Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 22

Ðee Fia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana Xɔasi Siwo Míekpɔna O La Ŋu

Ðee Fia Be Yekpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana Xɔasi Siwo Míekpɔna O La Ŋu

‘Mina miaƒe ŋkuwo nanɔ nu siwo womekpɔna o la ŋu. Elabena nu siwo wokpɔna la nɔa anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko, ke nu siwo womekpɔna o ya nɔa anyi tegbee.’—2 KOR. 4:18.

HADZIDZI 45 Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò

NYA VEVIAWO *

1. Nya kae Yesu gblɔ tso kesinɔnu xɔasiwo ŋu?

MENYE nu xɔasi ɖe sia ɖe ye wokpɔna o. Nyateƒeae nye be, nu siwo nye nu xɔasitɔ kekeake la nye nu siwo míekpɔna o. Esi Yesu nɔ eƒe Todzimawunyaa gblɔm la, eƒo nu tso nu xɔasi siwo Mawu na mí, siwo ƒo nunɔamesiwo ta sãsãsã, la ŋu. Egblɔ be: “Afi si wò kesinɔnuwo le la, afi mae wò dzi hã anɔ.” (Mat. 6:19-21) Ne nane le vevie na mí la, míadze agbagba vevie be míaƒe asi nasu edzi. Ne míeva dze xɔlɔ̃ Mawu eye mía kplii dome le nyuie la, míeƒoa “kesinɔnuwo nu ƒu na [mía] ɖokuiwo ɖe dziƒo.” Yesu gblɔ be ame aɖeke mate ŋu afi kesinɔnu mawo alo agblẽ wo dome o.

2. (a) Le 2 Korintotɔwo 4:17, 18 ƒe nya nu la, nu kae Paulo de dzi ƒo na mí be míawɔ? (b) Nu kawo me míadzro le nyati sia me?

2 Apostolo Paulo de dzi ƒo na mí be ‘míana míaƒe ŋkuwo nanɔ nu siwo womekpɔna o la ŋu.’ (Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:17, 18.) Nu kawoe nye nu siwo womekpɔna o? Wonye nu xɔasiwo, eye wo dometɔ aɖewoe nye yayra siwo míava kpɔ le xexe yeyea me. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso nu xɔasi ene aɖewo siwo míekpɔna o kple ale si woaɖe vi na mí fifia la ŋu. Woawoe nye, (1) Xɔlɔ̃dzedze Mawu, (2) gbedodoɖa, (3) kpekpeɖeŋu si Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nana mí, kple (4) ale si Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Azɔ hã, míakpɔ ale si míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe nunana xɔasi siawo ŋu.

XƆLƆ̃DZEDZE YEHOWA

3. Nu kae nye nu xɔasitɔ kekeake si Mawu na mí si míekpɔna o, eye nu kae na wòte ŋu su mía si?

3 Nu xɔasitɔ kekeake si míekpɔna o ye nye xɔlɔ̃dzedze Yehowa. (Ps. 25:14) Aleke wòate ŋu anya wɔ be mía Mawu kɔkɔe la, nadze xɔlɔ̃ amegbetɔ siwo nye nu vɔ̃ mewo evɔ wòagakpɔtɔ anɔ kɔkɔe? Mawu ate ŋu adze xɔlɔ̃ mí amegbetɔ nu vɔ̃ mewo, elabena Yesu ƒe tafevɔsaa ‘ɖe xexea ƒe nu vɔ̃wo ɖa.’ (Yoh. 1:29) Yehowa nyae be ɖoɖo si yewɔ be yeaɖe amegbetɔƒomea tso nu vɔ̃ me la ava eme godoo. Esia tae Mawu te ŋu dze xɔlɔ̃ ame siwo nɔ anyi le blema hafi Kristo va ku ɖe mía ta.—Rom. 3:25.

