Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 11

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Dzi Ðe Le Ƒowò Gɔ̃ Hã

Àte Ŋu Awɔ Nuteƒe Ne Dzi Ðe Le Ƒowò Gɔ̃ Hã

‘Ènɔ te ɖe nu geɖewo nu le nye ŋkɔ la ta.’NYAÐ. 2:3.

TAÐODZINUA

Míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe asubɔ Yehowa ne dzi ɖe le mía ƒo gɔ̃ hã.

1. Esi míele Yehowa ƒe habɔbɔa me taa, yayra kawoe míekpɔna?

 YAYRA gã aɖee wònye na mí be míele Yehowa ƒe habɔbɔa me le nuwuɣi sesẽ sia me. Xexea ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzi, gake Yehowa na ƒome gã wɔɖeka aɖe mí be wòakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 133:1) Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ le míaƒe ƒomewo hã me. (Ef. 5:33–6:1) Eye ena nunya kple nugɔmesese si hiã be míaƒe dzi nadze emea mí.

2. Nu kae wòle be míawɔ, eye nu ka tae?

2 Gake ele be míadze agbagba vevie hafi ate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Nu ka tae? Elabe mía nɔviwo adze agɔ le mía dzi ɣeaɖewoɣi. Eye dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo le míawo ŋutɔ ƒe vodadawo ta, vevietɔ ne míewɔa vodada mawo ke enuenu. Eya ta ele vevie be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa (1) ne nɔvi aɖe wɔ nu wòve mí, (2) ne mía srɔ̃ wɔ nu wòte ɖe mía dzi, alo (3) míaƒe vodadawo na dzi ɖe le mía ƒo. Le nyati sia me la, míadzro nɔnɔme siawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Azɔ hã, míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nuteƒewɔla aɖe si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la gbɔ.

YI EDZI NÀSUBƆ YEHOWA NE NƆVI AÐE DZE AGƆ LE DZIWÒ

3. Kuxi kawoe Yehowa subɔlawo doa goe?

3 Kuxia. Nɔvi aɖewo ƒe nuwɔnawo ate ŋu ave dɔme na mí. Ate ŋu adzɔ be nɔvi aɖe nagblɔ nya manyomanyo aɖe tso mía ŋu alo mawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Eye ame siwo le ŋgɔ xɔm gɔ̃ hã ate ŋu ada vo. Kuxi siawo ate ŋu awɔe be nɔvi aɖewo magava ka ɖe Mawu ƒe habɔbɔa dzi o. Ate ŋu adzɔ hã be woadzudzɔ hadede kple ame siwo dze agɔ le wo dzi, adzudzɔ kpekpeawo dede, eye ‘womagawɔ ɖeka’ kple nɔviwo asubɔ Yehowa o. (Zef. 3:9) Gake ɖe wòsɔ be míawɔe nenema? Bibliameme aɖe hã to nɔnɔme sia me. Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ ɖa.

4. Kuxi kawo mee apostolo Paulo to?

4 Biblia me kpɔɖeŋu. Apostolo Paulo nyae be ye nɔvi Kristotɔwo hã mede blibo o. Le kpɔɖeŋu me, esi wòtrɔ dzi me va zu Kristotɔa, nɔviwo meka ɖe edzi be etrɔ zu yewo nɔvi ŋutɔŋutɔ o. (Dɔw. 9:26) Ƒe aɖewo megbea, nɔvi aɖewo gblɔ alakpanyawo tso eŋu kple susu be hamea me tɔwo nagaka ɖe edzi o. (2 Kor. 10:10) Paulo kpɔ eteƒe nɔvi siwo le ŋgɔ xɔm dometɔ aɖewo wɔ nu siwo ate ŋu aɖia hamea me tɔ aɖewo nu. (Gal. 2:​11, 12) Edzɔ gɔ̃ hã be, Marko, si nye Paulo ƒe zɔhɛ kplikplikpli, wɔ nu wòte ɖe edzi vevie. (Dɔw. 15:​37, 38) Nɔnɔme siawo ate ŋu ana nu nate ɖe Paulo dzi, eye wòadzudzɔ hadede kple nɔvi mawo hafi. Gake mewɔe nenema o. Susu nyui nɔ esi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòyi edzi subɔ Yehowa. Nu kae na Paulo medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o?

