Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 21

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Siwo Mawu Na Mí La Ŋua?

Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Siwo Mawu Na Mí La Ŋua?

“Oo Yehowa nye Mawu, nu siwo nèwɔ na mí la sɔ gbɔ loo! Wò nukudɔwo kple wò susu siwo nèɖe ku ɖe mía ŋu la sɔ gbɔ.”—PS. 40:5.

HADZIDZI 5 Mawu Ƒe Dɔwo Wɔ Nuku

NYA VEVIAWO *

1-2. Le Psalmo 40:5 ƒe nya nu la, nu kawoe Yehowa na mí, eye nu ka tae míaƒo nu tso wo dometɔ aɖewo ŋu le nyati sia me?

YEHOWA MAWU nyoa dɔme ŋutɔ. Bu nu siwo wòna mí la dometɔ aɖewo siwo nye, míaƒe anyigba si nya kpɔ ale gbegbe si le etɔxɛ, míaƒe ahɔhɔ̃, kpakple eƒe Nya, Biblia, la ŋu kpɔ. Esi Yehowa na nu etɔ̃ siawo mí ta la, ena anyigba zu míaƒe aƒe, míaƒe ahɔhɔ̃ nana míetea ŋu bua tame heƒoa nu kple mía nɔewo, eye míekpɔa agbemebiabia veviwo hã ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me.—Xlẽ Psalmo 40:5.

2 Míaƒo nu tso nunana etɔ̃ mawo ŋu kpuie le nyati sia me. Ne míedea ŋugble le wo ŋu la, míagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu geɖe wu eye esia awɔe be míagadi vevie wu be míana mía Wɔla lɔ̃ame, Yehowa, nakpɔ dzidzɔ. (Nyaɖ. 4:11) Esia awɔe hã be anɔ bɔbɔe na mí wu be míaɖe nu me na ame siwo woble wova xɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafia dzi se.

MÍAƑE ANYIGBA LE ETƆXƐ

3. Nu ka tae anyigbaa le etɔxɛ?

3 Ne míede ŋugble le ale si Mawu wɔ anyigba sia si nye míaƒe aƒe ŋu la, míekpɔnɛ be nunya le esi ŋutɔ. (Rom. 1:20; Heb. 3:4) Menye míaƒe anyigba koe nye ɣletinyigba si ƒoa xlã ɣea o, ke hã, míaƒe anyigba ya le etɔxɛ, elabe nɔnɔmeawo katã sɔ nyuie le edzi be amegbetɔwo nate ŋu anɔ agbe le edzi.

4. Ne míelé ŋku ɖe ale si Mawu wɔ anyigbaa ŋu la, nu ka tae míate ŋu agblɔ be nunya le esi ŋutɔ? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

4 Anyigbaa le ko abe tɔdziʋu si le yiyim le atsiaƒu gbanaa dzi ene, elabe anyigbaa le zɔ ɖem le xlã ƒom ɣea le yame. Gake vovototo gã aɖe le tɔdziʋu si me ame gbogbowo le la kple míaƒe anyigbaa dome. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be ehiã be ame siwo le tɔdziʋu aɖe me la nawɔ woawo ŋutɔwo ƒe ya si woagbɔ, woawɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuɖuɖu, kple tsi si woano, eye womatsɔ gbeɖuɖɔ aɖeke aƒu gbe ɖe atsiaƒua me o, ɣeyiɣi didi kae woate ŋu anɔ agbe le tɔdziʋua me? Madidi o, wo katã woaku. Ke hã, anyigba ya tea ŋu léa amegbetɔ akpeakpe teƒe akpewo kple lãwo ƒe agbe ɖe te. Anyigba tea ŋu wɔa ya si míegbɔna, nuɖuɖu, kple tsi si míehiã, eye nu vevi mawo mevɔna gbeɖe o. Togbɔ be míetsɔa gbeɖuɖɔ siwo míewɔna le anyigba dzi la ƒua gbe ɖe yamenutowo me o hã la, anyigba gakpɔtɔ nyakpɔ eye amegbetɔwo gakpɔtɔ le agbe le edzi. Nu ka tae wòle alea? Yehowa wɔ anyigba le mɔ aɖe nu be gbeɖuɖɔwo tea ŋu trɔna zua nu bubu siwo ɖea vi na mí. Míadzro ale si esia dzɔna le ya si míegbɔna kple tsi siwo míezãna gome la me kpuie.

