Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me

Ale Si Kristo Hamea Ðea Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Kple Eƒe Dzɔdzɔenyenye Fiana Le Hlɔ̃donya Vɔ̃ɖiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me

“Menye Mawu si kpɔa dzidzɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue nènye o; ame vɔ̃ɖi aɖeke manɔ gbɔwò o.”—PS. 5:4.

HADZIDZI 142 Míalé Míaƒe Mɔkpɔkpɔa Me Ðe Asi Sesĩe

NYA VEVIAWO *

1-3. (a) Le Psalmo 5:4-6 ƒe nya nu la, aleke Yehowa sena le eɖokui me tso vɔ̃ɖinyenye ŋu? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be gbɔdɔnuwo wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tsi tsitre ɖe “Kristo la ƒe se la” ŋu?

YEHOWA MAWU lé fu nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe. (Xlẽ Psalmo 5:4-6.) Aleke gbegbee wòalé fu gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu, si nye nu gbegblẽ nyɔŋu si vɔ̃ɖi ale gbegbe lae nye esi! Le Yehowa sɔsrɔ̃ me la, mí ame siwo nye eƒe Ðasefowo míelé fu nuwɔna vɔ̃ɖi si nye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu eye míeɖea mɔ ɖe nuwɔna ma ŋu alo ŋea aɖaba ƒua edzi le Kristo hamea me kura o.—Rom. 12:9; Heb. 12:15, 16.

2 Gbɔdɔnu ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu tsi tsitre ɖe “Kristo la ƒe se la” ŋu tẽe! (Gal. 6:2) Nu ka tae? Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ na esia me ene la, lɔlɔ̃ dzie wotu Kristo la ƒe se la, si nye nu siwo katã Yesu fia to nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me la ɖo, eye se sia dea dzi ƒo na amewo be woawɔ nu dzɔdzɔe. Esi wònye be se sia ye fiaa mɔ Kristotɔ vavãwo ta la, wowɔa nu ɖe ɖeviwo ŋu le mɔ si nana wosena le wo ɖokuiwo me be yewole dedie eye wolɔ̃ yewo vevie la nu. Gake gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye ɖokuitɔdidi nuwɔna vɔ̃ɖi si nana ɖeviwo sena le wo ɖokuiwo me be ame aɖeke mekpɔa yewo ta o eye ame aɖeke melɔ̃ yewo o.

3 Nublanuitɔe la, amewo va le gbɔdɔnuwo wɔm ɖe ɖeviwo ŋu le xexea me godoo, eye wowɔ nu vɔ̃ɖi sia ɖe Kristotɔ vavãwo dometɔ aɖewo hã ŋu le woƒe ɖevime. Nu ka tae? Nu si tae nye be, “ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo” va bɔ ale gbegbe, eye wo dometɔ aɖewo adze agbagba be yewoage ɖe hamea me. (2 Tim. 3:13) Gakpe ɖe eŋu la, ame aɖewo siwo ŋutɔ be yewo hã yewole hamea me la ɖe mɔ ŋutilã ƒe nudzodzro si mele dzɔdzɔme nu o la ɖu wo dzi eye wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu. Na míadzro nu si tae gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye nu vɔ̃ gã aɖe ŋutɔ la me. Eyome, míadzro ale si hamemetsitsiwo kpɔa nu gbegblẽ wɔwɔ siwo nye ŋkubiãnya alo gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe nyawo gbɔe, kple ale si dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta be woagawɔ nu vɔ̃ɖi ma ɖe wo ŋu o la me. *

NU VƆ̃ GÃ AÐE ŊUTƆE WÒNYE

4-5. Nu ka tae gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖevi ŋu nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖevia ŋu?

4 Ne wowɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, esia gblẽa nu le ɖevia ŋu ƒe geɖe. Egblẽa nu le ɖevia kple ame siwo melɔ̃a nu le ɖevia gbɔ o, siwo nye eƒe ƒometɔwo kple Kristo hamea me tɔwo, la siaa ŋu. Nu vɔ̃ gã aɖe ŋutɔe gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye.