5. Nu kae kpe ɖe Paulo ŋu be meɖe eɖokui ɖa le nɔviawo ŋu o? (Kolosetɔwo 3:​13, 14) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

5 Paulo lɔ̃ nɔviawo vevie. Eya ta etsɔ susu ɖo woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu, ke menye woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo o. Ale si wòlɔ̃ nɔviawo wɔe hã be, eya ŋutɔ wɔ ɖe nya si wògblɔ le Kolosetɔwo 3:​13, 14 dzi. (Xlẽe.) Ale si wòwɔ nu ɖe Marko ŋu na esia dze ƒãa. Togbɔ be Marko gblẽ Paulo ɖi le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me hã, Paulo va ɖe asi le nya ma ŋu. Emegbe le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Kolosetɔwo mea, ekafu Marko be enye hadɔwɔla vevi kple “akɔfafa gã aɖe” na ye. (Kol. 4:​10, 11) Esime Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, ebia be Marko nava nɔ kpekpem ɖe ye ŋu. (2 Tim. 4:11) Edze ƒãa be Paulo tsɔ ke nɔviawo, eye wòna eya kpli wo dome nɔ kplikplikpli. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Paulo gbɔ?

Masɔmasɔ ɖo Paulo, Barnaba, kple Marko dome. Gake emegbe Paulo ɖe asi le nyaa ŋu, eye eya kple Marko gawɔ dɔ ɖekae kple dzidzɔ (Kpɔ memama 5)


6-7. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo togbɔ be womede blibo o hã? (1 Yohanes 4:7)

6 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Yehowa di be míayi edzi alɔ̃ mía nɔviwo vevie. (Xlẽ 1 Yohanes 4:7.) Ne nɔvi Kristotɔ aɖe mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie oa, míate ŋu atsɔe ko be menye ɖe wòɖoe be yeawɔ nu wòave mí o, ke boŋ agbagba ko dzem eya hã le be yeadze Yehowa ŋu. (Lod. 12:18) Mawu lɔ̃a esubɔla wɔnuteƒewo togbɔ be wodaa vo hã. Eya ta megbea nu le mía gbɔ ne míeda vo alo léa mí ɖe dɔme o. (Ps. 103:9) Ðe mele be míawo hã míasrɔ̃ mía Fofo si tsɔna kena faa la atsɔ ake mía nɔviwo oa?—Ef. 4:32–5:1.

7 Mina míaɖo ŋkui be, esi nuwuwua le aƒe tum taa, ele be míana mí kple mía nɔviwo dome nanɔ kplikplikpli. Ate ŋu adzɔ be amewo nati mía yome vevie, alo woalé mí ade gaxɔ me le míaƒe xɔse ta. Ne edzɔ alea, míagahiã mía nɔviwo vevie wu tsã. (Lod. 17:17) Bu nu si dzɔ ɖe Josep, a si nye hamemetsitsi le Spain, dzi ŋu kpɔ. Wolé eya kple nɔvi aɖewo de gaxɔ me le esi wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o ta. Egblɔ be: “Esi mí katã míeva le gaxɔ ɖeka me taa, ele bɔbɔe ŋutɔ be nɔvi aɖe ƒe nu nave dɔme na ame. Eya ta ahiã be míayi edzi ado dzi atsɔ ake mía nɔewo faa. Ewɔwɔ alea na míewɔ ɖeka, míete ŋu lé be na mía nɔewo eye míekpɔ mía nɔewo ta, elabe ame bubuwo nɔ gaxɔa me, siwo menye Yehowa subɔlawo o. Gbe ɖeka mexɔ abi ɖe abɔ, eye woblae nam. Eya ta nyemate ŋu azãe atsɔ awɔ naneke o. Gake mía nɔvi ɖeka nya nye awuwo nam, eye wòlé be nam le mɔ vovovowo nu. Ɣemaɣie mehiã kpekpeɖeŋu wu, eye wokpe ɖe ŋunye hã.” Ðe esia mena míekpɔe be ele be míadze agbagba akpɔ mía kple mía nɔviwo dome kuxiwo gbɔ fifia oa?

YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE NE SRƆ̃WÒ WƆ NU WÒTE ÐE DZIWÒ

8. Kuxi kawo mee srɔ̃tɔwo tona?

8 Kuxia. Kuxi megbea srɔ̃ɖeɖe aɖeke me nɔnɔ o. Biblia na eme kɔ ƒãa be srɔ̃tɔwo “akpɔ xaxa le ŋutilã me.” (1 Kor. 7:28) Nu ka tae? Elabe ame eve siwo mede blibo o, siwo tso teƒe vovovowo eye wolɔ̃ nu vovovowo ye va wɔ ɖeka zu srɔ̃tɔwo. Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, woava de dzesi nɔnɔme aɖewo le wo nɔewo ŋu siwo womenya tsã o, eye esia ate ŋu awɔe be womase nu gɔme na wo nɔewo ɣeaɖewoɣi o. Ne edzɔ alea, ele be srɔ̃tɔawo dometɔ ɖe sia ɖe nade dzesi vodadaa ƒe akpa si tso egbɔ, ale be woate ŋu akpɔ nyaa gbɔ. Gake nublanuitɔe la, ɖe wova nɔa asi fiam wo nɔewo boŋ, eye ɖewo va bua kaklã alo srɔ̃gbegbe gɔ̃ hã be eyae akpɔ kuxia gbɔ. Gake emae akpɔ kuxia gbɔ nyateƒea? b Bibliameme aɖe hã to srɔ̃ɖekuxi sesẽwo me. Na míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ ɖa.

9. Nɔnɔme sesẽ ka mee Abigail to?

9 Biblia me kpɔɖeŋu. Abigail srɔ̃e nye Nabal. Biblia gblɔ be Nabal nye ŋlɔmitɔ, eye meɖɔ ʋu o. (1 Sam. 25:3) Ŋutsu sia gbɔ nɔnɔ manɔ bɔbɔe na Abigail kura o. Ðe mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi nɛ be wòaɖe ta le srɔ̃ɖeɖea me hafia? Ɛ̃, mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi nɛ esi David, si ava nye Israel-fia va be yeawu Nabal le esi wòdzu eya kple eŋumewo ta. (1 Sam. 25:​9-13) Abigail ate ŋu adi afi aɖe ato, ale be David natu nu kplii hafi. Gake mewɔe nenema o; eɖe kuku ɖe Nabal ta boŋ. (1 Sam. 25:​23-27) Nu ka tae?

10. Nu kae anya kpe ɖe Abigail ŋu wòdo dzi le srɔ̃ɖeɖe madeamedzi ma me?

10 Abigail lɔ̃ Yehowa, eye wòdea bubu srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu. Ðikeke mele eme o be enya nu tso nya si Mawu gblɔ na Adam, esi wòkplɔ Xawa vɛ nɛ wòzu srɔ̃a ŋu. (1 Mose 2:24) Abigail nya be Yehowa bua srɔ̃ɖeɖe nu kɔkɔe. Edi be yeawɔ nu wòadze Mawu ŋu. Eya ta emae anya ʋãe wòwɔ nu sia nu si wòate ŋui kpɔ eƒemetɔwo kple srɔ̃a hã ta. Ewɔ nu kpata tsɔ ɖo asi David dzi be wòagawu Nabal o. Togbɔ be eya ŋutɔ medze agɔ aɖeke o hã, exɔ vodadaa ƒu akɔ. Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa lɔ̃ nyɔnu sia si ƒo dzi le, eye media eɖokui tɔ o la vevie. Nu kae srɔ̃nyɔnuwo kple srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu asrɔ̃ tso Abigail gbɔ?