5. Aleke wòdzɔna be míekpɔa ya nyui gbɔna, eye nu ka dzie esia ɖo kpe?

5 Ɔksidzin nye ya nyui si amegbetɔwo kple lãwo gbɔna. Amegbetɔwo kple lãwo gbɔa ya madzudzɔmadzudzɔe ƒe sia ƒe. Nenema kee amegbetɔwo kple lãwo ɖea ya ƒoɖi si woyɔna be carbon dioxide (dioxyde de carbone) la ɖe ya me. Ke hã, míegbɔa ya nyuia katã wòvɔna gbeɖe o, eye ya ƒoɖia hã meva xɔa yame katã gbeɖe o. Nu ka tae wòle alea? Nu si tae nye be, Yehowa wɔ nu gbagbe bubu vovovowo hã, siwo gbɔa ya ƒoɖia eye woɖea asi le ya nyuia ŋu ɖe ya me—esiawo ƒe ɖewoe nye atiwo kple nu miemie siwo nye adruwo. Esiawo katã ɖo kpe edzi be nya si dze le Dɔwɔwɔwo 17:24, 25 be, ‘Mawu naa agbe kple agbegbɔgbɔ ame sia ame’ la nye nyateƒe.

6. Aleke tsi wɔna dzana, eye nu ka dzie esia ɖo kpe? (Kpɔ aɖaka si nye “ Tsi Nye Nunana Tso Yehowa Gbɔ” hã.)

6 Tsi bɔ ɖe anyigbaa dzi fũu; nu si tae nye be anyigbaa le teƒe si sɔ nyuie tso ɣea gbɔ. Ne ɖe míaƒe anyigbaa te ɖe ɣea ŋu wu ale si wòle fifia la, edzi aƒu kplakplakpla ahaxɔ dzo gbãgbãgbã eye nu gbagbe aɖeke manɔ edzi o. Eye ne ɖe wòte ɖa le ɣea ŋu vie la, tsi siwo katã le anyigbaa dzi la awɔ kpe, eye anyigbaa azu abe tsikpe gã nogo aɖe ene. Esi wònye be Yehowa tsɔ anyigbaa ɖo teƒe sia si sɔ nyuie ta la, esia wɔe be tsi le anyigbaa dzi eye nu gbagbewo le agbe le edzi. Ɣe ƒe dzoxɔxɔ hea tsi tso atsiaƒu kple tsitawo me le anyigba dzi yia yame wova zua alilikpowo. Tsi agbɔsɔsɔme si ɣea hena tso atsiaƒu kple tawo me yia dzi ƒe sia ƒe la sɔ gbɔ wu tsi siwo le tsita siwo katã le anyigba dzi la me. Tsi siwo va zu alilikpowo le yame la nɔa yame abe ŋkeke ewo ene hafi va zua tsi alo sno dzana. Ne tsia dza la, esina yia atsiaƒu kple tsitawo me eye ɣea gahenɛ wògatrɔna dzana; aleae wòyia edzi ɖaa. Esia wɔnɛ be tsi nɔa anyigba dzi ɣesiaɣi eye wòléa agbe ɖe te. Esia ɖee fia be nunya kple ŋusẽ geɖe le Yehowa si.—Hiob 36:27, 28; Nyagb. 1:7.