5 Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖevia ŋu. * Nu vɔ̃e wònye be woana ame bubuwo nase veve ahakpe fu madzemadzee. Abe ale si míava kpɔe le nyati si kplɔ esia ɖo me ene la, nu ma tututue ame si wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu la wɔ—ewɔ nu vevi ɖevia le mɔ geɖe nu. Togbɔ be ɖevia ka ɖe edzi hã la, eɖoe koŋ wɔ nu vevi ɖevia ale gbegbe be, ɖevia va le sesem le eɖokui me be ame aɖeke mekpɔa ye ta o eye ame aɖeke melɔ̃ ye o. Ele be míakpɔ ɖeviwo ta be woagawɔ nu vɔ̃ɖi ma gbegbe ɖe wo ŋu o, eye ehiã be míakpe ɖe ame siwo ŋu wowɔ nu sia ɖo la ŋu eye míafa akɔ na wo.—1 Tes. 5:14.

6-7. Aleke gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe hamea kple setɔwo ŋu?

6 Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe hamea ŋu. Ne ame aɖe si le hamea me la wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu la, eƒo ɖi hamea ƒe ŋkɔ nyui la. (Mat. 5:16; 1 Pet. 2:12) Aleke gbegbe esia nye nuteƒemawɔmawɔ na Kristotɔ wɔnuteƒe miliɔn geɖe siwo le ʋiʋlim “sesĩe hena xɔse” lae ye nye esi! (Yuda 3) Míeɖea mɔ na ame aɖe si le hamea me, si wɔ nu vɔ̃ɖi sia gbegbe, eye wòƒo ɖi hamea ƒe ŋkɔ nyui la evɔ wògbe dzi me tɔtrɔ la be wòakpɔtɔ anɔ hamea me o.

7 Enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe setɔwo ŋu. Biblia gblɔ be, ele na Kristotɔwo be ‘woabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe ŋusẽtɔwo te.’ (Rom. 13:1) Míetoa dukɔa ƒe sewo dzi wɔwɔ dzi ɖenɛ fiana be míebɔbɔ mía ɖokuiwo ɖe ŋusẽtɔwo te. Ne ame aɖe si le hamea me la da hlɔ̃se aɖe dzi, le kpɔɖeŋu me, ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, ekema, ewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋusẽtɔwo alo setɔwo ŋu. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 25:8.) Togbɔ be menye hamemetsitsiwo ƒe dɔe wònye be woakpɔ egbɔ be wowɔ dukɔa ƒe sewo dzi o hã la, womekpɔa ame aɖe si wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu la ta be dziɖuɖua nagahe to nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃a ta o. (Rom. 13:4) Nu vɔ̃ wɔlaa le nu si eya ŋutɔ ƒã la ŋem.—Gal. 6:7.

8. Aleke Yehowa bua nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe ame havi ŋu?

8 Ƒo wo katã ta la, enye nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu. (Ps. 51:4) Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ehavi amegbetɔ ŋu la, ewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa hã ŋu. De ŋugble le eƒe kpɔɖeŋu aɖe si dze le Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa me ŋu kpɔ. Sea gblɔ be, ne ame aɖe ble ehavi alo tafae la, efia be amea “mewɔ nuteƒe na Yehowa o.” (3 Mose 6:2-4) Eme kɔ nyuie be, ne ame aɖe si le hamea me la wɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖevi aɖe ŋu heto esia me na ɖevia va le sesem le eɖokui me be ame aɖeke mekpɔa ye ta o eye ame aɖeke melɔ̃ ye o la, amea mewɔ nuteƒe na Mawu o. Nu vlo wɔlaa he vlododo va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Le susu sia ta la, gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu nye ŋunyɔnu vɔ̃ɖi kple nu vɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu ŋu, eya ta, míelé fu nuwɔna sia ɖikaa.

