Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

Na Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi!

Na Ale Si Nèsrɔ̃a Nui La Nanyo Ðe Edzi!

‘Kpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii.’​—FLP. 1:10

HADZIDZI 35 Kpɔ “Nu Siwo Le Vevie Wu” La Dze Sii

NYA VEVIAWO *

1. Nu ka tae ame aɖewo medina be yewoasrɔ̃ nu o?

EGBEA, ehiã be amewo nadze agbagba vevie hafi akpɔ ga si ade na wo be woakpɔ woƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ. Mía nɔvi Kristotɔ geɖewo wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe be yewoakpɔ yewoƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiã veviwo gbɔ. Bubuwo hã zɔa mɔ gaƒoƒo geɖe yia dɔme gbɔna gbe sia gbe. Nɔvi geɖe wɔa dɔ sesĩe hafi kpɔa wo ɖokuiwo dzi. Kaka zã nado la, ɖeɖi tea wo ŋu eye woƒe lãme gbãna keŋkeŋ! Eya ta, edze ƒãa be madzro wo kura be yewoasrɔ̃ nu o.

2. Ɣekaɣie nèkpɔa ɣeyiɣi srɔ̃a nu?

2 Gake nyateƒea ye nye be, ele na mí godoo be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu, ɛ̃, ele be míasrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa kple míaƒe agbalẽwo tsitotsito. Esia le vevie ŋutɔ ne míedi be ƒomedodo nyui nanɔ mía kple Yehowa dome eye míakpɔ agbe mavɔ! (1 Tim. 4:15, 16) Nɔvi aɖewo dɔa alɔ̃ ɖina ɖe eme nyuie hefɔna ŋdi kanya gbe sia gbe srɔ̃a nu esime tomefafa le aƒea me eye woƒe susu me kɔ nyuie. Nɔvi bubuwo hã ɖo ɣeyiɣi ʋɛ aɖe si me woawo ɖeɖe wonɔa anyi le fiẽ me la ɖi be yewoatsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa ahade ŋugble le eŋu.

3-4. Asitɔtrɔ kawoe wowɔ le agbalẽ ale si nu habɔbɔa tana na mí ŋu, eye nu ka tae?

3 Ðikeke mele eme o be, àlɔ̃ ɖe edzi be ele vevie be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ nu. Gake nu ka koŋ wòle be míasrɔ̃? Ðewohĩ, àgblɔ be, ‘Habɔbɔa taa agbalẽ gbogbo aɖewo ŋutɔ na mí siwo wòle be míaxlẽ. Nyemetea ŋu xlẽa wo dometɔ ɖe sia ɖe gɔ̃ hã o.’ Nɔvi aɖewo dzea agbagba xlẽa agbalẽ siwo katã habɔbɔa tana na mí la eye wokpɔa video siwo katã habɔbɔa wɔna na mí la hã, gake esia wɔwɔ sesẽna na nɔvi bubuwo ya. Dɔdzikpɔhaa nya esia nyuie. Esia ta, nyitsɔ laa la, Dɔdzikpɔhaa tso nya me be woaɖe agbalẽ siwo wotana na mí kple esiwo le mɔ̃ dzi la dzi akpɔtɔ.

4 Le kpɔɖeŋu me, womegataa Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒegbalẽa o, le esi míate ŋu axlẽ nɔviwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo le jw.org® nyatakakadzraɖoƒea eye míate ŋu akpɔ ɖewo hã le JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe ɣleti sia ɣleti ƒe wɔnaawo me ta. Fifia, zi etɔ̃ koe wotaa Gbetakpɔxɔ tata si míemana kple Nyɔ! magazineawo le ƒea me. Menye ɖe Dɔdzikpɔhaa wɔ asitɔtrɔ siawo be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo meku ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu o la ŋu o. Ke boŋ, ɖe wowɔ asitɔtrɔ siawo ale be míate ŋu alé fɔ ɖe “nu siwo le vevie wu la” ŋu. (Flp. 1:10) Azɔ, na míadzro ale si nàwɔ atso nya me le nu si nàsrɔ̃ ŋu kple ale si nàwɔ be wò ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ naɖe vi geɖe wu na wò la me.

ALE SI NÀWƆ ATSO NYA ME LE NU SI NÀSRƆ̃ ŊU

5-6. Míaƒe agbalẽ kawo ŋue wòle vevie be míalé fɔ ɖo asrɔ̃ nyuie?

