Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃NYATI 19

“Dziehefia” La Le Nuwuɣi La

“Dziehefia” La Le Nuwuɣi La

“Le nuwuɣi la, anyiehefia akpe kplii [dziehefia la,] eye woanɔ wo nɔewo tutum.”—DAN. 11:40.

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

NYA VEVIAWO *

1. Nu kae Biblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya?

NU KAE adzɔ ɖe Yehowa ƒe amewo dzi kpuie? Míate ŋu asusu nane ko agblɔ o. Biblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya nudzɔdzɔ ɖedzesi siwo akpɔ ŋusẽ ɖe mí katã dzi kpuie. Nyagblɔɖi aɖe kpe ɖe mía ŋu míenya nu si dziɖuɖu siwo si ŋusẽ le wu le anyigba dzi la le wɔwɔ ge. Nyagblɔɖi ma si dze le Daniel ta 11 la ƒo nu tso hoʋiʋli si le fia eve, siwo nye dziehefia kple anyiehefia, siwo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la dome tso blema ke va de asi na egbea la ŋu. Nyagblɔɖi ma ƒe akpa gãtɔ va eme xoxo, eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be eƒe akpa susɔeawo hã ava eme.

2. Abe ale si 1 Mose 3:15 kple Nyaɖeɖefia 11:7; 12:17 ɖee fia ene la, nyateƒenya kawoe wòle be woanɔ susu me na mí ne míele Daniel ƒe nyagblɔɖia me dzrom?

2 Hafi míate ŋu ase nyagblɔɖi si le Daniel ta 11 la gɔme la, ele be wòanɔ susu me na mí be fia kple dziɖuɖu siwo ƒe nuwɔnawo kpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi tẽe la ɖeɖe ko ŋue wòku ɖo. Eye togbɔ be Mawu ƒe amewo le ʋɛ ŋutɔ ne wotsɔ wo sɔ kple xexea me nɔlawo katã ƒe xexlẽme hã la, dziɖuɖu siawo tɔa ŋku wo. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Satana kple eƒe nuɖoanyi bliboa ƒe taɖodzinu koŋue nye be yewoatsrɔ̃ ame siwo subɔa Yehowa hewɔa Yesu ƒe sededewo dzi la ɖa keŋkeŋ. (Xlẽ 1 Mose 3:15 kple Nyaɖeɖefia 11:7; 12:17.) Gakpe ɖe eŋu la, ele be ɖekawɔwɔ nanɔ gɔmesese si le Daniel ƒe nyagblɔɖia ŋu kple gɔmesese si le nyagblɔɖi bubu siwo le Mawu ƒe Nyaa me ŋu la dome. Le nyateƒe me la, ne míetsɔ Daniel ƒe nyagblɔɖia me nyawo sɔ kple Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa bubuwo ko hafi gɔmesese nyuitɔ ate ŋu asu mía si le Daniel ƒe nyagblɔɖia ŋu.

3. Nu kawo me míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

3 Esi nya mawo le susu me na mí la, na míadzro Daniel 11:25-39 me azɔ. Míakpɔ fia, alo dziɖuɖu, vovovo siwo nye dziehefia kple anyiehefia tso ƒe 1870 va de asi na ƒe 1991 me, kple nu si tae wòsɔ be míatrɔ asi le ale si míese nyagblɔɖi sia ƒe akpa aɖe gɔme tsã la ŋu. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro Daniel 11:40–12:1 me, eye míatrɔ asi le ale si míese nu si nyagblɔɖia ƒe akpa sia ɖe fia mí le nu siwo adzɔ tso ƒe 1991 me va de asi na Armagedon-ʋaa me ŋu gɔme tsã la ŋu. Esi nèle nyati eve siawo srɔ̃m la, anyo be nànɔ ŋku lém ɖe numeɖeɖe siwo le nyatakakaɖaka si ƒe tanyae nye “Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La.” Gake gbã la, ehiã be míanya fia eve siwo ŋu nyagblɔɖi sia le nu ƒom tso.