9. Le ƒe siwo va yi me la, Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame kawoe Yehowa ƒe habɔbɔa na mí, eye nu ka tae?

9 Yehowa ƒe habɔbɔa na Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame gbogbo aɖewo mí ku ɖe gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe nyaa ŋu enuenu le ƒe siwo va yi me. Le kpɔɖeŋu me, nyati vovovowo do le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo me siwo ɖe ale si ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la awɔ ado dzi le seselelãmekuxi siwo esia hena vɛ me, kple ale si ame bubuwo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu ahade dzi ƒo na wo, kpakple ale si dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo ta be woagawɔ gbɔdɔnu ɖe wo ŋu o la me. Habɔbɔa tsɔ Ŋɔŋlɔawo na hehe hamemetsitsiwo nyuie le ale si woakpɔ nu vɔ̃ si nye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe nyaa gbɔe ŋu. Eye habɔbɔa yi edzi le asi trɔm le ale si woakpɔ nu vɔ̃ si nye gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu ƒe nyaa gbɔ le hamea me ŋu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, wodi be woakpɔ egbɔ be ale si hamea kpɔa nya sia gbɔe la wɔ ɖeka kple Kristo la ƒe se la.

ALE SI HAMEMETSITSIWO KPƆA NU GBEGBLẼ WƆWƆ SIWO NYE ŊKUBIÃNYA GBƆE

10-12. (a) Ne hamemetsitsiwo le nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe si nye ŋkubiãnya gbɔ kpɔm la, nu kae nɔa susu me na wo, eye nu kawoe nɔa vevie na wo? (b) Le Yakobo 5:14, 15 ƒe nya nu la, nu kae hamemetsitsiwo dzea agbagba vevie be yewoawɔ?

10 Ne hamemetsitsiwo le nu gbegblẽ wɔwɔ ɖe sia ɖe si nye ŋkubiãnya gbɔ kpɔm la, enɔa susu me na wo ɣesiaɣi be, Kristo ƒe se la bia be woawɔ nu ɖe alẽhaa ŋu le lɔlɔ̃ me eye woawɔ nu si le dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe le Mawu ŋkume. Esia ta, ne wose nu gbegblẽ wɔwɔ si nye ŋkubiãnya ŋuti nyatakaka aɖe la, woƒe susu nɔa nu vevi aɖewo ŋu. Nu si koŋ nɔa vevie na hamemetsitsiwoe nye be, woakpɔ Mawu ƒe ŋkɔa ta be wòakpɔtɔ anɔ kɔkɔe. (3 Mose 22:31, 32; Mat. 6:9) Azɔ hã, nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me la ƒe gbɔgbɔmenyonyo nɔa vevie na wo ŋutɔ, eye wodina be yewoakpe ɖe ame sia ame si ŋu nu gbegblẽ wɔwɔa gblẽ nu le la ŋu.

11 Nu si ganɔa vevie na hamemetsitsiwoe nye be, ne ame aɖe si le hamea me lae wɔ nu gbegblẽa la, wodzea agbagba wɔa wo tɔ sinua be yewoakpe ɖe eŋu wòadzra eya kple Yehowa dome ɖo. (Xlẽ Yakobo 5:14, 15.) Ne Kristotɔ aɖe ɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo ɖu edzi eye wòƒo eɖokui ɖe nu gbegblẽ wɔwɔ si nye ŋkubiãnya me la, efia be, edze dɔ le gbɔgbɔ me eye ƒomedodo nyui megale eya kple Yehowa dome o. * Esia ta, le gɔmesese aɖe nu la, hamemetsitsiwo va le abe ɖɔktawo ene. Wodzea agbagba be yewoana “dɔnɔ la [le go sia me la, nu gbegblẽ wɔlaa] ƒe lãme nasẽ.” Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo siwo ŋu dɔ woawɔ la ate ŋu akpe ɖe nu gbegblẽ wɔlaa ŋu be wòadzra eya kple Mawu dome ɖo, gake ne etrɔ dzi me vavã ko hafi wòate ŋu adzra woa kple Mawu dome ɖo.—Dɔw. 3:19; 2 Kor. 2:5-10.