4. Yɔ ame aɖewo siwo zu Mawu xɔlɔ̃wo hafi Kristo va ku ɖe mía ta la ƒe ŋkɔwo.

4 Bu ame aɖewo siwo nye Mawu xɔlɔ̃wo hafi Kristo va ku ɖe mía ta la ŋu kpɔ. Abraham nye ame aɖe si si xɔse sẽŋu nɔ. Esi Abraham ku ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ megbe la, Mawu gblɔ tso eŋu be enye ‘ye xɔlɔ̃.’ (Yes. 41:8) Esia fia be ne Mawu xɔlɔ̃wo ku gɔ̃ hã la, egakpɔtɔ bua wo be wonye ye xɔlɔ̃wo. Yehowa gakpɔtɔ ɖoa ŋku Abraham dzi nyuie. (Luka 20:37, 38) Mawu ƒe xɔlɔ̃ bubu ye nye Hiob. Yehowa gblɔ le mawudɔlawo ŋkume be yeka ɖe Hiob dzi. Yehowa gblɔ tso eŋu be, “enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 1:6-8) Ke aleke Yehowa bu Daniel, si nɔ trɔ̃subɔlawo dome gake wòte ŋu subɔe nuteƒewɔwɔtɔe ƒe 80 sɔŋ lae? Mawudɔlawo gblɔ na Daniel, amegãɖeɖi la, zi etɔ̃ sɔŋ be enye “ame vevi” na Mawu. (Dan. 9:23; 10:11, 19) Míate ŋu aka ɖe edzi be ele Yehowa dzrom vevie be yeafɔ ye xɔlɔ̃ siwo katã ku la ɖe tsitre.—Hiob 14:15.

Mɔ siwo dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu xɔasi siwo Mawu na mí, siwo míekpɔna kple ŋku o, la ŋu dometɔ aɖewo ɖe? (Kpɔ memama 5 lia) *

5. Nu kae wòle be míawɔ be míanye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo?

5 Amegbetɔ madeblibo nenie nye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo egbea? Ame miliɔn geɖewoe nye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo egbea. Míenya esia elabe ame gbogbo aɖewo, siwo nye ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo, siwo le xexea me godoo la to woƒe agbenɔnɔ dzi le eɖem fia be yewodi be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo. Biblia gblɔ be: ‘Tsi metoa Yehowa kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.’ (Lod. 3:32) Xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli sia tea ŋu nɔa nu dzɔdzɔe wɔlawo kple Yehowa dome le esi woxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta. Le tafevɔsaa ta la, míate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃wo ahatsɔ míaƒe agbe aɖe adzɔgbe nɛ. Ne míexɔ nyɔnyrɔ la, xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli va nɔa mía kple Mawu Ŋusẽkatãtɔ la dome abe ale si wòle le Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ miliɔn bubuawo gome ene!

6. Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Mawu dome la ŋu?

6 Aleke míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Mawu dome la ŋu? Abraham kple Hiob yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ sɔŋ. Eya ta, ɣeyiɣi didi ka kee míeɖale Yehowa subɔm le xexe xoxo sia me o, ele be míawo hã míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Abe ale si Daniel wɔe ene la, ele be míana xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Mawu dome la nanɔ vevie na mí wu míaƒe agbe gɔ̃ hã. (Dan. 6:7, 10, 16, 22) Yehowa akpe ɖe mía ŋu míado dzi le tetekpɔ ɖe sia ɖe si ava mía dzi la me ale be mía kplii dome nakpɔtɔ anɔ kplikplikpli.—Flp. 4:13.

GBEDODOÐA

7. (a) Abe ale si Lododowo 15:8 gblɔe ene la, aleke Yehowa sena le eɖokui me ne míedo gbe ɖa nɛ? (b) Aleke Yehowa ɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu?

