpaviãwo wɔna ɖua nu alo ale si dzogbenyawo wɔna tsina ŋu o. Ne edzɔa dzi na viwò be yeasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu tsitotsito hãa, ɣeaɖewoɣia, nya kpui aɖe si nàgblɔ tso nu mawo ŋu alo nya aɖe si nàbiae la akpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ nu vevi aɖe tso Yehowa ŋu. Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Christopher gblɔ be: “Esi menye ɖevia, nɔnye gblɔa nya kpui aɖewo tsɔ kpena ɖe mía ŋu be míade asixɔxɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne míeto to aɖe ŋu va yinaa, egblɔna be: ‘Mikpɔ ale si gbegbe to ma kɔkɔ eye wònya kpɔe ɖa! Yehowa melolo ŋutɔ oa?’ Eye ne míeyi ƒutaa, egblɔna be: ‘Kpɔ ale si atsiaƒua lolo eye ƒutsotsoeawo le go gbam kple ŋusẽ ɖa! Ðe esia meɖee fia be ŋusẽ geɖe le Mawu si oa?’” Christopher gblɔ be: “Nya kpui mawo wɔ dɔ ɖe mía dzi eye wona míebu tame.”

7. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu woade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu?

7 Ne viwòwo le tsitsimaa, àte ŋu akpe ɖe wo ŋu woade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu geɖe wu, eye woasrɔ̃ nu geɖe tso eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu. Àte ŋu aƒo nu tso Mawu ƒe nuwɔwɔ ɖeka ŋu eye nàbia wo be, “Nu kae esia fia wò tso Yehowa ŋu?” Woƒe ŋuɖoɖowo awɔ nuku na wò.—Mat. 21:16.

MƆNUKPƆKPƆ KAWO ŊU DƆE DZILAWO ATE ŊU AWƆ?

8. Mɔnukpɔkpɔ kae su dzila siwo nɔ Israel si ne wo kple wo viwo ‘wole mɔ dzi’?

8 Wobia tso Israel-viwo si be woafia Yehowa ƒe sewo wo viwo ‘ne wole mɔ dzi.’ (5 Mose 11:19) Mɔwo sɔ gbɔ ɖe Israel nutowo me eye xevi, lã kple seƒoƒo vovovowo bɔ ɖi. Eya ta ne ƒomewo le mɔ dzia, mɔnukpɔkpɔ sua dzilawo si be woaƒo nu tso nuwɔwɔ mawo ŋu na wo viwo. Nenema kee egbea hãa, mɔnukpɔkpɔ geɖe li siwo ŋu dɔ dzilawo ate ŋu awɔ atsɔ afia nu wo viwo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Na míakpɔ ale si dzila aɖewo wɔ esia ɖa.

9. Nu kae nèsrɔ̃ tso Punitha kple Katya gbɔ?

9 Punitha si nye vidada le India ƒe dugã aɖe me gblɔ be: “Ne míeɖi tsa yi míaƒe ƒometɔwo gbɔ le kɔƒe mea, míewɔa mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ fiaa nu mía viwo tso Yehowa ƒe nuwɔwɔ wɔnukuwo ŋu. Mekpɔe be vinyewo tea ŋu léa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu le afi ma eye wodea asixɔxɔ wo ŋu, tsɔ wu ne míele dugã me, afi si amewo kple ʋuwo sɔ gbɔ ɖe mɔwo dzi le.” Dzilawo, mia viwo maŋlɔ ɣeyiɣi siwo miaɖi tsa kpli wo alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la be akpɔ o. Nɔvinyɔnu Katya si tso Moldova gblɔ be: “Nu siwo dzɔ le nye ɖevime siwo nyemaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o ye nye ɣeyiɣi siwo nye kple dzinyelawo míeɖi tsa yi kɔƒe me. Edzɔ dzi nam be wofiam tso nye ɖevime be matɔ sẽe alé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye made ŋugble le nu siwo wofiam tso eyama ŋua ŋu.”