ALEKE MÍATE ŊU AWƆ ANYA DZIEHEFIA LA KPLE ANYIEHEFIA LA?

4. Nu etɔ̃ kawoe akpe ɖe mía ŋu míade dzesi dziehefia la kple anyiehefia la?

4 Le gɔmedzedzea me la, dunyaheŋusẽ si nɔ Israel-nyigbaa ƒe dziehe ye woyɔ be “dziehefia,” eye esi nɔ Israel-nyigbaa ƒe anyiehe ye woyɔ be “anyiehefia.” Nu ka tae míegblɔe alea? Nu si tae nye be, mawudɔla si tsɔ gbedeasia vae na Daniel la gblɔ nɛ be: “Meva be mana nànya nu si ava dzɔ ɖe wò dukɔ la dzi le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi.” (Dan. 10:14) Blema Israel dukɔa kpɔtɔ nye Mawu ƒe dukɔ va de asi na ƒe 33 ƒe Pentekoste ŋkekea dzi. Tso ɣemaɣi la, Yehowa na eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe nye yeƒe amewo. Eya ta, menye blema Israel dukɔa ŋue nyagblɔɖi si le Daniel ta 11 la ƒe akpa gãtɔ ku ɖo o, ke boŋ Kristo yomedzelawo ŋue wòku ɖo. (Dɔw. 2:1-4; Rom. 9:6-8; Gal. 6:15, 16) Eye fia alo dziɖuɖu vovovowoe va nye dziehefia kple anyiehefia le ɣeyiɣi vovovowo me. Togbɔ be enɔ alea hã la, nanewo ɖe dzesi ƒãa le fia alo dziɖuɖu mawo katã ŋu. Gbãtɔa ye nye be, wokpɔ ŋusẽ ɖe Mawu ƒe amewo dzi le mɔ ɖedzesi aɖe nu. Evelia, ale si wowɔ nu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu la ɖee fia be wolé fu Mawu vavã, Yehowa. Etɔ̃lia ye nye be, ʋiʋli nɔ fia eveawo dome; wo dometɔ ɖe sia ɖe dina be yeakpɔ ŋusẽ ɖe kemɛa dzi.

5. Ðe dziehefia aɖe kple anyiehefia aɖe nɔ anyi tso ƒe 100 K.Ŋ. me va de asi na ƒe 1870 mea? Ðe eme.

5 Tso ɣeaɖeɣi le ƒe 100 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la, aʋatso Kristotɔ siwo lé trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafiawo me ɖe asi la va ge ɖe Kristotɔ vavãwo ƒe hamewo me; wonɔ aʋatsonyawo fiam eye wonɔ nu tsyɔm nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nyaa me dzi. Tso ɣemaɣi va de asi na ƒe 1870 me la, Mawu subɔlawo ƒe hame aɖeke menɔ anyi o. Aʋatso Kristotɔ mawo, siwo gbe vɔ̃ɖiawo le tsitre ɖi na la, va sɔ gbɔ ale gbegbe be esesẽ ŋutɔ be woade dzesi ame siwo nye Kristotɔ vavãwo. (Mat. 13:36-43) Nu ka tae nya sia le vevie ŋutɔ? Nu si tae nye be, nya si Biblia gblɔ tso dziehefia kple anyiehefia ŋu la mate ŋu aku ɖe fia alo dziɖuɖu siwo kpɔ ŋusẽ le ƒe 100 K.Ŋ. kple ƒe 1870 domedome la ŋu o. Elabena Mawu ƒe amewo ƒe hame aɖeke menɔ anyi si yome woati o. * Gake tso ƒe 1870 megbe kpuie la, enɔ bɔbɔe be míade dzesi fia alo dziɖuɖu vovovo siwo va nye dziehefia kple anyiehefia. Nu ka tae?

6. Ɣekaɣie wogava de dzesi Mawu ƒe amewo? Ðe eme.

