NUSƆSRƆ̃NYATI 10
HADZIDZI 13 Kristo, Míaƒe Kpɔɖeŋuɖola
Yi Edzi ‘Nàdze Yesu Yome’ Le Wò Nyɔnyrɔxɔxɔ Megbe
“Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme la, negbe nu le eɖokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe fuwɔameti la gbe sia gbe, eye wòadze yonyeme.”—LUKA 9:23.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mí katã ŋu be míanɔ ŋugble dem le adzɔgbe si míeɖe la ŋu. Vevietɔ la, akpe ɖe ame siwo xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa ŋu be woayi edzi awɔ nuteƒe.
1-2. Ne ame aɖe xɔ nyɔnyrɔ la, yayra kawoe wòakpɔ?
DZI dzɔa mí ne míexɔ nyɔnyrɔ va zu Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo. Ame siwo si mɔnukpɔkpɔ gã sia su wova zu Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo la alɔ̃ ɖe nya si hakpala David gblɔ dzi. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si [wò Yehowa] nètia eye nèhee vɛ be wòanɔ wò xɔxɔnuwo.”—Ps. 65:4.
2 Menye ame sia ame koe Yehowa hena vaa eƒe ƒomea me o. Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, ehea ame siwo ŋutɔ tiae be yewoate ɖe eŋu la vaa eɖokui gbɔ. (Yak. 4:8) Esi nèɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, èva te ɖe eŋu le mɔ tɔxɛ aɖe nu. Eya ta àte ŋu aka ɖe edzi be ‘adudu yayra akɔ ɖe dziwò va se ɖe esime naneke magahiã wò o.’—Mal. 3:10; Yer. 17:7, 8.
3. Ne ame aɖe ɖe adzɔgbe eye wòxɔ nyɔnyrɔ zu Kristotɔ la, nu kae esia bia tso esi? (Nyagblɔla 5:4, 5)
3 Gake Yehowa subɔsubɔ ƒe gɔmedzedze koe nyɔnyrɔxɔxɔ nye. Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, àdi be yeadze agbagba ɖe sia ɖe be yeawɔ ɖe adzɔgbe si yeɖe la dzi, ne tetekpɔwo va dziwò gɔ̃ hã. (Xlẽ Nyagblɔla 5:4, 5.) Fifia esi nèva zu Yesu yomedzela la, ele be nàsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu eye nàwɔ ɖe eƒe sededewo dzi pɛpɛpɛ ale si wòanya wɔe. (Mat. 28:19, 20; 1 Pet. 2:21) Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia.
YI EDZI ‘NÀDZE YESU YOME’ NE NƆNƆME SESẼWO KPLE TETEKPƆWO VA DZIWÒ
4. Esi Yesu gblɔ be ye yomedzelawo atsɔ “fuwɔameti” aɖe la, nu kae wòfia? (Luka 9:23)
4 Ne èxɔ nyɔnyrɔ vɔ la, kuxiwo ava dziwò godoo. Yesu na eme kɔ na eyomedzelawo be woatsɔ “fuwɔameti” aɖe. Le nyateƒe me la, woawɔ esia “gbe sia gbe.” (Xlẽ Luka 9:23.) Ðe Yesu ƒe nyawo fia be ye yomedzelawo anɔ fu kpem ɣesiaɣia? Ao, mefia nenema o. Ðeko wònɔ gbe tem ɖe edzi be togbɔ be woakpɔ yayrawo hã la, woato nɔnɔme sesẽ aɖewo hã me. Nɔnɔme sesẽ siawo dometɔ aɖewo manɔ bɔbɔe kura o.—2 Tim. 3:12.
5. Yayra kawoe Yesu gblɔ be ame siwo tsɔ nanewo sa vɔe akpɔ?
5 Ðewohĩ wò ƒometɔwo le yowòme tim hã xoxo, alo ètsɔ nanewo sa vɔ ale be nàte ŋu atsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Mat. 6:33) Ne nenemae la, ke ka ɖe edzi be Yehowa dea dzesi wò nuteƒewɔwɔ. (Heb. 6:10) Ðewohĩ Yesu ƒe nya siawo le eme vam na wò gɔ̃ hã xoxo; egblɔ be: “Ame sia ame si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyuia ta la, akpɔ aƒewo, nɔviŋutsuwo, nɔvinyɔnuwo, dadawo, viwo kple agblewo teƒe alafa ɖeka fifia le ɣeyiɣi sia me hekpe ɖe yometitiwo ŋu, eye le nuɖoanyi si gbɔna me la, akpɔ agbe mavɔ.” (Marko 10:29, 30) Nyateƒee, yayra siwo kpɔm nèle la sɔ gbɔ wu nu sia nu si nètsɔ sa vɔe.—Ps. 37:4.
6. Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, nu ka tae wòle be nànɔ ‘ŋutilã ƒe nudzodzrowo’ dzi ɖum?
6 Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, ahiã be nàyi edzi awɔ avu kple wò ‘ŋutilã ƒe nudzodzrowo.’ (1 Yoh. 2:16) Nu si tae nye be, mède blibo o. Ɣeaɖewoɣi la, àse le ɖokuiwò me abe apostolo Paulo ene esi wògblɔ be: “Mekpɔa dzidzɔ le Mawu ƒe se la ŋu ŋutɔ le ame si menye le ememe la gome, ke mekpɔ se bubu aɖe le menye, si le aʋa wɔm kple se si le nye susu me, eye wòléam aboyoe yina na nu vɔ̃ ƒe se si le nye ŋutilã me.” (Rom. 7:22, 23) Ɣeaɖewoɣi la, dzi aɖe le ƒowò elabe ahiã be nàwɔ avu kple wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Gake ne èbu adzɔgbe si nèɖe na Yehowa ŋu la, ana nàgaɖoe kplikpaa be yeaɖu yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Nya lae nye be ne tetekpɔwo va dziwòa, adzɔgbe si nèɖe la akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nuteƒe. Le mɔ ka nu?
7. Aleke adzɔgbe si nèɖe na Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi awɔ nuteƒe nɛ?
7 Ne èɖe adzɔgbe na Yehowa la, ke efia be ègbe nu le ɖokuiwò gbɔe nye ema. Esia fia be nàwɔ nu siwo adze Yehowa ŋu, ke menye nu siwo adze wò ŋutɔ ŋuwò o. (Mat. 16:24) Eya ta ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom alo tetekpɔ aɖe va dziwò la, menye ɣemaɣie nàva nɔ nu si wòle be nàwɔ ŋu bum o. Elabe ènya nu si nàwɔ xoxo; eyae nye be nàwɔ nuteƒe na Yehowa. Àɖoe kplikpaa awɔ nu si dze Yehowa ŋu. Eye àwɔ nu abe Hiob ene. Esi wònɔ nɔnɔme sesẽwo me tom gɔ̃ hã la, egblɔ kɔtɛe be: “Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu . . . o!”—Hiob 27:5.
8. Aleke ŋugbledede le adzɔgbe si nèɖe ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖu tetekpɔwo dzi?
8 Ne èdea ŋugble le adzɔgbe si nèɖe na Yehowa ŋu la, esia ado ŋusẽ wò nàɖu tetekpɔ ɖe sia ɖe dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàva nɔ ahiãmo ɖom na ame aɖe srɔ̃a? Ao! Elabe ègbe nu le nu ma gbɔ xoxo. Ne mèna dzodzro vɔ̃wo ƒo ke ɖe mewò o la, ke mahiã be nàva nɔ avu wɔm emegbe be yeaho wo ɖa o. Esia akpe ɖe ŋuwò be, ‘nàdze ato afi bubu’ eye màto “ame vɔ̃ɖiwo toƒe” o.—Lod. 4:14, 15.
9. Aleke ŋugbledede le adzɔgbe si nèɖe ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ?
9 Ke ne wotsɔ dɔ aɖe si mana nàde kpekpeawo edziedzi o ɖo ŋkuwòme ɖe? Ènya nu si nàwɔ xoxo. Elabe èɖoe xoxo be yemalɔ̃ axɔ dɔ aɖe si awɔe be yemanɔ kpekpeawo dem o. Eya ta màlɔ̃ axɔ dɔ ma hafi ava nɔ avu wɔm be yeatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ o. Esia manya wɔ o. Ne ède ŋugble le ale si Yesu ɖoe kplikpaa dze Fofoa ŋu ŋu la, esia ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàtso nya me kaba agbe nu sia nu si madze Mawu, ame si nèɖe adzɔgbe na la ŋu o.—Mat. 4:10; Yoh. 8:29.
10. Le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi ‘adze Yesu yome’?
10 Nya lae nye be ne kuxiwo alo tetekpɔwo va dziwò la, enye mɔnukpɔkpɔ na wò be nàɖee afia be yeɖoe kplikpaa be ‘yeadze Yesu yome.’ Ne èwɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò. Biblia gblɔ be: “Nuteƒewɔlae Mawu nye, eye maɖe mɔ woate mi akpɔ wu esi nu miate ŋu anɔ te ɖo o, gake ne tetekpɔa va la, ana mɔ si dzi miato ado le eme la hã, ale be miate ŋu ado dzi atsɔe.”—1 Kor. 10:13.
