Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le Nyzhnya Apsha, Ukraine, le ƒe 2012 me

Nuŋeŋe La Sɔ Gbɔ!

Nuŋeŋe La Sɔ Gbɔ!

YESU gblɔe ɖi be ye yomedzelawo aŋe nu geɖe le nuwuɣi sia me. (Mat. 9:37; 24:14) Bu ale si eƒe nyawo va eme le mɔ tɔxɛ aɖe nu le Ukraine ƒe nuto si nye Transcarpathia me ŋu kpɔ. Hame 50 kple gbeƒãɖela siwo wu 5,400 ye le du etɔ̃ siwo do liƒo kple wo nɔewo la ɖeɖe ko me. * Le nyateƒe me la, ne wotsɔ du etɔ̃ mawo me nɔlawo ƒe xexlẽme ƒo ƒu la, ame 1 le ame 4 ɖe sia ɖe me nye Yehowa Ðasefo!

Aleke nye amewo ƒe nɔnɔme le anyigbamama sia me? Nɔviŋutsu aɖe si le nutoa me, si ŋkɔe nye Vasile gblɔ be: “Le afi sia la, amewo dea bubu Biblia ŋu, wolɔ̃a nya dzɔdzɔe, kadodo kplikplikpli le ƒometɔwo dome, eye amewo dina vevie be yewoakpe ɖe yewo nɔewo ŋu.” Egblɔ kpee be: “Menye ɣesiaɣie wolɔ̃na ɖe míaƒe dzixɔsewo dzi ya o. Gake ne ètsɔ Biblia me nya aɖe fia wo la, woɖoa to nyuie.”

Ke hã, mía nɔviwo doa go kuxi tɔxɛ aɖewo le gbeƒãɖeɖedɔa me le nuto sia si me gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ ɖo alea gbegbe la me. Le kpɔɖeŋu me, le hame aɖe me la, gbeƒãɖela 134 ye li, gake aƒe 50 pɛ koe le hamea ƒe anyigbamama me! Aleke gbeƒãɖelaawo trɔ ɖe nɔnɔme sia ŋui?

Nɔvi geɖe kua kutri ɖaɖea gbeƒã le nuto siwo me hiahiã geɖe wu le me. Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 90, si ŋkɔe nye Ionash, gblɔ be: “Le míaƒe hamea ƒe anyigbamama gome la, ne woma aƒewo ɖe gbeƒãɖelawo nu la, gbeƒãɖela 1 aɖe gbeƒã le aƒe 2 me. Meɖea gbeƒã le kɔƒea me, gake tso ɣeaɖeɣi ke va de asi na nyitsɔ laa si lãmesẽnyawo megade dzinye o la, mezɔa kilometa 160 ƒe mɔ hã yia anyigbamama si womede asi na hame aɖeke o la me ɖaɖea gbeƒã na Hungarygbe dolawo.” Ele be gbeƒãɖelawo natsɔ nu geɖe asa vɔe aɖakpe asi ɖe dɔa ŋu le anyigbamama bubuwo me. Ionash gblɔ be: “Ele be mafɔ fɔŋli ga 4 hafi atso keteke aɖo, eye meɖea gbeƒã va de asi na fiẽ ga 6, elabe ɣemaɣie ketekea trɔna ɖoa ta aƒe. Mewɔa esia zi eve alo zi etɔ̃ le kwasiɖa ɖeka me.” Ðe Ionash kpɔe be yeƒe agbagbadzedzeawo ɖe via? Egblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe le anyigbamama saɖeaga me na mekpɔ dzidzɔ ale gbegbe. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mekpe ɖe ƒome aɖe si le nuto tsoabo aɖe me ŋu wova srɔ̃ nyateƒea.”

Enye nyateƒe be menye hame siwo le nuto sia me la me tɔ ɖe sia ɖee ate ŋu azɔ mɔ legbeewo o. Gake gbeƒãɖelawo katã, siwo dome ame tsitsiwo hã le la, dzea agbagba be yewoakpe hamea ƒe anyigbamama ɖo memie. Esia wɔe be le ƒe 2017 me la, ame siwo de Ŋkuɖodzia le du etɔ̃ siawo me la ƒe xexlẽme bliboa nye gbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme teƒe eve kloe, si fia be nutoa me tɔwo katã ƒe afãe nye ema. Ðikeke mele eme o be, afi ka kee míeɖale subɔsubɔm le o, dɔ “geɖe” gali míawɔ “le Aƒetɔ la ƒe dɔ la me.”—1 Kor. 15:58.

^ mm. 2 Duawo ƒe ŋkɔwoe nye Hlybokyy Potik, Serednye Vodyane kple Nyzhnya Apsha.