5 Míaƒe agbalẽ kawoe wòhiã vevie be míasrɔ̃? Ele na mí godoo be míadi ɣeyiɣi asrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa gbe sia gbe. Fifia, woɖe Biblia ƒe akpa si wokana na hamea le Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia dzi la dzi kpɔtɔ ale be míate ŋu akpɔ ɣeyiɣi axlẽe kwasiɖa sia kwasiɖa, ade ŋugble le nu si míexlẽ ŋu ahaku nu me le eŋu. Ele be míaɖoe míaƒe taɖodzinu be, menye ɖeko míaxlẽ mawunyakpukpuiawo katã awu enu ko evɔ o, ke míade ŋugble le wo ŋu hã, ale be woade dzi gbɔ na mí eye woakpe ɖe mía ŋu míagate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.—Ps. 19:14.

6 Míaƒe agbalẽ kawo hãe wòle vevie be míasrɔ̃ nyuie? Ele be míasrɔ̃ nu siwo me míava dzro le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a kple Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃a me kpakple nu bubu siwo me míava dzro le kwasiɖa domedome kpekpea me la nyuie do ŋgɔ. Ele vevie hã be míanɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ƒe tata ɖe sia ɖe xlẽm.

7. Ne míetea ŋu xlẽa nyati gbogbo siwo le míaƒe nyatakakadzraɖoƒea katã o eye míetea ŋu kpɔa video vovovo siwo le JW Nyakakadɔwɔƒea la katã o la, ɖe wòle be dzi naɖe le mía ƒoa?

7 Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Ele eme ya, gake nyati vovovowo kple video gbogbo aɖewo le míaƒe jw.org nyatakakadzraɖoƒea, eye video gbogbo aɖewo hã le JW Nyakakadɔwɔƒea. Ke woawo ya ɖe? Wosɔ gbɔ ŋutɔe!’ Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Le nuɖuɖudzraƒe aɖe la, wotsɔ nuɖuɖu hamehame ɖo nuƒlelawo ŋkume le agbɔsɔsɔ gã aɖe me. Ame siwo va nua ɖuƒe la mate ŋu aɖu wo dometɔ ɖe sia ɖe gbeɖe o. Eya ta, wotia wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Nenema kee, ne mètea ŋu xlẽa nyati siwo le mɔ̃ dzi la katã alo kpɔa videoawo katã o la, mele be dzi naɖe le ƒowò o. Xlẽ nyati ale si nu nàte ŋui eye nàkpɔ video ale si nu nàte ŋui hã. Azɔ, na míadzro nu si wòfia be míasrɔ̃ nu, kple ale si míawɔ be nusɔsrɔ̃ naɖe vi geɖe wu na mí la me.

NUSƆSRƆ̃ BIA KUTRIKUKU!

8. Afɔ kawoe nàte ŋu aɖe ne èle Gbetakpɔxɔ srɔ̃m, eye aleke esia wɔwɔ aɖe vi na wòe?

8 Nusɔsrɔ̃ bia be míaƒe susu nanɔ nu si xlẽm míele la ŋu nyuie ale be míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso eme. Menye ŋkudada ɖe nu si srɔ̃m míele la me dzradzradzra ahate fli ɖe ŋuɖoɖoawo te ye wònye o. Le kpɔɖeŋu me, ne èle dzadzram ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋu la, gbã la, xlẽ akpa si nye nya veviawo, si dze le nusɔsrɔ̃nyatia ƒe gɔmedzedze. Eyome, de ŋugble le nyatia ƒe tanyaa kple tanya sueawo kpakple numetotobiabiawo ŋu. Azɔ, gbɔ dzi ɖi nàxlẽ nyatia eye wò susu nanɔ nu si xlẽm nèle la ŋu. Lé ŋku ɖe nyagbe veviawo ŋu nyuie; zi geɖe la, nyagbe veviawoe dzea memama ɖe sia ɖe gɔme. Nyagbe veviawo akpe ɖe ŋuwò nànya nu si ŋu memamaa le nu ƒo ge tsoe. Ne èle nyatia xlẽm la, de ŋugble le ale si memama ɖe sia ɖe wɔ ɖeka kple tanya sueawo kpakple susu vevi si ŋu nyatia ku ɖo la ŋu. Wɔ nuŋlɔɖi le nyawo kple numeɖeɖe siwo me nàdi be yeaku ayi ŋgɔe la ŋu.

