Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La

Fia Futɔ Eveawo Le Nuwuɣi La

Nyagblɔɖi siwo ŋu míeƒo nu tso le nyatakakaɖakaa me la dometɔ aɖewo ku ɖe nudzɔdzɔ vovovo siwo va eme le ɣeyiɣi ɖeka me ŋu. Woɖo kpe edzi le mɔ geɖewo nu be míele “nuwuɣi la” me.—Dan. 12:4.

  • Ŋɔŋlɔawo Nyaɖ. 11:7; 12:13, 17; 13:1-8, 12

    Nyagblɔɖia “Lã wɔadã la” ɖu anyigbadzinɔlawo dzi ƒe akpe geɖe. Le nuwuɣia me la, wode kubi eƒe ta adrelia ŋu. Emegbe, abia ku nɛ eye “anyigbadzinɔlawo katã” dze lã la yome. Satana zã lã ma tsɔ ‘wɔ aʋa kple nyɔnua ƒe dzidzimevi susɔeawo.’

    Emevava Le Tsiɖɔɖɔa megbe la, dziɖuɖu siwo lé fu Yehowa ƒe amewo la ɖu dukɔwo dzi. Ƒe alafa geɖe megbe esime Xexemeʋa Gbãtɔ nɔ edzi yim la, Britain Fiaɖuƒea ƒe ŋusẽ yi to vevie. Gake ŋusẽ gaɖo eŋu esi Amerika va wɔ ɖeka kplii. Le nuwuɣia koŋ me la, Satana le dziɖuɖu siwo katã le anyigba dzi la zãm tsɔ le Mawu ƒe amewo yome tim.

  • Ŋɔŋlɔawo Dan. 11:25-45

    Nyagblɔɖia Ʋiʋli si le edzi yim le dziehefia kple anyiehefia dome le nuwuɣia me.

    Emevava Germany wɔ aʋa kple Britain kpakple Amerika. Le ƒe 1945 me la, Soviet Union Dziɖuɖua kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va zu dziehefia la. Le ƒe 1991 me la, Soviet Union Dziɖuɖua mu, eye ɣeyiɣi aɖe megbe la, Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la va zu dziehefia.

  • Ŋɔŋlɔawo Yes. 61:1; Mal. 3:1, etenuŋɔŋlɔ; Luka 4:18

    Nyagblɔɖia Yehowa dɔ eƒe “dɔla” ɖa be “wòadzra mɔ dzi ɖo” na Mesia Fiaɖuƒea. “Dɔla” la te ‘nya nyuia gbɔgblɔ na ame fafawo.’

    Emevava Tso ƒe 1870 me la, C. T. Russell kple eƒe zɔhɛwo srɔ̃ Biblia veviedodotɔe be yewoake ɖe nu si tututu Biblia fia la ŋu. Le ƒe 1881 me la, wova de dzesii be ele vevie ŋutɔ be Mawu subɔlawo naɖe gbeƒã. Wota nyati siwo ƒe tanyae nye “Míehiã Gbeƒãɖela 1,000” kple “Wosi Ami Na Wo Be Woaɖe Gbeƒã.”

  • Ŋɔŋlɔawo Mat. 13:24-30, 36-43

    Nyagblɔɖia Ame aɖe wu nuku nyuiwo ɖe eƒe agble me. Eyome, futɔ aɖe va wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe agblea me. Gbe vɔ̃ɖiawo tsi va tsyɔ luawo dzi. Le nuŋeɣia la, woho gbe vɔ̃ɖiawo ɖa le luawo dome.

    Emevava Tso ƒe 1870 me la, vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome la va nɔ dzedzem ƒãa. Le nuwuɣia me la, woƒo Kristotɔ vavãwo nu ƒu ɖe hamewo me eye woɖe wo ɖe vovo tso aʋatso Kristotɔwo gbɔ.

  • Ŋɔŋlɔawo Dan. 2:31-33, 41-43

    Nyagblɔɖia Legba aɖe si wotsɔ ga vovovowo wɔe, si ƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu.

    Emevava Tsu la le tsitre ɖi na dukɔmevi siwo dzi Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa ɖu, siwo dze aglã ɖe eŋu. Le ame siawo ta la, xexemeŋusẽ sia metea ŋu wɔa eƒe gayibɔŋusẽa ŋu dɔ bliboe o.

  • Ŋɔŋlɔawo Mat. 13:30; 24:14, 45; 28:19, 20

    Nyagblɔɖia Woƒo ‘luawo’ nu ƒu ɖe “nudzraɖoƒe” la, eye woɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la Aƒetɔ la ƒe “aƒemesubɔviwo” nu. Tso ɣemaɣi la, wodze gbeƒãɖeɖe “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui,” si Yesu gblɔ be woaɖe gbeƒãe “le anyigba blibo la katã dzi” la gɔme.

    Emevava Le ƒe 1919 me la, Yesu ɖo kluvi nuteƒewɔla la Mawu ƒe amewo nu. Tso ɣemaɣi la, Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu vevie wu tsã. Egbea, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem le dukɔ siwo wu 200 me, eye woɖea Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple videowo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ 1,000 kple edzivɔwo me.