7. Mɔ siwo nu míate ŋu aɖee afia le be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 115:16 ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

7 Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míagakpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe anyigba wɔnukua kple nu nyui siwo katã le edzi la ŋu geɖe wu? (Xlẽ Psalmo 115:16.) Nu siwo akpe ɖe mía ŋu la dometɔ ɖekae nye be míanɔ ŋugble dem le Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo ŋu. Esia aʋã mí be míada akpe na Yehowa gbe sia gbe ɖe nu nyui siwo wònana mí la ta. Azɔ hã, ne míenana teƒe si míele la nɔa dzadzɛ la, míeɖenɛ fiana be míekpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe anyigbaa ŋu.

MÍAƑE AHƆHƆ̃ WƆNUKU LA

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowa wɔ míaƒe ahɔhɔ̃a le mɔ wɔnuku aɖe nu?

8 Yehowa wɔ míaƒe ahɔhɔ̃a le mɔ wɔnuku aɖe nu. Esime nènɔ dawò ƒe vidzidɔ me la, wò ahɔhɔ̃a tsi le mɔ aɖe si ŋu Mawu wɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ la nu, esime wò ahɔhɔ̃menugbagbevi yeye akpe teƒe akpewo tsina gbe sia gbe! Numekulawo bu akɔnta be ahɔhɔ̃menugbagbevi akpe teƒe akpe ɖeka, teƒe alafa ɖeka sɔŋ, ye le ame tsitsi ƒe ahɔhɔ̃ me. Ahɔhɔ̃menugbagbevi siawo katãe ƒo ƒu nye wò ahɔhɔ̃ si ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram ɖeka kple afã ene. Wò ya bu ahɔhɔ̃a ƒe ŋutete wɔnuku ʋɛ aɖewo ko ŋu kpɔ.

9. Nu kae ɖo kpe edzi na wò be míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea nye nunana tso Mawu gbɔ?

9 Míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea nye nukunu. Bu ale si wòdzɔnae be míetea ŋu ƒoa nu ŋu kpɔ. Hafi nàgblɔ nya ɖeka la, wò ahɔhɔ̃a fiaa mɔ lãmeka siwo ade alafa ɖeka la le wò aɖe, vehlo, nuyiwo, glã, kple akɔta wowɔa dɔ le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu. Hafi amewo nate ŋu ase nya si nègblɔ gɔme la, ele be lãmeka siawo katã nawɔ dɔ le woƒe game dzi pɛpɛpɛ. Numekuku aɖe si wowɔ le nuƒoƒo ƒe ŋutete ŋu le ƒe 2019 me la ɖee fia be vidzĩwo tea ŋu dea dzesi nya ɖekaɖekawo. Nya sia ɖo kpe nu si dzi numekula geɖewo xɔ se la dzi—eyae nye be ɖe wodzi mí kple ŋutetea be míate ŋu ade dzesi gbegbɔgblɔ vovovowo ahasrɔ̃ wo. Vavãe, míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea nye nunana tso Mawu gbɔ.—2 Mose 4:11.

10. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nuƒoƒo ƒe ŋutete si Mawu na mí la ŋu?

10 Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea ŋu ye nye be míaɖe nu si tae míexɔ Mawu dzi se la me na ame siwo xɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi se. (Ps. 9:1; 1 Pet. 3:15) Ame siwo doa nufiafia ma ɖe ŋgɔ la gblɔna be anyigbaa kple nu gbagbe siwo katã le edzi la dzɔ le wo ɖokuisi. Míate ŋu azã Biblia kple nu siwo me míedzro le nyati sia me la dometɔ aɖewo atsɔ aʋli mía Fofo si le dziƒo la ta ahaɖe nu si tae míeka ɖe edzi be Yehowa ye nye dziƒo kple anyigba Wɔla la me na ame siwo di be yewoasee.—Ps. 102:25; Yes. 40:25, 26.