9. (a) Ne míele Gbetakpɔxɔ srɔ̃m le mía ɖokui si la, nu ka tae wòle be míaƒe susu nanɔ mawunyakpukpuiawo ŋu etɔxɛe, eye aleke míawɔe? (b) Abe ale si Yosua 1:8 gblɔe ene la, ne míexlẽ mawunyakpukpui aɖe vɔ la, nu kae wòle be míawɔ?

9 Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a kpena ɖe mía ŋu míesea Biblia gɔme. Eya ta, ne èle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu la, lé ŋku ɖe mawunyakpukpuiawo, vevietɔ, esiwo wode dzesi le nyatia me be woaxlẽ la ŋu. Lé ŋku ɖe ale si mawunyakpukpuia me nyawo alo emenya veviawo wɔ ɖeka kple susu vevi si ŋu memamaa ku ɖo la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, gbɔ dzi ɖi nàde ŋugble le mawunyakpukpui siwo nèxlẽ la ŋu ahabu ale si wò ŋutɔ nàte ŋu awɔ wo ŋu dɔ le wò agbenɔnɔ mee ŋu.—Xlẽ Yosua 1:8.

Dzilawo, mifia mia viwo ale si woasrɔ̃ nui (Kpɔ memama 10 lia) *

10. Le Hebritɔwo 5:14 ƒe nya nu la, nu ka tae wòle be dzilawo nagbɔ dzi ɖi afia wo viwo ale si woasrɔ̃ nui kple ale si woawɔ numekukui la le woƒe ƒometadedeagu me?

10 Ele eme be, dzilawo di be Ƒometadedeagu si yewowɔna kwasiɖa sia kwasiɖa la navivi yewo viwo nu. Gake togbɔ be ele be dzilawo nawɔ ɖoɖo ɖe nane koŋ si woasrɔ̃ le ƒometadedeagu me ŋu hã la, mehiã be woase le wo ɖokuiwo me be ele kokoko be yewoawɔ ɖoɖo ɖe nu tɔxɛwo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa o. Togbɔ be Ƒometadedeagu ate ŋu anye ɣeyiɣi nyui aɖe si me woakpɔ JW Nyakakadɔwɔƒea ƒe ɣleti sia ɣleti ƒe wɔnaa alo ɣeyiɣi si me ƒomea awɔ wɔna tɔxɛwo, abe Noa ƒe aɖakaʋua ƒe sue aɖe kpakpa ene hã la, ele vevie hã be woafia ale si wosrɔ̃a nui la ɖeviawo. Le kpɔɖeŋu me, ehiã be woasrɔ̃ ale si woadzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu, alo ale si woaku nu me le nya aɖe si do mo ɖa le suku la ŋu. (Xlẽ Hebritɔwo 5:14.) Ne wotea ŋu zãa ɣeyiɣi tsɔ srɔ̃a nu le aƒe me la, anɔ bɔbɔe na wo be woaɖo to nyuie le hamea ƒe kpekpewo kple takpekpewo me, ne video mele nyati si me ɖem wole la me o gɔ̃ hã. Eye ele godoo be nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe didime nasɔ ɖe ƒe si ɖeviawo xɔ kple woƒe nɔnɔme nu.

11. Nu ka tae wòle vevie be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ale si woasrɔ̃ nu le wo ɖokui si nyuie?

11 Ele be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo hã ale si woasrɔ̃ nui. Ne míekpɔe be míaƒe Biblia nusrɔ̃vi yeyewo dzra ɖo ɖe woƒe nusɔsrɔ̃a ŋu hafi míeyi wo gbɔ alo wodzra ɖo ɖe hame ƒe kpekpewo ŋu hete fli ɖe nyaŋuɖoɖowo te la, edzɔa dzi na mí. Gake ehiã be míafia míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo ale si woaku nu me kple ale si woasrɔ̃ nu le wo ɖokui si nyuie la wo. Esia awɔe be, ne wodo go kuxiwo la, woate ŋu aku nu me le míaƒe agbalẽwo me ake ɖe aɖaŋuɖoɖo nyuiwo ŋu, tsɔ wu be woate ɖe hamea me tɔ aɖe ŋu enumake be wòakpe ɖe yewo ŋu.

