Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 9

HADZIDZI 75 “Nyee Nye Esi, Dɔm!”

Ðe Nèle Klalo Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?

Ðe Nèle Klalo Aɖe Adzɔgbe Na Yehowa?

“Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa ɖe nyui siwo katã wòwɔ nam la ta?”PS. 116:12.

TAÐODZINUA

Nyati sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli eye wòaʋã wò nàdi be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe nɛ, axɔ nyɔnyrɔ.

1-2. Nu kae wòle be ame nawɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ?

 LE ƑE atɔ̃ siwo va yi mea, ame miliɔn ɖeka kple edzivɔ ye xɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa Ðasefowo. Abe ale si wònɔ le Timoteo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me gome ene la, ame siawo dometɔ geɖe hã srɔ̃ nyateƒea le woƒe “ɖevime.” (2 Tim. 3:​14, 15) Gake ame aɖewo hã tsi hafi va srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Ƒe aɖewoe nye esi va yia, nyɔnu aɖe si Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu kplii la xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 97!

2 Ne Biblia nusrɔ̃vie nènye alo dziwòlawo nye Yehowa Ðasefowo la, ɖe nèle nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu buma? Ne èle eŋu bum la, ke taɖodzinu nyui aɖee nye ema. Gake hafi nàxɔ nyɔnyrɔa, ele be nàɖe adzɔgbe na Yehowa. Nyati sia aɖe nu si wòfia be woaɖe adzɔgbe la me, eye akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nu si tae mele be nàhe ɖe megbe ne èsu te na esia wɔwɔ o.

NU KAE NYE ADZƆGBEÐEÐE?

3. Ame siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa le Biblia me la dometɔ aɖewo ɖe?

3 Le Biblia mea, adzɔgbeɖeɖe fia nane ɖeɖe ɖe vovo na taɖodzinu tɔxɛ aɖe. Israel-viwo nye dukɔ si ɖe adzɔgbe na Yehowa. Gake Israel dukɔa me tɔ ɖekaɖeka aɖewo gaɖe adzɔgbe tɔxɛ aɖe na Yehowa. Le kpɔɖeŋu me, Aron ɖɔa tablanu si ŋu “adzɔgbeɖeɖe ƒe dzesi kɔkɔe,” si nye sikaga falɛ keklẽ aɖe nɔna. Sikaga falɛ ma fia be woɖee ɖe vovo be wòawɔ dɔ tɔxɛ aɖe—wòanye Israel ƒe nunɔlagã. (3 Mose 8:9) Naziritɔwo hã ɖe adzɔgbe tɔxɛ na Yehowa. Woɖe “Naziritɔ,” tso Hebrigbe me nya nazirʹ me. Egɔmee nye “Ame Si Woɖe Ðe Vovo,” alo “Ame Si Ðe Adzɔgbe.” Ele be Naziritɔwo nawɔ ɖe se siwo wode na wo le Mose ƒe Sea me be woatsri nanewo la dzi.—4 Mose 6:​2-8.

4. (a) Mɔ ka nue ame siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la ɖe wo ɖokui ɖe vovo le? (b) Nu kae wòfia be ‘nàgbe nu le ɖokuiwò gbɔ’? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

4 Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke efia be ètiae be yeava zu Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃la, eye yeana Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe me. Nu kae Kristotɔwo ƒe adzɔgbeɖeɖe sia bia? Yesu gblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ.” (Mat. 16:24) Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya si gɔme woɖe be ame “negbe nu le eɖokui gbɔ” gɔme be “ame naganɔ agbe na eɖokui azɔ o.” Ele be Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe natsri nu sia nu si medzea Yehowa ŋu o. (2 Kor. 5:​14, 15) Ele be nàtsri “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo,” si ƒe ɖee nye gbɔdɔdɔ manɔsenu. (Gal. 5:​19-21; 1 Kor. 6:18) Ðe esia ana nàxaxa? Ne èlɔ̃ Yehowa, eye nèka ɖe edzi be eƒe seawo dzi wɔwɔ aɖe vi na yea, màbui nenema o. (Ps. 119:97; Yes. 48:​17, 18) Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nicholas wɔ eƒe kpɔɖeŋu ale, “Àte ŋu abu Yehowa ƒe sewo be wole abe gakpɔ si xea mɔ na ye be yeagawɔ nu si yedi o ene. Alo abui abe gakpɔ si kpɔa ye ta be dzatawo nagawɔ nuvevi ye o ene.”