12 Eme kɔ ƒãa be, dɔ gã si nye ŋkubiãnya la kpɔ hamemetsitsiwo ŋkume. Womelɔ̃a nu le alẽha si Mawu tsɔ de wo si la gbɔ kura o. (1 Pet. 5:1-3) Wodi be yewo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo nase le wo ɖokuiwo me be yewole dedie le hamea me. Le susu sia ta, ne wose be ame aɖe si le hamea me la wɔ nu gbegblẽ si nye ŋkubiãnya alo wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woɖea afɔ kaba. Nu kae wowɔna? Kpɔ nyabiabia siwo dze le  memama 13,  15, kple  17 lia ƒe gɔmedzedze.

13-14. Ðe hamemetsitsiwo wɔna ɖe dukɔa ƒe se siwo bia tso dukɔmeviwo si be, ne wose be wotso ame aɖe nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woaɖaka eta na setɔwo la dzia? Ðe eme.

 13 Ðe hamemetsitsiwo wɔna ɖe dukɔa ƒe se siwo bia tso dukɔmeviwo si be, ne wose be wotso ame aɖe nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woaɖaka eta na setɔwo la dzia? Ɛ̃. Le dukɔ siwo me wode se mawo le me la, hamemetsitsiwo dzea agbagba wɔa se mawo dzi. (Rom. 13:1) Se mawo metsi tsitre ɖe Mawu ƒe sewo ŋu o. (Dɔw. 5:28, 29) Eya ta, ne hamemetsitsiwo se be wowɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, woɖea afɔ enumake hebiaa mɔfiafia tso alɔdzedɔwɔƒea gbɔ, be yewoanya mɔ siwo dzi yewoato awɔ ɖe se siwo bia be woaka eta na setɔwo la dzi.

14 Ne hamemetsitsiwo do go kple ɖevi si ŋu wowɔ gbɔdɔnua ɖo la kple edzilawo, alo ame bubu ɖe sia ɖe si se nu tso nudzɔdzɔa ŋu la, hamemetsitsiawo ɖoa ŋku edzi na wo dɔmenyotɔe be wokpɔ mɔ aɖaka nyaa ta na setɔwo. Ke ne wotso ame aɖe si le hamea me la nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu eye emegbe nyaa va ɖi le nutoa me amewo se ya ɖe? Ðe wòle be nɔvi Kristotɔ si yi ɖaka nyaa ta na setɔwo la nase le eɖokui me be yehe vlododo va Mawu ƒe ŋkɔa dzia? Ao. Ke boŋ, nu vlo wɔla lae he vlododo va Mawu ƒe ŋkɔa dzi.

15-16. (a) Le 1 Timoteo 5:19 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be ame eve ya teti naɖi ɖase tso nu gbegblẽ wɔwɔ aɖe ŋu hafi hamemetsitsiwo naɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti? (b) Ne hamemetsitsiwo se be wotso ame aɖe si le hamea me la nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, nu kae wowɔna?

 15 Le hamea me la, hafi hamemetsitsiwo naɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti be woakpɔ nya aɖe gbɔ la, nu ka tae wòle be ame eve ya teti naɖi ɖase tso nyaa ŋu? Esia le vevie be woawɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe se deŋgɔ siwo le Biblia me la dzi. Ne menye ame ŋutɔe ʋu nu vɔ̃ me be yewɔ nu gbegblẽ o la, ehiã be ame eve naɖo kpe edzi be nutsotsoa le eme hafi ko hamemetsitsiwo aɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti be woakpɔ nyaa gbɔ. (5 Mose 19:15; Mat. 18:16; xlẽ 1 Timoteo 5:19.) Ðe nya sia le fiafiam be, ne wotso ame aɖe nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, ele be ame eve naɖo kpe edzi hafi woaɖaka eta na setɔwoa? Ao. Mehiã be ɖaseɖila eve naɖo kpe nya sia tɔgbi dzi hafi hamemetsitsiwo alo ame bubuwo nayi aɖaka eta na setɔwo o.