6 Tso ƒe 1870 me la, Mawu subɔla vavãwo gava te dɔwɔwɔ ɖekae ake abe ƒuƒoƒo ene. Ƒe ma mee Charles T. Russell kple eƒe zɔhɛwo ɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒo aɖe anyi. Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwoe nye dɔla si ŋu nya wogblɔ ɖi be ‘adzra mɔ dzi ɖo’ na Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi. (Mal. 3:1, etenuŋɔŋlɔ) Aleae wòdzɔe be wogava de dzesi Mawu subɔla vavãwo ƒe ƒuƒoƒo si le ɖoɖo nu la ake! Ðe xexemefiaɖuƒe aɖe nɔ anyi ɣemaɣi si ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Mawu subɔlawo dzia? Na míakpɔe ɖa.

DZIÐUÐU KAE NYE ANYIEHEFIA LA?

7. Dziɖuɖu kae va nye anyiehefia la va de asi na Xexemeʋa Gbãtɔ me?

7 Kaka ƒe 1870 naɖo la, Britain va zu fiaɖuƒe si keke ta wu le anyigba dzi, eye eƒe asrafoŋusẽ de ŋgɔ wu dukɔ bubu ɖe sia ɖe tɔ. Daniel ƒe nyagblɔɖia ƒo nu tso dzo sue aɖe si ho dzo etɔ̃ bubuwo ɖa la ŋu. Dzo suea le tsitre ɖi na Britain eye dzo etɔ̃ bubuawo le tsitre ɖi na France, Spain, kple Netherlands. (Dan. 7:7, 8) Eye Britain ye va zu anyiehefia va de asi na Xexemeʋa Gbãtɔ me. Le ɣeyiɣi mawo ke me la, United States (États-Unis) alo Amerika va zu dukɔ si dzi ganyawo de wu dukɔ ɖe sia ɖe, eye ɖekawɔwɔ ƒe kadodo kplikplikpli va nɔ woa kple Britain dome.

8. Dziɖuɖu kae nye anyiehefia le ŋkeke mamlɛawo katã me?

8 Esi Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, Amerika kple Britain wɔ ɖeka hewɔ aʋa kple woƒe futɔwo eye woƒe asrafowo va kpɔ ŋusẽ geɖe. Ɣemaɣie Britain kple Amerika va zu Anglo-Amerika Xexemeŋusẽ. Abe ale si Daniel gblɔe ɖi ene la, fia sia ƒo “aʋakɔ gã nyadri aɖe ŋutɔ” nu ƒu. (Dan. 11:25) Le ŋkeke mamlɛawo katã me la, Britain kple United States (Amerika) ye nye anyiehefia. * Gake, dziɖuɖu kae va nye dziehefia la?

DZIÐUÐU KAE VA NYE DZIEHEFIA?

9. Dziɖuɖu kae va nye dziehefia, eye aleke Daniel 11:25 va eme?

9 Esi Nɔviŋutsu Russell kple eƒe zɔhɛawo ɖo woƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ƒuƒoƒoa anyi ƒe ɖeka megbe la, dziehefia bubu gado le ƒe 1871 me. Le ƒe ma ke me la, Otto von Bismarck ƒo nuto vovovowo nu ƒu wova zu dukɔ sẽŋu si woyɔ be Germany Fiaɖuƒe. Prussiatɔ Fia Wilhelm Gbãtɔ va zu fiaɖuƒe ma ƒe fiagã gbãtɔ, eye eɖo Bismarck wònye dudɔnunɔlagã gbãtɔ. * Ƒe geɖe megbe la, Germany va zu dukɔ sesẽ si kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ bubu siwo le Afrika kple Pasifik-ƒua dzi la dzi, eye edze agbagba be yeakpɔ ŋusẽ wu Britain. (Xlẽ Daniel 11:25.) Germany Fiaɖuƒea ɖo aʋakɔ gã sẽŋu aɖe anyi eye esusɔ vie eƒe ƒudzisrafowo ƒe ŋusẽ nade Britain tɔa ƒe ŋusẽ nu. Le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germany na eƒe aʋakɔawo dze eƒe futɔwo dzi.

