Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

Mègana “Xexe Sia Me Nunya” Naflu Wò O

Mègana “Xexe Sia Me Nunya” Naflu Wò O

“Xexe sia me nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ.”​—1 KOR. 3:19.

HADZIDZI 98 Ŋɔŋlɔawo—Wotso Mawu Ƒe Gbɔgbɔ Me

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Mawu ƒe Nya la fia mí?

ESI wònye be Yehowae nye míaƒe Nufiala Gãtɔ ta la, míate ŋu aƒo asa na xexe sia ƒe ameflunu ɖe sia ɖe dzidzedzetɔe. (Yes. 30:20, 21) Eƒe Nya la na nu sia nu si míehiã be ‘míadze bliboe’ eye “[míanɔ] dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ” la mí. (2 Tim. 3:17) Ne míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu la, enana míedzea nunya wu ame siwo doa “xexe sia me nunya” ɖe ŋgɔ.—1 Kor. 3:19; Ps. 119:97-100.

2. Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Abe ale si míele ekpɔ ge ene la, nu siwo xexea ƒe nunya dona ɖe ŋgɔ la nye nu siwo dzroa mí zi geɖe. Eya ta, míate ŋu akpɔe be esesẽna na mí be míaƒo asa na nuŋububu kple nuwɔwɔ abe xexea me tɔwo ene keŋkeŋ. Susu nyui aɖe tae Biblia xlɔ̃ nu mí be: ‘Mikpɔ nyuie be ame aɖeke nagato xexemenunya kple beble dzodzro si wotu ɖe amewo ƒe kɔnyinyiwo dzi la dzi aɖe aboyo mi o.’ (Kol. 2:8) Le nyati sia me la, míadzro ale si wòdzɔe be ame geɖe va xɔ beble dzodzro eve aɖewo dzi se la ƒe ŋutinya me. Ne míele wo dometɔ ɖe sia ɖe me dzrom la, míakpɔ nu si tae xexe sia me nunya nye bometsitsi kple ale si nunya si le Mawu ƒe Nyaa me de ŋgɔ sãsãsã wu xexe sia me nunya ɖe sia ɖe.

AMEWO ƑE NUŊUBUBU LE GBƆDƆNYAWO ŊU VA TRƆ

3-4. Aleke amewo ƒe nuŋububu le gbɔdɔnyawo ŋu va trɔ le Amerika tso ƒe 1900 va ɖo ƒe 1930 me?

3 Tso ƒe 1900 ƒe gɔmedzedze la, amewo ƒe nuŋububu le gbɔdɔnyawo ŋu va trɔ le mɔ ɖedzesi aɖe nu le Amerika. Tsã la, ame geɖe xɔe se be srɔ̃tɔwo koe wòle be woadɔ wo nɔewo gbɔ eye mesɔ kura be amewo naƒo nu tso gbɔdɔnyawo ŋu le ame dome o. Gake amewo va tu afɔkpo agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenu mawo, eye ʋɛʋɛʋɛ la, nuŋububu si nye be ame sia ame ate ŋu awɔ nu si dze eŋu la va kaka.

4 Wova nya ƒe 1920-awo be, wonye ƒe siwo me tɔtrɔ ɖedzesiwo va kpɔ ŋusẽ ɖe ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme dzi le esime wova vu ɖe agbeɖuɖu kple gakpɔkpɔ ŋu eye amewo ƒe nuwɔna kple nuŋububu le gbɔdɔnyawo ŋu va trɔ ale gbegbe. Numekula aɖe gblɔ be: “Sinimawo, fefewo, hadzidziwo, agbalẽwo kple boblododowo katã me nyawo va nɔ kukum ɖe gbɔdɔdɔ ŋu geɖe wu.” Le ƒe mawo me la, ɣeɖuɖu ƒe atsyãwo hã va kuna ɖe gbɔdɔnuwɔnawo ŋu geɖe wu eye amewo megadoa awu le ŋuɖɔɖo me kura o. Abe ale si Biblia gblɔe ɖi le ŋkeke mamlɛawo ŋu ene la, eva ɖe dzesi ƒãa be amewo va zu “ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ.”—2 Tim. 3:4.