11. (a) Nu kae Yehowa di tso srɔ̃tɔwo si? (Efesotɔwo 5:33) (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso ale si Carmen ku kutri kpɔ eƒe srɔ̃ɖeɖe ta la me? (Kpɔ fotoa hã.)

11 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Yehowa di be atsu kple asi naku ɖe wo nɔewo ŋu ne ame ɖeka ƒe nya me sẽ ŋutɔ gɔ̃ hã. Edzɔa dzi na Mawu ne ekpɔe be atsu kple asi le agbagba dzem vevie be yewoakpɔ kuxiwo gbɔ, wodea bubu wo nɔewo ŋu, eye womedia wo ɖokui tɔ o. (Xlẽ Efesotɔwo 5:33.) Bu nu si me Carmen to ŋu kpɔ. Esi Carmen ɖe srɔ̃ ƒe ade megbea, Yehowa Ðasefowo va te Biblia sɔsrɔ̃ kplii, eye emegbe wòva xɔ nyɔnyrɔ. Carmen gblɔ be: “Nua medzɔ dzi na srɔ̃nye kura o. Eva nɔ ŋu ʋãm vevie. Edzuam, eye wòdoa ŋɔdzi nam be yeagbem.” Togbɔ be nɔnɔmeawo nɔ alea hã, ƒe 50 sɔŋ Carmen do dzi le srɔ̃ɖeɖea me. Eyi edzi lɔ̃ srɔ̃a, eye wòdea bubu eŋu. Egblɔ yi edzi be: “Esi ƒeawo va nɔ yiyima, medze agbagba be mase nu gɔme nɛ, eye maƒo nu nɛ le ŋuɖɔɖo me. Menya be srɔ̃ɖeɖe nye nu kɔkɔe le Yehowa ŋkume, eya ta mewɔ ɖe sia ɖe be matsɔ akpɔ nye srɔ̃ɖeɖea ta. Meva ta me nam kpɔ be magbe srɔ̃nye o, elabe melɔ̃ Yehowa.” c Ne èle srɔ̃ɖekuxi sesẽwo me toma, àte ŋu aka ɖe edzi be, Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi.

Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso ale si Abigail lɔ̃ faa wɔ nu sia nu si wòate ŋui tsɔ kpɔ eƒe aƒemetɔwo ta me? (Kpɔ memama 11)


YI EDZI NÀWƆ NUTEƑE NE ÈWƆ NU VƆ̃ GƆ̃ HÃ

12. Ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ gã aɖea, aleke míase le mía ɖokui me?

12 Kuxia. Dzi ate ŋu aɖe le mía ƒo ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ gã aɖe. Biblia gblɔ be míaƒe nu vɔ̃wo ate ŋu ana míaƒe dzi ‘nagbã eye wòatugu.’ (Ps. 51:17) Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Robert ku kutri ƒe geɖe va zu subɔsubɔdɔwɔla. Gake nublanuitɔea, eva wɔ nu vɔ̃ gã aɖe, si na wòse le eɖokui me be yemewɔ nuteƒe na Yehowa o. Egblɔ be: “Nye dzitsinya metsɔe kem kura o. Nye ame bliboa metɔtɔ. Mefa avi do gbe ɖa na Yehowa. Meɖo ŋku edzi be ewɔ nam be Mawu maganyè kɔ ase nye gbedodoɖa gɔ̃ hã o. Nu ka ta wòagaɖo tom, evɔ wònye medo ŋukpee?” Ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃a, míaƒe dzi si gbã gudugudu la ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be, Yehowa gbe nu le mía gbɔ ta magahiã be míayi edzi anɔ esubɔm o. (Ps. 38:4) Ne wò hã èsena le ɖokuiwò me alea, ekema Bibliameme aɖe ƒe kpɔɖeŋu ate ŋu ade dzi ƒo na wò. Togbɔ be ewɔ nu vɔ̃ gã hã, eyi edzi subɔ Yehowa.