TAÐODZINU AÐE NENƆ ASIWÒ NE ÈLE NU SRƆ̃M

12. Ne míele nu srɔ̃m la, taɖodzinu kae wòle be wòanɔ mía si?

12 Ne nusɔsrɔ̃ meɖena na wò tututu o la, ɖewohĩ àsusu be yemate ŋu ase vivi na nusɔsrɔ̃ gbeɖe o. Gake àte ŋui. Nu si nàwɔe nye be, nànɔ nu srɔ̃m hena ɣeyiɣi kpuikpuikpuiwo le gɔmedzedzea me, eye nànɔ ɣeyiɣi si nètsɔ srɔ̃a nui la dzim ɖe edzi vivivi. Taɖodzinu aɖe nenɔ asiwò. Gake taɖodzinu vevitɔ si wòle be wòanɔ mía si ye nye be, míanɔ tetem ɖe Yehowa ŋu geɖe wu. Taɖodzinu aɖe si gbɔ míadi be míaɖo enumakee nye be, míakpɔ ŋuɖoɖo na nya aɖe si ame aɖe bia mí alo míaku nu me ahakpɔ kuxi aɖe si me tom míele la gbɔ.

13. (a) Ƒo nu tso afɔ siwo wòle na sɔhɛwo be woaɖe be woate ŋu aɖe woƒe dzixɔsewo me na amewo le suku la ŋu. (b) Ne sɔhɛe nènye la, aleke nàte ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo si dze le Kolosetɔwo 4:6 la ŋu dɔ?

13 Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛ si kpɔtɔ le suku ye nènyea? Ðewohĩ, wò sukuhatiwo katã ɖua woƒe dzigbezã. Àdi be yeazã Biblia atsɔ aɖe nu si tae mèwɔa ɖeka kpli wo le dzigbezãɖuɖu me o la me na wo, gake, ɖewohĩ, èsena le ɖokuiwò me be yemesu te tututu o. Esia bia be nàɖoe koŋ be yeasrɔ̃ nu tso nya sia ŋu ayi ŋgɔe! Ele be taɖodzinu eve nanɔ asiwò: (1) nàna kakaɖedzi si le wò ŋutɔ asiwò be dzigbezãɖuɖu medzea Mawu ŋu o la me nagasẽ ɖe edzi, eye (2) nàgabi ɖe Biblia me nyateƒea me ɖeɖe me nyuie wu. (Mat. 14:6-11; 1 Pet. 3:15) Gbã, àte ŋu abia ɖokuiwò be, ‘Susu kawo tae nye sukuhatiwo ɖua dzigbezã ɖo?’ Eyome, ku nu me nyuie le míaƒe agbalẽwo me. Àva kpɔe be wò dzixɔsewo me ɖeɖe na amewo menye nu sesẽ abe ale si nèsusui ene o. Ame geɖewo ɖua dzigbezã le esi wosusu be ame sia ame ɖunɛ ko ta. Ne èke ɖe susu vevi ɖeka eve aɖewo siwo me nàte ŋu aɖe nyuie ŋu la, àte ŋu aɖo nya ŋu na ame si di anukwaretɔe be yeanya nu si tae mèɖua dzigbezã o.—Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.

NA NUSƆSRƆ̃ NADZRO WÒ

14-16. (a) Nu kae nàwɔ be nàva nya Biblia-gbalẽ aɖe si ŋu mènya nu boo aɖeke tso o la nyuie? (b) Ðe ale si mawunyakpukpui siwo woyɔ la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànya nu tso Amos ƒe agbalẽa ŋu nyuie la me. (Kpɔ aɖaka si nye “ Kpɔ Biblia Me Nudzɔdzɔawo Le Susu Me!” hã.)

14 Tsɔe be le kwasiɖa domedome kpekpea ƒe ɖoɖowɔɖia dzi la, madidi o míadzro Biblia-gbalẽ aɖe si nyagblɔɖila siwo woyɔna be nyagblɔɖila suewo * la dometɔ aɖe ŋlɔ la me, eye ɖewohĩ, mènya nu boo aɖeke tso nyagblɔɖila ma ŋu o. Ðewohĩ, afɔ gbãtɔ si nàɖee nye be, wò ŋutɔ nàdi vevie be yeanya nu tso agbalẽa ŋu nyuie. Aleke nàte ŋu awɔ esiae?

15 Gbã, bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae menya tso nyagblɔɖila si ŋlɔ agbalẽa ŋu? Ame ka ƒomevie wònye, afi kae wònɔ, dɔ ka wɔlae wònye?’ Nu siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nu si tae wòzã nyagbɔgblɔ alo kpɔɖeŋu aɖewo ɖo la gɔme. Ne èle Biblia xlẽm la, wò susu nenɔ nyagbe siwo ɖe agbalẽa ŋlɔlaa ƒe amenyenye fia la ŋu.