Xexea ƒe nuŋububu totrowo le agbe nyui nɔnɔ ŋu meflu Yehowa ƒe amewo o (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Aleke amewo ƒe nuŋububu le agbe nyui nɔnɔ ŋu va trɔ tso ƒe 1960-awo me?

5 Le ƒe 1960-awo me la, eva zu nu si bɔ be ŋutsu kple nyɔnu nanɔ wo nɔewo gbɔ srɔ̃maɖemaɖee, ŋutsuwo va le dɔdɔm kple ŋutsuwo eye nyɔnuwo va le dɔdɔm kple nyɔnuwo, eye srɔ̃gbegbe hã va dzi ɖe edzi. Wova nɔ gbɔdɔnuwɔnawo ɖem fia gaglãa le modzakaɖenu geɖe me wu tsã. Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, agbe ƒaƒã nɔnɔ me tsonu gbegblẽawo va ɖe dzesi le mɔ geɖe nu. Agbalẽŋlɔla aɖe ŋlɔ bena, ne amewo dzudzɔ agbenɔnɔ ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋuti se ɖɔʋuwo nu la, nu gbegblẽwo sɔŋ koe dona tso eme. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔwo klãna tso wo nɔewo gbɔ, le go aɖewo me la, dzila ɖeka koe va nɔa ɖeviawo dzi kpɔm, seselelãmekuxiwo va le fu ɖem na ame geɖe, eye amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ va nye kuxi le ame aɖewo ŋu. Ale si gbegbe dɔxɔleameŋuwo, abe AIDS ene, siwo tsoa gbɔdɔdɔ manɔsenu me va bɔe la nye kpeɖodzi ɖeka si ɖee fia be xexe sia me nunya nye bometsitsi vavã.—2 Pet. 2:19.

6. Aleke xexea ƒe nuŋububu le gbɔdɔdɔ ŋu doa Satana ƒe taɖodzinu ɖe ŋgɔe?

6 Xexea ƒe nuŋububu le gbɔdɔdɔ ŋu doa Satana ƒe taɖodzinu ɖe ŋgɔ. Ðikeke mele eme o be, edzɔa dzi nɛ ŋutɔ ne ekpɔ amewo wole gbɔdɔdɔ si nye Mawu ƒe nunana la ŋu dɔ wɔm le mɔ gbegblẽ nu heɖia gbɔ̃ srɔ̃ɖeɖe si nye Mawu ƒe nunana la. (Ef. 2:2) Menye ɖeko ame ɖokui ƒoƒo ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me ƒoa ɖi vidzidzi ƒe ŋutete dzeameŋu si Yehowa na amegbetɔwo la ko evɔ o, ke ate ŋu awɔe hã be agbe tegbee nɔnɔ nabɔ ame siwo ƒoa wo ɖokuiwo ɖe eme.—1 Kor. 6:9, 10.

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO GBƆDƆDƆ ŊU

7-8. Nu ka tae nya si Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la de ŋgɔ sãsãsã wu xexea tɔ?

7 Ame siwo nɔa agbe ɖe xexe sia me nunya nu la ɖia gbɔ̃ Biblia ƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu hegblɔna be susu mele wo me o. Ame mawo biana be, ‘Nu ka tae Mawu wɔ mí hede gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo mía me evɔ wòbe míagaɖi kɔ na dzodzro mawo o?’ Esi wosusuna vodadatɔe be, ele be ame sia ame nawɔ nu si dze eya ŋutɔ ŋu tae wobiaa nya sia ɖo. Gake nya si Biblia gblɔ la to vovo kura na ema. Biblia gblɔ be mele be míaɖi kɔ na míaƒe dzodzro ɖe sia ɖe o, ke boŋ, ŋutete le mía si be míaɖu mía ɖokui dzi. (Kol. 3:5) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa na srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa mí be míato esia me aɖi kɔ na míaƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo le bubu me. (1 Kor. 7:8, 9) Ne atsu kple asi aɖe ɖe wo nɔewo la, ŋutsua kple srɔ̃a ate ŋu aɖi kɔ na woƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo le ablɔɖe me eye womavɔ̃ na nu gbegblẽ siwo dona tso gbɔdɔdɔ manɔsenu me la o.