16 Ne hamemetsitsiwo se be wotso ame aɖe si le hamea me la nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu la, wodzea agbagba wɔna ɖe dukɔa ƒe se siwo bia be woaka nyaa ta na setɔwo la dzi, eye emegbe la, wowɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo dzi hekua nyaa me kpɔna. Ne ame si nu wotso la gbe be nyaa mele eme o la, hamemetsitsiwo dea ŋugble le ɖaseɖilawo ƒe nyawo ŋu. Ne ame eve ya teti—ame si tso amea nu be ewɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevia ŋu alo ɖevia ŋutɔ, kple ame bubu aɖe si kpɔe wòwɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi sia ŋu alo ɖe ɖevi bubu aɖe ŋu va yi la siaa—ɖo kpe edzi be nyaa le eme la, ekema, woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti. * Ne ɖaseɖila bubu meli aɖo kpe nyaa dzi o la, mefia be ame si tso amea nu la le aʋatso kam o. Ne ɖaseɖila eve meli aɖo kpe edzi be ame aɖe wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖe ŋu o hã la, hamemetsitsiwo nyae be amea anya wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya, si gblẽ nu le amewo ŋu vevie. Ne edzɔ alea la, hamemetsitsiwo yia edzi faa akɔ na ame siwo ŋu amea ƒe nuwɔnaa gblẽ nu le la hekpena ɖe wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, hamemetsitsiwo nɔa ŋudzɔ ɖe ame si nu wotso la ŋu ale be woakpɔ hamea ta be wòagawɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi aɖeke ŋu o.—Dɔw. 20:28.

17-18. Akpa kae ʋɔnudrɔ̃kɔmiti wɔna?

 17 Akpa kae ʋɔnudrɔ̃kɔmiti wɔna le nu gbegblẽ wɔwɔ si nye ŋkubiãnya ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me? Ŋkɔnya “ʋɔnudrɔ̃kɔmiti” mefia be hamemetsitsiwo drɔ̃a ʋɔnu alo tsoa nya me nenye be ele be setɔwo nahe to na ame si wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu loo alo mele be woahe to nɛ o. Hamemetsitsiwo medea nu akpa si setɔwo wɔna be woakpɔ egbɔ be dukɔmeviwo wɔa dukɔa ƒe sewo dzi la me o; wogblẽa dukɔa ƒe se dzi dada ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ ɖe setɔwo si me. (Rom. 13:2-4; Tito 3:1) Akpa si wowɔna boŋue nye be, wodrɔ̃a nyaa, alo danɛ kpɔna nenye be ame si wɔ nu gbegblẽ la dze akpɔtɔ anɔ hamea me loo alo megadze be wòanɔ hamea me o.

18 Ne hamemetsitsiwo ɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti hele nya aɖe drɔ̃m la, akpa si wowɔna koe nye be, wokpɔa nya siwo ku ɖe ƒomedodo si le amea kple Mawu kpakple haxɔsetɔwo dome ŋu la gbɔ. Wowɔa Ŋɔŋlɔawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu dɔ tsɔ danɛ kpɔna be yewoakpɔe ɖa be ame si wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu la trɔ dzi me loo alo metrɔ dzi me o. Ne amea metrɔ dzi me o la, woɖea amea le haa me, eye woɖea gbeƒãe na hamea be woɖee le haa me. (1 Kor. 5:11-13) Ne amea trɔ dzi me la, womaɖee le haa me o. Ke hã, hamemetsitsiwo ana wòanya be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖeke magasu esi le hamea me loo alo wòanɔ agbanɔamedzinɔƒe le hamea me o ƒe geɖe alo le eƒe agbemeŋkekewo katã me. Esi ɖeviwo ƒe nyonyo le vevie na hamemetsitsiwo ta la, woate ŋu axlɔ̃ nu dzila siwo si ɖeviwo le le hamea me la be ehiã be woanɔ ŋku lém ɖe amea ƒe nuwɔwɔ kple wo viwo ŋu. Ne hamemetsitsiwo le afɔ siawo ɖem la, wonɔa ŋudzɔ be yewoagana ame bubuwo nanya ɖevi si ŋu wowɔ nua ɖo la kple edzilawo o.

