Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA ME NYAGBE

‘Mawu Tsɔ Nu Vɔ̃ Siwo Wowɔ Va Yi La Nɔ Wo Kem’

‘Mawu Tsɔ Nu Vɔ̃ Siwo Wowɔ Va Yi La Nɔ Wo Kem’

Yesu ƒe tafevɔsa si wòxe kple eƒe ʋu dzi koe woate ŋu ato atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Ef. 1:7) Ke hã, Biblia gblɔ be: “Mawu nɔ dzi gbɔm ɖi eye wòtsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ va yi la nɔ kekem,” si fia be, wotsɔ nu vɔ̃ siwo amewo wɔ hafi Yesu xe tafea hã ke wo. (Rom. 3:25) Aleke wòanya wɔe be Yehowa natsɔ nu vɔ̃wo ake do ŋgɔ na tafea xexe, evɔ mada le eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi o?

Tso esime Yehowa tso nya me be yeana “dzidzimevi” aɖe nava ɖe ame siwo axɔ yeƒe ŋugbedodowo dzi ase ko la, le egbɔa, ele ko abe ɖe woxe fe ɖe wo ta xoxo ene. (1 Mose 3:15; 22:18) Mawu ka ɖe edzi bliboe be le yeƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi la, yeƒe Tenuvi la alɔ̃ faa atsɔ eɖokui ana axe tafea. (Gal. 4:4; Heb. 10:​7-10) Esime Yesu nye Mawu teƒenɔla le anyigba dzi la, Mawu na ŋusẽe be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake hafi wòva xe tafea gɔ̃ hã. Yesu te ŋu tsɔ ame siwo si xɔse le la ƒe nu vɔ̃wo ke wo elabe enya be vɔ si yeava sa la alé avu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta.—Mat. 9:​2-6.