8 To vovo na xexe sia me nunya la, nya si Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔ ŋu la da sɔ. Biblia gblɔ nyuie be, kɔɖiɖi na míaƒe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzrowo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ. (Lod. 5:18, 19) Ke hã, egblɔ hã be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nanya ale si wòaɖu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi le kɔkɔenyenye kple bubu me, menye le gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ƒe fieŋufieŋu me, abe ale si dukɔ siwo menya Mawu o la wɔna ene o.”—1 Tes. 4:4, 5.

9. (a) Aleke wode dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo le ƒe 1900 va ɖo ƒe 1930 me be woalé nunya deŋgɔ si le Mawu ƒe Nyaa me ɖe asi sesĩe? (b) Aɖaŋuɖoɖo si me nunya le kae dze le 1 Yohanes 2:15, 16? (d) Le Romatɔwo 1:24-27 ƒe nya nu la, gbɔdɔnuwɔna kawoe wòle be míaƒo asa na?

9 Le ƒe 1900 va ɖo ƒe 1930 me la, ame siwo ‘naneke megakpea ŋu na o’ la ƒe nuŋububu totrowo meflu Yehowa ƒe amewo o. (Ef. 4:19) Yehowa ƒe amewo dze agbagba lé Yehowa ƒe dzidzenuwo me ɖe asi goŋgoŋ. May 15, 1926, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ be, “ele be ŋutsu ɖe sia ɖe nanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe le susu kple nuwɔna me ne ele nu wɔm kple nyɔnuwo eye nenema kee wòle be nyɔnu ɖe sia ɖe nanɔ dzadzɛ ahanɔ kɔkɔe le susu kple nuwɔna me ne ele nu wɔm kple ŋutsuwo.” Nu ka kee ɖale edzi yim le xexea me ɣemaɣi o, Yehowa ƒe amewo ya lé nunya deŋgɔ si le Mawu ƒe Nyaa me la me ɖe asi sesĩe. (Xlẽ 1 Yohanes 2:15, 16.) Eya ta, edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Mawu ƒe Nyaa le mía si! Azɔ hã, Yehowa naa mɔfiame nyuiwo mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi be woakpe ɖe mía ŋu, ale be xexe sia ƒe nuŋububu le gbɔdɔdɔ ŋu nagaflu mí o. *Xlẽ Romatɔwo 1:24-27.

ALE SI AMEWO VA LE WO ÐOKUIWO LƆ̃MEE

10-11. Nu kae Biblia gblɔ be adzɔ le ŋkeke mamlɛawo me?

10 Biblia xlɔ̃ nu mí be, le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo ava zu “ɖokuilɔ̃lawo.” (2 Tim. 3:1, 2) Mewɔ nuku o be, xexea va le ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme sia dom ɖe ŋgɔ. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be, le ƒe 1970-awo me la, ‘agbalẽ siwo ɖoa aɖaŋu tso ale si woawɔ akpɔ dzidzedze le agbe me ŋu la va bɔ ŋutɔ.’ Egblɔ be, agbalẽ mawo dometɔ aɖewo “de dzi ƒo na nuxlẽlawo be woanya wo ɖokuiwo eye woalɔ̃ ame si ƒomevi wonye eye wòanye dada na wo.” Le kpɔɖeŋu me, bu nya si woŋlɔ ɖe agbalẽ mawo ƒe ɖe me ŋu kpɔ; woŋlɔ bena: “Lɔ̃ ɖokuiwò, elabe wòe nye ame si dze tugbe alo ame si dze ɖeka kple ame si ƒe nu léa dzi na ame wu ame bubu ɖe sia ɖe si nɔ anyi kpɔ.” Agbalẽa de dzi ƒo be “ame ŋutɔ netso nya me le nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ ŋu eye wòawɔ nu sia nu si eƒe dzitsinya nya ɖe mɔ nɛ be wòawɔ ko.”