16 Eyome, àkpɔe be aɖe vi ŋutɔ be nànya ɣeyiɣi si me wòŋlɔ agbalẽa. Àte ŋu awɔ esia bɔbɔe ne èkpɔ Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe akpa si nye “Biblia-gbalẽwo Ŋuti Nuŋlɔɖi.” Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu ato nyatakakaɖaka si ku ɖe nyagblɔɖilawo kple fiawo ŋu, si dze le Megbenyawo A6, la me. Ne nyagblɔɖigbalẽ ye Biblia-gbalẽ si ŋu nèle nu srɔ̃m tsoe nye la, anyo be nàku nu me anya nu tso ale si nuwo nɔ le agbalẽa ŋlɔɣi ŋu. Nɔnɔme alo nuwɔna gbegblẽ kawo ŋue Yehowa dɔ nyagblɔɖilaa be wòaxlɔ̃ nu dukɔa tsoe? Ame kawoe nye eŋɔlimetɔwo? Ahiã be nàku nu me le Biblia-gbalẽ bubuwo me hafi nàte ŋu akpɔ nɔnɔme bliboa katã le susu me nyuie. Le kpɔɖeŋu me, hafi nàte ŋu ase nu siwo nɔ edzi yim le nyagblɔɖila Amos ƒe ŋkekea me gɔme nyuie la, ahiã be nàxlẽ Fiawo Ƒe Agbalẽ Evelia kple Kronika Ƒe Agbalẽ Evelia ƒe akpa aɖewo, siwo dze le Amos 1:1 ƒe titinanuŋɔŋlɔwo me la hã. Azɔ hã, ɖewohĩ, àto Hosea, si anya nɔ anyi le Amos ŋɔli la, ƒe agbalẽa me. Ne èto Biblia-gbalẽ siawo katã me la, esia akpe ɖe ŋuwò nàse ale si agbea nɔ le Amos ƒe ŋkekea me la gɔme nyuie.—2 Fia. 14:25-28; 2 Kron. 26:1-15; Hos. 1:1-11; Amos 1:1.

LÉ ŊKU ÐE NU ŊU

17-18. Zã kpɔɖeŋu siwo le memamawo me alo wò ŋutɔ wɔ kpɔɖeŋu nàtsɔ aɖe ale si ŋkuléle ɖe nyatakaka suesuesue siwo màbu ɖe ɖeke me o ŋu ate ŋu ana nàse vivi na Biblia-sɔsrɔ̃ la me.

17 Ne èle Biblia xlẽm la, anyo be didia nanɔ mewò be yeasrɔ̃ nu geɖe ale si yeate ŋui tso eme. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be èle Zakariya ƒe nyagblɔɖigbalẽa ƒe ta 12 lia, si ƒo nu tso Mesia ƒe ku ŋu la xlẽm. (Zak. 12:10) Esi nèva ɖo kpukpui 12 lia dzi la, èxlẽe be ‘Natan ƒe aƒe ƒe ƒomea’ afa konyi vevie le Mesia la ƒe ku ŋu. Le esi nàto edzi ayi kaba teƒe la, ètɔ vie hebia ɖokuiwò be: ‘Kadodo kae le Natan ƒe aƒe la kple Mesia la dome? Ðe mate ŋu ato mɔ aɖe dzi anya nu geɖe tso eŋua?’ Afi siae numekuku tsitotsito hiã le. Kpukpui 12 lia ƒe titinanuŋɔŋlɔawo dometɔ aɖe he susu yi 2 Samuel 5:13, 14, afi si gblɔ be Natan nye Fia David ƒe viŋutsuwo dometɔ ɖeka la dzi. Eƒe titinanuŋɔŋlɔ bubu si nye Luka 3:23, 31 la ɖee fia be Yesu nye Natan ƒe dzidzimevi tẽe tso Maria dzi. * Kasia, ewɔ yaa ɖe wò! Ɛ̃, wò nu ku! Ènyae be wogblɔe ɖi be Yesu anye David ƒe dzidzimevi. (Mat. 22:42) Gake viŋutsu siwo wu 20 ye nɔ David si. Ðe mewɔ nuku ŋutɔ be Zakariya tɔ asi Natan ƒe aƒe la dzi tẽe be afa konyi le Yesu ƒe kua ta le susu aɖe ta oa?