  • Ŋɔŋlɔawo Dan. 12:11; Nyaɖ. 13:11, 14, 15

    Nyagblɔɖia Lã wɔadã aɖe si to dzo eve la xɔ ŋgɔ wowɔ ‘legba aɖe ɖe lã wɔadã la ƒe nɔnɔme me,’ eye wòtsɔ “gbɔgbɔ na lã la ƒe legba” la.

    Emevava Britain kple Amerika woxɔ ŋgɔ woɖo Dukɔwo Ƒe Nubabla la anyi. Eye dukɔ bubuwo hã va wɔ ɖeka kpli wo. Mlɔeba la, dziehefia la hã va ge ɖe Nubabla la me—gake tso ƒe 1926 va ɖo ƒe 1933 me koe wònɔ Nubabla la me. Wotsɔ kafukafu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko dze na la na Nubabla la, abe ale si wole ewɔm na Dukɔ Ƒoƒuawo, si va xɔ ɖe eteƒe la ene.

  • Ŋɔŋlɔawo Dan. 8:23, 24

    Nyagblɔɖia Fia vlo aɖe ‘gblẽ nu eteƒe mekɔ o.’

    Emevava Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa wu ame gbogbowo eye wòtsrɔ̃ nu geɖe. Le kpɔɖeŋu me, esime Xexemeʋa Evelia nɔ edzi yim la, Amerika gblẽ nu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe esime wòda atɔmikbɔmb eve ɖe dukɔ aɖe si nye Britain kple Amerika ƒe futɔ la dzi.

  • Ŋɔŋlɔawo Dan. 11:31; Nyaɖ. 17:3, 7-11, 16

    Nyagblɔɖia “Lã dzẽ” aɖe do tso aʋli me eye eyae nye fia enyilia. Eƒe dzo ewoawo tsrɔ̃ “gbolo la,” eye eyome, wotsrɔ̃ lã la ŋutɔ hã. Daniel ƒe agbalẽa gblɔ tso fia sia ŋu be enye “ŋunyɔnu si ahe aƒedozuzu vɛ.”

    Emevava Dukɔwo Ƒe Nubabla la nu yi le Xexemeʋa Evelia me. Le aʋa sia megbe la, ‘woɖo’ Dukɔ Ƒoƒuawo “anyi.” Wotsɔ kafukafu si Mawu Fiaɖuƒea ɖeɖe ko dze na la na Dukɔ Ƒoƒuawo, abe ale si wowɔe na Dukɔwo Ƒe Nubabla si do ŋgɔ nɛ la ene. Dukɔ Ƒoƒuawo adze subɔsubɔhawo dzi.

  • Ŋɔŋlɔawo 1 Tes. 5:3; Nyaɖ. 17:16

    Nyagblɔɖia Dukɔwo ɖe gbeƒãe be ‘ŋutifafa kple dedienɔnɔ li,’ eye ‘dzo ewoawo’ kple “lã wɔadã la” dze “gbolo la” dzi. Eyome, wotsrɔ̃ dukɔwo.

    Emevava Dukɔwo agblɔ be yewote ŋu na ŋutifafa kple dedienɔnɔ va le xexea me. Eyome, dukɔ siwo dea Dukɔ Ƒoƒuawo dzi la atsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo. Esia ye anye xaxa gã la ƒe gɔmedzedze. Xaxa gãa awu enu ne Yesu va tsrɔ̃ Satana ƒe xexea ƒe akpa susɔea le Armagedon me.

  • Ŋɔŋlɔawo Eze. 38:11, 14-17; Mat. 24:31

    Nyagblɔɖia Gog ho ɖe Mawu ƒe amewo ƒe anyigba ŋu. Eyome, mawudɔlawo ƒo “ame tiatiawo” nu ƒu.

    Emevava Dziehefia awɔ ɖeka kple xexemedziɖuɖu susɔeawo eye woadze Mawu ƒe amewo dzi. Ne wodze Mawu ƒe amewo dzi ɣeyiɣi aɖe megbe la, woaƒo amesiamina susɔeawo nu ƒu ɖe dziƒo.

  • Ŋɔŋlɔawo Eze. 38:18-23; Dan. 2:34, 35, 44, 45; Nyaɖ. 6:2; 16:14, 16; 17:14; 19:20

    Nyagblɔɖia “Ame si bɔbɔ nɔ” “sɔ ɣi” aɖe dzi la wu ‘eƒe aʋadziɖuɖu la nu’ esime wòtsrɔ̃ Gog kple eƒe aʋakɔawo. Wotsɔ “lã wɔadã la” ƒu gbe ɖe ‘dzota la me’ eye wogbã legba la gudugudu.

    Emevava Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dzi ɖum la, ava xɔ na Mawu ƒe amewo. Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la kpakple mawudɔlawo ƒe aʋakɔawo katã atsrɔ̃ dukɔ siwo wɔ ɖeka dze Mawu ƒe amewo dzi la kple Satana ƒe dunyahenuɖoanyia katã.