11. Susu siwo tae míaƒe ahɔhɔ̃a wɔ nuku la dometɔ aɖee nye ka?

11 Ŋutete si le mía si be míeɖoa ŋku nu dzi la wɔ nuku. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be ŋutete le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ si be wòaɖo ŋku nyatakaka siwo woate ŋu aŋlɔ ɖe agbalẽ gã akpe alafa eve teƒe alafa ɖeka sɔŋ me la dzi. Gake fifia, woxɔe se be ŋutete le míaƒe ahɔhɔ̃a si be wòaɖo ŋku nyatakaka siwo sɔ gbɔ wu ema kura la dzi. Esi míaƒe ahɔhɔ̃a de ŋgɔ alea gbegbe ta la, ŋutete tɔxɛ kae le mía si?

12. Aleke ŋutete si le mía si be míade vovototo nu nyui kple nu vɔ̃ dome la na míeto vovo na lãwo?

12 Le nu gbagbe siwo katã le anyigba dzi dome la, amegbetɔwo koe tea ŋu ɖoa ŋku nu siwo dzɔ va yi dzi hedea ŋugble le wo ŋu ale be woate ŋu ade vovo nyui kple vɔ̃ dome. Esia ta la, míetea ŋu srɔ̃a agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu nyuiwo eye míetrɔa míaƒe nuŋububu kple agbenɔnɔ. (1 Kor. 6:9-11; Kol. 3:9, 10) Le nyateƒe me la, míate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya be wòakpe ɖe mía ŋu míade vovo nyui kple vɔ̃ dome. (Heb. 5:14) Eye míate ŋu asrɔ̃ ale si míaɖe lɔlɔ̃, veveseɖeamenu, kple nublanuikpɔkpɔ afia. Azɔ hã, míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye.

13. Le Psalmo 77:11, 12 ƒe nya nu la, aleke wòle be míazã ŋutete si Mawu na mí be míetea ŋu ɖoa ŋku nu dzi la?

13 Mɔ aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe ŋutete si Yehowa na mí be míetea ŋu ɖoa ŋku nu dzi la ŋue nye be míanɔ ŋku ɖom ɣeyiɣi siwo katã me Yehowa kpe ɖe mía ŋu hefa akɔ na mí va yi la dzi. Esia ana míaka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu le etsɔme hã. (Xlẽ Psalmo 77:11, 12; 78:4, 7) Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ye nye be míanɔ ŋku ɖom nu nyui siwo ame bubuwo wɔ na mí la dzi eye míanɔ akpe dam ɖe wo ta. Numekulawo de dzesii be ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu hedaa akpe ɖe eta la nyea ame siwo tea ŋu kpɔa dzidzɔ wu. Azɔ hã, aɖe vi na mí ne míesrɔ̃a Yehowa le mɔ sia nu be míetianae be míaŋlɔ nanewo be. Le kpɔɖeŋu me, ŋutete deblibo le Yehowa si be wòaɖo ŋku nu sia nu dzi, gake etianɛ be yeatsɔ míaƒe vodadawo ake mí ahaŋlɔ wo be. (Ps. 25:7; 130:3, 4) Eye edi be míawo hã míawɔ nenema ke na ame bubuwo ne woɖee fia be ete ɖe yewo dzi be yewowɔ nane wòve mí.—Mat. 6:14; Luka 17:3, 4.

Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ahɔhɔ̃ si Yehowa na mí la ŋu ne míezãnɛ tsɔ dea bubu eŋu (Kpɔ memama 14 lia) *