NU SI AKPE ÐE ŊUWÒ BE NÀYI EDZI ADZE YESU YOME
11. Nu vevi siwo akpe ɖe ŋuwò nàyi edzi adze Yesu yome dometɔ ɖekae nye eka? (Kpɔ fotoawo hã.)
11 Yesu do vevie nu subɔ Yehowa eye wòdoa gbe ɖa nɛ edziedzi. (Luka 6:12) Le nyateƒe me la, nu siwo ana nàyi edzi adze Yesu yome dometɔ ɖekae nye be nànɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la wɔm. Biblia gblɔ be: “Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.” (Flp. 3:16) Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, àse nɔvi siwo keke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Ðewohĩ wode Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Sukua alo woʋu yi nuto siwo me hiahiã geɖe le. Yehowa subɔlawo dina vevie be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, eya ta ne àte ŋu aɖo taɖodzinu mawo tɔgbi la, ke wɔe. (Dɔw. 16:9) Ke ne nɔnɔmeawo meɖe mɔ na wò be nàwɔe fifia o ɖe? Mègana ema nana nàse le ɖokuiwò me be yemele ɖeke me o. Nu vevitɔe nye be nàdo dzi anɔ agbedua dzi. (Mat. 10:22) Ðo ŋku edzi be ne èwɔ wò ŋutete katã le wò nɔnɔmea nu la, ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ. Esia nye mɔ vevi aɖe si dzi nàto adze Yesu yome le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe.—Ps. 26:1.
12-13. Nu kae nàte ŋu awɔ ne dzo si le mewò la va le tsitsim? (1 Korintotɔwo 9:16, 17) (Kpɔ aɖaka si nye “ Yi Agbedua Ƒuƒu Dzi” hã.)
12 Ke ne èva le sesem le ɖokuiwò me be yeƒe gbedodoɖawo metso dzi me o eye yeƒe subɔsubɔdɔa va zu kɔnu dzro aɖe ko ɖe? Alo ne Biblia xexlẽ megale nuwò vivim abe tsã ene o hã ɖe? Ne edzɔ alea le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, mègasusui be Yehowa ƒe gbɔgbɔa megale ye dzi o. Esi mède blibo o ta la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me alea ɣeaɖewoɣi. Ne dzo si le mewò le tsitsim la, anyo be nàde ŋugble le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu. Togbɔ be edze agbagba vevie be yeasrɔ̃ Yesu hã la, enya be ɣeaɖewoɣi la didia manɔ anyi o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 9:16, 17.) Egblɔ be: “Ke ne nyemewɔe tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.” Esia fia be Paulo ɖoe kplikpaa be yeawɔ subɔsubɔdɔa ade goe aleke kee wòle sesem le eɖokui me o.
13 Nenema kee wò hã mèganɔ te ɖe wò seselelãmewo ko dzi atso nya me o. Ðoe kplikpaa be yeawɔ nu si sɔ ne medzro wò be nàwɔe nenema o gɔ̃ hã. Elabe ne èyi edzi wɔ nu si sɔ la, vivivi la, wò seselelãmewo hã ava trɔ. Ne metrɔ o hãa, yi edzi nàlé ɖoɖo siwo nèwɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kpekpeawo dede, kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu me ɖe asi. Esia akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi adze Yesu yome le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe. Eye ne nɔviwo kpɔ ale si nèle vevie dom Yehowa subɔsubɔ la, ade dzi ƒo na woawo hã.—1 Tes. 5:11.
“MINƆ MIA ÐOKUI DOM KPƆ . . . MINƆ MIA ÐOKUI ME DZROM KPƆ”
14. Nu kawo ŋue wòle be nàlé ŋku ɖo edziedzi, eye nu ka tae? (2 Korintotɔwo 13:5)
14 Nu bubu si akpe ɖe ŋuwò le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbee nye be nànɔ ɖokuiwò me dzrom kpɔ edziedzi. (Xlẽ 2 Korintotɔwo 13:5.) Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, anyo be nàlé ŋku ɖe wò agbenɔnɔ kple wò nuwɔnawo ŋu akpɔ ale si wò gbedodoɖa, Biblia xexlẽ, kpekpeawo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa le yiyimee. De ŋugble le nu siwo nàwɔ be nàte ŋu ase vivi na nu siawo eye woaɖe vi na wò geɖe wu ŋu. Nyabiase siwo akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia ƒe ɖewoe nye esi: ‘Ðe mate ŋu aɖe Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo me na amewoa? Nu kawoe mawɔ be subɔsubɔdɔa nagavivi nunye geɖe wu? Ðe nye gbedodoɖawo kuna ɖe nanewo koŋ ŋua, eye ɖe woɖenɛ fiana be meɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboea? Ðe medea kpekpeawo edziedzia? Nu kae mawɔ be nye susu katã naku ɖe kpekpea ŋu eye maɖo nya ŋu geɖe wu?’