10. Aleke Daniel 11:25b, 26 va eme?

10 Eyome, Daniel gblɔ nu si ava dzɔ ɖe Germany Fiaɖuƒea kple eƒe aʋakɔ gã si wòɖo anyi dzi la ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ be dziehefia la “manɔ te o.” Nu ka tae? “Elabena woaɖo nugbe ɖe eŋu. Ame siwo ɖua nu kplii lae ana wòadze anyi.” (Dan. 11:25b, 26a) Le Daniel ƒe ŋkekea me la, fiaŋume siwo ‘subɔa fia la’ hã nɔa ame siwo ɖua “fia la ƒe nuɖuɖu viviwo” la dome. (Dan. 1:5) Ame kawo ŋue nyagblɔɖia ƒe akpa sia ku ɖo? Eku ɖe fiaŋume siwo nɔ ɖoƒe kɔkɔwo le Germany Fiaɖuƒea me la ŋu—wo dometɔ aɖewoe nye fiagã la ƒe aʋafiagãwo kple eƒe asrafo siwo nye aɖaŋuɖolawo. Ame siawo ƒe nuwɔna ye wɔe be fiaƒome ƒe dziɖuɖu ma nu yi eye dziɖuɖu bubu va xɔ ɖe eteƒe le Germany. * Menye ɖeko nyagblɔɖia gblɔe ɖi be fiaɖuƒe ma amu ko evɔ o, ke egblɔ ale si aʋa si wòawɔ kple anyiehefia la awu enui la hã ɖi. Nyagblɔɖia gblɔ tso dziehefia la ŋu be: “Eƒe aʋakɔ la nu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene, eye ame geɖewo atsi aʋa.” (Dan. 11:26b) Abe ale si tututu wogblɔe ɖi ene la, Germany-srafowo ‘nu yi’ le xexemeʋa gbãtɔa me “abe tɔsisie kplɔe dzoe ene” eye ‘ame geɖewo tsi aʋa’ hã vavã. Wowu ame le aʋa ma me wu aʋa bubu ɖe sia ɖe si wowɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me kpɔ.

11. Nu kae dziehefia la kple anyiehefia la wɔ?

11 Daniel 11:27, 28 ɖɔ ale si nuwo ayii do ŋgɔ na Xexemeʋa Gbãtɔa be dziehefia kple anyiehefia ‘anɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu anɔ alakpa dam.’ Egblɔ hã be dziehefia aƒo “nu geɖewo” nu ƒu. Eye aleae wòdzɔe hã. Germany kple Britain gblɔ na wo nɔewo be yewodi ŋutifafa, gake esi aʋaa fe ati le ƒe 1914 me la, eva dze ƒãa be alakpa sɔŋ ye nya mawo nye. Eye kaka ƒe 1914 naɖo la, ganyawo va de Germany dzi ale gbegbe be, eva zu dukɔ evelia si kpɔ ga wu le xexea me katã. Eyome, abe ale si Daniel 11:29 kple kpukpui 30 lia ƒe akpa gbãtɔ gblɔe ene la, Germany wɔ aʋa kple anyiehefia la gake woɖu edzi.

FIA EVEAWO TI MAWU ƑE AMEWO YOME

12. Esi xexemeʋã gbãtɔ nɔ edzi yim la, nu kae dziehefia kple anyiehefia wɔ?

12 Tso ƒe 1914 me la, fia eveawo gava nɔ aʋa wɔm kple wo nɔewo geɖe wu eye wogava nɔ Mawu ƒe amewo yome tim vevie wu tsã. Le kpɔɖeŋu me, le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germany ƒe dziɖuɖua kple Britain ƒe dziɖuɖua siaa ti Mawu subɔlawo yome le esi wogbe be yewomawɔ aʋa o ta. Eye Amerika ƒe dziɖuɖua hã lé ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me la de gaxɔ me. Yometiti sia ye nye nyagblɔɖi si dze le Nyaɖeɖefia 11:7-10 la me vava.

