Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 13

HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye

Wò Dzi Nedze Eme, Wò Nu Dzea Yehowa Ŋu

Wò Dzi Nedze Eme, Wò Nu Dzea Yehowa Ŋu

“Wò nu dzea ŋunye.”LUKA 3:22.

TAÐODZINUA

Ale si nàwɔ aka ɖe edzi be wò nu dzea Yehowa ŋu.

1. Aleke Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖewo sena le wo ɖokui me?

 EDZƆA dzi na mí ŋutɔ be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu! Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.” (Ps. 149:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le Yehowa subɔla aɖewo ƒo wobiaa wo ɖokui be, ‘Ðe Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nye hã ŋunyea?’ Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo gɔ̃ hã dometɔ aɖewo se le wo ɖokui me nenema.—1 Sam. 1:​6-10; Hiob 29:​2, 4; Ps. 51:11.

2. Ame kawo ƒe nue dzea Yehowa ŋu?

2 Biblia na eme kɔ ƒãa be amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã ƒe nu ate ŋu adze Yehowa ŋu. Aleke wòanya wɔe? Ele be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase eye míaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Yoh. 3:16) Ne míewɔe alea, míaɖee afia amewo be míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me eye míedo ŋugbe na Mawu be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Dɔw. 2:38; 3:19) Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne míeɖe afɔ siawo be míanye exɔlɔ̃wo. Ne míekua kutri vevie wɔa adzɔgbe si míeɖe dzi la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye abu mí be míenye ye xɔlɔ̃ veviwo.—Ps. 25:14.

3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

3 Ke nu ka tae Yehowa subɔla aɖewo sena le wo ɖokuiwo me ɣeaɖewoɣi be yewoƒe nu medzea eŋu o? Aleke Yehowa ɖenɛ fiana be yekpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu? Eye nu kae akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu?

NU SI TAE AME AÐEWO SUSUNƐ BE YEWOƑE NU MEDZEA YEHOWA ŊU O

4-5. Ne míese le mía ɖokui me be viɖe aɖeke mele mía ŋu o gɔ̃ hã, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo?

4 Tso ɖevime ke la, mía dometɔ aɖewo sena le mía ɖokui me be viɖe aɖeke mele mía ŋu o. (Ps. 88:15) Nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Adrián gblɔ be: “Nyemese le ɖokuinye me kpɔ be viɖe le ŋunye o. Meɖoa ŋku edzi be tso nye ɖevime ke la, medoa gbe ɖa be nye ƒomea nate ŋu ayi Paradiso me, gake nye ŋutɔ ya, nyemekana ɖe edzi be medze ayi Paradiso me o.” Tony, si dzilawo menye Ðasefowo o, gblɔ be: “Dzinyelawo megblɔ nam kpɔ be yewolɔ̃m alo nye nu dzea yewo ŋu o. Esia nana mesena le ɖokuinye me be nyemate ŋu adze wo ŋu gbeɖe o.”

5 Ne míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be míele ɖeke me o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ŋutɔe he mí va eɖokui gbɔ. (Yoh. 6:44) Ekpɔa nu nyui aɖewo le mía me si míawo ŋutɔwo míekpɔna o, eye wònya míaƒe dzi. (1 Sam. 16:7; 2 Kron. 6:30) Eya ta ne egblɔ be míexɔ asi na yea, míate ŋu aka ɖe edzi.—1 Yoh. 3:​19, 20.

6. Aleke apostolo Paulo se le eɖokui me tso nu vɔ̃ siwo wòwɔ va yi ŋu?

6 Hafi míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ aɖewo wɔ nanewo si na míekpɔtɔ bua fɔ mía ɖokui. (1 Pet. 4:3) Yehowa subɔla wɔnuteƒewo gɔ̃ hã kpɔtɔ le avu wɔm kple woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Ðe nèsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa matsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye gbeɖe oa? Ne nenemae la, wò dzi nedze eme, elabe Yehowa subɔla wɔnuteƒe geɖewo wɔ avu kple seselelãme mawo. Le kpɔɖeŋu me, esi apostolo Paulo de ŋugble le eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋua, ese le eɖokui me be yeƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ. (Rom. 7:24) Le nyateƒe me la, Paulo trɔ dzi me tso eƒe nu vɔ̃wo me eye wòxɔ nyɔnyrɔ̃. Ke hã, egblɔ tso eɖokui ŋu be yee nye “suetɔ le apostoloawo dome” eye yenye nu vɔ̃ wɔla “gãtɔ.”—1 Kor. 15:9; 1 Tim. 1:15.

7. Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí tso nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ŋu?

7 Mía Fofo si le dziƒo do ŋugbe be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí ne míetrɔ dzi me. (Ps. 86:5) Eya ta ne míese veve ɖe nu vɔ̃ siwo míewɔ va yi ta vavã la, ke míate ŋu aka ɖe nya si wògblɔ be yeatsɔe ake mí la dzi bliboe.—Kol. 2:13.

8-9. Nu kae míawɔ ne míeva le sesem le mía ɖokui me be manyawɔ be míadze Yehowa ŋu wòade edeƒe o?

8 Mí katã míedina be míasubɔ Yehowa kple míaƒe ŋutete katã. Gake ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomate ŋu adze Yehowa ŋu wòade edeƒe gbeɖe o. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Amanda gblɔ be: “Zi geɖea, mebuna be nu si wòfia be mawɔ nye ŋutete katã na Yehowae nye be manɔ geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi. Medzea agbagba be mawɔ nu wòagbɔ nye ŋutete ŋu. Ne nyemete ŋu wɔ nu si meɖo oa, mesena le ɖokuinye me be medo kpo nu eye ewɔna nam be Yehowa hã kpɔam nenema.”

9 Nu kae míawɔ ne míesena le mía ɖokui me be míaƒe nu mate ŋu adze Yehowa ŋu gbeɖe o? Ðo ŋku edzi be Yehowa ƒe nya me mesẽ kpaɖii o. Mebiaa nu si gbɔ míaƒe ŋutete ŋu tso mía si o. Ne míele míaƒe ŋutete katã wɔm ko la, edzea eŋu. Azɔ hã, de ŋugble le ame siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe siwo subɔ Yehowa kple dzi blibo ŋu kpɔ. Wo dometɔ ɖekae nye Paulo. Eku kutri ƒe geɖe esime wòzɔ mɔ kilometa akpewo eye wòɖo hame geɖewo. Gake esi nɔnɔmeawo va trɔ, si na be magate ŋu awɔ geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o la, ɖe esia wɔe be eƒe nu megadze Mawu ŋu oa? Kpao. Eyi edzi wɔ nu si wòate ŋui, eye Yehowa yrae. (Dɔw. 28:​30, 31) Nenema kee nɔnɔmeawo ate ŋu awɔe be nu siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me dzi naɖe akpɔtɔ. Gake nu si nɔa vevie nɛ ye nye susu si tae míele ewɔm ɖo. Azɔ, na míakpɔ mɔ siwo dzi Yehowa tona ɖenɛ fiana be míaƒe nu dzea ye ŋu dometɔ aɖewo ɖa.

ALEKE YEHOWA ÐENƐ FIANA BE MÍAƑE NU DZEA YE ŊU?

10. Mɔ ka nue míate ŋu “asee” Yehowa nagblɔ na mí le be míaƒe nu dzea ye ŋu? (Yohanes 16:27)

10 To Biblia dzi. Edzɔa dzi na Yehowa be yeaɖee afia ame siwo yelɔ̃ la be yekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Le Ŋɔŋlɔawo me la, Yehowa gblɔ na Yesu zi eve be enye ye Vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ye ŋu. (Mat. 3:17; 17:5) Ðe nàdi be yeasee Yehowa nagblɔ na wò be wò nu dzea ye ŋua? Yehowa ƒe gbe meɖina tso dziƒo míesena o, gake eƒoa nu na mí to eƒe Nya Biblia dzi. Ne míexlẽa nya siwo Yesu gblɔ le Nyanyuigbalẽawo mea, ate ŋu awɔ na mí abe ɖe míese Yehowa ŋutɔ le gbɔgblɔm na mí be míaƒe nu dze ye ŋu ene. (Xlẽ Yohanes 16:27.) Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔmewo fia pɛpɛpɛ. Eya ta ne míexlẽ nya siwo Yesu gblɔ tsɔ ɖee fia be ye yomedzelawo ƒe nu dzea ye ŋu togbɔ be womede blibo o la, míate ŋu akpɔe le susu me be Yehowa le nya mawo ke gblɔm na míawo hã.—Yoh. 15:​9, 15.