7 Nu xɔasi bubu si Mawu na mí si míekpɔna o ye nye gbedodoɖa. Edzɔa dzi na xɔlɔ̃ kplikplikpliwo be woaɖo dze tso woƒe seselelãmewo kple woƒe susuwo ŋu na wo nɔewo. Ðe mía kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa ate ŋu anɔ alea? Ɛ̃! Yehowa toa eƒe Nya, Biblia, dzi ƒoa nu na mí eye etoa esia dzi nana míenyaa eƒe seselelãmewo kple eƒe susuwo. Míawo hã míetoa gbedodoɖa dzi ƒoa nu na Yehowa, eye míate ŋu ato esia dzi agblɔ míaƒe seselelãme ememetɔwo kple míaƒe susuwo nɛ. Edzɔa dzi na Yehowa be yease míaƒe gbedodoɖawo. (Xlẽ Lododowo 15:8.) Menye ɖeko wòdzɔa dzi na Yehowa, mía Xɔlɔ̃ si lɔ̃ mí la, be yease míaƒe gbedodoɖawo ko evɔ o, ke eɖoa wo ŋu hã. Ɣeaɖewoɣi la, eɖoa míaƒe gbedodoɖawo ŋu kaba. Ɣebubuɣiwo hã, ahiã be míayi edzi anɔ gbe dom ɖa nɛ tso nane ŋu zi gbɔ zi geɖe. Ke hã, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo eŋu na mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, le mɔ nyuitɔ kekeake nu. Nyateƒeae nye be, ale si Yehowa aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la ate ŋu ato vovo na nu si míanɔ mɔ kpɔm na. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ate ŋu atiae be yemaɖe dodokpɔ aɖe si me tom míele la ɖa o, ke boŋ atiae be yeana nunya kple ŋusẽ si míehiã be míate ŋu “ado dzi atsɔe” la mí.—1 Kor. 10:13.

(Kpɔ memama 8 lia) *

8. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si nye gbedodoɖa ŋu?

8 Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana xɔasi si nye gbedodoɖa ŋu? Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato awɔ asia ye nye be míawɔ ɖe aɖaŋu si Yehowa ɖo na mí be, “Minɔ gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi” la dzi. (1 Tes. 5:17) Yehowa mezia mía dzi be míado gbe ɖa na ye o. Ke boŋ, edina be míatso le mía ɖokui si faa ado gbe ɖa na ye eye ede dzi ƒo na mí be ‘míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa.’ (Rom. 12:12) Eya ta, míate ŋu aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana si nye gbedodoɖa ŋu ne míedoa gbe ɖa edziedzi le ŋkekea me. Azɔ hã, ele vevie be míanɔ akpe dam na Yehowa ahanɔ ekafum le míaƒe gbedodoɖawo me.—Ps. 145:2, 3.

9. Aleke nɔviŋutsu aɖe sena le eɖokui me tso gbedodoɖa ŋu, eye aleke wò hã nèsena le ɖokuiwò me tso gbedodoɖa ŋu?

9 Ne míele Yehowa subɔm ƒe geɖe ye nye esia eye míekpɔ ale si wòɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, awɔe be míagakpɔ ŋudzedze ɖe gbedodoɖa ŋu ale gbegbe. Bu nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Chris, si wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe 47 sɔŋ, la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Edzɔa dzi nam ŋutɔ ne mefɔ ŋdi kanya hedo gbe ɖa na Yehowa. Nye dzi dzea eme bɔkɔɔ ne mele gbe dom ɖa na Yehowa ŋdi kanya alea esime ɣea ƒe agudzedze na xexea me nya kpɔ ale gbegbe! Esia ʋãam medaa akpe nɛ ɖe nu siwo katã wònam, si ƒe ɖee nye gbedodoɖa la ta. Eye ne medo gbe ɖa le ŋkekea ƒe nuwuwu hafi mlɔ anyi la, nye dzi katã koe fana miɔɔ.”