13. Le ƒe 1930 megbe kple xexemeʋa evelia me la, nu kae dziehefia wɔ?

13 Eye le ƒe 1930-awo me, kple vevietɔ, xexemeʋa evelia me la, dziehefia dze Mawu ƒe amewo dzi kutɔkutɔe. Esi Nazi dunyahehaa va nɔ zia dzi le Germany la, Hitler kple eyomedzelawo xe mɔ ɖe Mawu ƒe amewo ƒe dɔa nu. Dziehefia la wu Yehowa Ðasefo alafa geɖe eye wokplɔ akpeakpe bubuwo hã yi fuwɔamegaxɔwo me. Daniel gblɔ nudzɔdzɔ siawo ɖi. Dziehefia la te ŋu ‘gblẽ kɔ ɖo na kɔkɔeƒe la’ eye ‘wòtsi gbe sia gbe vɔsa la nu’ esi wòxe mɔ na Mawu ƒe amewo be woagaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ o. (Dan. 11:30b, 31a) Hitler, si nye Germany ƒe kplɔla la ƒu asi akɔ be yeatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo ɖa keŋkeŋ le Germany.

DZIEHEFIA BUBU DO

14. Dziɖuɖu kae va zu dziehefia le xexemeʋa evelia megbe? Ðe eme.

14 Le xexemeʋa evelia megbe la, Soviet Union (l’Union soviétique) ƒe Kɔmiunist dziɖuɖua va kpɔ ŋusẽ ɖe dukɔ geɖe siwo dzi Germany kpɔ ŋusẽ ɖo tsã la dzi, eye Soviet Union dziɖuɖua va zu dziehefia la. Ale si ko Nazitɔwo ƒe dziɖuɖua sẽ tame le Yehowa subɔlawo ŋui la, nenema kee Soviet Union ƒe dziɖuɖua hã sẽ ŋuta le ame sia ame si tsɔ Mawu vavã la subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le eƒe agbe me la ŋu.

15. Esi Xexemeʋa Evelia wu enu la, nu kae dziehefia wɔ?

15 Le Xexemeʋa Evelia ƒe nuwuwu megbe kpuie la, dziehefia yeyea, si nye Soviet Union kple dukɔ siwo kpe ɖe eŋu la, dze Mawu ƒe amewo dzi. Nyaɖeɖefia 12:15-17 tsɔ Mawu ƒe amewo yome titi sia sɔ kple “tɔsisi.” Abe ale si nyagblɔɖia gblɔe ene la, dziehefia xe mɔ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa nu eye wòɖe Yehowa ƒe ame akpe geɖewo aboyoe yi Siberia. Eya ta, tso ŋkeke mamlɛawo ƒe gɔmedzedze ke la, dziehefia la yi edzi ti Mawu ƒe amewo yome kutɔkutɔe, gake mete ŋu tɔ te woƒe dɔa gbeɖe o. *

16. Aleke Soviet Union dziɖuɖua na nyagblɔɖi si le Daniel 11:37-39 la va eme?

16 Xlẽ Daniel 11:37-39. Le nyagblɔɖi sia me vava me la, dziehefia “[mebu] fofoawo ƒe Mawu ɖe ɖeke me o.” Le mɔ ka nu? Esi Soviet Union dziɖuɖua ɖoe be yeabu mo na mawusubɔsubɔ keŋkeŋ ta la, edze agbagba be yeaɖe ke le subɔsubɔha siwo nɔ dukɔa me la te. Be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ la, Soviet dziɖuɖua de se aɖe tso keke ƒe 1918 me ke be woafia nu sukuviwo be Mawu meli o. Aleke dziehefia la ‘tsɔ ŋutikɔkɔe na mawu si le mɔ́ sesẽwo me’? Soviet Union dziɖuɖua zãa ga gbogbowo tsɔ naa hehe eƒe aʋakɔa eye ewɔa nukliaʋawɔnu sesẽ akpe geɖewo ale be yeakpɔ ŋusẽ geɖe. Mlɔeba, dziehefiaa kple anyiehefiaa siaa va ƒo aʋawɔnu sesẽ gbogbo siwo woate ŋu atsɔ atsrɔ̃ ame miliɔn akpe teƒe akpe geɖe la nu ƒu na wo ɖokuiwo!