Yehowa toa mɔ vovovowo dzi ɖenɛ fiana be míaƒe nu dze ye ŋu (Kpɔ memama 10)


11. Ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, ɖe wòfia be míaƒe nu megadzea Yehowa ŋu oa? Ðe eme. (Yakobo 1:12)

11 To eƒe nuwɔnawo me. Edzɔa dzi na Yehowa be yeakpe ɖe mía ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔa míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na mí. Gake ɣeaɖewoɣi Yehowa ɖea mɔ míetoa nɔnɔme sesẽwo me, abe ale si wòdzɔ ɖe ame dzɔdzɔe Hiob dzi ene. (Hiob 1:​8-11) Ne xaxawo va mía dzi la, mefia be míaƒe nu megadzea Mawu ŋu o. Ke boŋ wonyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míaɖe ale si gbegbe míelɔ̃ Mawu eye míeka ɖe edzii la afia. (Xlẽ Yakobo 1:12.) Eye ne míele xaxawo me tom la, míakpɔ ale si gbegbe Yehowa lɔ̃ mí eye wòkpena ɖe mía ŋu be míado dzi la adze sii.

12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu siwo me Dmitrii to me?

12 Bu nu si me nɔviŋutsu Dmitrii, si le Asia la to ŋu kpɔ. Dɔ ge le esi eye wòdi dɔ ɣleti geɖe gake mekpɔ ɖeke o. Eya ta eva nɔ geɖe wɔm le subɔsubɔdɔa me, tsɔ ɖee fia be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ɣleti geɖe va yi gake mekpɔ dɔ o. Emegbe lãme va gblẽ nɛ ale gbegbe be wòtsi teƒe ɖeka. Eva nɔ sesem le eɖokui me be yemenye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyui o, eye wòsusu be ɖewohĩ yeƒe nu megadzea Yehowa ŋu o. Gbe ɖeka fiẽ vianyɔnuvi ŋlɔ Yesaya 30:15 me nyawo ɖe agbalẽ dzi tsɔ va fiae; afi ma gblɔ be, “Miakpɔ ŋusẽ ne mieɖe dzi ɖi heɖo ŋu ɖe ŋunye.” Etɔ ɖe eƒe abatia gbɔ gblɔ nɛ be, “Papa, ne nane ɖe fu na wòa, ɖo ŋku nya siawo dzi.” Dmitrii va kpɔe be Yehowa megblẽ yewo ɖi o; yeƒe ƒomea gakpɔa nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe kokoko. Egblɔ be: “Nu si wòhiã be mawɔ koe nye be, maɖe dzi ɖi aɖo ŋu ɖe nye Mawu ŋu.” Ne wò hã èle nɔnɔme sesẽwo me tom la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔ ɖe le eme na wò eye akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi.