14. Aleke míawɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ahɔhɔ̃ wɔnuku si Mawu na mí la ŋu?

14 Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe ahɔhɔ̃ wɔnuku si Yehowa na mí la ŋu ne míezãnɛ tsɔ dea bubu eya Ame si na ahɔhɔ̃a mí la ŋu. Ame aɖewo tiae be yewoazã yewoƒe ahɔhɔ̃a ɖokuitɔdiditɔe—le kpɔɖeŋu me, wozãnɛ tsɔ ɖoa nu si nye nu nyui kple nu si nye nu vɔ̃ ƒe dzidzenuwo na wo ɖokuiwo. Gake esi wònye be Yehowa ye wɔ mí ta la, esɔ be míalɔ̃ ɖe edzi be eƒe sewo kple nudidiwo nyo sãsãsã wu dzidzenu siwo míate ŋu aɖo na mía ɖokuiwo. (Rom. 12:1, 2) Ne míewɔna ɖe eƒe sewo dzi la, míenɔa ŋutifafa me. (Yes. 48:17, 18) Esia wɔnɛ hã be tameɖoɖo vavã si le agbea ŋu, si nye be míade bubu mía Wɔla kple mía Fofo la ŋu ahana wòakpɔ dzidzɔ la, sua mía si.—Lod. 27:11.

BIBLIA NYE NUNANA XƆASI AÐE TSO MAWU GBƆ

15. Aleke Biblia si Yehowa na mí la ɖee fia be elɔ̃ amegbetɔwo?

15 Biblia nye Mawu ƒe nunana si ɖee fia be elɔ̃ mí. Mía Fofo si le dziƒo la tsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã amewo woŋlɔ Biblia na mí elabe elɔ̃ mí vevie. Yehowa to Biblia dzi ɖo nya vevitɔ kekeake siwo míate ŋu abia mía ɖokuiwo le agbe me la ŋu na mí. Esia ƒe ɖewoe nye: Afi kae míedzɔ tso? Tameɖoɖo kae le agbea ŋu? Kple, Nu kae adzɔ le etsɔ me? Yehowa di be mí katã míanya ŋuɖoɖo na biabia mawo, eya ta, tso blema ke la, eʋã amewo woɖe Biblia gɔme ɖe gbe geɖewo me. Egbea, Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo le gbe siwo wu 3,000 sɔŋ me! Biblia ye nye agbalẽ si gɔme woɖe wu kple esi woma wu ɖe sia ɖe le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Afi ka kee amewo ɖale o, alo gbe ka kee woɖadona o, mɔnukpɔkpɔ su ame akpa gãtɔ si be woasrɔ̃ Biblia le wo degbe me.—Kpɔ aɖaka si nye “ Wole Biblia Gɔme Ðem Ðe Gbe Vovovo Siwo Wodona Le Afrika La Me.”

16. Le Mateo 28:19, 20 ƒe nya nu la, aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Biblia la ŋu?

16 Míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Biblia ŋu ne míexlẽnɛ gbe sia gbe, dea ŋugble le nu si wòfia ŋu, eye míewɔa míaƒe ŋutete katã be míawɔ nu si míesrɔ̃ la dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeɖenɛ fiana Mawu be míekpɔ ŋudzedze ɖe Biblia ŋu ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míagblɔ gbedeasi si le eme la na ame ale si nu míate ŋui.—Ps. 1:1-3; Mat. 24:14; xlẽ Mateo 28:19, 20.

17. Mawu ƒe nunana kawo ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia me, eye Mawu ƒe nunana kawo ŋu míaƒo nu tso le nyati si kplɔ esia ɖo me?

17 Eya ta, va se ɖe afi sia la, míeƒo nu tso nu siwo Mawu na mí la dometɔ aɖewo ŋu. Woawoe nye anyigbaa si nye míaƒe aƒe; míaƒe ahɔhɔ̃ wɔnuku la; kple Mawu ƒe Nya, Biblia. Gake Yehowa na nu bubu aɖewo hã mí, siwo míekpɔna kple ŋku o. Míadzro nu xɔasi siawo me le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 12 Mawu Gã Yehowa

^ mm. 5 Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be míagakpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nunanawo dometɔ etɔ̃ ŋu geɖe wu, eye esia awɔe be míagalɔ̃ eyama vevi wu. Akpe ɖe mía ŋu hã be míadzro nu me kple ame siwo gblɔna be Mawu meli o.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔvinyɔnu aɖe le gbe bubu srɔ̃m be yeate ŋu aƒo nu tso nyateƒe siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu na amedzrowo.