GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2019

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 1 va se ɖe August 4, 2019 la le tata sia me.

Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Ðea Dzesi Le Kristo Hamea Me

Nu kae nye Kristo la ƒe se la, eye aleke se sia dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe?

Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me

Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta be woagawɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o, eye aleke hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ akpɔ hamea tae?

Akɔfafa Na Ame Siwo Ŋu Wowɔ Gbɔdɔnuwo Ðo Le Ðevime

Aleke Mawu ƒe Nyaa, hamemetsitsiwo, kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo tsi le xɔse me la ate ŋu afa akɔ na ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime?

Mègana “Xexe Sia Me Nunya” Naflu Wò O

Nu ka tae Yehowae nye Mɔfiala ɖeka kolia si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo? Aleke Biblia kpena ɖe mía ŋu be míada asɔ le ale si míebua mía ɖokuii me?

Na Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi!

Aleke míawɔ atso nya me le nu si míasrɔ̃ ŋu, eye aleke míawɔ be míaƒe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ naɖe vi na mí geɖe wu?