Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Lɔ̃ Ame Siwo ‘Tsea Ku Le Dzidodo Me’

Yehowa Lɔ̃ Ame Siwo ‘Tsea Ku Le Dzidodo Me’

“Ke esiwo ge ɖe anyigba nyui dzi la, woawoe nye ame siwo [tsea] ku le dzidodo me.”—LUKA 8:15.

HADZIDZI: 68, 72

1, 2. (a) Nu ka tae ame siwo ɖea gbeƒã nuteƒewɔwɔtɔe le anyigbamama siwo me amewo melɔ̃a toɖoɖo o me la ƒe agbagbadzedzewo dea dzi ƒo na mí ɖo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nya kae Yesu gblɔ tso gbeƒãɖeɖe le “wo de” ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

SERGIO KPLE OLINDA nye atsu kple asi mɔɖela siwo xɔ ƒe 80 kple edzivɔ, eye wole Amerika. Esi ŋusẽ megava le woƒe afɔwo ŋu o ta la, azɔlizɔzɔ zu dɔ na wo. Ke hã, abe ale si wonɔa ewɔm ƒe geɖe xoxo ene la, kaka ŋdi ga adre naƒo la, wonɔa dua ƒe ablɔ aɖe dzi, afi si ame geɖe tona. Wotɔna ɖe afi si tsɔ ʋutɔɖoƒe aɖe gbɔ henaa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ame siwo tso eme va yina. Ame akpa gãtɔ metɔna ɖe wo ŋu o, gake atsu kple asi sia nɔa afi ma, eye ne ame aɖe nyè kɔ kpɔ wo la, wokoa alɔgbɔnu nɛ. Le ŋdɔ me la, wozɔna ɖɔɖɔɖɔ yia aƒe me. Kaka ga adre naƒo le ŋufɔke la, wogale ablɔa dzi ake. Le nyateƒe me la, le ƒe bliboa me la, atsu kple asi wɔnuteƒe sia ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia le afi ma ŋkeke ade kwasiɖa sia kwasiɖa.

2 Abe ale si wòle le Sergio kple Olinda gome ene la, le xexea me godoo la, nɔvi wɔnuteƒe geɖe le gbeƒã ɖem le woƒe hamea ƒe anyigbamama siwo me amewo melɔ̃a toɖoɖo nya nyuia le o la me ƒe gbogbo aɖewoe nye esia. Ne aleae wòle le gowòme la, míekafu wò ŋutɔ ɖe wò dzidodo ta. * Ale si nènɔa te sesĩe le Yehowa subɔsubɔ me la dea dzi ƒo na ame geɖe, edea dzi ƒo na haxɔsetɔ siwo kpɔ nuteƒe gɔ̃ hã. De dzesi nya siwo gbɔna, siwo nutome sue dzikpɔla aɖewo gblɔ: “Ne mezɔ kple nɔvi wɔnuteƒe siawo le gbeadzi la, woƒe kpɔɖeŋu nyuia dea dzo yeye menye.” “Woƒe nuteƒewɔwɔa dea dzi ƒo nam be mado dzi eye wònana metsɔa dzinɔameƒo wɔa nye subɔsubɔdɔa.” “Woƒe kpɔɖeŋua wɔa dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.”

3. Biabia etɔ̃ kawo mee míadzro, eye nu ka tae?

3 Míadzro biabia etɔ̃ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo me ale be esia nado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míawu dɔ si Yesu de mía si la nu. Biabiaawoe nye: Nu ka tae dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi? Aleke míawɔ atse ku? Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ku tsem le dzidodo me?

NU KA TAE DZI ÐENA LE MÍA ƑO ƔEAÐEWOƔI?

4. (a) Aleke Paulo se le eɖokui me le Yudatɔwo ƒe ɖekematsɔleme ta? (b) Nu ka tae Paulo se le eɖokui me nenema?

