Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Si Ta Míeyia ‘Edzi Nɔa Ku Geɖe Tsem’

Nu Si Ta Míeyia ‘Edzi Nɔa Ku Geɖe Tsem’

“Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem, eye miaɖee afia be nye nusrɔ̃lawoe mienye.”—YOH. 15:8.

HADZIDZI: 53, 60

1, 2. (a) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, nu kawo ŋue wòƒo nu tsoe na eƒe nusrɔ̃lawo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae wòle vevie be nu si tae míeɖea gbeƒã ɖo nanɔ susu me na mí? (d) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

LE Zà mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ nya geɖe na eƒe apostolowo, eye eka ɖe edzi na wo be yelɔ̃ wo vevie. Gakpe ɖe eŋu la, edo lo na wo ku ɖe wainti aɖe ŋu, abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene. Yesu to lododo ma dzi de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo be woayi “edzi anɔ ku geɖe tsem,” si fia be, woado dzi le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia me.—Yoh. 15:8.

2 Ke hã, menye nu si wòhiã be woawɔ la koe Yesu gblɔ na wo o, ke egblɔ nu si tae wòle be woawɔe hã na wo. Egblɔ susu siwo tae wòle be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa ɖo la na wo. Nu ka tae wòle vevie be míadzro susu mawo me? Ne míaƒe susu le nu si tae wòhiã be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem ɖo dzi la, esia aʋã mí be míayi edzi anɔ ‘ɖase ɖim na dukɔwo katã.’ (Mat. 24:13, 14) Eya ta, na míadzro nya ene aɖewo siwo Ŋɔŋlɔawo gblɔ, siwo tae wòle be míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi ɖo la me. Gakpe ɖe eŋu la, míadzro nu ene aɖewo siwo Yehowa na mí, siwo kpena ɖe mía ŋu míetsea ku le dzidodo me la me.

MÍEDOA YEHOWA ÐE DZI

3. (a) Le Yohanes 15:8 ƒe nya nu la, susu ka tae wòhiã be míaɖe gbeƒã ɖo? (b) Nu kae waintsetse siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me la le tsitre ɖi na, eye nu ka tae kpɔɖeŋu sia sɔ?

3 Susu vevitɔ si tae míeɖea gbeƒã ɖoe nye be míado Yehowa ɖe dzi eye míakɔ eƒe ŋkɔa ŋu le amewo ŋkume. (Xlẽ Yohanes 15:1, 8.) De dzesii be Yesu tsɔ Fofoa, Yehowa, sɔ kple agbledela si do wainti. Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple waintia, eye wòtsɔ eyomedzelawo sɔ kple waintia ƒe alɔwo. (Yoh. 15:5) Eya ta, esɔ nyuie be waintsetseawo le tsitre ɖi na Fiaɖuƒea ƒe ku siwo Kristo yomedzelawo tsena. Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be: “Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem.” Abe ale si ko wainti si tsea ku nyuiwo la nyea bubu na agbledelaa ene la, nenema kee ne míewɔa míaƒe ŋutete katã le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia me la, esia doa Yehowa ɖe dzi.—Mat. 25:20-23.

4. (a) Mɔ kawo nue míekɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti le? (b) Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso mɔnukpɔkpɔ si su asiwò be nàkɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti la ŋu?

4 Mɔ ka nue míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kɔa Mawu ƒe ŋkɔa ŋu le? Mí amegbetɔwo míate ŋu ana Mawu ƒe ŋkɔa naganɔ kɔkɔe wu o. Eƒe ŋkɔa le kɔkɔe xoxo le gɔmesese deblibo nu. Ke hã, de ŋugble le nya si nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be, “Aʋakɔwo ƒe Yehowa ye miabu Ame kɔkɔe,” la ŋu kpɔ. (Yes. 8:13) Míekɔa Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, ŋu ne míebunɛ be eƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta eye míenana amewo nyana be eƒe ŋkɔa le kɔkɔe. (Mat. 6:9) Le kpɔɖeŋu me, ne míeɖea gbeƒã nyateƒe siwo ku ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo kple tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu si matrɔ gbeɖe o ŋu la, míekɔa Mawu ƒe ŋkɔ si ŋu Satana gblẽ hedo vloe la ŋu. (1 Mose 3:1-5) Gakpe ɖe eŋu la, ne míedze agbagba kpe ɖe amewo ŋu le míaƒe anyigbamama me wokpɔe be Yehowae dze be “[wòaxɔ] ŋutikɔkɔe, bubu kple ŋusẽ” la, ke míele Mawu ƒe ŋkɔa ŋuti kɔm. (Nyaɖ. 4:11) Nɔviŋutsu Rune, si nye mɔɖela ƒe 16 la gblɔ be: “Esi menyae be mɔnukpɔkpɔe wònye nam be menye xexea katã Wɔla la ƒe ɖasefo la, esia nana mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Esia ʋãam menɔa gbeƒãɖeɖedɔa dzi.”