Le dugã me gɔ̃ hãa, àte ŋu akpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔ aɖewo siwo nàzã atsɔ afia nu viwòwo tso eyama ŋu (Kpɔ memama 10 lia)

10. Ne manya wɔ na dzilawo be wo kple wo viwo woazɔ mɔ avɛ lé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu o hãa, nu kae woate ŋu awɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nu Si Akpe Ðe Dzilawo Ŋu.”)

10 Ke ne manya wɔ be miaɖi tsa ayi kɔƒe me alo teƒe si miakpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔ geɖe le o ɖe? Nɔviŋutsu Amol si hã le India gblɔ be: “Le mía gbɔa, ehiã be dzilawo nawɔ dɔ gaƒoƒo geɖe be woate ŋu akpɔ woƒe ƒomea dzi, eye mɔzɔzɔ yi kɔƒe me bia ga geɖe. Gake ne míeyi tsaɖibɔ me alo míele xɔ taa, míekpɔa Yehowa ƒe nuwɔwɔwo eye míeɖoa dze tso eƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu.” Ðikeke mele eme o be Yehowa ƒe nuwɔwɔ vovovowo abe xeviwo, nudzodzoewo, atiwo, seƒoƒowo kple bubuawo ene le miaƒe nutoa me nàte ŋu atsɔ afia nu viwòwo. Nu si hiã koe nye be nàlé ŋku ɖe nu ŋu nyuie. (Ps. 104:24) Karina si tso Germany gblɔ be: “Seƒoƒowo dzɔa dzi na nɔnye, eya ta esime menye ɖevi dzaa, ne nye kplii míele zɔzɔmaa, efiaa asi seƒoƒo nyakpɔwo eye wògblɔna nam be makpɔ wo ɖa.” Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agbalẽ kple video geɖewo hã li siwo ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu siwo dzilawo ate ŋu azã atsɔ afia nu wo viwo. Dzilawo, aleke kee miaƒe nɔnɔmea ɖale o, miate ŋu akpe ɖe mia viwo ŋu woalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Azɔ míakpɔ Yehowa ƒe nɔnɔme siwo ŋu nàte ŋu aƒo nu tsoe na viwòwo.

YEHOWA ƑE “NƆNƆME MAKPƆMAKPƆAWO DZENA GAGLÃA”

11. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woade dzesi Yehowa ƒe lɔlɔ̃ le nu siwo wòwɔ me?

11 Be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woade dzesi Yehowa ƒe lɔlɔ̃a, àte ŋu ahe woƒe susu ayi ale si lãwo léa be na wo viwo dzi. (Mat. 23:37) Àte ŋu aƒo nu tso ale si Yehowa wɔ nuwo hamehame hã ŋu. Karina si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Ne nye kple nɔnye míele zɔzɔmaa, edea dzi ƒo nam be matɔ alé ŋku ɖe seƒoƒowo ŋu eye made dzesi ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe le etɔxɛe kple ale si esia ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ fia. Ƒe geɖe va yi, gake megaléa ŋku ɖe seƒoƒowo ŋu eye medea dzesi ale si wonya kpɔ, woƒe amadedewo le vovovo eye wo dometɔ ɖe sia ɖe to vovoe. Esia nana meɖoa ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ mí vevie.”

Àte ŋu aƒo nu tso ale si Mawu wɔ míaƒe ametia aɖaŋutɔe ŋu atsɔ afia nu viwò be eƒe nunya goglo (Kpɔ memama 12 lia)