11 Ðe nya sia mena wò susu yi nane si dzɔ kpɔ la dzi oa? Nu sia tɔgbi kee Satana de dzi ƒo na Xawa be wòawɔ. Egblɔ nɛ be ate ŋu ‘anɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.’ (1 Mose 3:5) Egbea, ame geɖe doa wo ɖokuiwo ɖe dzi ale gbegbe be, le woƒe susu nu la, ame aɖeke—Mawu gɔ̃ hã—mate ŋu agblɔ nu si nye nyui kple nu si nye vɔ̃ na wo o. Nɔnɔme sia va ɖe dzesi ŋutɔ, vevietɔ, le ale si amewo va le srɔ̃ɖeɖe bumee gome.

Kristotɔ aɖe kpɔe be ame bubuwo ƒe hiahiãwo, vevietɔ, ye srɔ̃ tɔwo, le vevie wu ye tɔwo (Kpɔ memama 12 lia) *

12. Susu kae xexea dona ɖe ŋgɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu?

12 Biblia de se na srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu be woade bubu wo nɔewo ŋu eye woawɔ woƒe srɔ̃ɖetamkakaa dzi. Ede dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woaɖoe kplikpaa be yewoaku ɖe yewo nɔewo ŋu esi wògblɔ be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu, eye woazu ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Gake ame siwo lɔ̃ xexe sia me nunya ya doa susu bubu kura ɖe ŋgɔ hegblɔna be, ele be srɔ̃tɔ ɖe sia ɖe nalé fɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Agbalẽ aɖe si ƒo nu tso srɔ̃gbegbe ŋu la gblɔ be: “Le srɔ̃ɖekɔnu aɖewo me la, woɖe srɔ̃ɖetamkakaa ƒe vevienyenye dzi kpɔtɔ esi wotrɔ srɔ̃ɖetam la ƒe akpa si gblɔ be, ‘zi ale si mí ame evea míele agbe’ la hegblɔe wòɖi be, ‘zi ale si mí ame evea míalɔ̃ mía nɔewo.’” Esi amewo megava bua srɔ̃ɖekadodoa be enye kadodo si bla srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu tegbee o ta la, srɔ̃tɔwo va le kaklãm tso wo nɔewo gbɔ wu tsã, eye esia wɔe be ame gbogbo manyaxlẽwo ƒe dzi gbã gudugudu. Ðikeke mele eme o be, xexea ƒe bubumademade srɔ̃ɖeɖe ŋu nye bometsitsi vavã.

13. Susu siwo tae dadalawo nye ŋunyɔ na Yehowa la dometɔ ɖeka ɖe?

13 Biblia gblɔ be: “Ame sia ame si dana le eƒe dzi me la nye ŋunyɔ na Yehowa.” (Lod. 16:5) Nu ka tae dadalawo nye ŋunyɔ na Yehowa? Susu ɖeka aɖe si tae ye nye be, ame siwo lɔ̃ wo ɖokuiwo ale gbegbe be wova doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo la va zua aglãdzelawo abe Satana ene. Wò ya bu eŋu kpɔ ko, Satana xɔe se be, ele be Yesu—ame si Mawu zã tsɔ wɔ nuwo katã la—nadze klo ade ta agu na ye ahasubɔ ye! (Mat. 4:8, 9; Kol. 1:15, 16) Ame siwo bua wo ɖokuiwo be yewole vevie nenema gbegbe la na wòdze ƒãa be xexe sia me nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ vavã.

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO AME ÐOKUI LƆLƆ̃ ŊU

14. Aleke nya si dze le Romatɔwo 12:3 la kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna le ale si míebua mía ɖokuii gome?

14 Biblia kpena ɖe mía ŋu míedana sɔna le ale si míebua mía ɖokuii gome. Biblia fia mí be esɔ be míalɔ̃ mía ɖokui va se ɖe afi aɖe. Yesu gblɔ be: “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene,” eye esia ɖee fia be esɔ be míalɔ̃ mía ɖokui ale si dze. (Mat. 19:19) Ke hã, Biblia fia mí hã be míagabu mía ɖokuiwo be míenyo wu ame bubuwo gbeɖe o. Ke boŋ, egblɔ be: “Migawɔ naneke le dzrehehe alo bubu dzodzro didi ta o, ke boŋ mitsɔ ɖokuibɔbɔ bu ame bubuwo be wonye gã wu mi.”—Flp. 2:3; xlẽ Romatɔwo 12:3.