ÐEKAWƆWƆ SI MEBƆ O

17. Nu kae nye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ la”?

17 Dziehefia kpe asi ɖe anyiehefia ŋu le nu vevi aɖe wɔwɔ me. ‘Woɖo ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ la anyi.’ (Dan. 11:31) “Ŋunyɔnu” mae nye Dukɔ Ƒoƒuawo.

18. Nu ka tae woɖɔ Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “ŋunyɔnu”?

18 Woɖɔ Dukɔ Ƒoƒuawo be enye “ŋunyɔnu,” elabe eƒu asi akɔ be yeate ŋu awɔ nu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko ate ŋu awɔ, si nye be yeahe ŋutifafa ava xexea me. Eye nyagblɔɖia gblɔ be ŋunyɔnua “ahe aƒedozuzu vɛ,” elabe Dukɔ Ƒoƒuawo awɔ akpa vevi aɖe le alakpasubɔsubɔhawo katã tsɔtsrɔ̃ me.—Kpɔ nyatakakaɖaka si nye “Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La.”

NU KA TAE WÒHIÃ BE MÍANYA ŊUTINYA SIA?

19-20. (a) Nu ka tae wòhiã be míanya ŋutinya sia? (b) Nyabiase kae míakpɔ ŋuɖoɖo na le nyati si kplɔ esia ɖo me?

19 Ehiã be míanya ŋutinya sia elabe eɖo kpe edzi be, tso 1870 me va de asi na ƒe 1991 me la, Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe dziehefia kple anyiehefia ŋu la va eme. Eya ta, míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖia ƒe akpa susɔeawo hã ava eme.

20 Soviet Union dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me. Ke dziɖuɖu kae nye dziehefia la egbea? Míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia le nyati si kplɔ esia ɖo me.

HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu

^ mm. 5 Daniel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe “dziehefia” kple “anyiehefia” ŋu la kpɔtɔ le eme vam eye míele esia ƒe kpeɖodziwo teƒe kpɔm. Nu kae na míeka ɖe edzi nenema? Eye nu ka tae wòhiã be míase nyagblɔɖi sia gɔme tsitotsito?

^ mm. 5 Le susu sia ta la, edze abe megasɔ be míabu Roma Fiagã Aurelian (270-275 K.Ŋ.) be enye “dziehefia” alo Fianyɔnu Zenobia (267-272 K.Ŋ.) be enye “anyiehefia” o ene. Numeɖeɖe yeye sia va xɔ ɖe numeɖeɖe si dze le agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 13 kple 14 lia me la teƒe.

^ mm. 9 Le ƒe 1890 me la, Kaiser Wilhelm Evelia xɔ ŋusẽ le Bismarck si.

^ mm. 10 Woƒe nuwɔnawo wɔe be fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuŋusẽ nu va yi kaba. Le kpɔɖeŋu me, wodzudzɔ asikpekpe ɖe fia la ŋu, woʋu go aʋa la ŋuti nya ɣaɣlawo na ame bubuwo, eye wozi fia la dzi wòɖi le zia dzi.

^ mm. 15 Abe ale si Daniel 11:34 gblɔe ene la, dziehefia va dzudzɔ Kristotɔwo yome titi ɣeyiɣi kpui aɖe. Esia dzɔ esime Soviet Dziɖuɖua mu le ƒe 1991 me.