12. Aleke dzilawo akpe ɖe wo viwo ŋu woade dzesi Mawu ƒe nunya? (Psalmo 139:14) (Kpɔ fotoa.)

12 Kpe ɖe viwòwo ŋu woade dzesi Yehowa ƒe nunya kple ale si eƒe nunya goglo wu mía tɔ. (Rom. 11:33) Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ ale si wòdzɔnae be ɣea hea tsi yia dziƒo wòzua alilikpo nɔa yame ʋuu hafi va dzana la na viwòa. (Hiob 38:36, 37) Àte ŋu aƒo nu tso ale si Mawu wɔ míaƒe ametia wòwɔ nuku hã ŋu. (Xlẽ Psalmo 139:14.) Vifofo aɖe si ŋkɔe nye Vladimir gblɔ be: “Gbe ɖekaa, mía via dze anyi eye wòxɔ abi. Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbea, abia ku. Nye kple srɔ̃nye míeɖe eme nɛ be Yehowa wɔ míaƒe ametia be wòate ŋu aɖɔ eɖokui ɖo. Esia to vovo sãsãsã na nu siwo amegbetɔwo wɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne ʋu dze afɔkua, mete ŋu ɖɔa eɖokui ɖo o. Esia na mía via se egɔme be Yehowa ƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta.”

13. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu woade dzesi Yehowa ƒe ŋusẽ? (Yesaya 40:26)

13 Yehowa kpe mí be míafɔ mo dzi akpɔ dziƒo eye míade ŋugble le ale si yezã yeƒe ŋusẽ triakɔa tsɔ lé ɣletiviawo katã ɖe te ŋu. (Xlẽ Yesaya 40:26.) Àte ŋu ade dzi ƒo na viwòwo be woakpɔ dziƒo eye woade ŋugble le nu siwo wokpɔ ŋu. Nɔvinyɔnu Tingting si tso Taiwan gblɔ tso eƒe ɖevime ŋu be: “Gbe ɖekaa, nye kple nɔnye míezɔ mɔ va tsi teƒe aɖe be míaɖe modzaka vie. Esi zã doa, míemlɔ gota eye mekpɔ ɣletivi gbogbo aɖewo le dziƒo, elabe akaɖiwo mele teƒea abe dugã me ene o. Ɣemaɣia, dzi ɖe le ƒonye elabe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu wɔe be mesusu be manya wɔ nam be masubɔ Yehowa o. Nɔnye de dzi ƒo nam be made ŋugble le ŋusẽ si gbegbe Yehowa zã tsɔ wɔ ɣletivi mawo ŋu eye maɖo ŋku edzi be ate ŋu zã eƒe ŋusẽ atsɔ akpe ɖe ŋunye. Yehowa ƒe nuwɔwɔ siwo mekpɔ le mɔzɔzɔ ma mea ʋãm meɖoe kplikpaa be maganyae nyuie eye masubɔe.”

14. Aleke dzilawo ate ŋu azã nuwɔwɔwo atsɔ afia nu wo viwo be Yehowa nye Mawu dzidzɔtɔ?

14 Nu siwo Yehowa wɔa ɖee fia be ekpɔa dzidzɔ eye edi be míawo hã míakpɔ dzidzɔ. Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ka nya ta be xewo kple lãwo dometɔ geɖe fea fefe. (Hiob 40:20) Edzɔa dzi na ɖeviwo ne wokpɔ lãwo abe dadi alo avuviwo ene wole fefem. Eya ta ne viwòwo kpɔ lã aɖe wòle fefem eye wòɖi kokoe na woa, wɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ nàɖo ŋku edzi na wo be Mawu si subɔm míelea nye Mawu dzidzɔtɔ.—1 Tim. 1:11.

MI KPLE MIA VIWO MISE VIVI NA YEHOWA ƑE NUWƆWƆWO ÐEKAE

Ne èkplɔ viwò mieɖi tsa lé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋua, aɖe dzi ɖi eye wòalɔ̃ faa agblɔ eƒe dzimenyawo na wò (Kpɔ memama 15 lia)

15. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be wo viwo nalɔ̃ faa agblɔ woƒe dzimenyawo na wo? (Lododowo 20:5) (Kpɔ fotoa.)