4 Ne dzi ɖe le ƒowò kpɔ le esi nèle gbeƒã ɖem le anyigbamama si me amewo melɔ̃a toɖoɖo nya nyuia le o me ta la, ke àse ale si apostolo Paulo se le eɖokui mee la gɔme. Ewɔ subɔsubɔdɔa abe ƒe 30 ene, eye ekpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wova zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Dɔw. 14:21; 2 Kor. 3:2, 3) Ke hã, mete ŋu kpe ɖe Yudatɔ geɖe ŋu wova zu Kristotɔwo o. Wo dometɔ aɖewo metsɔ ɖeke le eƒe nyawo me o, eye ame aɖewo ti eyome gɔ̃ hã. (Dɔw. 14:19; 17:1, 4, 5, 13) Aleke Yudatɔwo ƒe nɔnɔme sia na Paulo se le eɖokui me? Egblɔ be: ‘Nyateƒe tom mele le Kristo me, mele nu xam vevie hele veve sem ɖaasi le nye dzi me.’ (Rom. 9:1-3) Nu ka tae Paulo se le eɖokui me nenema? Nu si tae nye be eƒe dzi ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Esi wòtsɔ ɖe le eme na Yudatɔwo vevie tae wònɔ gbeƒã ɖem na wo ɖo. Eya ta, esi Paulo kpɔe be Yudatɔwo menɔ mɔ ɖem be Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ naɖe vi na wo o la, ete ɖe edzi vevie.

5. (a) Nu kae ʋãa mí míeɖea gbeƒã na amewo? (b) Nu ka tae mewɔ nuku o be dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi?

5 Abe ale si wònɔ le Paulo gome ene la, ale si míetsɔ ɖe le eme na amewo la ʋãa mí míeɖea gbeƒã na wo. (Mat. 22:39; 1 Kor. 11:1) Nu ka tae? Nu siwo teƒe míekpɔ wɔe be míenya yayra siwo gbegbe ame siwo tiae be yewoasubɔ Yehowa la kpɔna. Ne míebu ame siwo le míaƒe anyigbamamaa me ŋu la, míegblɔna na mía ɖokuiwo be, ‘Ne ɖe míate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanya nu siwo gbegbe le wo ŋu tom ɖe!’ Esia ta, míeyia edzi dea dzi ƒo na wo be woasrɔ̃ nu tso Yehowa kpakple tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu la ŋu. Ðeko wòle ko abe ɖe míele gbɔgblɔm na ame siwo míeɖea gbeƒã na la be: ‘Míeƒle nunana nyui aɖe vɛ na mi. Míeɖe kuku, mixɔe dzro.’ Eya ta, gɔmesese le eŋu be ‘míase veve le dzi me’ ne amewo gbe nunanaa xɔxɔ. Míaƒe seselelãme sia mefia be xɔse mele mía si o, nu si wòfia boŋue nye be míaƒe dzi ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Eya ta, togbɔ be dzi ɖena le mía ƒo ɣeaɖewoɣi hã la, míedoa dzi. Nɔvinyɔnu Elena, si nye mɔɖela ƒe 25 kple edzivɔe nye esia la ƒo nu ɖe ame geɖe nu esi wògblɔ be: “Gbeƒãɖeɖedɔa menɔa bɔbɔe nam o. Ke hã, dɔ bubu aɖeke meli madi be matsɔ aɖɔ lii o.”

ALEKE MÍAWƆ ATSE KU?

6. Biabia ka mee míadzro, eye nu kae míawɔ be míakpɔ ŋuɖoɖoa?

6 Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be afi ka kee míeɖale gbeƒã ɖem le o, míaƒe subɔsubɔdɔa ate ŋu atse ku? Be míaɖo biabia vevi sia ŋu la, na míadzro Yesu ƒe lododo eve aɖewo siwo me wògblɔ nu si ta wòhiã be ‘míatse ku’ ɖo la me. (Mat. 13:23) Lododo gbãtɔa ku ɖe wainti aɖe ŋu.

7. (a) Ame kawoe “agbledela la,” “wainti la” kple “alɔawo” le tsitre ɖi na? (b) Biabia kae míadi be míakpɔ ŋuɖoɖo na?

7 Xlẽ Yohanes 15:1-5, 8De dzesii be Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be: “Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem, eye miaɖee afia be nye nusrɔ̃lawoe mienye.” Yesu gblɔ be Yehowa ye nye “agbledela” la, yee nye “wainti vavã la,” eye yeƒe nusrɔ̃lawoe nye “alɔawo.” * Ekema, nu kae nye ku si wòle be Kristo yomedzelawo nanɔ tsetsem la? Le lododo sia me la, Yesu megblɔ nu si kutsetsea nye la tẽe o, gake egblɔ nya vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míanya nu si wònye.

8. (a) Le lododo sia me la, nu ka tae ku si míatse la mefia be míawɔ nusrɔ̃la yeyewo o? (b) Nu kae ɖe dzesi le Yehowa ƒe nudidiwo ŋu?