MÍELƆ̃ YEHOWA KPLE VIA

5. (a) Le Yohanes 15:9, 10 ƒe nya nu la, susu ka tae míeɖea gbeƒã ɖo? (b) Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wose egɔme be ehiã be yewoado dzi?

5 Xlẽ Yohanes 15:9, 10. Ale si míelɔ̃ Yehowa kple Yesu vevie la nye susu vevi aɖe si tae míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia ɖo. (Marko 12:30; Yoh. 14:15) Menye ɖeko Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ yeƒe lɔlɔ̃ la me ko o, ke egblɔ na wo hã be ‘woayi edzi anɔ yeƒe lɔlɔ̃ la me.’ Nu ka tae? Elabe ebia dzidodo be ame nanɔ agbe ale si dze Kristo ƒe nusrɔ̃la vavã. Yesu te gbe ɖe dzidodo ƒe vevienyenye dzi esi wòzã nyagbe ‘yi edzi’ le mɔ vovovowo nu le eƒe nya si dze le Yohanes 15:4-10 la me.

6. Aleke míeɖenɛ fiana be míedi be míayi edzi anɔ Kristo ƒe lɔlɔ̃ la me?

6 Aleke míeɖenɛ fiana be míedi be míayi edzi anɔ Kristo ƒe lɔlɔ̃ la me eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu? Míewɔa esia ne míewɔa eƒe sededewo dzi. Ne míagblɔe kpuie ko la, Yesu gblɔ be, ‘Miɖo tom.’ Ke hã, nu si Yesu ŋutɔ wɔ lae wòle biabiam tso mía si be míawɔ, elabe egblɔ kpee be: “Abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene.” Yesu gblẽ kpɔɖeŋua ɖi na mí.—Yoh. 13:15.

7. Kadodo kae le toɖoɖo kple lɔlɔ̃ dome?

7 Yesu na eme kɔ ƒãa be kadodo le toɖoɖo kple lɔlɔ̃ dome esi wògblɔ na eƒe apostolowo be: “Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am.” (Yoh. 14:21) Se siwo Yesu de la tso Fofoa gbɔ, eya ta ne míewɔa se si Yesu de na mí be míayi aɖaɖe gbeƒã dzi la, ekema míele eɖem fia be míelɔ̃ Yehowa. (Mat. 17:5; Yoh. 8:28) Ne míelɔ̃ Yehowa kple Yesu la, woawo hã woana míayi edzi anɔ woƒe lɔlɔ̃ la me.

MÍEXLƆ̃A NU AMEWO

8, 9. (a) Susu bubu kawo tae míeɖea gbeƒã ɖo? (b) Nu ka tae Yehowa ƒe nya siwo dze le Ezekiel 3:18, 19 kple ta 18:23 ʋãa mí be míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa dzi?

8 Susu bubuwo li siwo tae míeyia edzi ɖea gbeƒã ɖo. Míetoa gbeƒãɖeɖedɔa dzi xlɔ̃a nu amewo. Woyɔ Noa le Biblia me be “gbeƒãɖela.” (Xlẽ 2 Petro 2:5.) Ðikeke mele eme o be, esime Noa nɔ gbeƒã ɖem do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, exlɔ̃ nu amewo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta alea? De dzesii be Yesu gblɔ be: “Elabena ale si wowɔ le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔ la me, wole nu ɖum, le nu nom, ŋutsuwo le srɔ̃ ɖem, eye wole nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe va se ɖe gbe si gbe Noa ge ɖe aɖakaʋua me, eye womede dzesii o, va se ɖe esime Tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã dzoe la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe anyinɔɣi la hã anɔ.” (Mat. 24:38, 39) Togbɔ be amewo metsɔ ɖeke le eme o hã, Noa ya yi edzi ɖe gbeƒã Mawu ƒe nuxlɔ̃amegbedeasia.