13. Nu vɔ̃ gã kae apostolo Petro wɔ, eye nu kae kplɔe de nu vɔ̃ ma me?

13 Biblia me kpɔɖeŋu. Le zã si do ŋgɔ hafi wova wu Yesu mea, apostolo Petro da vo aɖewo, si na wòva wɔ nu vɔ̃ gã. Gbãa, eka ɖe eɖokui dzi akpa, eye wògblɔ dadatɔe be ne apostolo mamlɛawo gblẽ Yesu ɖi hã, ye ya yemagblẽe ɖi akpɔ o. (Marko 14:​27-29) Azɔ hã, esi wonɔ Getsemane-bɔa me la, alɔ̃ ko dɔm Petro nɔ; mete ŋu nɔ ŋudzɔ o. (Marko 14:​32, 37-41) Eyome esi amehawo va Yesu lé gea, Petro gblẽ Yesu ɖi si dzo. (Marko 14:50) Mlɔeba, egbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ! Eta nu ɖe edzi gɔ̃ hã be yemenyae o. (Marko 14:​66-71) Aleke Petro wɔ nui esi wòva de dzesii be yewɔ nu vɔ̃ gã? Anɔ eme be eƒe dzitsinya bu fɔe si wɔe be eƒe dzi gbã eye wòfa avi vevie. (Marko 14:72) Kpɔ ale si eƒe dzi anya nɔ kpekpemee esi wowu exɔlɔ̃a Yesu le gaƒoƒo aɖewo megbee ɖa. Anya se le eɖokui me godoo be yedo kpo nu!

14. Nu kae kpe ɖe Petro ŋu wòyi edzi subɔ Yehowa? (Kpɔ nɔnɔmetata si le akpaa dzi.)

14 Petro yi edzi subɔ Yehowa. Nu kae kpe ɖe eŋu? Meɖe eɖokui ɖe aga o. Eyi edzi de ha kple nɔviawo, eye woawo hã woanya de dzi ƒo nɛ. (Luka 24:33) Azɔ hã, esi Mawu fɔ Yesu ɖe tsitrea, Yesu ɖe eɖokui fia Petro kple susu be yeade dzi ƒo nɛ. (Luka 24:34; 1 Kor. 15:5) Yesu mehe nya ɖe Petro ŋu le nu siwo wòwɔ ta o. Ke boŋ egade dɔ bubu aɖewo asi na exɔlɔ̃ vevi sia. (Yoh. 21:​15-17) Petro ŋutɔ hã nya be yewɔ nu vɔ̃, gake mena ta o. Nu ka tae? Elabe eka ɖe edzi be yeƒe Aƒetɔ Yesu, megbe ye o. Eye Petro nɔvi Kristotɔwo hã kpe ɖe eŋu. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Petro gbɔ?

Nya siwo le Yohanes 21:​15-17 ɖee fia be Yesu megbe nu le Petro gbɔ o, eye esia de dzi ƒo na Petro wòyi edzi wɔ nuteƒe (Kpɔ memama 14)