8 Yesu gblɔ tso Fofoa ŋu be: “Alɔ sia alɔ si le ŋunye, eye metsea ku o la, elãnɛ ɖa.” Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ne míetsea ku ko hafi Yehowa abu mí be míenye yeƒe subɔlawo. (Mat. 13:23; 21:43) Eya ta le lododo sia me la, ku si wòle be Kristotɔ ɖe sia ɖe natse la mefia be wòakpe ɖe amewo ŋu woazu nusrɔ̃la yeyewo o. (Mat. 28:19) Ne menye nenema o la, ke Ðasefo wɔnuteƒe siwo mete ŋu kpe ɖe amewo ŋu wova zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo o le esi wole gbeƒã ɖem le anyigbamama siwo me amewo melɔ̃a toɖoɖo nya nyuia le o me la le abe alɔ matseku siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me la ene. Ke hã, mate ŋu afia nenema gbeɖe o! Nu ka tae? Nu si tae nye be míate ŋu aƒoe ɖe amewo nu be woazu nusrɔ̃lawo o. Manye lɔlɔ̃ɖeɖefia be Yehowa nagbe esubɔlawo le esi womete ŋu wɔ nu si gbɔ woƒe ŋutete ŋu o ta o. Nu sia nu si Yehowa di tso mía si la nye nu si míate ŋu awɔ.—5 Mose 30:11-14.

9. (a) Dɔ ka wɔwɔe afia be míele ku tsem? (b) Lododo ka mee míadzro, eye nu ka tae?

9 Ke nu kae wòfia be míatse ku? Eme kɔ ƒãa be ele be ku si wòle be míatse la nanɔ tsitre ɖi na nane si mía dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ. Ekema, dɔ ka wɔwɔe afia be míele ‘ku tsem’? Eyae nye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la. * (Mat. 24:14) Lo si Yesu do ku ɖe nukuwula aɖe ŋu la ɖo kpe esia dzi. Na míadzro lododo evelia me kpɔ.

10. (a) Le lododo sia me la, nu kae nuku la kple anyigba la le tsitre ɖi na? (b) Nu kae tsena ɖe luti dzi?

10 Xlẽ Luka 8:5-8, 11-15. Le nukuwulaa ŋuti lododoa me la, nuku lae nye “Mawu ƒe nya la,” si nye Fiaɖuƒegbedeasia. Anyigba la le tsitre ɖi na amegbetɔ ƒe kpɔɖeŋudzia. Nuku si ge ɖe anyigba nyui dzi la to ke, emie, eye wòtsi zu luti. Emegbe ‘etse teƒe alafa ɖeka.’ Ku ka ƒomevie luti tsena? Luti suesue bubuwoe tsena ɖe edzia? Ao, ke boŋ etsea nuku yeyewo, eye nuku mawo ate ŋu ava tsi azu lutiwo. Le lododo sia me la, nuku ɖeka tse nuku alafa ɖeka. Aleke lododoa ƒe akpa ma ka míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa?

Aleke ‘míetsea ku le dzidodo me’? (Kpɔ memama 11)

11. (a) Aleke nukuwula ŋuti lododoa do ƒome kple míaƒe gbeƒãɖeɖedɔae? (b) Aleke míetsea Fiaɖuƒea ƒe kuwoe?

11 Esi mía dzila Kristotɔwo alo Ðasefo bubu aɖewo gblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na mí zi gbãtɔ la, ɖeko wònɔ abe woƒã nuku ɖe anyigba nyui dzi ene. Dzi dzɔ wo ŋutɔ esi wode dzesii be míexɔ Fiaɖuƒegbedeasia. Abe ale si ko nuku si ge ɖe anyigba nyuia dzi la tsi nyuie ene la, míawo hã míexɔ gbedeasia, eye míenɔ agbe ɖe enu. Eya ta, Fiaɖuƒegbedeasia, si le abe nuku ene la, va to ke nyuie hetsi zu luti si ate ŋu atse nuku yeyewo. Eye abe ale si ko ku si luti tsena lae nye nuku yeyewo, ke menye luti yeyewo o ene la, nenema kee be míatse ku fia be míatse Fiaɖuƒea ƒe ku yeyewo, ke menye be míawɔ nusrɔ̃la yeyewo o. * Aleke míetsea Fiaɖuƒea ƒe ku yeyewoe? Ɣesiaɣi si míeto mɔ aɖe dzi ɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia la, ɖeko wòle abe ɖe míegbugbɔ le nuku si wowu ɖe míaƒe dziwo me la wum ene. (Luka 6:45; 8:1) Eya ta lododo sia fia mí be zi ale si míeyi edzi le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedeasia la, ekema ‘míele ku tsem le dzidodo me.’

12. (a) Nufiame kae le lo siwo Yesu do ku ɖe wainti la kple nukuwulaa ŋu me na mí? (b) Aleke nufiame ma na nèse le ɖokuiwò me?