9 Egbea, míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedeasia ale be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo si be woanya nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na amegbetɔwo. Abe Yehowa ene la, míedi vevie be amewo naxɔ gbedeasia eye ‘woanɔ agbe.’ (Eze. 18:23) Le ɣeyiɣi ma ke me la, ne míele gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me kple ablɔwo dzi la, míenana ame ale si nu míate ŋui la nyana be Mawu Fiaɖuƒea ava tsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia.—Eze. 3:18, 19; Dan. 2:44; Nyaɖ. 14:6, 7.

MÍELƆ̃ MÍA HAVIWO

10. (a) Le Mateo 22:39 ƒe nya nu la, susu bubu ka tae míeɖea gbeƒã ɖo? (b) Ƒo nu tso ale si Paulo kple Sila wokpe ɖe gaxɔdzikpɔlaa ŋu le Filipi la ŋu.

10 Susu vevi bubu aɖe si tae míeɖea gbeƒã ɖoe nye esi: Míeɖea gbeƒã elabena míelɔ̃ mía haviwo. (Mat. 22:39) Lɔlɔ̃ ma ʋãa mí míedoa dzi le dɔ sia me, elabe míenyae be amewo ƒe nɔnɔme ate ŋu atrɔ ne nuwo trɔ le woƒe agbe me. Bu nu si me apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ Sila to ŋu kpɔ. Tsitretsiɖeŋulawo lé wo de gaxɔ me le Filipi. Eye le zã titina la, anyigba ʋuʋu sesĩe; eʋuʋu gaxɔa eye eƒe ʋɔtruwo ʋu. Gaxɔdzikpɔlaa susu be gamenɔlawo si eye wòɖe yi be yeawu ye ɖokui. Gake Paulo do ɣli gblɔ nɛ be: “Mègawɔ nu vevi ɖokuiwò o!” Gaxɔdzikpɔlaa bia be: “Nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?” Wogblɔ nɛ be: ‘Xɔ Aƒetɔ Yesu dzi se, eye àkpɔ ɖeɖe.’—Dɔw. 16:25-34.

Lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple Yesu, kple lɔlɔ̃ na mía haviwo ʋãa mí míeɖea gbeƒã (Kpɔ memama 5, 10)

11, 12. (a) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gaxɔdzikpɔlaa ƒe ŋutinyaa me ku ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? (b) Nu ka tae míedi be míayi edzi anɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm?

11 Nufiame kae le gaxɔdzikpɔlaa ƒe ŋutinyaa me na mí ku ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? De dzesii be anyigbaʋuʋua megbe ko hafi gaxɔdzikpɔlaa trɔ eƒe susu eye wòbia be woakpe ɖe ye ŋu. Nenema kee wòdzɔna egbea be ame aɖewo siwo melɔ̃na sea Biblia me gbedeasia tsã o la va trɔa woƒe susu ne agbemenya sesẽwo tu wo, eye wobiana be woakpe ɖe yewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le míaƒe anyigbamamaa me la, ɖewohĩ dɔ si wɔm ame aɖewo le ɣeyiɣi didi aɖe la va ge le wo si kpata eye wotɔtɔ. Ðewohĩ ame aɖewo ƒe dzi gbã le esi woƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ ta. Eye ɖewohĩ le ame bubuwo gome la, wotɔtɔ vevie le esi wokpɔ dɔléle sesẽ aɖe le wo ŋu ta, alo woƒe dzi gbã gudugudu le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku ta. Ne nublanuinya siawo tɔgbi dzɔ ɖe amewo dzi la, wodina be yewoanya taɖodzinu si le agbea ŋu, evɔ tsã la, wometsɔa ɖeke le nya mawo me o. Ðewohĩ, woabia gɔ̃ hã be, ‘Nu kae mawɔ be makpɔ ɖeɖe?’ Ne míedo go ame siawo la, ɖewohĩ emae anye zi gbãtɔ si woadi be yewoase mɔkpɔkpɔgbedeasi si le mía si.