15 Dzila geɖewo dzea agbagba be yewoaɖo dze kple yewo viwo anya kuxi siwo me tom wole, gake esia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ? Mito mɔ aɖe dzi miakpe ɖe mia viwo ŋu woaɖe dzi ɖi agblɔ woƒe dzimenyawo. (Xlẽ Lododowo 20:5.) Dzila aɖewo kpɔe be esia wɔwɔ nɔa bɔbɔe na yewo ne yewo kple yewo viwo yewoɖi tsa alo le ŋku lém ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be wote ŋu ɖoa dze faa susuhenuwo manɔmee. Susu bubu dze le nya si Masahiko si nye vifofo le Taiwan hã gblɔ me: “Ne mía kple mía viwo míeɖi tsa yi towo dzi alo yi ƒutaa, woɖea dzi ɖi. Esia nana wònɔa bɔbɔe be míaɖo dze kpli wo anya nu si le dzi me na wo.” Katya si ŋu míeƒo nu tsoe va yi gblɔ be: “Ne míekpa tso sukua, nɔnye kplɔam yia abɔ aɖe me. Metea ŋu ɖea dzi ɖi le afi ma, eye enɔa bɔbɔe nam be maƒo nu tso nu siwo me tom mele le suku ŋu na nɔnye.”

16. Aleke ƒomewo ate ŋu awɔ nu siwo Yehowa wɔ ŋu dɔ atsɔ aɖe modzaka?

16 Ne ƒomewo léa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu ɖekaea, esia awɔe be woaɖe dzi ɖi, woakpɔ dzidzɔ, eye wo dome naganɔ kplikplikpli. Biblia gblɔ be “nukoɣi li” eye “kpotiɣi li.” (Nyagb. 3:1, 4, etenuŋɔŋlɔ) Yehowa wɔ teƒe vovovowo ɖe anyigba dzi siwo míate ŋu ayi be míawɔ nu siwo doa dzidzɔ na mí le. Edzɔa dzi na ƒome geɖe be yewoayi ƒuta, towo dzi, alo abɔ dzeaniwo me. Edzɔa dzi na ɖevi aɖewo be yewoafe fe le abɔwo me, yewoaƒu tsi alo alé ŋku ɖe lãwo ŋu. Ɛ̃, nu geɖewo li míate ŋu awɔ atsɔ ado dzidzɔ na mía ɖokui, eye míedaa akpe na Yehowa be wòwɔ teƒe vovovowo siwo míate ŋu aɖe modzaka le!

17. Nu ka tae wòle be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woase vivi na Yehowa ƒe nuwɔwɔwo?

17 Le xexe yeyea mea, dzilawo kple ɖeviwo agase vivi na Yehowa ƒe nuwɔwɔwo geɖe wu. Ɣemaɣia, mímagavɔ̃ na lãwo o, eye woawo hã mavɔ̃ na mí o. (Yes. 11:6-9) Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míalé ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye míase vivi na wo tegbee. (Ps. 22:26) Gake dzilawo, mele be mialala be ɣemaɣi naɖo hafi miakpe ɖe mia viwo ŋu woase vivi na Yehowa ƒe nuwɔwɔwo o. Midze egɔme fifia, eye mizã Yehowa ƒe nuwɔwɔwo miatsɔ afia nu mia viwo tso eyama ŋu. Ne miewɔe alea, woava se le wo ɖokui me abe Fia David ene esi wògblɔ be: “Oo Yehowa, mawu aɖeke mede nuwò o, eye dɔ aɖeke hã mede wò dɔwɔwɔwo nu o.”—Ps. 86:8.

HADZIDZI 134 Ðeviwo Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ

a Nɔvi geɖe ɖoa ŋku edzi be le yewoƒe ɖevimea, yewo kple yewo dzilawo yewoléa ŋku ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu hekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu. Wogakpɔtɔ ɖoa ŋku ale si wo dzilawo wɔ ɣeyiɣi mawo ŋu dɔ tsɔ fia nu wo tso Yehowa ŋua dzi. Ne dzilae nènyea, aleke nàte ŋu azã Yehowa ƒe nuwɔwɔwo atsɔ afia nu viwòwo tso eyama ŋu? Míaɖo biabia sia ŋu le nyati sia me.