Ðe nèbua Yehowa ƒe sewo abe gakpɔ si xea mɔ na ye be yeagawɔ nu si yedi o ene loo alo abe gakpɔ si akpɔ ye ta be dzatawo nagawɔ nuvevi ye o enea? (Kpɔ memama 4)


5. (a) Aleke nàɖe adzɔgbe na Yehowae? (b) Vovototo kae le adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dome? (Kpɔ fotoa hã.)

5 Aleke nàɖe adzɔgbe na Yehowae? Eyae nye be nàdo gbe ɖa ado ŋugbe nɛ be yeasubɔ eya ɖeka ko eye yeatsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Le nyateƒe mea, èle ŋugbe dom na Yehowa be yealɔ̃e kple “wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.” (Marko 12:30) Wò kple Yehowa ɖeɖe domee adzɔgbeɖeɖe sia le. Gake nyɔnyrɔxɔxɔ ya nye dutoƒonuwɔna; enana amewo kpɔnɛ be èɖe adzɔgbe na Yehowa. Ne èɖe adzɔgbea, ke ŋugbee nye ma nèdo na Yehowa eye ele mɔ kpɔm be nàwɔ ɖe edzi, eya ta ɖoe kplikpaa nàwɔ ɖe edzi.—Nyagb. 5:​4, 5.

Adzɔgbeɖeɖe na Yehowa fia be nàdo gbe ɖa ado ŋugbe nɛ be yeasubɔ eya ɖeka ko eye yeatsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me (Kpɔ memama 5)


NU KA TAE WÒLE BE NÀÐE ADZƆGBE NA YEHOWA?

6. Nu ka tae ame aɖe atiae be yeaɖe adzɔgbe na Yehowa?

6 Lɔlɔ̃e nye nu vevitɔ si aʋã wò nàɖe adzɔgbe na Yehowa. Gake lɔlɔ̃ sia menye seselelãme dzro ko o. Ke boŋ nu siwo nèsrɔ̃ tso Yehowa ŋu na “sidzedze vavãtɔ” kple “gbɔgbɔ me nugɔmesese” va su asiwò. (Kol. 1:9) Nu siawoe ʋã wò nèva lɔ̃e. Ena nègava ka ɖe edzi be (1) Yehowa li ŋutɔŋutɔ, (2) eƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye, eye (3) eto eƒe habɔbɔa dzi na eƒe lɔlɔ̃nu le eme vam.

7. Nu kawoe wòle be míanɔ wɔwɔm hafi aɖe adzɔgbe na Mawu?

7 Ele be ame siwo ɖe adzɔgbe na Yehowa nanya Mawu ƒe Nya la me nufiafia veviwo eye woadze agbagba anɔ agbe ɖe nu siwo wosrɔ̃ la nu. Wodzea agbagba hã be yewoaƒo nu tso eŋu na amewo. (Mat. 28:​19, 20) Ame siawo va lɔ̃ Yehowa ɖe edzi eye woɖoe kplikpaa be yewoasubɔ eya ɖeka ko. Menye aleae wòle le wò hã gowòme oa? Ne èlɔ̃ Yehowa alea, màbu nyɔnyrɔxɔxɔ be enye nu si yeawɔ atsɔ ado dzidzɔ na yeƒe Biblia nufiala alo ye dzilawo o. Eye màbui be esi ye xɔlɔ̃wo le nyɔnyrɔ xɔm ta ye hã yeaxɔe o.

8. Nu kae aʋã wò be nàɖe adzɔgbe na Yehowa, eye nu ka tae? (Psalmo 116:​12-14)

8 Ne ède ŋugble le nu siwo katã Yehowa wɔ na wò ŋua, àdi godoo be yeatsɔ ye ɖokui aɖe adzɔgbe nɛ. (Xlẽ Psalmo 116:​12-14.) Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be enye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” nala. (Yak. 1:17) Eƒe nunana si ƒo wo katã tae nye Via, Yesu si wòtsɔ na ɖe mía ta. Bu eŋu kpɔ! Tafea wɔe be wò kple Yehowa dome ate ŋu ava nɔ kplikplikpli. Eye ena mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi na wò be nàva nɔ agbe tegbee. (1 Yoh. 4:​9, 10, 19) Eya ta ne ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa la, afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ gãtɔ si wòɖe fia wò tsɔ kpe ɖe yayra gbogbo siwo su asiwò la ŋu. (5 Mose 16:17; 2 Kor. 5:15) Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 46, numedzodzro 4 lia kple miniti etɔ̃ ƒe video si nye Tsɔ Nu Siwo Le Asiwò La Na Mawu hã ƒo nu tso ale si míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ŋu.

