GBETAKPƆXƆ—TATA SI MÍESRƆ̃NA May 2020

Nusɔsrɔ̃nyati siwo me míadzro tso July 6 va se ɖe August 2, 2020 la le tata sia me.

“Dziehefia” La Le Nuwuɣi La

Nusɔsrɔ̃nyati 19 Lia: July 6-12, 2020. Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “dziehefia” kple “anyiehefia” ŋu la kpɔtɔ le eme vam eye míele esia ƒe kpeɖodziwo teƒe kpɔm. Nu kae na míeka ɖe edzi nenema? Eye nu ka tae wòhiã be míase nyagblɔɖi sia gɔme tsitotsito?

Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La

Nyagblɔɖi siwo ku ɖe “dziehefia” kple “anyiehefia” ŋu la kpakple nyagblɔɖi bubuwo de nu wo nɔewo me. Aleke nyagblɔɖi siawo ɖo kpe edzi be nuɖoanyi sia awu enu kpuie?

Dziɖuɖu Kae Nye “Dziehefia” La Egbea?

Nusɔsrɔ̃nyati 20 Lia: July 13-19, 2020. Dziɖuɖu kae nye “dziehefia” la egbea, eye aleke wole etsrɔ̃ ge? Ne míenya biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo la, woate ŋu ado ŋusẽ míaƒe xɔse, eye esia akpe ɖe mía ŋu míanɔ dzadzraɖo ɖi na dodokpɔ siwo ava mía dzi kpuie.

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Siwo Mawu Na Mí La Ŋua?

Nusɔsrɔ̃nyati 21 Lia: July 20-26, 2020. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunana aɖewo ŋu geɖe wu. Akpe ɖe mía ŋu hã be míadzro nu me kple ame siwo gblɔna be Mawu meli o.

Ðee Fia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana Xɔasi Siwo Míekpɔna O La Ŋu

Nusɔsrɔ̃nyati 22 Lia: July 27–August 2, 2020. Le nyati si do ŋgɔ na esia me la, míeƒo nu tso nu vovovo siwo Mawu na mí, siwo míekpɔna la ŋu. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso Mawu ƒe nunana xɔasi siwo míekpɔna kple ŋku o kpakple ale si míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe wo ta la ŋu. Esia ana míagalɔ̃ Yehowa, Ame si na nu xɔasi siawo mí la geɖe wu.