ALE SI DZILAWO AWƆ AKPƆ WO VIWO TA

Ne dzilawo fia nu wo viwo tso gbɔdɔdɔ ŋu le woƒe ƒexɔxɔ nu la, wotoa esia me kpɔa ɖeviawo ta be woagawɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o. Dzilawo wɔa agbalẽ siwo Mawu ƒe habɔbɔa na mí la ŋu dɔ tsɔ wɔa esia. (Kpɔ nusɔsrɔ̃nyati 19 lia, memama 19-22 lia)

19-22. Aleke dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo tae? (Kpɔ foto si le akpaa dzi.)

19 Ame kawo ƒe agbae wònye be woakpɔ ɖeviwo ta be woagawɔ nu vevi wo o? Dzilawoe. * Mia viwo nye nunana tɔxɛ, alo “domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Ps. 127:3) Yehowae de dɔ asi na mi be miakpɔ mia viwo ta. Nu kae miate ŋu awɔ be miakpɔ mia viwo ta be woagawɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o?

20 Gbã, xlẽ nyati siwo ƒo nu tso gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu la ŋu. Xlẽ nu tso ame siwo ƒomevi tea ŋu wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu kple ayemɔ siwo dzi wotona blea ɖeviwoe la ŋu. Nɔ ŋudzɔ ɖe afɔkua ŋu ɣeawokatãɣi. (Lod. 22:3; 24:3) Nenɔ susu me na wò be, zi geɖe la, ame siwo wɔa gbɔdɔnu ɖe ɖeviwo ŋu la nyea ame aɖe si ɖevia nya xoxo, si dzi wòka ɖo.

21 Evelia, ɖo dze kple viwòwo edziedzi eye nàna wòanɔ bɔbɔe na wo be woate ŋu agblɔ nya sia nya na wò faa. (5 Mose 6:6, 7) Esia bia be nànye toɖola nyui. (Yak. 1:19) Nenɔ susu me na wò be, zi geɖe la, ne wowɔ gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu la, wovɔ̃na be yewoagblɔe. Woate ŋu anɔ vɔvɔ̃m be womaxɔ yewo dzi ase o, alo ɖewohĩ ame si wɔ nua ɖe wo ŋu la do ŋɔdzi na wo be, ne wogblɔe na ame aɖe la, yeawɔ nu vevi wo. Ne èse le ɖokuiwò me be nane mele yiyim nyuie le ɖevia ŋu o, alo nède dzesii be nane anya dzɔ ɖe edzi la, bia nyawoe lɔlɔ̃tɔe eye nàgbɔ dzi ɖi aɖo to eƒe nyawo nyuie.

22 Etɔ̃lia, fia nu viwòwo. Fia nu wo tso gbɔdɔdɔ ŋu le woƒe ƒexɔxɔ nu. Fia nya si woagblɔ kple nu si woawɔ ne ame aɖe di be yeaka asi wo ŋu le mɔ si mesɔ o nu la wo. Wɔ nyati vovovo siwo Mawu ƒe habɔbɔa ta ku ɖe ale si woate ŋu akpɔ ɖeviwo tae ŋu la ŋu dɔ.—Kpɔ aɖaka si nye “ Wò Ŋutɔ Srɔ̃ Nu Eye Nàfia Nu Viwòwo.”