Yehowa toa mɔ vovovowo dzi ɖenɛ fiana be míaƒe nu dze ye ŋu (Kpɔ memama 12) a


13. Ame kawo dzie Yehowa ate ŋu ato ana míakpɔe be míaƒe nu dzea ye ŋu, eye aleke wòwɔnɛ?

13 To mía nɔvi Kristotɔwo dzi. Yehowa toa mía nɔviwo dzi nana míekpɔnɛ be míaƒe nu dzea ye ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu aʋã mía nɔviwo be woagblɔ nya aɖe atsɔ ade dzi ƒo na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Aleae wònɔ le nɔvinyɔnu aɖe si le Asia gome esime wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom. Dɔ ge le esi eye wòva dze dɔ vevie hã. Emegbe srɔ̃a wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye meganye hamemetsitsi o. Egblɔ be: “Nyemenya nu ka gɔ̃ tae nu siawo nɔ dzɔdzɔm ɖe dzinye o. Mesusu be ɖewohĩ mewɔ nu gbegblẽ aɖe si wɔe be nye nu megadzea Yehowa ŋu o.” Mía nɔvinyɔnua ɖe kuku na Yehowa be wòana yeaka ɖe edzi be yeƒe nu gadzea eŋu. Aleke Yehowa ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ? Egblɔ be: “Hamemetsitsiawo ɖo dze kplim eye woka ɖe edzi nam be Yehowa lɔ̃m.” Emegbe egado gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ be: “Gbe ma gbe ke ko mexɔ lɛta aɖe si nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo ŋlɔ ɖo ɖem. Esime menɔ woƒe akɔfanyawo xlẽma, mese le ɖokuinye me be Yehowa se nye gbedodoɖa.” Nyateƒee, Yehowa toa mía nɔviwo ƒe dzideƒonyawo dzi ɖenɛ fiana be míaƒe nu dze ye ŋu.—Ps. 10:17.

Yehowa toa mɔ vovovowo dzi ɖenɛ fiana be míaƒe nu dze ye ŋu (Kpɔ memama 13) b


14. Mɔ ka hã dzie Yehowa tona ɖenɛ fiana be míaƒe nu dzea ye ŋu?

14 Mɔ bubu aɖe si nu Yehowa ɖenɛ fiana mí le be míaƒe nu dzea ye ŋu ye nye be etoa mía nɔviwo dzi ɖoa aɖaŋu na mí ne ehiã. Le kpɔɖeŋu me, le Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ lɛta 14 ɖo ɖe nɔvia Kristotɔwo. Exlɔ̃ nu wo ŋkubiãtɔe le lɛta mawo me, gake ewɔe le lɔlɔ̃ me. Nu ka tae Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Paulo wòɖo aɖaŋu mawo na wo? Yehowa nye Fofo nyui, eye wòɖɔa via siwo “gbɔ melɔ̃a nu le o” la ɖo. (Lod. 3:​11, 12) Eya ta ne wozã Biblia tsɔ ɖo aɖaŋu na mí la, mefia be Yehowa do dziku ɖe mía ŋu o, ke boŋ enye kpeɖodzi be míaƒe nu dzea eŋu. (Heb. 12:6) Nu bubu kawo hãe ɖenɛ fiana be míaƒe nu dzea Mawu ŋu?

MƆ BUBU SIWO DZI YEHOWA TONA ÐENƐ FIANA BE MÍAƑE NU DZEA YE ŊU

15. Ame kawoe Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eye nu ka tae esia dea dzi ƒo na mí?

15 Yehowa naa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo ƒe nu dzea eŋu. (Mat. 12:18) Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe metea ŋu ɖea Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea fiana le nye agbe mea?’ Ðe nède dzesii be yete ŋu gbɔa dzi ɖi na amewo fifia wu ɣeyiɣi si me mèkpɔ srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu oa? Le nyateƒe mea, ne míeva le gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖem fia geɖe wua, míava kpɔe adze sii be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu!—Kpɔ aɖaka si nye “ Gbɔgbɔ La Ƒe Kutsetse Ye Nye . . .

Nu kawo mee nàte ŋu ade dzesii le be wò nu dzea Yehowa ŋu? (Kpɔ memama 15)