ÐE NÈSU TE AÐE ADZƆGBE AXƆ NYƆNYRƆA?

9. Nu ka tae mele be ame natsɔ dzitsitsi aɖe adzɔgbe na Yehowa o?

9 Ðewohĩ àsusu be yemesu te aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ o. Anɔ eme be ehiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo ale be nàte ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi bliboe alo nàgado ŋusẽ wò xɔse geɖe wu. (Kol. 2:​6, 7) Nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔyiyi to vovo, eye menye ɖevi ɖe sia ɖee aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ ne exɔ ƒe aɖe o. Eya ta dze agbagba nàde dzesi tɔtrɔ siwo wòle be nàwɔ eye nàwɔe. Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame aɖeke o.—Gal. 6:​4, 5.

10. Nu kae nàwɔ ne èva kpɔe be yemesu te aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ fifia o? (Kpɔ aɖaka si nye “ Na Ðevi Siwo Hem Wole Le Nyateƒea Me” hã.)

10 Ne èva de dzesii be yemesu te aɖe adzɔgbe na Yehowa haɖe o hã, mègaɖe asi le taɖodzinu ma ŋu o. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. (Flp. 2:13; 3:16) Àte ŋu aka ɖe edzi be ase wò gbedodoɖa eye wòakpe ɖe ŋuwò.—1 Yoh. 5:14.

NU SI TAE AME AÐEWO HENA ÐE MEGBE

11. Aleke Yehowa akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe nɛ?

11 Ame aɖewo su te aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ, gake wohena ɖe megbe. Ðewohĩ wogblɔna be: ‘Ne mexɔ nyɔnyrɔ vɔ eye meva wɔ nu gbegblẽ aɖea, ɖe womaɖem le haa me oa?’ Ne nenemae nèsena le ɖokuiwò mea, ke ka ɖe edzi be Yehowa ana nu sia nu si hiã la wò be ‘nàzɔ ale si dze, ale be nàdze eŋu bliboe.’ (Kol. 1:10) Ado ŋusẽ wò hã be nàwɔ nu si le eteƒe. Ekpe ɖe ame geɖe ŋu xoxo woyi edzi le nuteƒe wɔm nɛ. (1 Kor. 10:13) Ema nye susu vevi aɖe si tae ƒãa hafi woɖea ame aɖe le Kristo hamea me. Yehowa kpena ɖe eƒe amewo ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe.

12. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu vɔ̃ gãwo o?

12 Esi míede blibo o taa, nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe dzodzro tea ŋu nyɔna ɖe mía me. (Yak. 1:14) Gake wò ŋutɔe atia nu si nàwɔ ne wote wò kpɔ. Nya lae nye be asiwò mee ŋusẽ ma le. Togbɔ be ame aɖewo malɔ̃ ɖe nya ma dzi o hã, nyateƒeae nye be àte ŋu aɖu ɖokuiwò dzi. Eye ne woƒoe ɖe nuwò be nàwɔ nu gbegblẽ hã, àte ŋu agbe be yemawɔe o. Be nàte ŋu awɔ esia la, nɔ gbe dom ɖa gbe sia gbe. Nɔ Mawu ƒe Nyaa srɔ̃m gbe sia gbe. Nɔ Kristotɔwo ƒe kpekpeawo dem. Nɔ nu ƒom tso nu siwo nènya ŋu na amewo. Ne èwɔa nu siawo edziedzia, akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ ɖe adzɔgbe si nèɖea dzi. Eye mègaŋlɔ be o hã be Yehowa li akpe ɖe ŋuwò.—Gal. 5:16.

13. Kpɔɖeŋu nyui kae Yosef ɖo ɖi na mí?

13 Anɔ bɔbɔe be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa ne èdzra ɖo do ŋgɔ tso nu si nàwɔ ne tetekpɔ aɖe va dziwò ŋu. Biblia ƒo nu tso ame aɖewo siwo te ŋu wɔ esia ŋu togbɔ be woawo hã womede blibo o. Le kpɔɖeŋu me, Potifar srɔ̃ dze agbagbe zi geɖe be yeable Yosef nu wòawɔ nu gbegblẽ. Gake Yosef nya nu si yeawɔ xoxo. Biblia gblɔ be “egbe,” eye wògblɔ be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia gbegbe ahawɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu?” (1 Mose 39:​8-10) Edze ƒãa be Yosef nya nu si wòawɔ do ŋgɔ kura hafi tetekpɔa va. Esia na wòte ŋu wɔ nuteƒe esi wotee kpɔ.