12 Eya ta, ne míeyi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, esia awɔe be míate ŋu afa akɔ na amewo ɣesiaɣi si wole klalo be yewoaɖo to ase nya si míetsɔ vɛ na wo. (Yes. 61:1) Nɔvinyɔnu Charlotte, si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi ƒe 38 ye nye esia la, gblɔ be: “Ame geɖe tɔtɔ le agbe me egbea. Ehiã be mɔnukpɔkpɔ nasu wo si woase nya nyuia.” Nɔvinyɔnu Ejvor, si nye mɔɖela ƒe 34 ye nye esia la gblɔ be: “Nu te ɖe ame geɖe dzi egbea wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe. Medi vevie be makpe ɖe wo ŋu. Esia ʋãam meɖea gbeƒã.” Nyateƒee, havilɔlɔ̃ nye susu nyui aɖe si tae míeyia gbeƒãɖeɖedɔa dzi!

NUNANA SIWO KPENA ÐE MÍA ŊU BE MÍADO DZI

13, 14. (a) Nunana ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le Yohanes 15:11? (b) Aleke Yesu ƒe dzidzɔ va nɔa mía mee? (d) Aleke dzidzɔ kpena ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me?

13 Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, eƒo nu tso nunana vovovo aɖewo hã siwo akpe ɖe eƒe apostolowo ŋu woayi edzi atse ku le dzidodo me la ŋu na wo. Nu kawoe nye nunana siawo, eye aleke woate ŋu aɖe vi na mí egbea?

14 Nunana si nye dzidzɔ. Ðe gbeƒãɖeɖedɔa nye agba na mía? Kura o. Esi Yesu ƒo nu tso wainti ŋuti lododoa ŋu vɔ la, egblɔ be ne míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la, míakpɔ dzidzɔ. (Xlẽ Yohanes 15:11.) Le nyateƒe me la, eka ɖe edzi na mí be yeƒe dzidzɔ anɔ mía me. Le mɔ ka nu? Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, Yesu tsɔ eɖokui sɔ kple wainti eye wòtsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple waintia ƒe alɔwo. Wainti la ŋue alɔawo nɔna. Zi ale si alɔawo le waintia ŋu ko la, woakpɔ tsi kple nunyiame tso waintia me. Nenema kee, zi ale si míeyi edzi wɔ ɖeka kple Kristo eye míedze eƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ la, zi nenemae míakpɔ dzidzɔ si wòkpɔna le Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Yoh. 4:34; 17:13; 1 Pet. 2:21) Nɔvinyɔnu Hanne, si nye mɔɖela ƒe 40 kple edzivɔ la, gblɔ be, “Dzidzɔ si mekpɔna ɣesiaɣi si meɖe gbeƒã nya nyuia la ʋãam be mayi dɔ si Yehowa de asi na mí la dzi.” Vavãe, dzidzɔ si míekpɔna le ememe la doa ŋusẽ mí be míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne ame akpa gãtɔ medina be yewoase nya nyuia o gɔ̃ hã.—Mat. 5:10-12.

15. (a) Nunana ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le Yohanes 14:27? (b) Aleke ŋutifafa kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi anɔ ku tsem?

15 Nunana si nye ŋutifafa. (Xlẽ Yohanes 14:27.) Le dze si Yesu ɖo kple eƒe apostolowo le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me la, egblɔ na wo do ŋgɔ be: “Mele nye ŋutifafa nam mi.” Aleke Yesu ƒe ŋutifafa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi? Ne míeyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, míekpɔa ŋutifafa le ememe, elabe míenyae be Yehowa kple Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Ps. 149:4; Rom. 5:3, 4; Kol. 3:15) Nɔviŋutsu Ulf, si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 45 ye nye esia la gblɔ be, “Gbeƒãɖeɖedɔa tea ɖeɖi ŋunye ya, ke hã, enana mekpɔa dzidzeme vavãtɔ eye mekpɔnɛ be taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu.” Míedaa akpe ŋutɔ be ŋutifafa si nɔa anyi ɖaa la su mía si!

16. (a) Nunana ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le Yohanes 15:15? (b) Aleke apostoloawo awɔ akpɔtɔ anye Yesu xɔlɔ̃wo?