16. Ame kawoe Yehowa de dɔ asi na be woaɖe gbeƒã nya nyuia, eye aleke esia na nèse le ɖokuiwò me? (1 Tesalonikatɔwo 2:4)

16 Yehowa de dɔ asi na ame siwo ƒe nu dzea eŋu la be woaɖe gbeƒã nya nyuia. (Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:4.) De dzesi ale si gbeƒãɖeɖe nya nyuia ɖe vi na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Jocelyn. Esi Jocelyn fɔ gbe ɖeka ŋdi la, dzi menɔ edzɔm kura o. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be ŋusẽ vɔ le ŋunye eye nyemele ɖeke me o, evɔ mɔɖelae menye eye ŋkeke mae meyia gbeadzi. Eya ta medo gbe ɖa eye meyi gbeadzi.” Le ŋdi ma mea, Jocelyn ke ɖe Mary, si nye nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe si lɔ̃ faa be yeasrɔ̃ Biblia ŋu. Le ɣleti aɖewo megbe la, Mary gblɔ na Jocelyn be yenɔ gbe dom ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu esime wòva ƒo ʋɔ na ye gbe ma gbe. Jocelyn gblɔ be: “Esi mede ŋugble le nu si dzɔ ŋua, mese le ɖokuinye me be Yehowa nɔ gbɔgblɔm nam be, ‘Wò nu dze ŋunye.’” Ele eme be menye ame sia amee axɔ mí nyuie le gbeƒãɖeɖedɔa me ya o. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu ne míewɔa míaƒe ŋutete katã be míaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo.

Nu kawo mee nàte ŋu ade dzesii le be wò nu dzea Yehowa ŋu? (Kpɔ memama 16) c


17. Nu kae nèsrɔ̃ tso nya siwo Vicky gblɔ tso tafea ŋu me? (Psalmo 5:12)

17 Yehowa nana asixɔxɔ si le tafea ŋu ɖea vi na ame siwo ƒe nu dzea eŋu. (1 Tim. 2:​5, 6) Ke ne míexɔ tafea dzi se eye míexɔ nyɔnyrɔ̃, evɔ míegasena le mía ɖokui me kokoko be míaƒe nu medzea Yehowa ŋu o ya ɖe? Ðo ŋku edzi be menye ɣesiaɣie míate ŋu aka ɖe míaƒe seselelãmewo dzi o, gake míate ŋu aka ɖe Yehowa ya dzi. Ebua ame siwo xɔ tafea dzi se la ame dzɔdzɔewoe eye edo ŋugbe be yeayra wo. (Xlẽ Psalmo 5:12; Rom. 3:26) Ŋugbledede le tafea ŋu ɖe vi na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Vicky. Gbe ɖeka esi wògbɔ dzi ɖi de ŋugble le tafea ŋu nyuie la, egblɔ be: “Yehowa gbɔ dzi ɖi nam ƒe gbogbo siawo. . . . Ke hã, ɖeko wònɔ abe ɖe meto nye nuwɔnawo dzi nɔ gbɔgblɔm nɛ be: ‘Wò lɔlɔ̃ la nu mesẽ nenema gbegbe be wòaɖe vi nam o. Viwòa ƒe vɔsa mate ŋu alé avu ɖe nye nu vɔ̃wo ta o.’” Esi wòde ŋugble le nunana si nye tafea ŋua, eva se le eɖokui me be Yehowa lɔ̃ ye vavã. Ne míedea ŋugble le tafea ŋua, míawo hã míase le mía ɖokui me be Yehowa lɔ̃ mí eye míaƒe nu dzea eŋu.

Nu kawo mee nàte ŋu ade dzesii le be wò nu dzea Yehowa ŋu? (Kpɔ memama 17)


18. Nu ka dzie míate ŋu aka ɖo ne míeyi edzi lɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la?

18 Ne míedze agbagba vevie be míawɔ aɖaŋuɖoɖo siwo me míedzro fifia dzi hã la, agate ŋu adzɔ be dzi naɖe le mía ƒo ɣeaɖewoɣi eye míasusui be míaƒe nu medzea Yehowa ŋu o. Ne edzɔ alea, ɖo ŋku edzi be “ame siwo lɔ̃nɛ la” ƒe nu dzea eŋu. (Yak. 1:12) Eya ta yi edzi nànɔ tetem ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli eye nàde dzesi ale si wòɖenɛ fiana be wò nu dzea ye ŋu. Ðo ŋku edzi ɣesiaɣi be Yehowa “mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ . . . o.”—Dɔw. 17:27.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewoƒe nu medzea Yehowa ŋu o?

  • Mɔ kawo nue Yehowa ɖenɛ fiana le be míaƒe nu dze ye ŋu?

  • Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be míaƒe nu dzea Mawu ŋu?

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

a NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nu siwo dzɔ ƒe wɔwɔfia

b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nu siwo dzɔ ƒe wɔwɔfia

c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nu siwo dzɔ ƒe wɔwɔfia