14. Nu kae akpe ɖe ŋuwò nàɖu tetekpɔwo dzi?

14 Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yosef aɖu tetekpɔwo dzi? Àte ŋu atso nya me fifia tso nu si nàwɔ ne wote wò kpɔ ŋu. Srɔ̃ ale si nàgbe nu siwo Yehowa lé fui enumake, eye mèganɔ wo ŋu bum gɔ̃ hã o. (Ps. 97:10; 119:165) Ne èwɔe alea, màna ta ne wote wò kpɔ o, elabe ènya nu si yeawɔ eye nètso nya me tso eŋu do ŋgɔ.

15. Aleke ame aɖe ate ŋu aɖee afia be yele Yehowa ‘dim vevie’? (Hebritɔwo 11:6)

15 Ðewohĩ wò ya èva de dzesii be nyateƒea koe nye esia eye nèdi be yeasubɔ Yehowa kple dzi blibo. Gake ɖewohĩ nane na nèle adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ hem ɖe megbe. Ne nenemae la, àte ŋu awɔ nu si Fia David wɔ. Ate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa be: “Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi. Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa. Ne nàkpɔe ɖa be mɔ vɔ̃ɖi aɖe le menye hã, ne nàkplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.” (Ps. 139:​23, 24) Yehowa yraa ame siwo “dinɛ vevie la.” Ale si nèdi be yeaɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ fia be èle Yehowa dim vevie.—Xlẽ Hebritɔwo 11:6.

YI EDZI NÀNƆ TETEM ÐE YEHOWA ŊU

16-17. Aleke Yehowa hea ame siwo dzilawo nye Ðasefowo la vaa eɖokui gbɔ? (Yohanes 6:44)

16 Yesu gblɔ be Yehowae hea ye yomedzelawo vaa eɖokui gbɔ. (Xlẽ Yohanes 6:44.) Bu ale si nya ma faa akɔ na amee kple nu si wòfia na wò ŋu kpɔ. Yehowa kpɔ nu nyui aɖe le ame sia ame si wòhe va eɖokui gbɔ la ŋu. Ebua esubɔla ɖe sia ɖe be enye “nunɔamesi tɔxɛ” alo “nunɔamesi vevi.” (5 Mose 7:6; etenuŋɔŋlɔ) Nenemae wòbua wò hãe.

17 Ðewohĩ ɖevie nènye, eye dziwòlawoe le wò hem le nyateƒea me. Esia ate ŋu ana nàsusui be esi ye dzilawo le Yehowa subɔm tae ye hã yele esubɔm ɖo, ke menye Yehowae he ye va eɖokui gbɔ o. Gake Biblia gblɔ be: ‘Te ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe ŋuwò.’ (Yak. 4:8; 1 Kron. 28:9) Eya ta ne èdze agbagba be yeate ɖe Yehowa ŋu la, eya hã ate ɖe ŋuwò. Yehowa mebua wò be wò hã èle amewo dome ko evɔ o. Yehowae hea ame sia ame vaa eɖokui gbɔ—ɖevi siwo wodzi ɖe nyateƒea me hã le eme. Ne ame si hem wole le nyateƒea me dze agbagba te ɖe Yehowa ŋua, eya hã tena ɖe eŋu abe ale si Yakobo 4:8 gblɔe ene.—Tsɔe sɔ kple 2 Tesalonikatɔwo 2:13.

18. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me? (Psalmo 40:8)

18 Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔa, ke èle Yesu srɔ̃m. Etsɔ eɖokui na be yeawɔ nu sia nu si ye Fofo bia tso ye si. (Xlẽ Psalmo 40:8; Heb. 10:7) Le nyati si kplɔe ɖo mea, míadzro nu si akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi asubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la me.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu kae wòfia be ame naɖe adzɔgbe na Yehowa?

  • Nu kae aʋã wò be nàɖe adzɔgbe na Yehowa?

  • Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàgawɔ nu vɔ̃ gãwo o?

HADZIDZI 38 Yehowa Ana Nàse Ŋu