16 Míezua Yesu xɔlɔ̃wo. Esi Yesu gblɔ be yedi be woƒe dzidzɔ “nagba go” vɔ la, eɖe nu si tae wòle be woaɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ afia ɖo la me na wo. (Yoh. 15:11-13) Eyome, egblɔ na wo be: “Meyɔa mi be xɔ̃nyewo.” Nunana nyui ka gbegbee nye esi be ame nanye Yesu xɔlɔ̃! Nu kae wòle be apostoloawo nawɔ be woakpɔtɔ anye exɔlɔ̃wo? Ele be ‘woayi edzi anɔ ku tsem.’ (Xlẽ Yohanes 15:14-16.) Ƒe eve aɖewo do ŋgɔ la, Yesu na mɔfiame eƒe apostolowo be: “Ne mieyi la, miɖe gbeƒã be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’” (Mat. 10:7) Eya ta, le zã mamlɛtɔ ma me la, ede dzi ƒo na wo be woado dzi le dɔ si gɔme wodze la me. (Mat. 24:13; Marko 3:14) Se si Yesu de na wo la dzi wɔwɔ mele bɔbɔe ya o, gake woate ŋu akpɔ dzidzedze, eye esia awɔe be woakpɔtɔ anye exɔlɔ̃wo. Nu kae akpe ɖe wo ŋu woawɔ esia? Nunana bubu aɖe akpe ɖe wo ŋu.

17, 18. (a) Nunana ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe le Yohanes 15:16? (b) Aleke nunana ma akpe ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu? (d) Nunana kawoe doa ŋusẽ mí egbea?

17 Mawu sea míaƒe gbedodoɖawo. Yesu gblɔ be: “Nu ka kee mieɖabia Fofo la le nye ŋkɔ me o, atsɔe ana mi.” (Yoh. 15:16) Aleke gbegbe ŋugbedodo ma anya do ŋusẽ apostoloawoe nye esi! * Womese egɔme nyuie be Yesu le kuku ge kpuie o. Gake ne Yesu ku gɔ̃ hã la, mefia be kpekpeɖeŋutsoƒe aɖeke maganɔ wo si o. Yehowa ƒe didie wònye be yeaɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu eye yeakpe ɖe wo ŋu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me. Eye eva eme vavã hã be, esia megbe kpuie la, Yehowa ɖo gbe siwo wodo ɖa be wòakpe ɖe yewo ŋu la ŋu na wo.—Dɔw. 4:29, 31.

Míeka ɖe edzi be Yehowa ɖoa gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu la ŋu (Kpɔ memama 18)

18 Nenema kee wòle egbea hã. Ne míeyi edzi le ku tsem le dzidodo me la, míakpɔtɔ anye Yesu xɔlɔ̃wo. Azɔ hã, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ƒe didie wònye be yeaɖo gbe siwo míedona ɖa be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu mɔxenu siwo míado goe le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me dzi la ŋu. (Flp. 4:13) Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu eye míenye Yesu xɔlɔ̃wo! Nunana siawo siwo tso Yehowa gbɔ la doa ŋusẽ mí be míayi edzi anɔ ku tsem.—Yak. 1:17.

19. (a) Susu kawo tae míeyia edzi ɖea gbeƒã ɖo? (b) Nu kae kpena ɖe mía ŋu be míawu dɔ si Mawu de asi na mí la nu?

19 Abe ale si míekpɔe le nyati sia me ene la, susu siwo tae míeyia edzi ɖea gbeƒã ɖoe nye be míado Yehowa ɖe dzi ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋu, míaɖee afia be míelɔ̃ Yehowa kple Yesu, míaxlɔ̃ nu amewo, eye míaɖee afia be míelɔ̃ mía haviwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nunana siwo nye dzidzɔ, ŋutifafa, Yesu xɔlɔ̃ nyenye kple ale si Mawu ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu la siaa doa ŋusẽ mí be míawu dɔ si Mawu de mía si la nu. Edzea Yehowa ŋu ŋutɔ ne ekpɔ agbagba siwo katã míedzena tso dzi blibo me be ‘míayi edzi anɔ ku geɖe tsem’!

^ mm. 17 Esime Yesu nɔ nu ƒom na eƒe apostoloawo la, eka ɖe edzi na wo enuenu be Yehowa aɖo woƒe gbedodoɖawo ŋu na wo.—Yoh. 14:13; 15:7, 16; 16:23.