MAWU ƑE NUNANA SI NYE GBƆGBƆ KƆKƆE LA

10. Nu ka tae wòle be míade asixɔxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu?

10 Mawu ƒe nunana bubu si míekpɔna o, si ŋu wòle be míade asixɔxɔ ye nye gbɔgbɔ kɔkɔea. Yesu de dzi ƒo na mí be míanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu biam be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea mí. (Luka 11:9, 13) Yehowa doa ŋusẽ mí to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi, enaa “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” gɔ̃ hã mí. (2 Kor. 4:7; Dɔw. 1:8) Dodokpɔ ka kee ɖava mía dzi o, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míado dzi.

(Kpɔ memama 11 lia) *

11. Mɔ kawo nue gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le?

11 Gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ siwo Mawu de asi na mí le eƒe subɔsubɔdɔa me. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be ŋutete siwo le mía si xoxo la naganyo ɖe edzi. Ekpena ɖe mía ŋu míetea ŋu wɔa dɔ siwo Mawu de mía si la nyuie. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea manɔmee la, míate ŋu awɔ dɔ siwo wòde mía si la wòadze edzi o, elabe gbɔgbɔ kɔkɔea koe kpena ɖe mía ŋu míetea ŋu wɔa nu sia nu le Yehowa subɔsubɔ me.

12. Le Psalmo 139:23, 24 ƒe nya nu la, nu kae míate ŋu ado gbe ɖa abia Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míawɔ?

12 Mɔ bubu si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu ye nye be míanɔ gbe dom ɖa anɔ Mawu biam be wòakpe ɖe mía ŋu míade dzesii nenye be susu vɔ̃wo alo dzodzro vɔ̃wo le míaƒe dzi me. (Xlẽ Psalmo 139:23, 24.) Ne míebia kpekpeɖeŋu sia Mawu la, ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi akpe ɖe mía ŋu be míade dzesi susu vɔ̃ alo dzodzro vɔ̃ siwo le míaƒe dzi me. Eye ne míede dzesi esia ƒe ɖe la, ele be míado gbe ɖa abia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe mía ŋu míaɖu edzi. Ne míewɔe alea la, míaɖee afia be míeɖoe kplikpaa be míagawɔ naneke si awɔe be Yehowa magatsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu o la o.—Ef. 4:30.

13. Nu kae wòle be míawɔ be míagakpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu geɖe wu?

13 Ne míede ŋugble le nu siwo wɔm gbɔgbɔ kɔkɔea le fifia ŋu la, esia awɔe be míagakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu geɖe wu. Hafi Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔw. 1:8) Nya siawo le eme vam le mɔ wɔnuku aɖe nu egbea. Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, wokpe ɖe ame miliɔn enyi kple edzivɔ siwo le xexea ƒe akpa sia akpa la ŋu wova zu Yehowa subɔlawo. Azɔ hã, esi míenye Mawu ƒe amewo ta la, míenye nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si le ŋutifafa me, elabe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe mía ŋu míetua nɔnɔme nyui siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, kple ɖokuidziɖuɖu ɖo. Nɔnɔme nyui siawoe nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” ƒe akpa vovovoawo. (Gal. 5:22, 23) Mawu ƒe nunana xɔasi aɖe ŋutɔe gbɔgbɔ kɔkɔea nye vavã!

ALE SI YEHOWA, YESU, KPLE MAWUDƆLAWO KPENA ÐE MÍA ŊU LE GBEƑÃÐEÐEDƆA ME

14. Ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia la, aleke ame siwo míekpɔna o la kpena ɖe mía ŋu?

14 Mawu ƒe nunana bubu si míekpɔna o ye nye ale si míele ‘dɔ wɔm ɖekae’ kple Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo. (2 Kor. 6:1) Míewɔa dɔ kpli wo ɖekae ne míele gbeƒã ɖem nya nyuia. Paulo gblɔ tso eɖokui kple ame siwo katã ɖea gbeƒã nya nyuia ŋu be, ‘Mawu ƒe hadɔwɔlawoe yewonye.’ (1 Kor. 3:9) Ne míele gbeƒãɖeɖedɔ si Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo la wɔm la, efia be míele dɔ wɔm kple Yesu hã. Ðo ŋku edzi be esi Yesu gblɔ na eyomedzelawo be ‘woawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo’ vɔ la, egblɔ na wo hã be, “Meli kpli mi.” (Mat. 28:19, 20) Ke aleke míele dɔ wɔm kple mawudɔlawo ya? Mawudɔlawo fiaa mɔ mí ne míele gbeƒã ɖem ‘nya nyui mavɔ la na amewo le anyigba dzi.’ Yayra ka gbegbee nye esi!—Nyaɖ. 14:6.