15. Nu kae na nèka ɖe edzi be aɖaŋu si Biblia ɖo be míagabu be míenyo wu ame bubuwo o la le eteƒe?

15 Egbea, ame siwo amewo buna nunyalawoe la gblɔna be nunya mele Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be míabu ame bubuwo be wonye gã wu mí la me o. Wogblɔna be, ne èbua ame bubuwo be wonye gã wu wò la, ate ŋu ana woawɔ nu sia nu si dze wo ŋu ɖe ŋuwò eye woaɖu aƒetɔ ɖe dziwò. Gake, biabia lae nye be, ɖe nu nyui aɖe do tso ame ɖokuitɔ didi ƒe nɔnɔme si Satana ƒe xexea do ɖe ŋgɔ la mea? Nu ka teƒe kpɔm nèle? Ðe ɖokuitɔdilawo nye dzidzɔmewoa? Ðe woƒe ƒomea kpɔa dzidzɔa? Ðe xɔlɔ̃ vavãwo le wo sia? Ðe woa kple Mawu dome le nyuiea? Le nu siwo teƒe wò ŋutɔ nèkpɔ nu la, xexe sia me nunyae nye nyuitɔ loo alo nunya si tso Mawu ƒe Nyaa me ye nye nyuitɔ?

16-17. Nu kae Yehowa wɔ na mí si tae wòle be míada akpe ɖo, eye nu ka tae?

16 Ame siwo zɔna ɖe ame siwo xexea me tɔwo buna nunyalawoe ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi la le abe mɔzɔla aɖe si bú si le mɔ ta biam mɔzɔla bubu aɖe si hã bú la ene. Yesu gblɔ tso ame siwo wobuna “nunyalawoe” le eƒe ŋkekea me ŋu be: ‘Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye. Ke ne ŋkuagbãtɔ le ŋkuagbãtɔ kplɔm la, wo ame evea siaa woage dze do me.’ (Mat. 15:14) Vavãe, xexe sia me nunya nye bometsitsi le Mawu gbɔ.

Yehowa subɔlawo le foto siwo woɖe le ƒe siwo me wowɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me la kpɔm kple dzidzɔ (Kpɔ memama 17 lia) *

17 Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyuiawo “[nyo] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me” ɣesiaɣi. (2 Tim. 3:16) Míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa to eƒe habɔbɔa dzi kpɔ mía ta be xexe sia me nunya meflu mí o! (Ef. 4:14) Nu nyui siwo wòfia mí la do ŋusẽ mí be míalé dzidzenu siwo le eƒe Nyaa me la me ɖe asi sesĩe. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na mí be Yehowa toa nunya deŋgɔ si le Biblia me, si ŋu kakaɖedzi blibo le, la dzi fiaa mɔ mí!

HADZIDZI 54 “Mɔ Lae Nye Esi”

^ mm. 5 Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míagaka ɖe edzi geɖe wu be Yehowae nye Mɔfiala ɖeka kolia si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo. Nyatia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe hã be, agbenɔnɔ ɖe xexe sia me nunya nu gblẽa nu le ame ŋu vevie, gake agbenɔnɔ ɖe nunya si le Mawu ƒe Nyaa me nu ɖea vi geɖe.

^ mm. 9 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ agbalẽ siwo nye Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent. Réponses pratiques), Babla 1, ta 25-26, kple Babla 2, ta 4-5, kpakple agbalẽ gbadza si nye Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo, Nyabiase 7, axa 21-23.

^ mm. 50 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsua kple nɔvinyɔnua siaa le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le ƒe 1960-awo me.

^ mm. 52 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Le ƒe 1980-awo me la, srɔ̃ŋutsua le be lém na srɔ̃a si ƒe lãme gblẽ la esime wo vinyɔnuvia le eteƒe kpɔm.

^ mm. 54 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Egbea, atsu kple asia le foto siwo woɖe le ƒe siwo me wowɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me la kpɔm kple dzidzɔ. Wo vinyɔnua kple eƒe ƒomea hã le dzidzɔ kpɔm kpli wo.