12 Nufiame kae le lo siwo Yesu do ku ɖe wainti la kple nukuwulaa ŋu me na mí? Lododo siawo na míese egɔme be menye ale si amewo awɔ nu ɖe nya nyuia ŋu le míaƒe anyigbamama mee afia be míele ku tsem o. Ke boŋ ale si míayi edzi anɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm nuteƒewɔwɔtɔe ye afia be míele ku tsem. Paulo ƒo nu tso nyateƒenya sia ŋu esi wògblɔ be: “Ame sia ame axɔ eya ŋutɔ ƒe fetu le eƒe agbagbadzedze nu.” (1 Kor. 3:8) Yehowa aɖo eteƒe na mí le míaƒe agbagbadzedze nu, ke menye le nu siwo ado tso míaƒe agbagbadzedzea me la nu o. Nɔvinyɔnu Matilda, si le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 20 ye nye esia gblɔ be: “Nyanya be Yehowa ɖoa míaƒe agbagbadzedzewo teƒe la nana mekpɔa dzidzɔ.”

ALEKE MÍAYI EDZI ANƆ KU TSEM LE DZIDODO ME?

13, 14. Le Romatɔwo 10:1, 2 ƒe nya nu la, susu kawo tae Paulo yi edzi gblɔ Fiaɖuƒegbedeasia na amewo togbɔ be wometsɔ ɖeke le eme o hã?

13 Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ku tsem le dzidodo me? Abe ale si míedzro eme va yi ene la, ale si Yudatɔwo metsɔ ɖeke le Fiaɖuƒegbedeasia me o la wɔe be dzi ɖe le Paulo ƒo. Ke hã, Paulo medzudzɔ gbeƒãɖeɖe na wo o. De dzesi nya si wògagblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma ku ɖe ale si wòse le eɖokui me tso Yudatɔwo ŋu. Egblɔ be: “Nye dzimedidi kple nye kukuɖeɖe na Mawu ɖe wo tae nye be woakpɔ ɖeɖe. Elabena mele ɖase ɖim le wo ŋu be, dzo le wo me ɖe Mawu ŋu, ke menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” (Rom. 10:1, 2) Nu kawoe Paulo gblɔ be woawoe nye susu siwo tae yeyi edzi ɖe gbeƒã?

14 Gbã la, Paulo gblɔ be ‘yeƒe dzimedidie’ wònye be yeaɖe gbeƒã na Yudatɔwo. Edi vevie be woakpɔ ɖeɖe. (Rom. 11:13, 14) Evelia, Paulo gblɔ be yenɔ ‘kukuɖeɖe dzi na Mawu ɖe wo ta.’ Edo gbe ɖa ɖe kuku na Mawu be wòakpe ɖe Yudatɔwo ŋu woaxɔ Fiaɖuƒegbedeasia. Etɔ̃lia, Paulo gblɔ kpee be: “Dzo le wo me ɖe Mawu ŋu.” Ekpɔe be ŋutetea le amewo ŋu be woawɔ nu nyui eye woasubɔ Yehowa. Enyae be abe ale si wònɔ le ye gome ene la, Yudatɔ mawo siwo me dzo nɔ la hã ate ŋu ava zu Kristo ƒe nusrɔ̃la dovevienuwo.

15. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋuwo.

15 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo? Gbã la, ele be wòanye míaƒe didi vevie be míake ɖe ame siwo “si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu. Evelia, míedoa gbe ɖa ɖea kuku na Yehowa be wòaʋu dzianukwaretɔwo ƒe dziwo. (Dɔw. 13:48; 16:14) Silvana, si nye mɔɖela ƒe 30 kloe ye nye esia la gblɔ be, “Hafi mage ɖe aƒe aɖe me le nye anyigbamama me la, medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana susu nyuitɔ nanɔ asinye ɖe amewo ŋu.” Míedoa gbe ɖa hã be Mawu nana eƒe dɔlawo nafia mɔ mí míake ɖe dzianukwaretɔwo ŋu. (Mat. 10:11-13; Nyaɖ. 14:6) Robert, si nye mɔɖela ƒe 30 kple edzivɔe nye esia gblɔ be, “Dzidzɔnyae wònye be míele dɔ wɔm kple mawudɔla siwo nya nu siwo le edzi yim le aƒemenɔlawo ƒe agbe me.” Etɔ̃lia, míedzea agbagba be míade dzesi ŋutete si le amewo ŋu be woawɔ nu nyui eye woava zu Yehowa subɔlawo. Hamemetsitsi aɖe si ŋkɔe nye Carl, si xɔ nyɔnyrɔ ƒe 50 kple edzivɔe nye esia la gblɔ be, “Menɔa ŋudzɔ be made dzesi nu suesuesue siwo ate ŋu aɖee afia be amea tsɔ ɖe le eme vavã, ɖewohĩ eko alɔgbɔnu, ekɔ mo ɖem, alo ebia nya ku ɖe nya aɖe si le dzi dzi nɛ ŋu.” Ɛ̃, míawo hã míate ŋu atse ku le dzidodo me abe ale si Paulo wɔe ene.