15. Gblɔ Biblia me kpɔɖeŋu aɖe si ɖe ale si Yehowa kpena ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me la fia.

15 Kpekpeɖeŋu kae Yehowa nana mí le gbeƒãɖeɖedɔa me? Ne míele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe nya nyuia la, ame aɖewo xɔa gbedeasia nyuie eye wotsea ku. (Mat. 13:18, 23) Ame kae nana be nyateƒea ƒe nukuwo tsina le ame mawo ƒe dzi me eye wotsea ku? Yesu ɖe eme be ame aɖeke mate ŋu ava nye ye yomedzela o, negbe ‘Fofo lae hee vɛ.’ (Yoh. 6:44) Esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe dze le Biblia me. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si me Paulo ɖi ɖase na nyɔnu aɖewo siwo ƒo ƒu ɖe Filipi dua godo la dzia? De dzesi nya si Biblia gblɔ tso nyɔnuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Lidia la ŋu; egblɔ be: “Yehowa ʋu eƒe dzi bliboe be wòalé to ɖe nya siwo gblɔm Paulo le la ŋu.” (Dɔw. 16:13-15) Yehowa he ame miliɔn gbogbo aɖewo va eɖokui gbɔ egbea, abe ale si wòhe Lidia va eɖokui gbɔ ene.

16. Ne míekpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ame kae wòle be míatsɔ kafukafua ana?

16 Ne míekpɔ dzidzedze le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ame kae wòle be míatsɔ kafukafua ana? Paulo ɖo nya ma ŋu esi wògblɔ na Korinto hamea be: “Medo nu, Apolo de tsii, ke Mawue nana wòtsina, ale be ame si do nu la menye naneke o, eye ame si de tsii hã menye naneke o, ke Mawu, ame si nana wòtsina la boŋ.” (1 Kor. 3:6, 7) Eya ta, ele be míatsɔ kafukafua katã ana Yehowa abe ale si Paulo wɔe ene.

17. Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye Mawu, Kristo, kple mawudɔlawo ƒe “hadɔwɔlawo” la ŋu?

17 Aleke míate ŋu aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su mía si be míenye Mawu, Kristo, kple mawudɔlawo ƒe “hadɔwɔlawo” la ŋu? Míate ŋu aɖe esia afia ne míewɔa nu sia nu si míate ŋui be míaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. Eye míate ŋu awɔ esia ne míeɖea gbeƒã “le dutoƒo kple tso aƒe me yi aƒe me” kpakple le mɔ bubuwo nu. (Dɔw. 20:20) Vomeɖaseɖiɖidɔa dzɔa dzi na gbeƒãɖela aɖewo hã. Ne wodo go ame aɖe zi gbãtɔ la, wowɔa nu ɖe eŋu xɔlɔ̃wɔwɔtɔe eye wodzea agbagba be yewoaɖo dze kplii. Ne amea lɔ̃ faa be yewoaɖo dze la, wodzea agbagba hea eƒe susu yia Fiaɖuƒe nya nyuia dzi ŋuɖɔɖotɔe.

(Kpɔ memama 18 lia) *

18-19. (a) Aleke míedea tsi nyateƒea ƒe nukuwoe? (b) Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si na míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ŋui.