15. Nu ka dzie Yehowa di be míaka ɖo? (Psalmo 86:5; Romatɔwo 8:​38, 39) (Kpɔ fotoa hã.)

15 Nu si míesrɔ̃ tso eme. Yehowa di be míaka ɖe edzi be yelɔ̃ mí, eye yetsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. (Xlẽ Psalmo 86:5; Romatɔwo 8:​38, 39.) Ne míewɔ nu vɔ̃a, míaƒe dzitsinya bua fɔ mí. Eye esɔ ne míese le mía ɖokui me nenema. Gake mele be míasusui be Yehowa melɔ̃ mí o, eye matsɔe ake mí o. Ke boŋ ele be míana woakpe ɖe mía ŋu enumake. Robert, si ƒe nya míegblɔ va yia, gblɔ be: “Meka ɖe ɖokuinye dzi be mate ŋu anɔ te ɖe tetekpɔa nu. Ema gbɔe wòtso be mewɔ nu vɔ̃.” Emegbe eva de dzesii be ehiã be hamemetsitsiwo nakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ be: “Esi mete ɖe hamemetsitsiawo ŋua, enumake mekpɔe be Yehowa to wo dzi ɖee fiam be yelɔ̃m. Hamemetsitsiawo megblẽm ɖi o. Wokpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa hã megblẽm ɖi o.” Miawo hã míate ŋu aka ɖe edzi be, Yehowa lɔ̃ mí vevie eye wòtsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí ne míetrɔ dzi me, eye míebia kpekpeɖeŋu si sɔ, eye míedze agbagba be míagawɔ nu vɔ̃ mawo ake o. (1 Yoh. 1:​8, 9) Kakaɖedzi ma wɔnɛ be, ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃ alo da vo gɔ̃ hãa, míetsɔa anyidzeƒe wɔa anyimlɔƒee o.

Ne èkpɔ ale si hamemetsitsiwo doa vevie nu be yewoakpe ɖe ŋuwò la, aleke nèsena le ɖokuiwò me? (Kpɔ memama 15)


16. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be yeayi edzi asubɔ Yehowa awɔ nuteƒe nɛ?

16 Yehowa dea asixɔxɔ gã agbagba si dzem míele be míasubɔe le ɣeyiɣi sesẽ siawo me ŋu. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe nɛ ne mía ŋutɔwo míaƒe vodadawo alo ame bubuwo tɔ na dzi ɖe le mía ƒo hã. Ne mía nɔviwo dze agɔ le mía dzi gɔ̃ hã, míate ŋu atsɔe ake wo, eye míayi edzi alɔ̃ wo. Ne míekua kutri vevie kpɔa kuxi siwo doa mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe me gbɔa, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu, eye míedea bubu srɔ̃ɖeɖoɖo si wòwɔ ŋu. Ne edzɔ be míewɔ nu vɔ̃a, ele be míabia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu, eye míalɔ̃ ɖe edzi be elɔ̃ mí, eye wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃ ake mí ne míetrɔ dzi me, eye míayi edzi asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa adudu eƒe yayra akɔ ɖe mía dzi ne “[míedzudzɔ] nu si nyo la wɔwɔ o.”—Gal. 6:9.

NU KAE AKPE ÐE MÍA ŊU MÍAYI EDZI ASUBƆ YEHOWA . . .

  • ne nɔvi aɖe wɔ nu wòve mí?

  • ne mía srɔ̃ wɔ nu wòte ɖe mía dzi?

  • ne míaƒe vodadawo na dzi ɖe le mía ƒo?

HADZIDZI 139 Kpɔ Ðokuiwò Le Xexe Yeyea Me

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

b Mawu ƒe Nyaa gblɔ na srɔ̃tɔwo be woagaklã tso wo nɔewo gbɔ o, eye ena eme kɔ ƒãa be ne edzɔ be woklã tso wo nɔewo gbɔ gɔ̃ hã la, wo dometɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖe ame bubu o. Ke hã, nɔnɔme aɖewo tea ŋu wɔnɛ be Kristotɔ srɔ̃tɔ aɖewo va kpɔnɛ be ehiã be yeawoklã ɖa tso yewo srɔ̃ gbɔ. Kpɔ dzesidenya 4 lia, si ƒe tanyae nye “Kaklã Tso Ame Srɔ̃ Gbɔ,” le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa me.

c Be nàkpɔ esia ƒe kpɔɖeŋu bubua, ʋu jw.org eye nàkpɔ Darrel kple Deborah Freisinger ƒe nuteƒekpɔkpɔ si dze le video si nye Mègana Xexea Ƒe Alakpaŋutifafa Naflu Wò O! me.