18 Gabu kpɔɖeŋu bubu aɖe hã ŋu kpɔ. Le Luka ƒe agbalẽa ƒe ta gbãtɔ me la, míexlẽ be mawudɔla Gabriel si va Maria gbɔ la gblɔ nɛ tso ɖevi si dzi ge wòala la ŋu be: “Eya anye gã, eye woayɔe be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi, eye Yehowa Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ, aɖu fia ɖe Yakob ƒe aƒe la dzi tegbee.” (Luka 1:32, 33) Ðewohĩ, míaƒe susu anɔ Gabriel ƒe gbedeasia ƒe akpa si gblɔ be woayɔ Yesu be “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi” la dzi. Gake Gabriel gblɔe ɖi hã be Yesu “aɖu fia.” Eya ta, míabia mía ɖokuiwo be, Aleke Maria se Gabriel ƒe nya mawo gɔme? Ðe wòse Gabriel ƒe nyawo gɔme be Yesu ava xɔ ɖe Fia Herodes teƒe loo alo ava nye ame siwo aɖu fia le Israel-nyigba dzi ɖe eyome la dometɔ ɖeka? Ne Yesu va zu fia vavã la, ekema, Maria azu nyɔnufia, eye eƒe ƒomea aɖanɔ fiasã me. Ke hã, nuŋlɔɖi aɖeke meli si ɖee fia be Maria bia nya sia tɔgbi Gabriel o; eye míexlẽe le Biblia ƒe afi aɖeke kpɔ be Maria bia be woana ɖoƒe ye le Fiaɖuƒea me, abe ale si Yesu ƒe nusrɔ̃la eve aɖewo wɔe ene o. (Mat. 20:20-23) Nyatakaka sia gaɖo kpe edzi na mí kɔtɛ be Maria nye nyɔnu si bɔbɔ eɖokui ale gbegbe!

 19-20. Abe ale si wòdze le Yakobo 1:​22-25 kple 4:8 ene la, nu kae nyea míaƒe taɖodzinu ne míele nu srɔ̃m?

19 Anyo be míaɖo ŋku edzi be, ne míele Mawu ƒe Nyaa kple míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo srɔ̃m la, míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli. Míedi hã be míakpɔ “ame si ƒomevi” míenye la nyuie eye míawɔ tɔtrɔ siwo hiã be míadze Mawu ŋu. (Xlẽ Yakobo 1:22-25; 4:8.) Eya ta, ɣesiaɣi si míele nu srɔ̃ ge la, ele be míado gbe ɖa abia Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Ele be míaƒo koko nɛ be wòakpe ɖe mía ŋu nusɔsrɔ̃a naɖe vi na mí bliboe eye míakpɔ tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ la adze sii.

20 Neva eme be mí katã míanɔ abe Mawu subɔla si ŋu hakpalaa ƒo nu tsoe la ene, esi wògblɔ be: “Ekpɔa dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòxlẽa eƒe se la kple gbe blewu zã kple keli. . . . Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”—Ps. 1:2, 3.

HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo

^ mm. 5 Yehowa na video siwo míakpɔ, agbalẽ siwo míaxlẽ kple esiwo míasrɔ̃ la mí le agbɔsɔsɔ gã aɖe me dɔmenyotɔe. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míatso nya me le nu si míasrɔ̃ ŋu, eye ana afɔɖoƒe siwo akpe ɖe mía ŋu be míaƒe nusɔsrɔ̃wo naɖe vi geɖe wu na mí la mí.

^ mm. 14 NYAMEÐEÐE: Zi geɖe la, woyɔa nyagblɔɖila siwo ŋlɔ Biblia-gbalẽ siwo tso Hosea ƒe agbalẽa dzi va se ɖe Malaki ƒe agbalẽa dzi la be nyagblɔɖila suewo.

^ mm. 63 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Dzila aɖewo le ale si woadzra ɖo ɖe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ ŋui la fiam wo viwo.

^ mm. 65 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe le nu me kum tso Biblia ŋlɔla Amos ŋu. Nɔnɔmetata siwo le emegbe la le tsitre ɖi na nu siwo kpɔm nɔviŋutsua le le susu me esime wòle Biblia me nuŋlɔɖia xlẽm hele ŋugble dem le wo ŋu.