23. Aleke míebua gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋui, eye biabia kae míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si kplɔ esia ɖo me?

23 Mí Yehowa Ðasefowo míebua gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu be enye nu vɔ̃ gã kple nuwɔna vɔ̃ɖi. Esi wònye be Kristo la ƒe se lae fiaa mɔ mí ta la, míaƒe hamewo meɣlaa ame siwo wɔ gbɔdɔnu ɖe ɖeviwo ŋu loo alo kpɔa wo ta tso woƒe nu vɔ̃awo me tsonuwo me o. Ke hã, nu kae míate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu wowɔ gbɔdɔnuwo ɖo le ɖevime la ŋu? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 103 Alẽkplɔlawo—Nunana Siwo Nye Amewo

^ mm. 5 Nyati sia adzro ale si woate ŋu akpɔ ɖeviwo ta be woagawɔ gbɔdɔnuwo ɖe wo ŋu o la me. Azɔ hã, míasrɔ̃ nu tso ale si hamemetsitsiwo kpɔa hamea tae kple ale si dzilawo ate ŋu akpɔ wo viwo tae la ŋu.

^ mm. 3 NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Wogblɔna be wowɔ gbɔdɔnu ɖe ɖevi ŋu ne ame tsitsi aɖe zã ɖevia tsɔ ɖi kɔ na eya ŋutɔ ƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo. Gbɔdɔnuwɔwɔ ɖe ɖevi ŋu tea ŋu nyea ɖevia gbɔ dɔdɔ ŋutɔŋutɔ; dɔdɔ kplii to nu me alo to meƒi me; alo asilili eƒe vidzinu alo no ŋu, alo eƒe gbi dzi; alo gbɔdɔnu vɔ̃ɖi bubuwo wɔwɔ ɖe ɖevia ŋu. Togbɔ be ɖevi siwo ŋu wowɔa gbɔdɔnuwo ɖo la dometɔ akpa gãtɔ nyea nyɔnuviwo hã la, wowɔa gbɔdɔnuwo ɖe ŋutsuviwo hã ŋu. Eye togbɔ be nu vlo wɔla mawo dometɔ akpa gãtɔ nye ŋutsuwo hã la, nyɔnu aɖewo hã wɔa gbɔdɔnuwo ɖe ɖeviwo ŋu.

^ mm. 5 NYAMEÐEÐE: Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, ŋkɔnya si nye “ɖevia,” fia ɖevi si ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo alo ame si ŋu wowɔ gbɔdɔnu ɖo le ɖevime. Míegblɔe alea, elabe míedi be eme nakɔ nyuie be, wowɔ nu vevi ɖevia eye wotafae, eye míase egɔme be, ame si ŋu wowɔ nu sia ɖo la meɖi fɔ le mɔ aɖeke nu o.

^ mm. 11 Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya le esi ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la me gbɔdzɔ ta la, mate ŋu atsɔ ema ado taflatsɛ o. Nu vɔ̃ wɔlaa ƒe tiatiawo kple eƒe nuwɔnawo ƒe agba le eya ŋutɔ dzi, eye Yehowa abia akɔnta tso esi.—Rom. 14:12.

^ mm. 16 Ne hamemetsitsiwo le gbe biam nu vlo wɔlaa la, womana ɖevi si ŋu wòwɔ nua ɖo la nanɔ eteƒe gbeɖe o. Ðevia dzila alo ame bubu aɖe si dzi ɖevia ka ɖo la ate ŋu agblɔ nya siwo ɖevia gblɔ la na hamemetsitsiawo. Esia awɔe be womana ɖevia nagakpe fu dzodzro o.

^ mm. 19 Aɖaŋuɖoɖo siwo le afi sia na dzilawo la yi na ame siwo le ɖevi siwo menye woawo ŋutɔwo ƒe viwo o dzi kpɔm la hã.