“WÒ ALƆ MEGADZUDZƆ O”

16, 17. (a) Nufiame kae le Nyagblɔla 11:6 me nyawo me na mí? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si ɖee fia be míaƒe nukuwo wuwu dɔa wɔa dɔ ɖe ame siwo léa ŋku ɖe mía ŋu la dzi.

16 Ne edze abe Fiaɖuƒe gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la mele dzi gbɔ ɖom na amewo o gɔ̃ hã la, mele be míabu akpa vevi si míaƒe nukuwo wuwu dɔa wɔna la nu tsɛe o. (Xlẽ Nyagblɔla 11:6.) Ele eme be ame geɖe meɖoa to mí o ya, gake woléa ŋku ɖe mía ŋu. Wodea dzesi ale si míedoa awu le nɔnɔme nyui me, ale si míedea bubu amewo ŋu kple míaƒe alɔgbɔnukoko. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, míaƒe nɔnɔme nyui la ate ŋu ana ame aɖewo nava kpɔe be susu manyomanyo siwo le yewo si ɖe mía ŋu la mele eteƒe hafi o. Sergio kple Olinda, siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la de dzesi esia.

17 Sergio gblɔ be: “Le lãmesẽkuxiwo ta la, míegava nɔ ablɔa dzi yim o hena ɣeyiɣi aɖe. Esime míegate yiyi la, ame siwo tsoa eme va yina la bia mí be, ‘Nu kae dzɔ? Míesusu mí ŋutɔ.’” Olinda hã ko alɔgbɔnu esi wògblɔ kpee be: “Bɔskulawo ʋuʋu asi na mí eye wo dometɔ aɖewo gblɔ to woƒe ʋu ƒe fesre nu be, ‘Miawoe le dɔ dzi loo!’ Wobia be míana míaƒe magazinewo yewo gɔ̃ hã.” Eye ewɔ nuku na atsu kple asi sia ŋutɔ esi ŋutsu aɖe va tɔ ɖe woƒe ɖaseɖiɖi ƒe kekevia gbɔ hetsɔ seƒoƒo nyui aɖewo na wo eye wòda akpe na wo ɖe dɔ nyui si wɔm wole ta.

18. Nu ka tae nèɖoe kplikpaa be ‘yeatse ku le dzidodo me’?

18 Le nyateƒe me la, zi ale si míena ‘míaƒe alɔwo dzudzɔ’ le Fiaɖuƒe ƒe nukua wuwu me o la, ke míele asi kpem ɖe eŋu be ‘woaɖi ɖase na dukɔwo katã.’ (Mat. 24:14) Gawu la, dzi dzɔa mí ŋutɔ le ememe esi míenyae be míaƒe nu dzea Yehowa ŋu, elabena elɔ̃ ame siwo ‘tsea ku le dzidodo me’!

^ mm. 2 Yesu gɔ̃ hã ƒe nyawo ɖee fia be gbeƒãɖeɖe le ‘yewo de’ menɔ bɔbɔe o, eye Nyanyuigbalẽŋlɔla eneawo katã ka nya ta tso nyateƒenya sia ŋu.—Mat. 13:57; Marko 6:4; Luka 4:24; Yoh. 4:44.

^ mm. 7 Togbɔ be alɔawo, si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me la le tsitre ɖi na ame siwo si agbenɔnɔ le dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ le hã la, nufiame veviwo le eme na Mawu subɔlawo katã.

^ mm. 9 Be ‘míatse ku’ bia hã be míaɖe “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la afia, ke hã, le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, ‘míaƒe nuyi ƒe kutsetse,’ si fia Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔa, la koŋ dzie míahe susu ayi.—Gal. 5:22, 23; Heb. 13:15.

^ mm. 11 Ɣebubuɣiwo la, Yesu zã nukuwo wuwu kple nuŋeŋe tsɔ wɔ kpɔɖeŋui na nusrɔ̃lawɔwɔdɔa.—Mat. 9:37; Yoh. 4:35-38.