18 Esi míenye “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” ta la, menye ɖeko míeƒãa nya nyuia ƒe nukuwo ko evɔ o, ke ele be míade tsi wo hã. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míayi aɖakpe ɖe eŋu wòase nyateƒea gɔme nyuie wu. Gake ne míate ŋu akpɔ vovo ayi egbɔ o la, ele be míawɔ ɖoɖo gbeƒãɖela bubu nayi egbɔ kple susu be wòadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ne míele nu srɔ̃m kple ame aɖe eye míekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe eŋu wòtrɔ eƒe susu kpakple ale si wòsena le eɖokui me le nuwo ŋui la, edoa dzidzɔ na mí ale gbegbe.

19 Bu Rapalalani si nye bokɔ aɖe si daa gbe le amewo ŋu tsã, si le South Afrika la ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nu si wòsrɔ̃ le Biblia me la do dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Gake menɔ bɔbɔe nɛ kura be wòalɔ̃ ɖe nya si Biblia gblɔ tso ŋɔliyɔyɔ ŋu la dzi o. (5 Mose 18:10-12) Gake vivivi la, eva lɔ̃ ɖe edzi. Eye ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva dzudzɔ dɔ ma, togbɔ be ema koe nye dɔ si wòwɔna kpɔa nu ɖuna hã. Rapalalani si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ fifia gblɔ be: “Meda akpe na Yehowa Ðasefowo ale gbegbe, elabe wokpe ɖe ŋunye le mɔ geɖe nu; wokpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔwɔɖui gɔ̃ hã. Ƒo wo katã ta la, meda akpe na Yehowa be ekpe ɖe ŋunye metrɔ nye agbenɔnɔ keŋkeŋ, eye fifia, meɖe adzɔgbe xɔ nyɔnyrɔ, eye mele dzidzɔ kpɔm be mele gbeƒã ɖem nya nyuia na ame bubuwo.”

20. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

20 Le nyati sia me la, míedzro nu xɔasi ene siwo míekpɔna kple ŋku o la me. Esi le vevie wu le wo dome ye nye mɔnukpɔkpɔ si su mía si be Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ vevitɔ kekeake. Ne míenye Yehowa xɔlɔ̃ kplikplikpliwo la, nu xɔasi bubuawo, siwo míekpɔna o la hã ɖea vi na mí; woawoe nye gbedodoɖa, kpekpeɖeŋu si gbɔgbɔ kɔkɔea nana mí, kple ale si Yehowa, Yesu, kple mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míagakpɔ ŋudzedze ɖe nu xɔasi siawo siwo míekpɔna o la ŋu geɖe wu. Mina míayi edzi anɔ akpe dam na Yehowa ɣesiaɣi ɖe Xɔlɔ̃ nyui si gbegbe wònye na mí la ta.

HADZIDZI 145 Mawu Do Paradiso Ŋugbe

^ mm. 5 Le nyati si do ŋgɔ na esia me la, míeƒo nu tso nu vovovo siwo Mawu na mí, siwo míekpɔna la ŋu. Le nyati sia me la, míaƒo nu tso Mawu ƒe nunana xɔasi siwo míekpɔna kple ŋku o kpakple ale si míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe wo ta la ŋu. Esia ana míagalɔ̃ Yehowa, Ame si na nu xɔasi siawo mí la geɖe wu.

^ mm. 58 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: (1) Esime nɔvinyɔnu aɖe le ŋku lém ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu la, ele ŋugble dem le xɔlɔ̃wɔwɔ si le eya kple Yehowa dome la ŋu.

^ mm. 60 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: (2) Nɔvinyɔnu ma ke le gbe dom ɖa na Yehowa be wòana gbɔgbɔ kɔkɔea nakpe ɖe ye ŋu yeaɖi ɖase.

^ mm. 62 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: (3) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu dzi ɖo eƒo wòɖi ɖase tso Fiaɖuƒe nya nyuia ŋu.

^ mm. 64 NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: (4) Nɔvinyɔnua le Biblia srɔ̃m kple nyɔnu si wòɖi vomeɖase na la. Mawudɔlawo kpe ɖe nɔvinyɔnua ŋu le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me.