15-16. Nu kae nèsrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe dzi me?
15 Ele vevie be nàde dzesi wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã. Nu si dzɔ ɖe nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Robert dzi kple nya si wògblɔ la ɖo kpe esia dzi. Egblɔ be: “Esi mexɔ ƒe 20 la, mekpɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe dɔ nɔ wɔwɔm. Gbe ɖeka esi míekpã le dɔme la, nye dɔwɔhati aɖe si nye nyɔnu kpem be mava míayi yeƒe aƒe me. Egblɔ nam be míawo ɖeɖe koe anɔ aƒea me ado dzidzɔ na mía nɔewo. Esi wògblɔ nya ma la, nya aɖewo koe megblɔ tsɔ do taflatsɛe, gake mete ŋu va gbe mlɔeba ya, eye meɖe susu si tae la me nɛ.” Robert te ŋu ɖu tetekpɔa dzi, eye edze na kafukafu. Gake emegbe esi wòva de ŋugble tso nu bliboa ŋu la, ekpɔe be yeagate ŋu awɔe wòanyo wu ema hafi. Egblɔ be: “Nyemete ŋu tɔ afɔ to gbe enumake abe ale si Yosef wɔe na Potifar srɔ̃ ene o. (1 Mose 39:7-9) Le nyateƒe me la, ewɔ nuku nam be nyemete ŋu gbe enumake o. Nudzɔdzɔ ma na mekpɔe be ele be magado ŋusẽ nye kple Yehowa dome ƒomedodoa geɖe wu.”
16 Ne èdzroa ɖokuiwò me abe ale si Robert wɔe ene la, aɖe vi na wò ŋutɔ. Ne ète ŋu ɖu tetekpɔ aɖe dzi gɔ̃ hã la, bia ɖokuiwò be, ‘Ɣeyiɣi didi kae wòxɔ hafi mete ŋu ɖu tetekpɔa dzi?’ Ne èkpɔe be ekpɔtɔ vie na ye la, dzi megaɖe le ƒowò o. Da akpe boŋ be yete ŋu de dzesi gbɔdzɔgbɔdzɔ ma. Do gbe ɖa na Yehowa tso gbɔdzɔgbɔdzɔa ŋu eye nàɖe afɔ siwo ana nàɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi.—Ps. 139:23, 24.
17. Aleke nu si dzɔ ɖe Robert dzi ka Yehowa ƒe ŋkɔae?
17 Gake Robert ƒe nyaa mese ɖe afi ma o. Egblɔ kpee be: “Esi megbe nye dɔwɔhatia ƒe amekpekpea la, egblɔ nam be, ‘Èɖu dzi!’ Mebiae be eƒe nyaa gɔme ɖe hã. Eɖe eme be ye xɔlɔ̃ aɖe si nye Ðasefo kpɔ la gblɔ na ye be Ðasefo sɔhɛwo katã nɔa agbe eve, eye ne mɔnukpɔkpɔa su wo si la, woawɔ nu gbegblẽ. Eya ta egblɔ na exɔlɔ̃a be yeatem kpɔ be nye hã mele nenema hã. Dzi dzɔm ŋutɔ be nyemeƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔa o.”
18. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Nyati Siwo Aɖe Vi Na Wò” hã.)
18 Esi nèɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔ la, èɖee fia be nu ka kee ɖadzɔ o, yeayi edzi akɔ Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu. Ka ɖe edzi be Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom nèle kple tetekpɔ siwo dzi nète ŋu ɖu. Akpe ɖe ŋuwò nàdze agbagba aɖu tetekpɔwo dzi. Ka ɖe edzi be Yehowa ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ado ŋusẽ wò. (Luka 11:11-13) Akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi adze Yesu yome le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
-
Nu kae wòfia be Kristotɔwo natsɔ woƒe “fuwɔameti la gbe sia gbe”?
-
Nu kae nàte ŋu awɔ ale be nàyi edzi ‘adze Yesu yome’ le wò nyɔnyrɔxɔxɔ megbe?
-
Aleke ŋugbledede le adzɔgbe si nèɖe ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàyi edzi awɔ nuteƒe?
HADZIDZI 89 Ðo To Mawu Ne Wòayra Wò